2 Samuel 17 (BOECS)

1 Azɔ la, Ahitofel gblɔ na Absalom be, “Na ame akpe wuievem ne míati David yome le zã sia me. 2 Madze edzi esi ɖeɖi te eŋu eye wògbɔdzɔ. Made vɔvɔ̃ lãme nɛ ekema eŋumewo katã asi, agblẽe ɖi. Mawu fia la ɖeɖe ko, 3 eye makplɔ ame bubuawo katã vɛ na wò. Ame si dim nèle ƒe ku la anye ame bubuawo ƒe tɔtrɔ gbɔ; nuvevi mawɔ ame bubuawo dometɔ aɖeke o.” 4 Absalom kple Israel ƒe ametsitsiwo katã lɔ̃ ɖe ɖoɖo sia dzi. 5 Ke Absalom gblɔ be, “Mina míabia Husai, Arkitɔ la, nu si wòbu tso ɖoɖo sia ŋu.” 6 Esi Husai va ɖo la, Absalom gblɔ nya si Ahitofel gblɔ la nɛ eye wòbia Husai be, “Aleke nèbu tso ɖoɖo sia ŋu? Ɖe míazɔ ɖe Ahitofel ƒe aɖaŋu nua? Ne mèda asi ɖe edzi o la, ekema gblɔ nu si nèbu be míawɔ la na mí.” 7 Husai ɖo eŋu na Absalom be, “Mebu be azɔ ya la, Ahitofel da ƒu. 8 Ènya fofowò kple eƒe amewo nyuie, ènya be wonye aʋawɔla sesẽwo. Ɖewohĩ David ƒe mo nyra ɖa abe sisiblisinɔ si ƒe viwo wofi le egbɔ la ene. Aʋawɔla xɔŋkɔ, kpɔnuteƒee fofowò nye, ne zã do la, mamlɔ aʋawɔlawo dome o. 9 Ɖewohĩ ebe ɖe do alo agado aɖe me ɖa xoxo! Ne edo va dze mia dzi eye wòwu miaƒe ame aɖewo la, vɔvɔ̃ aɖo wò aʋawɔlawo eye ame sia ame ade asi ɣlidodo me be wosi aʋakɔ si kplɔ Absalom ɖo. 10 Ekema wò kalẽtɔwo kekeake gɔ̃ hã, nenye dzata ƒe dzie le dɔ me na wo gɔ̃ hã la, vɔvɔ̃ ana woatsi teƒe ɖeka elabena Israel blibo la nya be fofowò bi ɖe aʋawɔwɔ me eye eƒe asrafowo hã nye kalẽtɔwo. 11 “Nu si mebue nye be nàƒo Israel dukɔ blibo la ƒe aʋakɔ la nu ƒu tso keke Dan va se ɖe Beerseba ale be aʋakɔ gã aɖe nanɔ asiwò. Mebu hã be wò ŋutɔ nàkplɔ aʋakɔ la. 12 Ekema ne mieke ɖe David ŋu la, miate ŋu atsrɔ̃ eƒe aʋakɔ blibo la ale be ame ɖeka pɛ gɔ̃ hã masusɔ anɔ agbe o. 13 Ne David si yi du aɖe me la, Israel ƒe aʋakɔ blibo la anɔ wò kpɔkplɔ te, miatsi kawo ɖe dua ƒe gliwo ŋu eye miahe gliawo ayi aɖakɔ ɖe balime si te ɖe eŋu la me va se ɖe esime kpe aɖeke maganɔ kpe dzi o.” 14 Tete Absalom kple Israelviwo katã gblɔ be, “Husai, Arkitɔ la ƒe aɖaŋu nyo wu Ahitofel tɔ.” Esia va eme elabena Yehowa ɖo be, yeagblẽ Ahitofel ƒe aɖaŋu, si nye nyuitɔ boŋ hafi la me ale be yeahe dzɔgbevɔ̃e va Absalom dzi. 15 Husai gblɔ na nunɔla Zadok kple Abiata bena; Ale kple ale Ahitofel ɖo aɖaŋu na Absalom kple Israel ametsitsiwo kple eya ŋutɔ tɔ na nunɔlawo. 16 Egblɔ na wo be, “Afɔ netsɔ! Midi David enumake eye miagblɔ nɛ be, meganɔ Yɔdan tɔsisi la ƒe tɔtsoƒe le zã sia me o ke boŋ ele be wòatso tɔsisi la enumake ayi gbedzi le tɔsisi la godo. Ne mewɔ alea o la, eya ŋutɔ kple eƒe aʋakɔ la katã atsrɔ̃.” 17 Yonatan kple Ahimaaz nɔ En Rogel ale be amewo makpɔ wo ne woge ɖe dua me alo wodo go le dua me o. Wowɔ ɖoɖo kple nyɔnudɔla aɖe be wòayi aɖagblɔ nya si woagblɔ na David la na wo. 18 Ke esi wodzo le En Rogel yina David gbɔ la, ŋutsu aɖe kpɔ wo eye wòyi ɖagblɔe na Absalom. Le ɣeyiɣi sia me la, wosi yi Bahurim eye ŋutsu aɖe ɣla wo ɖe eƒe vudo me le eƒe aƒe godo. 19 Ŋutsua srɔ̃ ɖo avɔ aɖe ɖe vudo la nu eye wosia bli ɖe avɔ la dzi ale be ame aɖeke mabu be woanɔ afi ma o. 20 Esi Absalom ƒe amewo va nyɔnu la gbɔ la, wobia be, “Afi ka Ahimaaz kple Yonatan wole?”Nyɔnu la gblɔ na wo be, “Wotso tɔʋu la xoxo.” Ameawo di wo gake womekpɔ wo o, ale wotrɔ yi Yerusalem. 21 Ame eveawo do le vudo la me eye woɖe abla yi Fia David gbɔ. Wogblɔ nɛ be, “Afɔ netsɔ! Tso Yɔdan tɔsisi la le zã sia me.” Wogblɔ ale si Ahitofel ɖo aɖaŋu na Absalom be wòalée, awui la hã nɛ. 22 Ale David kple eŋumewo katã tso tɔsisi la le zã ma me eye woɖo tɔsisi la godo hafi ŋu ke. 23 Le ɣeyiɣi ma me la, esi Absalom do ŋukpe Ahitofel le dukɔ la ŋkume eye mexɔ eƒe aɖaŋuɖoɖo o ta la, Ahitofel de eƒe tedzi dzi eye wòyi wo de. Esi wòdzra eƒe aƒe ɖo vɔ la, ede ka ve na eɖokui. Ale Ahitofel ku eye woɖii ɖe fofoa xa. 24 Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, David va ɖo Mahanaim. Absalom ƒo Israel dukɔ blibo la nu ƒu eye wòkplɔ ameawo wonɔ tɔsisi la tsom. 25 Absalom na Amasa zu aʋafia ɖe Yoab teƒe. Amasa fofoe nye Itra, Ismaeltɔ eye dadae nye Abigail, Nahas ƒe vinyɔnu, ame si nye Yoaz dada, Zeruya nɔvinyɔnu. 26 Absalom kple Israel ƒe aʋakɔ la ƒo ƒu ɖe Gileadnyigba dzi. 27 Esi David va ɖo Mahanaim la, Sobi, Nahas ƒe vi si tso Amon ƒe viwo ƒe Raba kple Makir, Amiel ƒe vi si tso Lo Debar kple Barzilai, Gileadtɔ la si tso Rogelun la 28 tsɔ abadzivɔwo, agbawo kple zewo vɛ. Wotsɔ lu kple ƒo, wɔ, bli tɔtɔe, ayi kple 29 anyitsi, nyinotsi babla, alẽwo kple akpɔnɔ si wowɔ kple nyinotsi la hã vɛ na David kple eƒe amewo be woaɖu. Wogblɔ be, “Dɔ le ameawo wum, ɖeɖi te wo ŋu eye tsikɔ hã le wo wum le gbegbea.”

In Other Versions

2 Samuel 17 in the ANGEFD

2 Samuel 17 in the ANTPNG2D

2 Samuel 17 in the AS21

2 Samuel 17 in the BAGH

2 Samuel 17 in the BBPNG

2 Samuel 17 in the BBT1E

2 Samuel 17 in the BDS

2 Samuel 17 in the BEV

2 Samuel 17 in the BHAD

2 Samuel 17 in the BIB

2 Samuel 17 in the BLPT

2 Samuel 17 in the BNT

2 Samuel 17 in the BNTABOOT

2 Samuel 17 in the BNTLV

2 Samuel 17 in the BOATCB

2 Samuel 17 in the BOATCB2

2 Samuel 17 in the BOBCV

2 Samuel 17 in the BOCNT

2 Samuel 17 in the BOGWICC

2 Samuel 17 in the BOHCB

2 Samuel 17 in the BOHCV

2 Samuel 17 in the BOHLNT

2 Samuel 17 in the BOHNTLTAL

2 Samuel 17 in the BOICB

2 Samuel 17 in the BOILNTAP

2 Samuel 17 in the BOITCV

2 Samuel 17 in the BOKCV

2 Samuel 17 in the BOKCV2

2 Samuel 17 in the BOKHWOG

2 Samuel 17 in the BOKSSV

2 Samuel 17 in the BOLCB

2 Samuel 17 in the BOLCB2

2 Samuel 17 in the BOMCV

2 Samuel 17 in the BONAV

2 Samuel 17 in the BONCB

2 Samuel 17 in the BONLT

2 Samuel 17 in the BONUT2

2 Samuel 17 in the BOPLNT

2 Samuel 17 in the BOSCB

2 Samuel 17 in the BOSNC

2 Samuel 17 in the BOTLNT

2 Samuel 17 in the BOVCB

2 Samuel 17 in the BOYCB

2 Samuel 17 in the BPBB

2 Samuel 17 in the BPH

2 Samuel 17 in the BSB

2 Samuel 17 in the CCB

2 Samuel 17 in the CUV

2 Samuel 17 in the CUVS

2 Samuel 17 in the DBT

2 Samuel 17 in the DGDNT

2 Samuel 17 in the DHNT

2 Samuel 17 in the DNT

2 Samuel 17 in the ELBE

2 Samuel 17 in the EMTV

2 Samuel 17 in the ESV

2 Samuel 17 in the FBV

2 Samuel 17 in the FEB

2 Samuel 17 in the GGMNT

2 Samuel 17 in the GNT

2 Samuel 17 in the HARY

2 Samuel 17 in the HNT

2 Samuel 17 in the IRVA

2 Samuel 17 in the IRVB

2 Samuel 17 in the IRVG

2 Samuel 17 in the IRVH

2 Samuel 17 in the IRVK

2 Samuel 17 in the IRVM

2 Samuel 17 in the IRVM2

2 Samuel 17 in the IRVO

2 Samuel 17 in the IRVP

2 Samuel 17 in the IRVT

2 Samuel 17 in the IRVT2

2 Samuel 17 in the IRVU

2 Samuel 17 in the ISVN

2 Samuel 17 in the JSNT

2 Samuel 17 in the KAPI

2 Samuel 17 in the KBT1ETNIK

2 Samuel 17 in the KBV

2 Samuel 17 in the KJV

2 Samuel 17 in the KNFD

2 Samuel 17 in the LBA

2 Samuel 17 in the LBLA

2 Samuel 17 in the LNT

2 Samuel 17 in the LSV

2 Samuel 17 in the MAAL

2 Samuel 17 in the MBV

2 Samuel 17 in the MBV2

2 Samuel 17 in the MHNT

2 Samuel 17 in the MKNFD

2 Samuel 17 in the MNG

2 Samuel 17 in the MNT

2 Samuel 17 in the MNT2

2 Samuel 17 in the MRS1T

2 Samuel 17 in the NAA

2 Samuel 17 in the NASB

2 Samuel 17 in the NBLA

2 Samuel 17 in the NBS

2 Samuel 17 in the NBVTP

2 Samuel 17 in the NET2

2 Samuel 17 in the NIV11

2 Samuel 17 in the NNT

2 Samuel 17 in the NNT2

2 Samuel 17 in the NNT3

2 Samuel 17 in the PDDPT

2 Samuel 17 in the PFNT

2 Samuel 17 in the RMNT

2 Samuel 17 in the SBIAS

2 Samuel 17 in the SBIBS

2 Samuel 17 in the SBIBS2

2 Samuel 17 in the SBICS

2 Samuel 17 in the SBIDS

2 Samuel 17 in the SBIGS

2 Samuel 17 in the SBIHS

2 Samuel 17 in the SBIIS

2 Samuel 17 in the SBIIS2

2 Samuel 17 in the SBIIS3

2 Samuel 17 in the SBIKS

2 Samuel 17 in the SBIKS2

2 Samuel 17 in the SBIMS

2 Samuel 17 in the SBIOS

2 Samuel 17 in the SBIPS

2 Samuel 17 in the SBISS

2 Samuel 17 in the SBITS

2 Samuel 17 in the SBITS2

2 Samuel 17 in the SBITS3

2 Samuel 17 in the SBITS4

2 Samuel 17 in the SBIUS

2 Samuel 17 in the SBIVS

2 Samuel 17 in the SBT

2 Samuel 17 in the SBT1E

2 Samuel 17 in the SCHL

2 Samuel 17 in the SNT

2 Samuel 17 in the SUSU

2 Samuel 17 in the SUSU2

2 Samuel 17 in the SYNO

2 Samuel 17 in the TBIAOTANT

2 Samuel 17 in the TBT1E

2 Samuel 17 in the TBT1E2

2 Samuel 17 in the TFTIP

2 Samuel 17 in the TFTU

2 Samuel 17 in the TGNTATF3T

2 Samuel 17 in the THAI

2 Samuel 17 in the TNFD

2 Samuel 17 in the TNT

2 Samuel 17 in the TNTIK

2 Samuel 17 in the TNTIL

2 Samuel 17 in the TNTIN

2 Samuel 17 in the TNTIP

2 Samuel 17 in the TNTIZ

2 Samuel 17 in the TOMA

2 Samuel 17 in the TTENT

2 Samuel 17 in the UBG

2 Samuel 17 in the UGV

2 Samuel 17 in the UGV2

2 Samuel 17 in the UGV3

2 Samuel 17 in the VBL

2 Samuel 17 in the VDCC

2 Samuel 17 in the YALU

2 Samuel 17 in the YAPE

2 Samuel 17 in the YBVTP

2 Samuel 17 in the ZBP