1 Kings 10 (BOECS)

1 Esi Seba fianyɔnu se ale si Solomo xɔ ŋkɔe kple kadodo si le eya kple Yehowa ƒe ŋkɔ dome la, eva be yeadoe kpɔ kple biabia sesẽ aɖewo. 2 Eva ɖo Yerusalem kple kposɔ geɖe siwo tsɔ atike ʋeʋĩwo, sika kple kpe xɔasiwo. Etsɔ nya geɖe siwo nɔ eƒe susu me la ɖo Solomo ƒe ŋkume. 3 Fia Solomo te ŋu ɖo eƒe biabiawo katã ŋu, naneke menɔ ɣaɣla ɖee o. Enya nu sia nu eye wòte ŋu ɖe nu sia nu me nɛ. 4 Esi fianyɔnu la kpɔ ale si gbegbe Solomo nya nu, ale si eƒe fiasã la nyoe, 5 nuɖuɖu nyui siwo woɖo kplɔ̃ dzi, subɔla geɖewo kple awu nyui siwo wodo, Fia la ƒe ahakulawo kple numevɔ geɖe siwo wòsana na Yehowa la, eƒe nu ku. 6 Seba fianyɔnu la gblɔ na fia la be, “Nutsotso siwo katã mese le nye ŋutɔ nye dukɔ me tso wò dzidzedzekpɔkpɔwo kple wò nunya ŋu la nye nyateƒe. 7 Nyemexɔe se o va se ɖe esime meva ɖo afi sia. Ke azɔ la, nye ŋutɔ mekpɔ wo katã na ɖokuinye! Kpɔ ɖa, womegblɔ ale si tututu nuwo le la ƒe afã gɔ̃ hã nam o! Wò nunya kple kesinɔtɔnyenye ƒo nu siwo katã mese kpɔ la ta! 8 Wò amewo akpɔ dzidzɔ ŋutɔ, dzidzɔ ka gbegbe wò dɔnunɔla siwo tsia tsitre ɖe wò ŋkume ɣe sia ɣi eye wosea wò nunya la makpɔ o! 9 Woakafu Yehowa, wò Mawu, ame si tia wò eye wòtsɔ wò da ɖe Israel ƒe fiazikpui dzi. Yehowa ƒe lɔlɔ̃ mavɔ na Israel wɔe be, wòtsɔ wò na wo abe woƒe fia ene be nàdrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe eye nàɖu wò amewo dzi le mɔ dzɔdzɔe nu!” 10 Eye Seba fianyɔnu la tsɔ sika tɔn ene, atikeʋeʋĩ gbogbo aɖewo kple kpe xɔasiwo na fia la. Ame aɖeke metsɔ atikeʋeʋĩ aɖeke vɛ kpɔ nenema abe esiwo Seba fianyɔnu la tsɔ na Fia Solomo ene o. 11 Esi Fia Hiram ƒe tɔdziʋuwo tsɔ sika tso Ofir vɛ na Fia Solomo la, wotsɔ papawuti kple kpe xɔasi geɖewo hã vɛ nɛ. 12 Solomo tsɔ papawutiawo wɔ sɔtiwo na gbedoxɔ la kple fiasã la kple saŋkuwo kple kasaŋkuwo na eƒe hadzilawo. Wometsɔ ati nyui sia tɔgbi vɛ nɛ kpɔ do ŋgɔ loo alo kplɔ esia ɖo kpɔ o. 13 Le nunana siwo Seba fianyɔnu la tsɔ vɛ na Fia Solomo ta la, Fia Solomo hã na nu sia nu si fianyɔnu la biae hekpe ɖe nunana siwo eya ŋutɔ dzra ɖo be yeanae la ŋuti eye fianyɔnu la kple eƒe subɔlawo trɔ yi wo de. 14 Sika si Solomo xɔna ƒe sia ƒe la dea tɔn blaeve vɔ atɔ̃ 15 hekpe ɖe adzɔ siwo wòxɔna tso adzɔdolawo kple asitsalawo kple Arabia fiawo katã kple mɔmefia siwo le anyigba la dzi ɖum la gbɔ ŋu. 16 Fia Solomo tsɔ sika wɔ akpoxɔnu gã alafa eve (200). Wotsɔ sika kilogram etɔ̃ kple afã wɔ wo dometɔ ɖe sia ɖe. 17 Egatsɔ sika wɔ akpoxɔnu ɖagbitɔ alafa etɔ̃. Wotsɔ sika kilogram etɔ̃ kple afã wɔ wo dometɔ ɖe sia ɖe. Fia la tsɔ nu siawo da ɖe Lebanon ƒe Avexɔ la me le eƒe fiasã la me. 18 Fia la kpa fiazikpui gã aɖe. Etsɔ nyiɖu fa ɖe eme eye wòtsɔ sika nyuitɔ fa ɖe eŋu. 19 Atrakpui ade nɔ fiazikpui la ŋu eye wowɔ afi si wodea mee la nogoo. Abɔɖoƒe nɔ zikpuia ƒe axa eveawo dzi eye wowɔ dzata si le tsitre la da ɖe abɔɖoƒe aveawo ƒe axadzi. 20 Dzata wuieve le atrakpui adeawo ƒe axawo kple eve dzi. Fiazikpui aɖeke meganyo abe esia ene le fiaɖuƒe aɖeke me o. 21 Wotsɔ sika wɔ kplu siwo katã me Fia Solomo noa nu le eye nenema ke wotsɔ sika nyuitɔ wɔ nuɖugba kple nuɖaze siwo katã nɔ Lebanon ƒe Avexɔ la me. Womewɔ naneke kple klosalo o elabena le Solomo ƒe ɣeyiɣiwo me la, womebua klosalo be enye nu xɔasi o. 22 Asitsatɔdziʋu geɖewo nɔ fia la si siwo yia asigbe le atsiaƒu dzi kple Hiram tɔwo. Wotrɔna gbɔna zi ɖeka le ƒe etɔ̃ me kple sika, klosalo, nyiɖu kple kese ƒomevi vovovowo kple xewo. 23 Ale Fia Solomo de ŋgɔ wu anyigbadzifiawo katã le kesinɔnuwo kple nunya me. 24 Xexea me tɔwo katã vaa Solomo gbɔ hena aɖaŋuxɔxɔ eye be woaɖo to nunya si Mawu tsɔ de eƒe dzi me. 25 Wo dometɔ ɖe sia ɖe tsɔa klosalo, sika, awuwo, aʋawɔnuwo, atike ʋeʋĩwo, sɔwo kple tedzisɔwo va nanɛ ƒe sia ƒe. 26 Tasiaɖam akpe ɖeka alafa ene (1,400) kple sɔdola akpe wuieve (12,000) nɔ Solomo si. Wonɔ tasiaɖamduwo me eye ɖewo nɔ fia la gbɔ le Yerusalem. 27 Fia la na klosalo bɔ ɖe Yerusalem abe ale si kpewo nɔa mɔ dzi ene eye wowɔa sedati ŋu dɔ abe ale si wowɔa gboti si bɔ fũu la ŋu dɔ ene. 28 Wodɔa Solomo ƒe sɔwo tsoa Egipte kple Kue. Fia la ƒe asitsalawo ƒlea wo tso Kue. 29 Wodɔ tasiaɖam tso Egipte esi ƒe asie nye klosaloga kilogram adre kple sɔ si ƒe asie nye klosaloga kilogram ɖeka kple afã. Woawo hã dzraa wo na dutafiawo, ame siwo nye Hititɔwo kple Aramtɔwo ƒe fiawo.

In Other Versions

1 Kings 10 in the ANGEFD

1 Kings 10 in the ANTPNG2D

1 Kings 10 in the AS21

1 Kings 10 in the BAGH

1 Kings 10 in the BBPNG

1 Kings 10 in the BBT1E

1 Kings 10 in the BDS

1 Kings 10 in the BEV

1 Kings 10 in the BHAD

1 Kings 10 in the BIB

1 Kings 10 in the BLPT

1 Kings 10 in the BNT

1 Kings 10 in the BNTABOOT

1 Kings 10 in the BNTLV

1 Kings 10 in the BOATCB

1 Kings 10 in the BOATCB2

1 Kings 10 in the BOBCV

1 Kings 10 in the BOCNT

1 Kings 10 in the BOGWICC

1 Kings 10 in the BOHCB

1 Kings 10 in the BOHCV

1 Kings 10 in the BOHLNT

1 Kings 10 in the BOHNTLTAL

1 Kings 10 in the BOICB

1 Kings 10 in the BOILNTAP

1 Kings 10 in the BOITCV

1 Kings 10 in the BOKCV

1 Kings 10 in the BOKCV2

1 Kings 10 in the BOKHWOG

1 Kings 10 in the BOKSSV

1 Kings 10 in the BOLCB

1 Kings 10 in the BOLCB2

1 Kings 10 in the BOMCV

1 Kings 10 in the BONAV

1 Kings 10 in the BONCB

1 Kings 10 in the BONLT

1 Kings 10 in the BONUT2

1 Kings 10 in the BOPLNT

1 Kings 10 in the BOSCB

1 Kings 10 in the BOSNC

1 Kings 10 in the BOTLNT

1 Kings 10 in the BOVCB

1 Kings 10 in the BOYCB

1 Kings 10 in the BPBB

1 Kings 10 in the BPH

1 Kings 10 in the BSB

1 Kings 10 in the CCB

1 Kings 10 in the CUV

1 Kings 10 in the CUVS

1 Kings 10 in the DBT

1 Kings 10 in the DGDNT

1 Kings 10 in the DHNT

1 Kings 10 in the DNT

1 Kings 10 in the ELBE

1 Kings 10 in the EMTV

1 Kings 10 in the ESV

1 Kings 10 in the FBV

1 Kings 10 in the FEB

1 Kings 10 in the GGMNT

1 Kings 10 in the GNT

1 Kings 10 in the HARY

1 Kings 10 in the HNT

1 Kings 10 in the IRVA

1 Kings 10 in the IRVB

1 Kings 10 in the IRVG

1 Kings 10 in the IRVH

1 Kings 10 in the IRVK

1 Kings 10 in the IRVM

1 Kings 10 in the IRVM2

1 Kings 10 in the IRVO

1 Kings 10 in the IRVP

1 Kings 10 in the IRVT

1 Kings 10 in the IRVT2

1 Kings 10 in the IRVU

1 Kings 10 in the ISVN

1 Kings 10 in the JSNT

1 Kings 10 in the KAPI

1 Kings 10 in the KBT1ETNIK

1 Kings 10 in the KBV

1 Kings 10 in the KJV

1 Kings 10 in the KNFD

1 Kings 10 in the LBA

1 Kings 10 in the LBLA

1 Kings 10 in the LNT

1 Kings 10 in the LSV

1 Kings 10 in the MAAL

1 Kings 10 in the MBV

1 Kings 10 in the MBV2

1 Kings 10 in the MHNT

1 Kings 10 in the MKNFD

1 Kings 10 in the MNG

1 Kings 10 in the MNT

1 Kings 10 in the MNT2

1 Kings 10 in the MRS1T

1 Kings 10 in the NAA

1 Kings 10 in the NASB

1 Kings 10 in the NBLA

1 Kings 10 in the NBS

1 Kings 10 in the NBVTP

1 Kings 10 in the NET2

1 Kings 10 in the NIV11

1 Kings 10 in the NNT

1 Kings 10 in the NNT2

1 Kings 10 in the NNT3

1 Kings 10 in the PDDPT

1 Kings 10 in the PFNT

1 Kings 10 in the RMNT

1 Kings 10 in the SBIAS

1 Kings 10 in the SBIBS

1 Kings 10 in the SBIBS2

1 Kings 10 in the SBICS

1 Kings 10 in the SBIDS

1 Kings 10 in the SBIGS

1 Kings 10 in the SBIHS

1 Kings 10 in the SBIIS

1 Kings 10 in the SBIIS2

1 Kings 10 in the SBIIS3

1 Kings 10 in the SBIKS

1 Kings 10 in the SBIKS2

1 Kings 10 in the SBIMS

1 Kings 10 in the SBIOS

1 Kings 10 in the SBIPS

1 Kings 10 in the SBISS

1 Kings 10 in the SBITS

1 Kings 10 in the SBITS2

1 Kings 10 in the SBITS3

1 Kings 10 in the SBITS4

1 Kings 10 in the SBIUS

1 Kings 10 in the SBIVS

1 Kings 10 in the SBT

1 Kings 10 in the SBT1E

1 Kings 10 in the SCHL

1 Kings 10 in the SNT

1 Kings 10 in the SUSU

1 Kings 10 in the SUSU2

1 Kings 10 in the SYNO

1 Kings 10 in the TBIAOTANT

1 Kings 10 in the TBT1E

1 Kings 10 in the TBT1E2

1 Kings 10 in the TFTIP

1 Kings 10 in the TFTU

1 Kings 10 in the TGNTATF3T

1 Kings 10 in the THAI

1 Kings 10 in the TNFD

1 Kings 10 in the TNT

1 Kings 10 in the TNTIK

1 Kings 10 in the TNTIL

1 Kings 10 in the TNTIN

1 Kings 10 in the TNTIP

1 Kings 10 in the TNTIZ

1 Kings 10 in the TOMA

1 Kings 10 in the TTENT

1 Kings 10 in the UBG

1 Kings 10 in the UGV

1 Kings 10 in the UGV2

1 Kings 10 in the UGV3

1 Kings 10 in the VBL

1 Kings 10 in the VDCC

1 Kings 10 in the YALU

1 Kings 10 in the YAPE

1 Kings 10 in the YBVTP

1 Kings 10 in the ZBP