Daniel 12 (BOECS)
1 “Le ɣe ma ɣi me la, Mikael, mawudɔlawo ƒe amegã si dzɔa wò amewo ŋu la atso. Xaxaɣi si tɔgbi meva kpɔ o, tso dukɔwo ƒe gɔmedzedze va se ɖe ɣe ma ɣi la anɔ anyi. Ke le ɣe ma ɣi me, wo ame siwo ƒe ŋkɔwo woŋlɔ ɖe agbegbalẽ la me la akpɔ xɔxɔ. 2 Ame gbogbo siwo le alɔ̃ dɔm le anyigba ƒe tume la anyɔ, ɖewo na agbe mavɔ, eye bubuawo na ŋukpe kple vlododo mavɔ. 3 Nunyalawo aklẽ abe dziƒoŋunuwo ene eye ame siwo fiaa dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ ame geɖewo la hã aklẽ abe ɣletiviwo ene tegbetegbe. 4 Ke wò, Daniel, dzra nya siawo ɖo eye nàtre lãgbalẽgbalẽ la me nyawo nu va se ɖe esime nuwuwu ƒe ɣeyiɣi la naɖo. Ame geɖewo ayi afii kple afi mɛ be yewoadzi yewoƒe nunya ɖe edzi.” 5 Tete nye, Daniel, mefɔ mo dzi eye, kpɔ ɖa, ame bubu eve le tsitre ɖe nye ŋkume, ɖeka le tɔsisi la ƒe go sia dzi eye evelia le go kemɛ dzi. 6 Wo dometɔ ɖeka gblɔ na ame si do aklala biɖibiɖi ƒe awu eye wòle tsitre ɖe tɔsisi la tame be, “Va sa ɖe ɣe ka ɣi hafi nu manyatalenu siawo ava eme?” 7 Ŋutsu si do aklala biɖibiɖi ƒe awu eye wòle tsitre ɖe tɔsisi la tame la, do eƒe ɖusibɔ kple miabɔ ɖe dziƒo eye mese wòta ame si le agbe tso mavɔ me yi mavɔ me la gblɔ be, “Anye le ƒe ɖeka, ƒe eve alo ƒe afã megbe, nenye be woŋe ame kɔkɔeawo ƒe ŋusẽ mlɔeba la, ekema nu siawo katã ava eme.” 8 Mesee gake nyemese egɔme o. Ale mebiae be, “Nye Aƒetɔ, nu ka anye nu siawo ƒe metsonu?” 9 Eɖo eŋu nam be, “Daniel, heyi elabena wowu nyawo nu eye wotre wo nu va se ɖe esime nuwuwu ƒe ɣeyiɣi la naɖo. 10 Woakɔ ame geɖewo ŋu, awɔ wo dzadzɛe, ɖiƒoƒo aɖeke manɔ wo ŋu o gake ame vɔ̃ɖiwo ya aganɔ vɔ̃ɖivɔ̃ɖi dzi ko. Ame vɔ̃ɖi aɖeke mase egɔme o gake nunyalawo ya ase egɔme. 11 “Tso esime wotsi gbe sia gbe ƒe vɔsawo nu, eye woɖo ŋunyɔnu si hea gbegblẽ vɛ te la, anye ŋkeke akpe ɖeka, alafa eve blaasiekɛ (1,290). 12 Woayra ame si do dzi, eye wònɔ te va se ɖe ŋkeke akpe ɖeka, alafa etɔ̃ blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ (1,335) ƒe nuwuwu. 13 “Ke wò la, lé wò mɔ ɖe asi va se ɖe nuwuwu. Wò la, àdzudzɔ, eye le ŋkekeawo ƒe nuwuwu la, àtsi tsitre, eye nàxɔ domenyinu si nye wò gome.”
In Other Versions
Daniel 12 in the ANGEFD
Daniel 12 in the ANTPNG2D
Daniel 12 in the AS21
Daniel 12 in the BAGH
Daniel 12 in the BBPNG
Daniel 12 in the BBT1E
Daniel 12 in the BDS
Daniel 12 in the BEV
Daniel 12 in the BHAD
Daniel 12 in the BIB
Daniel 12 in the BLPT
Daniel 12 in the BNT
Daniel 12 in the BNTABOOT
Daniel 12 in the BNTLV
Daniel 12 in the BOATCB
Daniel 12 in the BOATCB2
Daniel 12 in the BOBCV
Daniel 12 in the BOCNT
Daniel 12 in the BOGWICC
Daniel 12 in the BOHCB
Daniel 12 in the BOHCV
Daniel 12 in the BOHLNT
Daniel 12 in the BOHNTLTAL
Daniel 12 in the BOICB
Daniel 12 in the BOILNTAP
Daniel 12 in the BOITCV
Daniel 12 in the BOKCV
Daniel 12 in the BOKCV2
Daniel 12 in the BOKHWOG
Daniel 12 in the BOKSSV
Daniel 12 in the BOLCB
Daniel 12 in the BOLCB2
Daniel 12 in the BOMCV
Daniel 12 in the BONAV
Daniel 12 in the BONCB
Daniel 12 in the BONLT
Daniel 12 in the BONUT2
Daniel 12 in the BOPLNT
Daniel 12 in the BOSCB
Daniel 12 in the BOSNC
Daniel 12 in the BOTLNT
Daniel 12 in the BOVCB
Daniel 12 in the BOYCB
Daniel 12 in the BPBB
Daniel 12 in the BPH
Daniel 12 in the BSB
Daniel 12 in the CCB
Daniel 12 in the CUV
Daniel 12 in the CUVS
Daniel 12 in the DBT
Daniel 12 in the DGDNT
Daniel 12 in the DHNT
Daniel 12 in the DNT
Daniel 12 in the ELBE
Daniel 12 in the EMTV
Daniel 12 in the ESV
Daniel 12 in the FBV
Daniel 12 in the FEB
Daniel 12 in the GGMNT
Daniel 12 in the GNT
Daniel 12 in the HARY
Daniel 12 in the HNT
Daniel 12 in the IRVA
Daniel 12 in the IRVB
Daniel 12 in the IRVG
Daniel 12 in the IRVH
Daniel 12 in the IRVK
Daniel 12 in the IRVM
Daniel 12 in the IRVM2
Daniel 12 in the IRVO
Daniel 12 in the IRVP
Daniel 12 in the IRVT
Daniel 12 in the IRVT2
Daniel 12 in the IRVU
Daniel 12 in the ISVN
Daniel 12 in the JSNT
Daniel 12 in the KAPI
Daniel 12 in the KBT1ETNIK
Daniel 12 in the KBV
Daniel 12 in the KJV
Daniel 12 in the KNFD
Daniel 12 in the LBA
Daniel 12 in the LBLA
Daniel 12 in the LNT
Daniel 12 in the LSV
Daniel 12 in the MAAL
Daniel 12 in the MBV
Daniel 12 in the MBV2
Daniel 12 in the MHNT
Daniel 12 in the MKNFD
Daniel 12 in the MNG
Daniel 12 in the MNT
Daniel 12 in the MNT2
Daniel 12 in the MRS1T
Daniel 12 in the NAA
Daniel 12 in the NASB
Daniel 12 in the NBLA
Daniel 12 in the NBS
Daniel 12 in the NBVTP
Daniel 12 in the NET2
Daniel 12 in the NIV11
Daniel 12 in the NNT
Daniel 12 in the NNT2
Daniel 12 in the NNT3
Daniel 12 in the PDDPT
Daniel 12 in the PFNT
Daniel 12 in the RMNT
Daniel 12 in the SBIAS
Daniel 12 in the SBIBS
Daniel 12 in the SBIBS2
Daniel 12 in the SBICS
Daniel 12 in the SBIDS
Daniel 12 in the SBIGS
Daniel 12 in the SBIHS
Daniel 12 in the SBIIS
Daniel 12 in the SBIIS2
Daniel 12 in the SBIIS3
Daniel 12 in the SBIKS
Daniel 12 in the SBIKS2
Daniel 12 in the SBIMS
Daniel 12 in the SBIOS
Daniel 12 in the SBIPS
Daniel 12 in the SBISS
Daniel 12 in the SBITS
Daniel 12 in the SBITS2
Daniel 12 in the SBITS3
Daniel 12 in the SBITS4
Daniel 12 in the SBIUS
Daniel 12 in the SBIVS
Daniel 12 in the SBT
Daniel 12 in the SBT1E
Daniel 12 in the SCHL
Daniel 12 in the SNT
Daniel 12 in the SUSU
Daniel 12 in the SUSU2
Daniel 12 in the SYNO
Daniel 12 in the TBIAOTANT
Daniel 12 in the TBT1E
Daniel 12 in the TBT1E2
Daniel 12 in the TFTIP
Daniel 12 in the TFTU
Daniel 12 in the TGNTATF3T
Daniel 12 in the THAI
Daniel 12 in the TNFD
Daniel 12 in the TNT
Daniel 12 in the TNTIK
Daniel 12 in the TNTIL
Daniel 12 in the TNTIN
Daniel 12 in the TNTIP
Daniel 12 in the TNTIZ
Daniel 12 in the TOMA
Daniel 12 in the TTENT
Daniel 12 in the UBG
Daniel 12 in the UGV
Daniel 12 in the UGV2
Daniel 12 in the UGV3
Daniel 12 in the VBL
Daniel 12 in the VDCC
Daniel 12 in the YALU
Daniel 12 in the YAPE
Daniel 12 in the YBVTP
Daniel 12 in the ZBP