1 Kings 6 (BOECS)

1 Le ƒe alafa ene blaenyilia me, le Israelviwo ƒe gododo le Egipte megbe, esi nye Solomo ƒe fiaɖuɖu le Israel ƒe ƒe enelia me le dzinu evelia, Zib me la, edze Yehowa ƒe gbedoxɔ la tutu gɔme. 2 Gbedoxɔ si Fia Solomo tu na Yehowa la didi mita blaeve-vɔ-adre, keke mita asiekɛ eye wòkɔ mita wuietɔ̃ kple afã. 3 Akpata si le gbedoxɔ la ƒe dodonuxɔ nu la didi sɔ kple gbedoxɔ la ƒe kekeme, si ƒe kekeme nye mita asiekɛ eye wòdo ɖe gbedoxɔ la ŋgɔ mita ene kple afã. 4 Ewɔ fesre suesue siwo ƒe nugbɔ lɔ ɖe gotagome la ɖe gbedoxɔ la ŋu. 5 Le gbedoxɔ la ƒe akpata gã kple xɔ titinatɔ ƒe gliwo megbe la, woɖo gli siwo me xɔŋuxɔewo le la ɖi godoo va kpe. 6 Xɔ anyigbatɔ keke mita eve kple afã, xɔ titinatɔ keke mita etɔ̃ kloe eye xɔ tametɔ keke mita etɔ̃ kple nu sue aɖe. Le gbedoxɔ la godo la, eɖo gli kpui ƒo xlãe ale be womaŋɔ gbedoxɔ la ƒe gli la atsɔ naneke ade eme o. 7 Wokpa kpe siwo ŋu dɔ wowɔ le gbedoxɔ la tutu me la le kpekuƒe la, ale womese zu, fia alo dɔwɔnu bubu aɖeke ŋu dɔ wɔwɔ ƒe ɖiɖi le xɔa tuƒe o. 8 Wotoa gbedoxɔ la ƒe dziehe gome gena ɖe axadzixɔ anyigbatɔawo me. Atrakpui gɔdɔ̃gɔdɔ̃wo tso anyigbatɔawo me yi xɔtaxɔ gbãtɔwo me. Bubuwo hã gatso xɔtaxɔ eveliawo me yi etɔ̃liawo me. 9 Esi wowu gbedoxɔa nu la, Solomo tsɔ sedati fa ɖe gliawo kple daɖedziawo kple sɔtiawo ŋu. 10 Etu xɔŋuxɔewo ƒo xlã gbedoxɔ la, ɖe sia ɖe kɔ mita etɔ̃ eye wolé wo ɖe gbedoxɔ la ŋu kple sedatiwo. 11 Yehowa ƒe nya va na Solomo be, 12 “Le gbedoxɔ si tum nèle ŋu la, ne èzɔ ɖe nye ɖoɖowo nu, nèwɔ nye kɔnuwo dzi, ne èlé nye sewo me ɖe asi eye nèwɔ wo dzi la, ekema mato dziwò awɔ ŋugbe si medo na fofowò, David la dzi. 13 Manɔ Israelviwo dome eye nyemagblẽ wo ɖi akpɔ o.” 14 Ale Solomo wu gbedoxɔ la tutu nu mlɔeba. 15 Efa sedaʋuƒowo ɖe gliawo ŋu le xɔawo me, tso anyigba ɖatɔ gbedoxɔ la ƒe dzisasã la eye wòɖo sesewuʋuƒowo ɖe gbedoxɔ la ƒe anyigba le xɔawo katã me. 16 Eɖe mita asiekɛ ɖe gbedoxɔ la megbe eye wòtsɔ sedaʋuƒowo ma teƒe si wòɖe ɖe megbe la me tso anyigba ɖatɔ xɔ la ƒe dzisasã be wòanye xɔ anɔ gbedoxɔ la me, esia nye Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe. 17 Akpata si le Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la nu la didi mita ene kple afã. 18 Le gbedoxɔ la me la, efa sedaʋuƒowo ɖe afi sia afi eye wòta goewo kple seƒoƒo siwo ke la ɖe ʋuƒoawo ŋu ale be nu sia nu si le gbedoxɔa me la nye sedaʋuƒo, gli aɖeke ŋuti medze o. 19 Xɔ ememetɔ mee wotsɔ Aƒetɔ la ƒe nubablaɖaka la da ɖo. 20 Xɔ sia me didi mita asiekɛ, keke mita asiekɛ eye wòkɔ mita asiekɛ. Etsɔ sika nyuitɔ fa ɖe gliawo kple dzisasã la ŋu. Solomo tsɔ sedati wɔ vɔsamlekpui da ɖe xɔ sia me, 21 Efa sika nyuitɔ ɖe gbedoxɔ la me, etsi sikakɔsɔkɔsɔ ɖe xɔ emetɔ ƒe ŋgɔgbe, afi si ŋu wòfa sika ɖo. 22 Ale wòfa sika ɖe xɔ blibo la me. Efa sika ɖe vɔsamlekpui si le xɔa emetɔ me la hã ŋu. 23 Wotsɔ amiti kpa kerubi eve eye Solomo tsɔ wo da ɖe Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la me. Ɖe sia ɖe kɔ mita ene kple afã. 24 Kerubi gbãtɔ ƒe aʋala ɖeka didi mita etɔ̃, aʋala evelia didi mita atɔ̃ eye tso woƒe aʋalawo ƒe nugbɔ yi aʋala bubu gbɔ le mita ade. 25 Eda wo ɖi ale be ɖeka ƒe aʋala tɔ gli le afii eye evelia hã ƒe aʋala tɔ gli le afi mɛ. 26 Woƒe aʋala emetɔwo tɔ wo nɔewo le xɔ la titina. 27 Woƒe aʋala ɖeka didi afɔ adre kple afã ale kerubi ɖeka kple eƒe aʋalawo ƒe kekeme de afɔ wuiatɔ̃. 28 Kerubi eveawo sɔ goawo katã me. Efa sika ɖe ɖe sia ɖe ŋu. 29 Ekpa kerubiwo, detiwo kple seƒoƒo siwo ke la ɖe gbedoxɔ la ƒe xɔ eveawo ƒe gliwo ŋu 30 eye wòfa sika ɖe xɔ eveawo ƒe anyigba. 31 Ke hena mɔnu si ge ɖe Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la me la, etsɔ amiti sesẽ ƒe ʋuƒo kpa ʋɔtru si ŋena ɖe akpa eve la tsɔ xe mɔnu si ʋɔtruti atɔ̃ li na 32 eye wòkpa Kerubiwo, detiwo, seƒoƒo siwo ke la ɖe mɔnu la ƒe ʋɔtru eve siwo wòkpa kple amiti la ŋu hafi fa sika ɖe wo katã ŋu. 33 Solomo tsɔ amiti wɔ ʋɔtruti eve siwo ƒe kɔkɔme sɔ kple woƒe kekeme la, na gbedoxɔ la ƒe mɔnu. 34 Ewɔ ʋɔtru eve kple sesewuti eye wodana yia megbe le wo ɖokui si. 35 Wokpa kerubiwo, detiwo kple seƒoƒo siwo ke la ɖe ʋɔtruawo ŋu eye wòfa sika ɖe wo ŋu. 36 Etsɔ kpe fufu ɖoɖo etɔ̃ kple sedaʋuƒo ɖoɖo ɖeka fa ɖe akpata emetɔwo ƒe gli ŋu. 37 Woɖo gbedoxɔ la gɔme anyi le dzinu evelia me le Solomo ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe enelia me. 38 Wowu xɔ blibo la tutu nu le Solomo ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiɖekɛlia ƒe ɣleti enyilia, Bul me. Ale gbedoxɔ la tutu xɔ ƒe adre.

In Other Versions

1 Kings 6 in the ANGEFD

1 Kings 6 in the ANTPNG2D

1 Kings 6 in the AS21

1 Kings 6 in the BAGH

1 Kings 6 in the BBPNG

1 Kings 6 in the BBT1E

1 Kings 6 in the BDS

1 Kings 6 in the BEV

1 Kings 6 in the BHAD

1 Kings 6 in the BIB

1 Kings 6 in the BLPT

1 Kings 6 in the BNT

1 Kings 6 in the BNTABOOT

1 Kings 6 in the BNTLV

1 Kings 6 in the BOATCB

1 Kings 6 in the BOATCB2

1 Kings 6 in the BOBCV

1 Kings 6 in the BOCNT

1 Kings 6 in the BOGWICC

1 Kings 6 in the BOHCB

1 Kings 6 in the BOHCV

1 Kings 6 in the BOHLNT

1 Kings 6 in the BOHNTLTAL

1 Kings 6 in the BOICB

1 Kings 6 in the BOILNTAP

1 Kings 6 in the BOITCV

1 Kings 6 in the BOKCV

1 Kings 6 in the BOKCV2

1 Kings 6 in the BOKHWOG

1 Kings 6 in the BOKSSV

1 Kings 6 in the BOLCB

1 Kings 6 in the BOLCB2

1 Kings 6 in the BOMCV

1 Kings 6 in the BONAV

1 Kings 6 in the BONCB

1 Kings 6 in the BONLT

1 Kings 6 in the BONUT2

1 Kings 6 in the BOPLNT

1 Kings 6 in the BOSCB

1 Kings 6 in the BOSNC

1 Kings 6 in the BOTLNT

1 Kings 6 in the BOVCB

1 Kings 6 in the BOYCB

1 Kings 6 in the BPBB

1 Kings 6 in the BPH

1 Kings 6 in the BSB

1 Kings 6 in the CCB

1 Kings 6 in the CUV

1 Kings 6 in the CUVS

1 Kings 6 in the DBT

1 Kings 6 in the DGDNT

1 Kings 6 in the DHNT

1 Kings 6 in the DNT

1 Kings 6 in the ELBE

1 Kings 6 in the EMTV

1 Kings 6 in the ESV

1 Kings 6 in the FBV

1 Kings 6 in the FEB

1 Kings 6 in the GGMNT

1 Kings 6 in the GNT

1 Kings 6 in the HARY

1 Kings 6 in the HNT

1 Kings 6 in the IRVA

1 Kings 6 in the IRVB

1 Kings 6 in the IRVG

1 Kings 6 in the IRVH

1 Kings 6 in the IRVK

1 Kings 6 in the IRVM

1 Kings 6 in the IRVM2

1 Kings 6 in the IRVO

1 Kings 6 in the IRVP

1 Kings 6 in the IRVT

1 Kings 6 in the IRVT2

1 Kings 6 in the IRVU

1 Kings 6 in the ISVN

1 Kings 6 in the JSNT

1 Kings 6 in the KAPI

1 Kings 6 in the KBT1ETNIK

1 Kings 6 in the KBV

1 Kings 6 in the KJV

1 Kings 6 in the KNFD

1 Kings 6 in the LBA

1 Kings 6 in the LBLA

1 Kings 6 in the LNT

1 Kings 6 in the LSV

1 Kings 6 in the MAAL

1 Kings 6 in the MBV

1 Kings 6 in the MBV2

1 Kings 6 in the MHNT

1 Kings 6 in the MKNFD

1 Kings 6 in the MNG

1 Kings 6 in the MNT

1 Kings 6 in the MNT2

1 Kings 6 in the MRS1T

1 Kings 6 in the NAA

1 Kings 6 in the NASB

1 Kings 6 in the NBLA

1 Kings 6 in the NBS

1 Kings 6 in the NBVTP

1 Kings 6 in the NET2

1 Kings 6 in the NIV11

1 Kings 6 in the NNT

1 Kings 6 in the NNT2

1 Kings 6 in the NNT3

1 Kings 6 in the PDDPT

1 Kings 6 in the PFNT

1 Kings 6 in the RMNT

1 Kings 6 in the SBIAS

1 Kings 6 in the SBIBS

1 Kings 6 in the SBIBS2

1 Kings 6 in the SBICS

1 Kings 6 in the SBIDS

1 Kings 6 in the SBIGS

1 Kings 6 in the SBIHS

1 Kings 6 in the SBIIS

1 Kings 6 in the SBIIS2

1 Kings 6 in the SBIIS3

1 Kings 6 in the SBIKS

1 Kings 6 in the SBIKS2

1 Kings 6 in the SBIMS

1 Kings 6 in the SBIOS

1 Kings 6 in the SBIPS

1 Kings 6 in the SBISS

1 Kings 6 in the SBITS

1 Kings 6 in the SBITS2

1 Kings 6 in the SBITS3

1 Kings 6 in the SBITS4

1 Kings 6 in the SBIUS

1 Kings 6 in the SBIVS

1 Kings 6 in the SBT

1 Kings 6 in the SBT1E

1 Kings 6 in the SCHL

1 Kings 6 in the SNT

1 Kings 6 in the SUSU

1 Kings 6 in the SUSU2

1 Kings 6 in the SYNO

1 Kings 6 in the TBIAOTANT

1 Kings 6 in the TBT1E

1 Kings 6 in the TBT1E2

1 Kings 6 in the TFTIP

1 Kings 6 in the TFTU

1 Kings 6 in the TGNTATF3T

1 Kings 6 in the THAI

1 Kings 6 in the TNFD

1 Kings 6 in the TNT

1 Kings 6 in the TNTIK

1 Kings 6 in the TNTIL

1 Kings 6 in the TNTIN

1 Kings 6 in the TNTIP

1 Kings 6 in the TNTIZ

1 Kings 6 in the TOMA

1 Kings 6 in the TTENT

1 Kings 6 in the UBG

1 Kings 6 in the UGV

1 Kings 6 in the UGV2

1 Kings 6 in the UGV3

1 Kings 6 in the VBL

1 Kings 6 in the VDCC

1 Kings 6 in the YALU

1 Kings 6 in the YAPE

1 Kings 6 in the YBVTP

1 Kings 6 in the ZBP