1 Kings 2 (BOECS)

1 Esi Fia David ƒe kuɣi ɖo vɔ la, egblɔ na via, Solomo be: 2 “Mele demagbɔnugbe yim eya ta lé dzi ɖe ƒo, nàwɔ kalẽ. 3 Wɔ nu siwo katã Yehowa, wò Mawu ɖo na wò. Wɔ eƒe se siwo katã woŋlɔ ɖe Mose ƒe agbalẽ me la dzi ale be nu sia nu si nàwɔ le go ɖe sia ɖe me la nadze edzi na wò. 4 Ne èwɔ alea la, ekema Yehowa awɔ ŋugbe si wòdo nam la dzi. Ŋugbe siae nye be ne vinyewo kple woƒe dzidzimeviwo azɔ nyuie, eye woawɔ nuteƒe na ye, Mawu la, ekema wo dometɔ ɖeka anye fia na Israel ɣe sia ɣi eye nye fiaɖuƒe nu mayi akpɔ o. 5 “Ènya be Yoab, Yeruya vi wu nye Israelʋafia eve, Abner kple Amasa. Eble amewo be aʋa mee yewu wo le, le esime wònye ŋutifafa ƒe ɣeyiɣiwo mee wòwu wo le. 6 Ame nyanue nènye eye ànya nu si nàwɔ; mègana wòaku le ŋutifafa me o. 7 “Ke ve Barzilai, Gileadtɔ la ƒe viwo nu elabena wove nunye esi mesi le vinye Absalom nu. 8 “Èɖo ŋku Simei, ame si nye Gera, Benyamintɔ tso Bahurim ƒe vi dzia? Eƒo fi dem vevie esime meyina Mahanaim. Ke esi wòva kpem le Yɔdan tɔsisi la nu la, medo ŋugbe nɛ le Yehowa ŋkɔ me be nyemawui o. 9 Ke azɔ la, mègabui ame maɖifɔe o. Nunyalae nènye; ànya nu si nàwɔe. Ɖo eƒe ta ƒowɔ la ɖe yɔ me to ʋu me.” 10 Ale David ku eye woɖii ɖe Yerusalem, David ƒe du la me. 11 Eɖu fia ɖe Israel dzi ƒe blaene, ƒe adre le Hebron, ƒe blaetɔ̃-vɔ-etɔ̃ le Yerusalem. 12 Solomo zu fia yeye ɖe fofoa, David teƒe eye nuwo tsɔ afɔ nyuie le eƒe fiaɖuƒe la me. 13 Gbe ɖeka la, Adoniya, Hagit ƒe vi la va Fia Solomo dada, Batseba gbɔ. Batseba biae be, “Ŋutifafae nètsɔ vɛa?”Adoniya ɖo eŋu be, “Ɛ̃, ŋutifafa mee meva le. 14 Le nyateƒe me la, meva be maɖe kuku na wò, nàve nunye le mɔ tɔxɛ aɖe nu.”Batseba biae be, “Nu kae?” 15 Adoniya ɖo eŋu be, “Tsã la, fiaɖuƒe la nye tɔnye eye Israel katã bu be nyee anye fia yeyea hafi. Ke nuwo va trɔ eye nu sia nu va yi nɔvinye boŋ ƒe asi me elabena nenemae Yehowa di be wòanɔ. 16 Azɔ la, medi be mabia wò nàna kpekpeɖeŋu tɔxɛ aɖem. Meɖe kuku, mègagbe kpekpeɖeŋu sia nanam o.”Batseba biae be, “Nu kae?” 17 Eɖo eŋu be, “Ƒo nu na Fia Solomo nam elabena menya be awɔ nu sia nu si nàbiae. Ƒo nu nɛ nam be wòatsɔ Abisag, Sunami nyɔnu la nam maɖe.” 18 Batseba ɖo eŋu be, “Enyo, mabiae na wò.” 19 Ale Batseba yi be yeagblɔ nya la na Fia Solomo le Adoniya ƒe ŋkɔ me. Esi wòɖo fia la gbɔ ko la, fia la tso le eƒe fiazikpui dzi, bɔbɔ eye wòde ta agu na dadaa. Eɖe gbe be woatsɔ fiazikpui aɖe ada ɖe ye tɔ gbɔ na ye dada, ale dadaa nɔ eƒe ɖusime. 20 Dadaa gblɔ nɛ be, “Meva be mabia nane wò; meka ɖe edzi be màgbe nu si mabia wò la wɔwɔ o.”Fia la biae be, “Nu kae, danye? Ènya be, màbia nanekem magbe o.” 21 Dadaa gblɔ nɛ be, “Ɖe mɔ nɔviwò, Adoniya naɖe Abisag.” 22 Fia Solomo ɖo ŋu na dadaa be, “Nu ka ta nèle Abisag, Sunami nyɔnu la biam na Adoniya ɖo? Bia fiaɖuƒe la hã na eya kple nunɔla Abiata kple Aʋafia Yoab si nye Zeruya ƒe vi la elabna fonyee.” 23 Tete Fia Solomo tsɔ Yehowa ka atam be, “Mawu nafiam agafiam ɖe edzi, ne Adoniya metsɔ eƒe agbe xe fe ɖe nu si wòbia la ta o! 24 Ke azɔ la, zi ale si Yehowa le agbe, ame si tsɔm ɖo fofonye, David ƒe fiazikpui dzi eye wòɖo fiaɖuƒe anyi nam abe ale si wòdo ŋugbe ene la, woawu Adoniya egbea!” 25 Ale Fia Solomo ɖo Benaya ɖa be wòayi aɖawu Adoniya eye wòyi ɖawui kple yi. 26 Le esia megbe la, fia la gblɔ na nunɔla Abiata be, “Yi wò aƒe me le Anatɔt; ele be woawu wò hã gake nyemawu wò fifia o elabena wòe tsɔ Aƒetɔ la ƒe nubablaɖaka la le fofonye ƒe fiaɖuɣi eye nèkpe fu sia fu kplii to eƒe xaxaɣiwo katã me.” 27 Ale Solomo nya Abiata be magawɔ dɔ abe Yehowa ƒe nunɔla ene o. Ale wona Yehowa ƒe nya si wògblɔ ɖi ɖe Eli kple eƒe dzidzimeviwo ŋu le Silo la va eme. 28 Yoab nye aʋafia na David ƒe aʋakɔ eye mede Absalom dzi o, ke ede Adoniya ya dzi. Esi Yoab se Adoniya ƒe ku la, eƒu du yi ɖadi sitsoƒe le Agbadɔ la me eye wòlé vɔsamlekpui la ƒe lãdzowo ɖe asi. 29 Esi Fia Solomo se nya sia la, eɖo Benaya ɖa be wòayi aɖawui. 30 Benaya yi agbadɔ la me; ekpɔ Yoab eye wògblɔ nɛ be, “Fia Solomo be, ‘do go!’ ”Yoab ɖo eŋu be, “Ao, medi be maku ɖe afi sia.”Ale Benaya trɔ yi fia la gbɔ hegblɔ nɛ be, “Ale Yoab gblɔ eye ale wòɖo eŋu nam enye esi.” 31 Fia la gblɔ be, “Wɔ eƒe didi dzi, wui le vɔsamlekpui la gbɔ eye nàɖii. Esia aɖe amewo wuwu dzodzro ƒe fɔɖiɖi ɖa le nye kple fofonye ƒe ƒome la dzi. 32 Ekema Yehowa ana ame eve siwo nyo wui hafi wòwu wo la ƒe nu vɔ̃ nanɔ eya ŋutɔ dzi elabena fofonye ƒe asi menɔ Aʋafia Abner, Israelʋakɔ la ƒe kplɔla gã la kple Aʋafia Amasa, Yudaʋakɔwo ƒe kplɔla gã la ƒe ku me o. 33 Ame siawo wuwu ƒe nu vɔ̃ nanɔ Yoab kple eƒe dzidzimeviwo dzi tegbetegbe eye Mawu nakpɔe be David kple eƒe dzidzimeviwo meɖi fɔ le ame siawo wuwu me o.” 34 Ale Benaya trɔ yi agbadɔ la me eye wòwu Yoab. Woɖi eƒe kukua ɖe eƒe aƒe xa le gbegbe. 35 Fia Solomo ɖo Benaya aʋafia gãe ɖe Yoab teƒe eye wòtsɔ Zadok ɖo nunɔla ɖe Abiata teƒe. 36 Fia la ɖo du ɖe Simei eye wògblɔ nɛ be, “Tu xɔ na ɖokuiwò ɖe Yerusalem eye nànɔ afi ma; mègayi teƒe bubu aɖeke o. 37 Gbe si gbe nàtso Kidron bali la la, nànya nyuie be yeaku eye yeƒe ʋu anɔ ye ŋutɔ ƒe ta dzi.” 38 Simei gblɔ nɛ be, “Mesee; mawɔ nu sia nu si nye aƒetɔ fia la gblɔ.” Ale wònɔ Yerusalem ɣeyiɣi didi aɖe. 39 Le ƒe etɔ̃ megbe la, Simei ƒe kluvi eve si yi Gat fia, Akis gbɔ. Esime Simei se be wole afi ma la, 40 edo tedzi yi Gat le Akis gbɔ be yeadi yeƒe kluviwo. Esi wòkpɔ eƒe kluviawo la, ekplɔ wo va Yerusalem. 41 Fia Solomo se be Simei dzo le Yerusalem yi Gat eye wòtrɔ gbɔ. 42 Eyɔe hebiae be, “Ɖe nyemeɖo na wò be nànɔ Yerusalem alo nàku oa? Wò ŋutɔ mèɖo eŋu gblɔ be, ‘Mesee; mawɔ nu sia nu si nènya gblɔ ko’ oa? 43 Ekema nu ka ta mèwɔ míaƒe ɖoɖo kple nye se la dzi o?” 44 “Nya kae le asiwò le nu vɔ̃ɖi siwo katã nèwɔ ɖe fofonye, Fia David, ŋu la ta? Yehowa nabia hlɔ̃ wò 45 gake wòakɔ eƒe yayra gã ɖe Solomo dzi ale be David ƒe fiazikpui la ali ke le Yehowa ƒe ŋkume tegbee.” 46 Enumake Fia Solomo ɖe gbe eye Benaya kplɔ Simei yi gota eye wòwui.Ale Solomo ƒe fianyenye li ke ɖe Israel dukɔ la me.

In Other Versions

1 Kings 2 in the ANGEFD

1 Kings 2 in the ANTPNG2D

1 Kings 2 in the AS21

1 Kings 2 in the BAGH

1 Kings 2 in the BBPNG

1 Kings 2 in the BBT1E

1 Kings 2 in the BDS

1 Kings 2 in the BEV

1 Kings 2 in the BHAD

1 Kings 2 in the BIB

1 Kings 2 in the BLPT

1 Kings 2 in the BNT

1 Kings 2 in the BNTABOOT

1 Kings 2 in the BNTLV

1 Kings 2 in the BOATCB

1 Kings 2 in the BOATCB2

1 Kings 2 in the BOBCV

1 Kings 2 in the BOCNT

1 Kings 2 in the BOGWICC

1 Kings 2 in the BOHCB

1 Kings 2 in the BOHCV

1 Kings 2 in the BOHLNT

1 Kings 2 in the BOHNTLTAL

1 Kings 2 in the BOICB

1 Kings 2 in the BOILNTAP

1 Kings 2 in the BOITCV

1 Kings 2 in the BOKCV

1 Kings 2 in the BOKCV2

1 Kings 2 in the BOKHWOG

1 Kings 2 in the BOKSSV

1 Kings 2 in the BOLCB

1 Kings 2 in the BOLCB2

1 Kings 2 in the BOMCV

1 Kings 2 in the BONAV

1 Kings 2 in the BONCB

1 Kings 2 in the BONLT

1 Kings 2 in the BONUT2

1 Kings 2 in the BOPLNT

1 Kings 2 in the BOSCB

1 Kings 2 in the BOSNC

1 Kings 2 in the BOTLNT

1 Kings 2 in the BOVCB

1 Kings 2 in the BOYCB

1 Kings 2 in the BPBB

1 Kings 2 in the BPH

1 Kings 2 in the BSB

1 Kings 2 in the CCB

1 Kings 2 in the CUV

1 Kings 2 in the CUVS

1 Kings 2 in the DBT

1 Kings 2 in the DGDNT

1 Kings 2 in the DHNT

1 Kings 2 in the DNT

1 Kings 2 in the ELBE

1 Kings 2 in the EMTV

1 Kings 2 in the ESV

1 Kings 2 in the FBV

1 Kings 2 in the FEB

1 Kings 2 in the GGMNT

1 Kings 2 in the GNT

1 Kings 2 in the HARY

1 Kings 2 in the HNT

1 Kings 2 in the IRVA

1 Kings 2 in the IRVB

1 Kings 2 in the IRVG

1 Kings 2 in the IRVH

1 Kings 2 in the IRVK

1 Kings 2 in the IRVM

1 Kings 2 in the IRVM2

1 Kings 2 in the IRVO

1 Kings 2 in the IRVP

1 Kings 2 in the IRVT

1 Kings 2 in the IRVT2

1 Kings 2 in the IRVU

1 Kings 2 in the ISVN

1 Kings 2 in the JSNT

1 Kings 2 in the KAPI

1 Kings 2 in the KBT1ETNIK

1 Kings 2 in the KBV

1 Kings 2 in the KJV

1 Kings 2 in the KNFD

1 Kings 2 in the LBA

1 Kings 2 in the LBLA

1 Kings 2 in the LNT

1 Kings 2 in the LSV

1 Kings 2 in the MAAL

1 Kings 2 in the MBV

1 Kings 2 in the MBV2

1 Kings 2 in the MHNT

1 Kings 2 in the MKNFD

1 Kings 2 in the MNG

1 Kings 2 in the MNT

1 Kings 2 in the MNT2

1 Kings 2 in the MRS1T

1 Kings 2 in the NAA

1 Kings 2 in the NASB

1 Kings 2 in the NBLA

1 Kings 2 in the NBS

1 Kings 2 in the NBVTP

1 Kings 2 in the NET2

1 Kings 2 in the NIV11

1 Kings 2 in the NNT

1 Kings 2 in the NNT2

1 Kings 2 in the NNT3

1 Kings 2 in the PDDPT

1 Kings 2 in the PFNT

1 Kings 2 in the RMNT

1 Kings 2 in the SBIAS

1 Kings 2 in the SBIBS

1 Kings 2 in the SBIBS2

1 Kings 2 in the SBICS

1 Kings 2 in the SBIDS

1 Kings 2 in the SBIGS

1 Kings 2 in the SBIHS

1 Kings 2 in the SBIIS

1 Kings 2 in the SBIIS2

1 Kings 2 in the SBIIS3

1 Kings 2 in the SBIKS

1 Kings 2 in the SBIKS2

1 Kings 2 in the SBIMS

1 Kings 2 in the SBIOS

1 Kings 2 in the SBIPS

1 Kings 2 in the SBISS

1 Kings 2 in the SBITS

1 Kings 2 in the SBITS2

1 Kings 2 in the SBITS3

1 Kings 2 in the SBITS4

1 Kings 2 in the SBIUS

1 Kings 2 in the SBIVS

1 Kings 2 in the SBT

1 Kings 2 in the SBT1E

1 Kings 2 in the SCHL

1 Kings 2 in the SNT

1 Kings 2 in the SUSU

1 Kings 2 in the SUSU2

1 Kings 2 in the SYNO

1 Kings 2 in the TBIAOTANT

1 Kings 2 in the TBT1E

1 Kings 2 in the TBT1E2

1 Kings 2 in the TFTIP

1 Kings 2 in the TFTU

1 Kings 2 in the TGNTATF3T

1 Kings 2 in the THAI

1 Kings 2 in the TNFD

1 Kings 2 in the TNT

1 Kings 2 in the TNTIK

1 Kings 2 in the TNTIL

1 Kings 2 in the TNTIN

1 Kings 2 in the TNTIP

1 Kings 2 in the TNTIZ

1 Kings 2 in the TOMA

1 Kings 2 in the TTENT

1 Kings 2 in the UBG

1 Kings 2 in the UGV

1 Kings 2 in the UGV2

1 Kings 2 in the UGV3

1 Kings 2 in the VBL

1 Kings 2 in the VDCC

1 Kings 2 in the YALU

1 Kings 2 in the YAPE

1 Kings 2 in the YBVTP

1 Kings 2 in the ZBP