Numbers 14 (BOECS)

1 Israelviwo katã de asi avifafa me sesĩe. Wofa avi zã blibo la. 2 Israelviwo katã lĩ liʋĩliʋĩ ɖe Mose kple Aron ŋu, eye ame haho la katã gblɔ na wo be, “Ɖe míeku ɖe Egipte la, anye ne enyo wu alo ɖe gbedzi afi sia la, ne enyo ŋutɔ! 3 Nu ka ŋuti Yehowa kplɔ mí va anyigba sia dzi be míatsi yi nu? Mía srɔ̃nyɔnuwo kple mía viwo azu nuhaha. Ɖe manyo wu ne míagbugbɔ ayi Egipte oa?” 4 Wogblɔ na wo nɔewo be, “Mina míatia kplɔla si akplɔ mí míatrɔ ayi Egipte!” 5 Tete Mose kple Aron wotsyɔ mo anyi ɖe Israelvi siwo katã ƒo ƒu ɖe afi ma la ƒe ŋkume. 6 Yosua, Nun ƒe vi kple Kaleb, Yefune ƒe vi, ame siwo nɔ ŋkutsalawo dome, tsa ŋku le anyigba la dzi la, dze woƒe awuwo, 7 hegblɔ na Israel ha blibo la be, “Anyigba si dzi míeto hetsa ŋku le la nyo ŋutɔ. 8 Nenye be míaƒe nu nyo Yehowa ŋu la, akplɔ mí ayi ɖe anyigba ma dzi, anyigba si dzi notsi kple anyitsi le tsatsam le, eye wòatsɔe ana mí. 9 Gake ɖekoe miagadze aglã ɖe Yehowa ŋu o, eye migavɔ̃ ame siwo le anyigba la dzi o, wo dzi ɖuɖu le bɔbɔe na mí, elabena luʋɔ dzo le wo ta, ke míawo ya la, Yehowa li kpli mí, eya ta migavɔ̃ na wo o.” 10 Ke ameha blibo la ƒo nu tso kpeƒuƒu wo ŋu. Tete Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe dze le agbadɔ la gbɔ na Israelviwo katã. 11 Yehowa gblɔ na Mose be, “Va se ɖe ɣe ka ɣie ame siawo ado vlom? Va se ɖe ɣe ka ɣie woagbe be yewomaxɔ dzinye ase o le dzesi wɔnuku siwo mewɔ la katã megbe? 12 Womaganye nye domenyilawo o. Matsrɔ̃ wo kple dɔvɔ̃. Mana dukɔ si alolo sãa, eye wòasẽ ŋu sãa wu Israel la nado tso mewò!” 13 Mose ƒo koko na Yehowa be, “Ke nu ka Egiptetɔwo abu ne wose nya sia? Wonya ŋusẽ si nèɖe fia le wò amewo ɖeɖe me la nyuie. 14 Wogblɔ nya sia na anyigba sia dzi nɔlawo, eye wonya nyuie be, wò Yehowa nèle Israel dzi, eye nèƒoa nu kplii ŋkume kple ŋkume. Wokpɔa lilikpo dodo la kple dzo bibi la wonɔa mía tame. Wonya be èkplɔa mí, eye nèkpɔa mía ta le ŋkeke me kple zã me siaa. 15 Azɔ ne èwu wò amewo la, dukɔ siwo se nu tso wò ŋkɔxɔxɔ ŋu la agblɔ be, 16 ‘Enɔ na Yehowa be wòawu wo, elabena mete ŋu kpɔ wo ta le gbedzi o. Ŋusẽ menɔ eŋu be wòate ŋu akplɔ wo ayi anyigba si wòka atam be yeatsɔ ana wo la dzi o.’ 17 “Azɔ la, wòaɖe Yehowa ƒe ŋusẽ afia abe ale si nèɖe gbeƒãe ene: 18 ‘Yehowa le blewu le dɔmedzoedodo me, eƒe amenuveve sɔ gbɔ, eye wòtsɔa nu vɔ̃ kple aglãdzedze kena. Ke megbea tohehe na fɔɖilawo o. Ehea to na ɖeviwo ɖe wo fofowo ƒe nu vɔ̃wo ta va se ɖe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi.’ 19 O! Meɖe kuku na wò, tsɔ ameawo ƒe nu vɔ̃wo ke wo le wò lɔlɔ̃ triakɔ si metrɔna o la ta, abe ale si nètsɔ nu vɔ̃wo ke wo ɣe sia ɣi tso esime míedzo le Egipte va se ɖe fifia ene.” 20 Yehowa ɖo eŋu be, “Metsɔe ke wo abe ale si nèbia ene. 21 Gake zi ale si mele agbe, eye zi ale si Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔ anyigba blibo la dzi la, 22 nenema tututue wòanye nyateƒe, be ame siwo kpɔ nye ŋutikɔkɔe kple nukunu siwo mewɔ le Egipte kple gbedzi siaa, eye wogbe zi ewo be yewomaka ɖe dzinye o, eye yewomaɖo tom hã o la dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã 23 makpɔ anyigba si ŋugbe medo na ame siawo tɔgbuiwo o. 24 Ke nye dɔla, Kaleb ya nye ame bubu aɖe kura, eɖo tom ale si dze. Makplɔe ayi anyigba si dzi wòde abe ŋkutsala ene la, eye eƒe dzidzimeviwo akpɔ woƒe gome dedie le eme. 25 Azɔ la, esi Israelviwo le vɔvɔ̃m nenema gbegbe na Amalekitɔwo kple Kanaantɔwo, ame siwo le baliawo me ta la, etsɔ la, ele na mi be miagatrɔ ayi gbedzi, aɖo ta Ƒu Dzĩ la gbɔ.” 26 Yehowa gblɔ na Mose kple Aron be, 27 “Va se ɖe ɣe ka ɣie ameha vɔ̃ɖi sia alĩ liʋĩliʋĩ ɖe ŋutinye? Mese Israelvi liʋĩliʋĩlĩla siawo ƒe liʋĩliʋĩlilĩ. 28 Migblɔ na wo be, ‘Yehowa ka atam be yeana nu si vɔ̃m miele la nava mia dzi. 29 Mi katã miaku ɖe gbedzi le afi sia! Ame ɖeka pɛ si xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, ame si lĩ liʋĩliʋĩ le ŋutinye gɔ̃ hã la 30 made Ŋugbedodonyigba la dzi o. Kaleb, Yefune ƒe viŋutsu kple Yosua, Nun ƒe viŋutsu, koe aɖo anyigba la dzi. 31 Miegblɔ be yewo viwo ava zu kluviwo na anyigba la dzi tɔwo. Le esia teƒe la, makplɔ mia viwo boŋ woaɖo anyigba la dzi dedie, eye woawo anyi nu si miawo miedo vloe la ƒe dome. 32 Ke miawo la, miaku ɖe gbe sia dzi. 33 Miatsa tsaglalã le gbedzi abe alẽnyilawo ene ƒe blaene. Ale miaxe fe ɖe miaƒe nu vɔ̃wo ta va se ɖe esime mia dometɔ mamlɛtɔ naku ɖe gbedzi. 34 Ƒe blaene, ƒe ɖeka ɖe ŋkeke ɖeka ɖe sia ɖe si mietsa ŋku le anyigba la dzi nu, miakpe fu ɖe miaƒe nu vɔ̃wo ta, eye mianya nu si wònye be miana matrɔ le mia yome.’ 35 Nye, Yehowa, meƒo nu, eye mawɔ nu siawo ameha vɔ̃ɖi blibo la, ameha si bla ɖe ŋunye la kokoko. Woƒe nuwuwu aɖo le gbegbe sia dzi; afi siae woaku ɖo.” 36 Ale ame siwo Mose ɖo ɖa be woatsa ŋku le anyigba la dzi, eye wogbɔ va na ameha blibo la lĩ liʋĩliʋĩ ɖe eŋu to nutsotso vɔ̃ nana tso anyigba la ŋuti me 37 la, ame siwo na nutsotso vɔ̃ tso anyigba la ŋu la, woƒo wo ƒu anyi, eye woku le dɔvɔ̃ ta le Yehowa ŋkume. 38 Yosua kple Yefune ƒe vi Kaleb koe susɔ le ŋkutsalawo dome. 39 Esi Mose gblɔ nya siwo Yehowa gblɔ nɛ la na Israelviwo la, nuxaxa gã aɖe ge ɖe asaɖa blibo la me. 40 Wofɔ ŋdi kanya, eye wodze mɔ ɖo ta Ŋugbedodonyigba la dzi. Ameawo gblɔ be, “Míedze sii be míewɔ nu vɔ̃, ke míele klalo azɔ be, míayi anyigba si ŋugbe Yehowa do na mí la dzi!” 41 Ke Mose gblɔ be, “Nu ka ŋuti miele tsitre tsim ɖe Yehowa ƒe ɖoɖo la ŋu? Mele edzi dze ge o! 42 Migazɔ ɖe miaƒe ɖoɖowo nu o; ne menye nenema o la, miaƒe futɔwo aɖu mia dzi, elabena Yehowa mele mia yome o. 43 Mieɖo ŋku edzi oa? Amalekitɔwo kple Kanaantɔwo le afi ma eye miatsi yi nu! Miegbugbɔ le Yehowa yome. Azɔ la, eya hã agbugbɔ le mia yome.” 44 Ke togbɔ be Yehowa ƒe nubablaɖaka la loo alo Mose medzo le asaɖa la me o hã la, ameawo dze mɔ yi toawo dzi. 45 Tete Amalekitɔwo kple Kanaantɔwo, ame siwo le toawo dzi la ɖiɖi ɖe wo dzi, kpe aʋa kpli wo, eye wonya wo ɖo ɖe Horma.

In Other Versions

Numbers 14 in the ANGEFD

Numbers 14 in the ANTPNG2D

Numbers 14 in the AS21

Numbers 14 in the BAGH

Numbers 14 in the BBPNG

Numbers 14 in the BBT1E

Numbers 14 in the BDS

Numbers 14 in the BEV

Numbers 14 in the BHAD

Numbers 14 in the BIB

Numbers 14 in the BLPT

Numbers 14 in the BNT

Numbers 14 in the BNTABOOT

Numbers 14 in the BNTLV

Numbers 14 in the BOATCB

Numbers 14 in the BOATCB2

Numbers 14 in the BOBCV

Numbers 14 in the BOCNT

Numbers 14 in the BOGWICC

Numbers 14 in the BOHCB

Numbers 14 in the BOHCV

Numbers 14 in the BOHLNT

Numbers 14 in the BOHNTLTAL

Numbers 14 in the BOICB

Numbers 14 in the BOILNTAP

Numbers 14 in the BOITCV

Numbers 14 in the BOKCV

Numbers 14 in the BOKCV2

Numbers 14 in the BOKHWOG

Numbers 14 in the BOKSSV

Numbers 14 in the BOLCB

Numbers 14 in the BOLCB2

Numbers 14 in the BOMCV

Numbers 14 in the BONAV

Numbers 14 in the BONCB

Numbers 14 in the BONLT

Numbers 14 in the BONUT2

Numbers 14 in the BOPLNT

Numbers 14 in the BOSCB

Numbers 14 in the BOSNC

Numbers 14 in the BOTLNT

Numbers 14 in the BOVCB

Numbers 14 in the BOYCB

Numbers 14 in the BPBB

Numbers 14 in the BPH

Numbers 14 in the BSB

Numbers 14 in the CCB

Numbers 14 in the CUV

Numbers 14 in the CUVS

Numbers 14 in the DBT

Numbers 14 in the DGDNT

Numbers 14 in the DHNT

Numbers 14 in the DNT

Numbers 14 in the ELBE

Numbers 14 in the EMTV

Numbers 14 in the ESV

Numbers 14 in the FBV

Numbers 14 in the FEB

Numbers 14 in the GGMNT

Numbers 14 in the GNT

Numbers 14 in the HARY

Numbers 14 in the HNT

Numbers 14 in the IRVA

Numbers 14 in the IRVB

Numbers 14 in the IRVG

Numbers 14 in the IRVH

Numbers 14 in the IRVK

Numbers 14 in the IRVM

Numbers 14 in the IRVM2

Numbers 14 in the IRVO

Numbers 14 in the IRVP

Numbers 14 in the IRVT

Numbers 14 in the IRVT2

Numbers 14 in the IRVU

Numbers 14 in the ISVN

Numbers 14 in the JSNT

Numbers 14 in the KAPI

Numbers 14 in the KBT1ETNIK

Numbers 14 in the KBV

Numbers 14 in the KJV

Numbers 14 in the KNFD

Numbers 14 in the LBA

Numbers 14 in the LBLA

Numbers 14 in the LNT

Numbers 14 in the LSV

Numbers 14 in the MAAL

Numbers 14 in the MBV

Numbers 14 in the MBV2

Numbers 14 in the MHNT

Numbers 14 in the MKNFD

Numbers 14 in the MNG

Numbers 14 in the MNT

Numbers 14 in the MNT2

Numbers 14 in the MRS1T

Numbers 14 in the NAA

Numbers 14 in the NASB

Numbers 14 in the NBLA

Numbers 14 in the NBS

Numbers 14 in the NBVTP

Numbers 14 in the NET2

Numbers 14 in the NIV11

Numbers 14 in the NNT

Numbers 14 in the NNT2

Numbers 14 in the NNT3

Numbers 14 in the PDDPT

Numbers 14 in the PFNT

Numbers 14 in the RMNT

Numbers 14 in the SBIAS

Numbers 14 in the SBIBS

Numbers 14 in the SBIBS2

Numbers 14 in the SBICS

Numbers 14 in the SBIDS

Numbers 14 in the SBIGS

Numbers 14 in the SBIHS

Numbers 14 in the SBIIS

Numbers 14 in the SBIIS2

Numbers 14 in the SBIIS3

Numbers 14 in the SBIKS

Numbers 14 in the SBIKS2

Numbers 14 in the SBIMS

Numbers 14 in the SBIOS

Numbers 14 in the SBIPS

Numbers 14 in the SBISS

Numbers 14 in the SBITS

Numbers 14 in the SBITS2

Numbers 14 in the SBITS3

Numbers 14 in the SBITS4

Numbers 14 in the SBIUS

Numbers 14 in the SBIVS

Numbers 14 in the SBT

Numbers 14 in the SBT1E

Numbers 14 in the SCHL

Numbers 14 in the SNT

Numbers 14 in the SUSU

Numbers 14 in the SUSU2

Numbers 14 in the SYNO

Numbers 14 in the TBIAOTANT

Numbers 14 in the TBT1E

Numbers 14 in the TBT1E2

Numbers 14 in the TFTIP

Numbers 14 in the TFTU

Numbers 14 in the TGNTATF3T

Numbers 14 in the THAI

Numbers 14 in the TNFD

Numbers 14 in the TNT

Numbers 14 in the TNTIK

Numbers 14 in the TNTIL

Numbers 14 in the TNTIN

Numbers 14 in the TNTIP

Numbers 14 in the TNTIZ

Numbers 14 in the TOMA

Numbers 14 in the TTENT

Numbers 14 in the UBG

Numbers 14 in the UGV

Numbers 14 in the UGV2

Numbers 14 in the UGV3

Numbers 14 in the VBL

Numbers 14 in the VDCC

Numbers 14 in the YALU

Numbers 14 in the YAPE

Numbers 14 in the YBVTP

Numbers 14 in the ZBP