Exodus 26 (BOECS)

1 “Tsɔ avɔ ewo siwo wolɔ̃ kple ka nyuiwo, aɖabɛka blɔtɔ kple dzĩtɔ kple ka dzĩ la wɔ agbadɔ la, eye nàlɔ̃ Kerubiwo aɖaŋutɔe ɖe eme. 2 Avɔ ɖe sia ɖe nadidi mita wuieve, eye wòakeke mita eve. 3 Woatɔ avɔ atɔ̃, didime ɖe didime nu woazu avɔ ɖeka na agbadɔ la ƒe axa ɖeka. Woawɔ nenema ke kple avɔ atɔ̃ bubuawo hã. 4 Tɔ aɖabɛka blɔtɔ kpuikpuikpui blaatɔ̃ ɖe xɔgbãvɔ ɖe sia ɖe ƒe axa ɖeka ƒe didime, na be gbãtɔ ƒe kawo nasɔ ɖe evelia tɔwo nu. 5 Tɔ ka kpuikpuikpui blaatɔ̃ ɖe avɔ la ƒe go eve me, eye ka siwo le avɔwo me la nasɔ ɖe wo nɔewo dzi le go eveawo me. 6 Tsɔ sika tu gavi blaatɔ̃ nàtsɔ ku avɔ eveawo ƒe nuwo ƒo ƒui ale be agbadɔ la, si nye Mawu ƒe nɔƒe la, nazu nu blibo ɖeka. 7 “Tsɔ avɔ titri siwo wolɔ̃ kple gbɔ̃fu la ƒe teƒe wuiɖekɛ gbã agbadɔ la. 8 Avɔ wuiɖekɛawo katã nasɔ; ɖe sia ɖe nadidi mita wuietɔ̃, eye wòakeke mita eve. 9 Tɔ gbɔ̃fuvɔ atɔ̃ woazu avɔ keke ɖeka, eye nàgatɔ ade mamlɛawo hã woazu avɔ keke ɖeka. 10 Ŋlɔ gbɔ̃fuvɔ adelia ɖe akpa eve le agbadɔ la ŋgɔ. Tɔ avɔ kpuikpuikpui blaatɔ̃ ɖe to na agbadɔ la ƒe axa ɖeka, eye nàgawɔe nenema ke ɖe axa evelia to le akpa kemɛ. 11 Tu gavi blaatɔ̃ kple akɔbliga, eye nàtsɔ wo de ka kpuiwo me ate avɔawo akpe be avɔ keke eveawo nazu avɔ keke gã ɖeka. 12 Ke hena avɔ si le agbadɔ la megbe la, woatsɔ avɔ afã si susɔ la atsi ɖe agbadɔ la megbe. 13 Agbadɔwɔvɔ la nadidi mita eve le axa eveawo dzi, akpa mamlɛa naxe agbadɔ la ƒe axawo dzi be woaxe teƒeawo. 14 Tsɔ agbogbalẽ siwo woɖa kple ama dzĩ la tsyɔ gbɔ̃fuvɔawo dzi, eye nàgatsɔ gbɔ̃gbalẽwo atsyɔ alẽgbalẽawo dzi. 15 “Tsɔ akasiati wɔ agbadɔ la ƒe ʋuƒowo, axadzitiwo kple daɖedziwo. 16 Ʋuƒo siwo woatu anyi la nadidi mita ene, eye woakeke sentimita blaade-vɔ-ade. 17 Ɖe do ɖe atiawo ƒe nugbɔwo ale be woate ŋu atɔ ati eve ɖe wo nɔewo nu nyuie. 18 Ʋuƒo blaeve nanɔ agbadɔ la ƒe dziehe lɔƒo. 19 Woatsɔ klosalo awɔ afɔti blaene ɖe atiawo te: afɔti eve nanɔ ati ɖe sia ɖe te. 20 Sɔti blaeve nanɔ agbadɔ la ƒe anyiehe gome hã. 21 Zɔ blaene siwo wotu kple klosaloga la nanɔ sɔtiawo te, eve nanɔ ɖe sia ɖe te. 22 Sɔti ade nanɔ agbadɔ la ƒe ɣetoɖoƒe lɔƒo. Afi siae nye agbadɔ la megbe, 23 eye sɔti eve nanɔ dzogoe ɖe sia ɖe dzi. 24 Woatsɔ sikasigɛwo alé sɔtiawo kple dzogoedzitɔwo siaa ɖekae le eƒe dzigbe kple anyigbe siaa. 25 Ale sɔti enyi nanɔ agbadɔ la ƒe akpa ma lɔƒo: klosalofɔti wuiade nanɔ wo te. Ale klosalofɔti eve nanɔ ʋuƒo ɖe sia ɖe te. 26 “Dze akasiati tsɔ ɖo sɔtiawo ŋu. Atɔ̃ nanɔ agbadɔ la ƒe axa ɖeka dzi; 27 gameti atɔ̃ hã na sɔti siwo le agbadɔ la ƒe akpa evelia kple gameti atɔ̃ na ʋuƒo siwo le ɣetoɖoƒe lɔƒo le agbadɔ la ƒe ŋgɔgbe ɖaa. 28 Na daɖedzi titinatɔwo nade nu wo nɔewo me aƒo xlã agbadɔ blibo la. 29 Fa sika ɖe ʋuƒoawo ŋu nàtsɔ sika awɔ gaviwo be woalé ʋuƒoawo, eye nàfa sika ɖe daɖedziawo hã ŋuti. 30 Tu agbadɔ la ɖe nɔnɔme si mefia wò le to la dzi la nu pɛpɛpɛ. 31 “Tsɔ avɔ si wolɔ̃ kple aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka kple ka dzĩ kple ɖetika ɣi la wɔ xɔmetsovɔ, eye nàna aɖaŋudɔwɔla nyuitɔ nalɔ̃ Kerubiwo ɖe eme. 32 Tsi xɔmetsovɔ sia ɖe sɔti ene siwo ŋu wofa sika ɖo la ŋu, ɖe sikagatagbadzɛ ene ŋu. Na sɔti ɖe sia ɖe nanɔ afɔti ene siwo wowɔ kple klosalo la dzi. 33 Tsi xɔmetsovɔ la ɖe sikagatagbadzɛ eneawo ŋu. Tsɔ Aɖaka si me kpe siwo dzi woŋlɔ Mawu ƒe seawo ɖo la da ɖe xɔmetsovɔ sia megbe. Xɔmetsovɔ la ama Kɔkɔeƒe la ɖa tso Kɔkɔeƒe Ƒe Kɔkɔeƒe la gbɔ. 34 “Azɔ la, tsɔ amenuveve ƒe nutsyɔnu si nye Aɖaka la ƒe sikanutunu la da ɖe Kɔkɔeƒe Ƒe Kɔkɔeƒe la. 35 Tsɔ kplɔ̃ la da ɖe xɔmetsovɔ la godo le agbadɔ la ƒe anyiehe gome, eye akaɖiti la nadze ŋgɔe le dziehe gome. 36 “Tsɔ avɔ si wolɔ̃ aɖaŋutɔe kple aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzĩ kple ɖetika ɣi la wɔ xɔmemɔnuvɔ na agbadɔ kɔkɔe la. 37 Tsi xɔmemɔnuvɔ sia ɖe akasiati la ƒe sɔti atɔ̃ siwo ŋu wofa sika ɖo la ŋu, eye nàtsɔ akɔbli awɔ zɔ atɔ̃ ɖe wo te.”

In Other Versions

Exodus 26 in the ANGEFD

Exodus 26 in the ANTPNG2D

Exodus 26 in the AS21

Exodus 26 in the BAGH

Exodus 26 in the BBPNG

Exodus 26 in the BBT1E

Exodus 26 in the BDS

Exodus 26 in the BEV

Exodus 26 in the BHAD

Exodus 26 in the BIB

Exodus 26 in the BLPT

Exodus 26 in the BNT

Exodus 26 in the BNTABOOT

Exodus 26 in the BNTLV

Exodus 26 in the BOATCB

Exodus 26 in the BOATCB2

Exodus 26 in the BOBCV

Exodus 26 in the BOCNT

Exodus 26 in the BOGWICC

Exodus 26 in the BOHCB

Exodus 26 in the BOHCV

Exodus 26 in the BOHLNT

Exodus 26 in the BOHNTLTAL

Exodus 26 in the BOICB

Exodus 26 in the BOILNTAP

Exodus 26 in the BOITCV

Exodus 26 in the BOKCV

Exodus 26 in the BOKCV2

Exodus 26 in the BOKHWOG

Exodus 26 in the BOKSSV

Exodus 26 in the BOLCB

Exodus 26 in the BOLCB2

Exodus 26 in the BOMCV

Exodus 26 in the BONAV

Exodus 26 in the BONCB

Exodus 26 in the BONLT

Exodus 26 in the BONUT2

Exodus 26 in the BOPLNT

Exodus 26 in the BOSCB

Exodus 26 in the BOSNC

Exodus 26 in the BOTLNT

Exodus 26 in the BOVCB

Exodus 26 in the BOYCB

Exodus 26 in the BPBB

Exodus 26 in the BPH

Exodus 26 in the BSB

Exodus 26 in the CCB

Exodus 26 in the CUV

Exodus 26 in the CUVS

Exodus 26 in the DBT

Exodus 26 in the DGDNT

Exodus 26 in the DHNT

Exodus 26 in the DNT

Exodus 26 in the ELBE

Exodus 26 in the EMTV

Exodus 26 in the ESV

Exodus 26 in the FBV

Exodus 26 in the FEB

Exodus 26 in the GGMNT

Exodus 26 in the GNT

Exodus 26 in the HARY

Exodus 26 in the HNT

Exodus 26 in the IRVA

Exodus 26 in the IRVB

Exodus 26 in the IRVG

Exodus 26 in the IRVH

Exodus 26 in the IRVK

Exodus 26 in the IRVM

Exodus 26 in the IRVM2

Exodus 26 in the IRVO

Exodus 26 in the IRVP

Exodus 26 in the IRVT

Exodus 26 in the IRVT2

Exodus 26 in the IRVU

Exodus 26 in the ISVN

Exodus 26 in the JSNT

Exodus 26 in the KAPI

Exodus 26 in the KBT1ETNIK

Exodus 26 in the KBV

Exodus 26 in the KJV

Exodus 26 in the KNFD

Exodus 26 in the LBA

Exodus 26 in the LBLA

Exodus 26 in the LNT

Exodus 26 in the LSV

Exodus 26 in the MAAL

Exodus 26 in the MBV

Exodus 26 in the MBV2

Exodus 26 in the MHNT

Exodus 26 in the MKNFD

Exodus 26 in the MNG

Exodus 26 in the MNT

Exodus 26 in the MNT2

Exodus 26 in the MRS1T

Exodus 26 in the NAA

Exodus 26 in the NASB

Exodus 26 in the NBLA

Exodus 26 in the NBS

Exodus 26 in the NBVTP

Exodus 26 in the NET2

Exodus 26 in the NIV11

Exodus 26 in the NNT

Exodus 26 in the NNT2

Exodus 26 in the NNT3

Exodus 26 in the PDDPT

Exodus 26 in the PFNT

Exodus 26 in the RMNT

Exodus 26 in the SBIAS

Exodus 26 in the SBIBS

Exodus 26 in the SBIBS2

Exodus 26 in the SBICS

Exodus 26 in the SBIDS

Exodus 26 in the SBIGS

Exodus 26 in the SBIHS

Exodus 26 in the SBIIS

Exodus 26 in the SBIIS2

Exodus 26 in the SBIIS3

Exodus 26 in the SBIKS

Exodus 26 in the SBIKS2

Exodus 26 in the SBIMS

Exodus 26 in the SBIOS

Exodus 26 in the SBIPS

Exodus 26 in the SBISS

Exodus 26 in the SBITS

Exodus 26 in the SBITS2

Exodus 26 in the SBITS3

Exodus 26 in the SBITS4

Exodus 26 in the SBIUS

Exodus 26 in the SBIVS

Exodus 26 in the SBT

Exodus 26 in the SBT1E

Exodus 26 in the SCHL

Exodus 26 in the SNT

Exodus 26 in the SUSU

Exodus 26 in the SUSU2

Exodus 26 in the SYNO

Exodus 26 in the TBIAOTANT

Exodus 26 in the TBT1E

Exodus 26 in the TBT1E2

Exodus 26 in the TFTIP

Exodus 26 in the TFTU

Exodus 26 in the TGNTATF3T

Exodus 26 in the THAI

Exodus 26 in the TNFD

Exodus 26 in the TNT

Exodus 26 in the TNTIK

Exodus 26 in the TNTIL

Exodus 26 in the TNTIN

Exodus 26 in the TNTIP

Exodus 26 in the TNTIZ

Exodus 26 in the TOMA

Exodus 26 in the TTENT

Exodus 26 in the UBG

Exodus 26 in the UGV

Exodus 26 in the UGV2

Exodus 26 in the UGV3

Exodus 26 in the VBL

Exodus 26 in the VDCC

Exodus 26 in the YALU

Exodus 26 in the YAPE

Exodus 26 in the YBVTP

Exodus 26 in the ZBP