1 Samuel 20 (BOECS)

1 Azɔ la, David si tso Nayɔt le Rama eye wòyi Yonatan gbɔ hebiae be, “Nu ka mewɔ? Agɔ ka medze? Nu ka ta fofowò ɖo ta me kplikpaa nenema be yeawum ɖo?” 2 Yonatan ɖo eŋu nɛ be, “Gbeɖe, mèle kuku ge o. Kpɔ ɖa, fofonye mewɔa naneke, sue alo gã ne megblɔe nam o. Nu ka ŋutie wòaɣla nu sia ya ɖem? Mele ame o!” 3 Ke David ka atam hegblɔ be, “Fofowò nyae nyuie be nye nu doa dzidzɔ na wò eye wògblɔ na eɖokui be, ‘Mele be Yonatan nanya esia o. Ne menye nenema o la, ava xa nu.’ Meta Yehowa ƒe agbe kple wò ŋutɔ ƒe agbe be afɔɖeɖe ɖeka koe le nye kple ku dome.” 4 Yonatan gblɔ na David be, “Nu sia nu si ke nedi be mawɔ na ye la, mawɔe na wò.” 5 Ale David gblɔ be, “Kpɔ ɖa, etsɔe nye dzinu yeye ƒe ŋkekenyui eye ele nam be maɖu nu kple fia la, gake na mayi aɖaɣla ɖokuinye ɖe gbe me va se ɖe etsɔ mele eme o ƒe fiẽ. 6 Ne fofowò mekpɔm o eye wòbia tanye la, gblɔ nɛ be, ‘David bia mɔm vevie be yeayi ɖe yewo de, Betlehem elabena woawɔ ƒe sia ƒe ƒe vɔsa na eƒe ƒome blibo la.’ 7 Ke ne egblɔ be, ‘Enyo’ la, ekema wò dɔla le dedie. Gake ne dzi kui la, ekema nyae nyuie be eɖo vɔ̃ ɖe ŋutinye. 8 Ke wò ya la, ve wò dɔla nu elabena èbla nu kplim le Yehowa ŋkume. Ne medze agɔ la, ekema wò ŋutɔ nàwum! Nu ka ŋuti nàtsɔm ade asi na fofowò?” 9 Yonatan ɖo eŋu be, “Madzɔ nenema gbeɖe o; le nyateƒe me la, ne wò nyawo ɖe wole eme la, anye ne megblɔe na wò xoxo.” 10 David biae be, “Aleke mawɔ anya ne fofowò do dɔmedzoe alo medo dɔmedzoe o?” 11 Yonatan gblɔ be, “Na míayi gbedzi.” Ale wo ame evea yi gbedzi. 12 Yonatan gblɔ na David be, “Medo ŋugbe na wò le Yehowa, Israel ƒe Mawu ƒe ŋkɔ me be etsɔ ɣe alawo ɣi alo ne edidi ƒãa la nyitsɔ la, maƒo nu kple fofonye tso ŋuwò eye mana nànya ta me si wòɖo ɖe ŋuwò la enumake. 13 Ne edo dɔmedzoe eye wòdi be yeawu wò la, ekema Yehowa nawum ne nyemegblɔe na wò ale be nàsi, anɔ agbe o. Yehowa nanɔ kpli wò abe ale si wònɔ kple fofonye tsã la ene. 14 Ɖo ŋku edzi be ele be nàɖe Yehowa ƒe lɔlɔ̃ kple dɔmenyo afia menye nye ɖeka ko le nye agbenɔɣi me o, 15 ke boŋ na vinyewo hã ne Yehowa tsrɔ̃ wò futɔwo katã.” 16 Ale Yonatan bla nu kple David ƒe ƒometɔwo eye David ka atam be fiƒode dziŋɔ aɖe nava ye kple yeƒe ƒometɔwo dzi ne yewomewɔ nubabla la dzi o. 17 Ke Yonatan na David gaka atam nɛ azɔ kple eƒe lɔlɔ̃ nɛ elabena elɔ̃e abe eɖokui ene. 18 Yonatan gblɔ be, “Dzinu yeye adze egɔme etsɔ. Ne mèva nuɖukplɔ̃a ŋu etsɔ o la, amewo abia tawò vevie. 19 Ame sia ame anɔ tawò biam tso nyitsɔ, eya ta nɔ afi si nàɣla ɖokuiwò ɖo le afi si woli kɔ kpewo ɖo. 20 Mava da aŋutrɔ etɔ̃ ɖe kpeawo ŋgɔ abe nane medzidze le dadam ene. 21 Emegbe maɖo ɖekakpui aɖe ɖa be wòayi aɖatsɔ aŋutrɔawo vɛ nam. Ne èse megblɔ be, ‘Wole akpa sia’ la, ekema nànya be nya vɔ̃ aɖeke meli o. 22 Ke ne megblɔ nɛ be, ‘Yi ŋgɔ. Aŋutrɔawo gale ŋgɔ na wò’ la, ekema egɔmee nye ele be nàdzo enumake. 23 Yehowa nana míawɔ míaƒe ŋugbedodowo na mía nɔewo dzi elabena Yehowae nye avuléla le mía dome tegbetegbe.” 24 Ale David ɣla eɖokui ɖe gbedzi eye esi ɣleti yeyea ƒe ŋkekenyui la ɖo edzi la, fia la nɔ anyi be yeaɖu nu. 25 Enɔ gli ŋu afi si wònɔna ɖaa. Yonatan nɔ anyi dze ŋgɔe eye Abner nɔ Saul xa, ke David ƒe teƒe ɖi gbɔlo. 26 Saul megblɔ nya aɖeke tso nu sia ŋu gbe ma gbe o elabena ebu be nya aɖee anya dzɔ alo David ŋu mekɔ o. 27 Ke esi eƒe teƒe gaɖi gbɔlo le ŋkeke evelia dzi la, Saul bia Yonatan be, “Nu ka ta Yese ƒe vi meva afi sia hena fiẽnuɖuɖu etsɔ kple egbe siaa o?” 28 Yonatan ɖo eŋu be, “David bia mɔm kple kukuɖeɖe blibo be yeayi Betlehem. 29 Egblɔ be, ‘Na mayi elabena míaƒe ƒometɔwo le vɔ sa ge egbea le dua me eye nɔvinyeŋutsu aɖe ɖo du ɖem. Ne edze ŋuwò la, ekema ɖe mɔ nam mayi aɖakpɔ nɔvinyewo.’ Esia tae meva fia ƒe kplɔ̃ ŋu o.” 30 Saul do dɔmedzoe ŋutɔ, eblu ɖe Yonatan hegblɔ be, “Wò, nyɔnu ɖigbɔ, dzeaglã ƒe vi! Ɖe nèbu be nyemenya be yedi be Yese vi ma naɖu fia ɖe nye teƒe eye nàdo ŋukpe wò ŋutɔ kple dawò siaa oa? 31 Ŋkeke ale si ɖekakpui ma le agbe la, màɖu fia gbeɖegbeɖe o. Yi, nàkplɔe vɛ ale be mate ŋu awui!” 32 Yonatan biae be, “Nu kae wòwɔ? Nu ka tae woawui?” 33 Tete Saul da akplɔ Yonatan be yeawui. Nu sia na Yonatan dze sii azɔ be menye fefenya ye fofo gblɔ be ele be David naku o. 34 Yonatan dzo le kplɔ̃ la ŋu kple dɔmedzoe eye wògbe nuɖuɖu ŋkeke blibo la elabena fofoa ƒe ŋukpenanuwɔnawo ɖe David ŋu vee ŋutɔ. 35 Esi ŋu ke la, Yonatan yi gbedzi abe ale si eya kple David ɖoe da ɖi ene. Ekplɔ ŋutsuvi sue aɖe ɖe asi be wòafɔ eƒe aŋutrɔwo nɛ. 36 Egblɔ na ŋutsuvi la be, “Dze duƒuƒu gɔme ale be nàte ŋu akpɔ aŋutrɔawo ne meda wo.” Ale ŋutsuvia ƒu du eye Yonatan da aŋutrɔ ɖeka wòdze le eŋu. 37 Esi wòsusɔ vie ɖevia naɖo afi si aŋutrɔ la dze la, Yonatan do ɣli be, “Aŋutrɔ la gale ŋgɔ na wò. 38 Ƒu du sesĩe; netsɔ! Mègatɔ o!” Ale ŋutsuvi la fɔ aŋutrɔawo eye wòƒu du yi eƒe aƒetɔ gbɔ. 39 Ke ŋutsuvi la ya mese nu si Yonatan wɔ la gɔme o; Yonatan kple David koe se egɔme. 40 Yonatan tsɔ eƒe dati kple aŋutrɔ na ŋutsuvi la eye wògblɔ nɛ be wòatsɔ wo ayi dua me. 41 Esi ŋutsuvi la dzo teti ko la, David do go tso afi si wòbe ɖo le gbegbe la ƒe dziehe lɔƒo. Ebɔbɔ de ta agu na Yonatan zi etɔ̃. Wokpla asi kɔ na wo nɔewo eye wofa avi, ke David fa avi wu Yonatan. 42 Mlɔeba la, Yonatan gblɔ na David be, “Lé dzi ɖe ƒo elabena míetsɔ mía nɔewo kple mía nɔewo ƒe viwo de asi na Mawu tegbetegbe.” Ale woklã. David dzo eye Yonatan hã trɔ yi dua me.

In Other Versions

1 Samuel 20 in the ANGEFD

1 Samuel 20 in the ANTPNG2D

1 Samuel 20 in the AS21

1 Samuel 20 in the BAGH

1 Samuel 20 in the BBPNG

1 Samuel 20 in the BBT1E

1 Samuel 20 in the BDS

1 Samuel 20 in the BEV

1 Samuel 20 in the BHAD

1 Samuel 20 in the BIB

1 Samuel 20 in the BLPT

1 Samuel 20 in the BNT

1 Samuel 20 in the BNTABOOT

1 Samuel 20 in the BNTLV

1 Samuel 20 in the BOATCB

1 Samuel 20 in the BOATCB2

1 Samuel 20 in the BOBCV

1 Samuel 20 in the BOCNT

1 Samuel 20 in the BOGWICC

1 Samuel 20 in the BOHCB

1 Samuel 20 in the BOHCV

1 Samuel 20 in the BOHLNT

1 Samuel 20 in the BOHNTLTAL

1 Samuel 20 in the BOICB

1 Samuel 20 in the BOILNTAP

1 Samuel 20 in the BOITCV

1 Samuel 20 in the BOKCV

1 Samuel 20 in the BOKCV2

1 Samuel 20 in the BOKHWOG

1 Samuel 20 in the BOKSSV

1 Samuel 20 in the BOLCB

1 Samuel 20 in the BOLCB2

1 Samuel 20 in the BOMCV

1 Samuel 20 in the BONAV

1 Samuel 20 in the BONCB

1 Samuel 20 in the BONLT

1 Samuel 20 in the BONUT2

1 Samuel 20 in the BOPLNT

1 Samuel 20 in the BOSCB

1 Samuel 20 in the BOSNC

1 Samuel 20 in the BOTLNT

1 Samuel 20 in the BOVCB

1 Samuel 20 in the BOYCB

1 Samuel 20 in the BPBB

1 Samuel 20 in the BPH

1 Samuel 20 in the BSB

1 Samuel 20 in the CCB

1 Samuel 20 in the CUV

1 Samuel 20 in the CUVS

1 Samuel 20 in the DBT

1 Samuel 20 in the DGDNT

1 Samuel 20 in the DHNT

1 Samuel 20 in the DNT

1 Samuel 20 in the ELBE

1 Samuel 20 in the EMTV

1 Samuel 20 in the ESV

1 Samuel 20 in the FBV

1 Samuel 20 in the FEB

1 Samuel 20 in the GGMNT

1 Samuel 20 in the GNT

1 Samuel 20 in the HARY

1 Samuel 20 in the HNT

1 Samuel 20 in the IRVA

1 Samuel 20 in the IRVB

1 Samuel 20 in the IRVG

1 Samuel 20 in the IRVH

1 Samuel 20 in the IRVK

1 Samuel 20 in the IRVM

1 Samuel 20 in the IRVM2

1 Samuel 20 in the IRVO

1 Samuel 20 in the IRVP

1 Samuel 20 in the IRVT

1 Samuel 20 in the IRVT2

1 Samuel 20 in the IRVU

1 Samuel 20 in the ISVN

1 Samuel 20 in the JSNT

1 Samuel 20 in the KAPI

1 Samuel 20 in the KBT1ETNIK

1 Samuel 20 in the KBV

1 Samuel 20 in the KJV

1 Samuel 20 in the KNFD

1 Samuel 20 in the LBA

1 Samuel 20 in the LBLA

1 Samuel 20 in the LNT

1 Samuel 20 in the LSV

1 Samuel 20 in the MAAL

1 Samuel 20 in the MBV

1 Samuel 20 in the MBV2

1 Samuel 20 in the MHNT

1 Samuel 20 in the MKNFD

1 Samuel 20 in the MNG

1 Samuel 20 in the MNT

1 Samuel 20 in the MNT2

1 Samuel 20 in the MRS1T

1 Samuel 20 in the NAA

1 Samuel 20 in the NASB

1 Samuel 20 in the NBLA

1 Samuel 20 in the NBS

1 Samuel 20 in the NBVTP

1 Samuel 20 in the NET2

1 Samuel 20 in the NIV11

1 Samuel 20 in the NNT

1 Samuel 20 in the NNT2

1 Samuel 20 in the NNT3

1 Samuel 20 in the PDDPT

1 Samuel 20 in the PFNT

1 Samuel 20 in the RMNT

1 Samuel 20 in the SBIAS

1 Samuel 20 in the SBIBS

1 Samuel 20 in the SBIBS2

1 Samuel 20 in the SBICS

1 Samuel 20 in the SBIDS

1 Samuel 20 in the SBIGS

1 Samuel 20 in the SBIHS

1 Samuel 20 in the SBIIS

1 Samuel 20 in the SBIIS2

1 Samuel 20 in the SBIIS3

1 Samuel 20 in the SBIKS

1 Samuel 20 in the SBIKS2

1 Samuel 20 in the SBIMS

1 Samuel 20 in the SBIOS

1 Samuel 20 in the SBIPS

1 Samuel 20 in the SBISS

1 Samuel 20 in the SBITS

1 Samuel 20 in the SBITS2

1 Samuel 20 in the SBITS3

1 Samuel 20 in the SBITS4

1 Samuel 20 in the SBIUS

1 Samuel 20 in the SBIVS

1 Samuel 20 in the SBT

1 Samuel 20 in the SBT1E

1 Samuel 20 in the SCHL

1 Samuel 20 in the SNT

1 Samuel 20 in the SUSU

1 Samuel 20 in the SUSU2

1 Samuel 20 in the SYNO

1 Samuel 20 in the TBIAOTANT

1 Samuel 20 in the TBT1E

1 Samuel 20 in the TBT1E2

1 Samuel 20 in the TFTIP

1 Samuel 20 in the TFTU

1 Samuel 20 in the TGNTATF3T

1 Samuel 20 in the THAI

1 Samuel 20 in the TNFD

1 Samuel 20 in the TNT

1 Samuel 20 in the TNTIK

1 Samuel 20 in the TNTIL

1 Samuel 20 in the TNTIN

1 Samuel 20 in the TNTIP

1 Samuel 20 in the TNTIZ

1 Samuel 20 in the TOMA

1 Samuel 20 in the TTENT

1 Samuel 20 in the UBG

1 Samuel 20 in the UGV

1 Samuel 20 in the UGV2

1 Samuel 20 in the UGV3

1 Samuel 20 in the VBL

1 Samuel 20 in the VDCC

1 Samuel 20 in the YALU

1 Samuel 20 in the YAPE

1 Samuel 20 in the YBVTP

1 Samuel 20 in the ZBP