2 Kings 2 (BOECS)

1 Esi ɣeyiɣia de be Yehowa nakɔ Eliya ayi dziƒo le ahomya me la, Eliya kple Elisa dze mɔ tso Gilgal. 2 Eliya gblɔ na Elisa be, “Nɔ afi sia; Yehowa ɖom ɖe Betel.”Ke Elisa gblɔ be, “Meta Yehowa ƒe agbe kple wò agbe be nyemagblẽ wò ɖi o.” Ale woyi Betel. 3 Nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃lawo tso Betel va do go Elisa eye wobia Elisa be, “Ènya be Yehowa akɔ wò aƒetɔ adzoe le gbɔwò egbea?”Elisa ɖo eŋu na wo be, “Ɛ̃, menya gake migagblɔe o.” 4 Tete Eliya gblɔ nɛ be “Elisa, nɔ afi sia elabena Yehowa dɔm ɖe Yeriko.”Ke Elisa gaɖo eŋu be, “Meta Yehowa ƒe agbe kple wò agbe be nyemagblẽ wò ɖi o.” Ale wo ame eve la yi Yeriko. 5 Nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃la siwo nɔ Yeriko la va bia Elisa be, “Ènya be Yehowa le wò aƒetɔ kplɔ ge adzoe le gbɔwò egbea?”Elisa ɖo eŋu na wo be, “Ɛ̃, menya eya ta mizi ɖoɖoe!” 6 Eliya gblɔ na Elisa be, “Nɔ afi sia; Yehowa ɖom ɖe Yɔdan tɔsisi la nu.”Elisa ɖo eŋu be, “Meta Yehowa kple wò agbe be nyemagblẽ wò ɖi o.” Ale wo ame eve la yi mɔzɔzɔa dzi. 7 Nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃la blaatɔ̃ yi ɖatsi tsitre ɖe adzɔge eye wodze ŋgɔ afi si Eliya kple Elisa tɔ ɖo le Yɔdan tɔsisi la nu. 8 Eliya ɖe eƒe awu ʋlaya, ŋlɔe eye wòtsɔe ƒo tsi la dzi. Tsi la ma ɖe eve le ɖusime kple miame eye wo kple evea wotsoe le anyigba ƒuƒui dzi. 9 Esi woɖo go kemɛ dzi la, Eliya gblɔ na Elisa be, “Gblɔe nam, nu ka mawɔ na wò hafi woakɔm adzoe le gbɔwò?”Elisa ɖo eŋu nɛ be, “Meɖe kuku tsɔ wò gbɔgbɔ la ƒe teƒe eve nam.” 10 Eliya ɖo eŋu be, “Èbia nu sesẽ, ke hã la, ne àkpɔm esime woakɔm adzoe le gbɔwò la, ava eme na wò, ke ne mele alea o la, mava eme na wò o.” 11 Esime wonɔ zɔzɔm, nɔ dze ɖom la, dzotasiaɖam kple sɔwo ɖiɖi va ma wo kple evea dome eye Eliya to ahom la me yi dziƒo. 12 Elisa kpɔe eye wòdo ɣli sesĩe be, “Fofonye! Fofonye! Israel ƒe tasiaɖam kple eƒe sɔdolawo!” Esi wobu ɖee la, etsɔ eya ŋutɔ ƒe awu eye wòdzee. 13 Etsɔ awu si ge le Eliya ŋu eye wòtrɔ yi ɖatsi tsitre ɖe Yɔdan tɔsisi la to. 14 Etsɔ awu si ge le Eliya ŋu la ƒo tsi la dzi. Ebia be, “Afi ka Yehowa, Eliya ƒe Mawu la le azɔ?” Esi wòƒo tsia dzi la, tɔsisi la ma ɖe ɖusime kple miame siaa eye wòtso tɔsisi la. 15 Esime nyagblɔɖila siwo tso Yeriko la ƒe nusrɔ̃lawo kpɔ nu si dzɔ la, wodo ɣli gblɔ be, “Eliya ƒe gbɔgbɔ dze Elisa dzi!” Wozɔ yi ɖakpee eye wodo gbe nɛ bubutɔe. 16 Wogblɔ nɛ be, “Amegã, ɖe gbe na mí ko, ekema míaƒe duƒula nyuitɔwo dometɔ blaatɔ̃ ayi gbedzi aɖadi wò amegã; ɖewohĩ Yehowa ƒe gbɔgbɔ gblẽe ɖe to aɖe dzi loo alo gblẽe ɖe balime le afi aɖe.”Ke Elisa ɖo eŋu be, “Ao, migaɖe fu na mia ɖokuiwo o.” 17 Ke wonɔ nya sia ƒom ɖe enu va se ɖe esime nya la tii eye wògblɔ be, “Enyo, miyi!” Ale ame blaatɔ̃awo yi ɖadii ŋkeke etɔ̃, ke womekpɔe o. 18 Elisa ganɔ Yeriko esime ameawo trɔ gbɔ. Egblɔ na wo be, “Ɖe nyemegblɔe na mi be migayi oa?” 19 Azɔ la, Yeriko dumegãwo va kpɔ Elisa eye wogblɔ nɛ be, “Nane le fu ɖem na mí. Wò ŋutɔ ènya be wotso du sia ɖe teƒe nyui aɖe, ke míaƒe tsi menyo o, eye wònana fu gena le míaƒe funɔwo ƒo.” 20 Elisa gblɔ na wo be, “Enyo, miku dze ɖe agba yeye aɖe me vɛ nam.” Wowɔ nenema. 21 Elisa yi tsi la ƒe dzɔtsoƒe, tsɔ dze la kɔ ɖe eme eye wògblɔ be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi, ‘Mewɔ tsi sia kɔkɔe eye magahe ku alo fu gege vɛ azɔ o.’ ” 22 Kpɔ ɖa, tsi la trɔ zu tsi nyui enumake tso ɣe ma ɣi va se ɖe fifia abe ale si Elisa gblɔ ene. 23 Elisa tso Yeriko yi Betel. Esi wònɔ zɔzɔm le mɔa dzi la, ŋutsuvi sue aɖewo tso dua me va nɔ fewu ɖum le eŋu be, “Dzo le afi sia, Elisa tabebetɔ.” 24 Elisa trɔ kpɔ wo eye wòƒo fi de wo le Yehowa ƒe ŋkɔ me. Enumake sisiblisinɔ eve do go tso ave aɖe me va vuvu wo ame blaene-vɔ-eve. 25 Esia megbe la, Elisa yi Karmel to la dzi hafi trɔ yi Samaria.

In Other Versions

2 Kings 2 in the ANGEFD

2 Kings 2 in the ANTPNG2D

2 Kings 2 in the AS21

2 Kings 2 in the BAGH

2 Kings 2 in the BBPNG

2 Kings 2 in the BBT1E

2 Kings 2 in the BDS

2 Kings 2 in the BEV

2 Kings 2 in the BHAD

2 Kings 2 in the BIB

2 Kings 2 in the BLPT

2 Kings 2 in the BNT

2 Kings 2 in the BNTABOOT

2 Kings 2 in the BNTLV

2 Kings 2 in the BOATCB

2 Kings 2 in the BOATCB2

2 Kings 2 in the BOBCV

2 Kings 2 in the BOCNT

2 Kings 2 in the BOGWICC

2 Kings 2 in the BOHCB

2 Kings 2 in the BOHCV

2 Kings 2 in the BOHLNT

2 Kings 2 in the BOHNTLTAL

2 Kings 2 in the BOICB

2 Kings 2 in the BOILNTAP

2 Kings 2 in the BOITCV

2 Kings 2 in the BOKCV

2 Kings 2 in the BOKCV2

2 Kings 2 in the BOKHWOG

2 Kings 2 in the BOKSSV

2 Kings 2 in the BOLCB

2 Kings 2 in the BOLCB2

2 Kings 2 in the BOMCV

2 Kings 2 in the BONAV

2 Kings 2 in the BONCB

2 Kings 2 in the BONLT

2 Kings 2 in the BONUT2

2 Kings 2 in the BOPLNT

2 Kings 2 in the BOSCB

2 Kings 2 in the BOSNC

2 Kings 2 in the BOTLNT

2 Kings 2 in the BOVCB

2 Kings 2 in the BOYCB

2 Kings 2 in the BPBB

2 Kings 2 in the BPH

2 Kings 2 in the BSB

2 Kings 2 in the CCB

2 Kings 2 in the CUV

2 Kings 2 in the CUVS

2 Kings 2 in the DBT

2 Kings 2 in the DGDNT

2 Kings 2 in the DHNT

2 Kings 2 in the DNT

2 Kings 2 in the ELBE

2 Kings 2 in the EMTV

2 Kings 2 in the ESV

2 Kings 2 in the FBV

2 Kings 2 in the FEB

2 Kings 2 in the GGMNT

2 Kings 2 in the GNT

2 Kings 2 in the HARY

2 Kings 2 in the HNT

2 Kings 2 in the IRVA

2 Kings 2 in the IRVB

2 Kings 2 in the IRVG

2 Kings 2 in the IRVH

2 Kings 2 in the IRVK

2 Kings 2 in the IRVM

2 Kings 2 in the IRVM2

2 Kings 2 in the IRVO

2 Kings 2 in the IRVP

2 Kings 2 in the IRVT

2 Kings 2 in the IRVT2

2 Kings 2 in the IRVU

2 Kings 2 in the ISVN

2 Kings 2 in the JSNT

2 Kings 2 in the KAPI

2 Kings 2 in the KBT1ETNIK

2 Kings 2 in the KBV

2 Kings 2 in the KJV

2 Kings 2 in the KNFD

2 Kings 2 in the LBA

2 Kings 2 in the LBLA

2 Kings 2 in the LNT

2 Kings 2 in the LSV

2 Kings 2 in the MAAL

2 Kings 2 in the MBV

2 Kings 2 in the MBV2

2 Kings 2 in the MHNT

2 Kings 2 in the MKNFD

2 Kings 2 in the MNG

2 Kings 2 in the MNT

2 Kings 2 in the MNT2

2 Kings 2 in the MRS1T

2 Kings 2 in the NAA

2 Kings 2 in the NASB

2 Kings 2 in the NBLA

2 Kings 2 in the NBS

2 Kings 2 in the NBVTP

2 Kings 2 in the NET2

2 Kings 2 in the NIV11

2 Kings 2 in the NNT

2 Kings 2 in the NNT2

2 Kings 2 in the NNT3

2 Kings 2 in the PDDPT

2 Kings 2 in the PFNT

2 Kings 2 in the RMNT

2 Kings 2 in the SBIAS

2 Kings 2 in the SBIBS

2 Kings 2 in the SBIBS2

2 Kings 2 in the SBICS

2 Kings 2 in the SBIDS

2 Kings 2 in the SBIGS

2 Kings 2 in the SBIHS

2 Kings 2 in the SBIIS

2 Kings 2 in the SBIIS2

2 Kings 2 in the SBIIS3

2 Kings 2 in the SBIKS

2 Kings 2 in the SBIKS2

2 Kings 2 in the SBIMS

2 Kings 2 in the SBIOS

2 Kings 2 in the SBIPS

2 Kings 2 in the SBISS

2 Kings 2 in the SBITS

2 Kings 2 in the SBITS2

2 Kings 2 in the SBITS3

2 Kings 2 in the SBITS4

2 Kings 2 in the SBIUS

2 Kings 2 in the SBIVS

2 Kings 2 in the SBT

2 Kings 2 in the SBT1E

2 Kings 2 in the SCHL

2 Kings 2 in the SNT

2 Kings 2 in the SUSU

2 Kings 2 in the SUSU2

2 Kings 2 in the SYNO

2 Kings 2 in the TBIAOTANT

2 Kings 2 in the TBT1E

2 Kings 2 in the TBT1E2

2 Kings 2 in the TFTIP

2 Kings 2 in the TFTU

2 Kings 2 in the TGNTATF3T

2 Kings 2 in the THAI

2 Kings 2 in the TNFD

2 Kings 2 in the TNT

2 Kings 2 in the TNTIK

2 Kings 2 in the TNTIL

2 Kings 2 in the TNTIN

2 Kings 2 in the TNTIP

2 Kings 2 in the TNTIZ

2 Kings 2 in the TOMA

2 Kings 2 in the TTENT

2 Kings 2 in the UBG

2 Kings 2 in the UGV

2 Kings 2 in the UGV2

2 Kings 2 in the UGV3

2 Kings 2 in the VBL

2 Kings 2 in the VDCC

2 Kings 2 in the YALU

2 Kings 2 in the YAPE

2 Kings 2 in the YBVTP

2 Kings 2 in the ZBP