2 Kings 17 (BOECS)

1 Le Ahaz, Yuda fia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuievelia me la, Hosea, Ela ƒe viŋutsu zu Israel fia le Samaria; eɖu fia ƒe asiekɛ. 2 Ewɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume, ke menye abe ale si Israel fia siwo do ŋgɔ nɛ la wɔ ene o. 3 Asiria fia Salmaneser ho aʋa ɖe Fia Hosea ŋu eye wòɖu edzi. Ale wònɔ na Israel be wòanɔ ga home gã aɖe xem na Asiria ƒe sia ƒe. 4 Fia Hosea wɔ babla kple Egipte fia So, be wòakpe ɖe ye ŋu yeaɖe ye ɖokui ɖa le Asiria fia ƒe ŋusẽ te. Ke Asiria fia va nya nu tso babla sia ŋu. Gawu la, Hosea gbe megaxea ga la na Asiria fia o. Ale Asiria fia lé Hosea de gaxɔ me eye wòde kɔsɔkɔsɔe ɖe eƒe aglãdzedze ta. 5 Azɔ la, Asiria ƒe asrafowo va yɔ Israelnyigba dzi, woɖe to ɖe Samaria, Israel ƒe fiadu la ƒe etɔ̃. 6 Mlɔeba la, le Hosea ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe asiekɛlia me la, Asiriatɔwo xɔ Samaria. Woɖe aboyo Israelviwo yi Asiria eye woɖo wo dometɔ aɖewo ɖe Hala du la me, bubuwo nɔ duwo me le Habor tɔsisi la ŋu le Gozan eye mamlɛawo nɔ Mediatɔwo ƒe du me. 7 Esiawo katã va eme elabena Israelviwo wɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa, woƒe Mawu, ame si kplɔ wo tso Egipte eye wòɖe wo le Farao, Egipte fia ƒe ŋusẽ te la ŋu. Wosubɔ mawu bubuwo. 8 Wodze dukɔ siwo Yehowa nya le wo ŋgɔ la ƒe subɔsubɔwo yome hekpe ɖe subɔsubɔ siwo Israel fiawo he vɛ la ŋu. 9 Israelviwo wɔ nu siwo mele eteƒe o la le bebeme ɖe Yehowa, woƒe Mawu la ŋu. Tso gbetakpɔxɔ dzi yi ɖe du si woɖo gli sesẽ ƒo xlãe la me la, woawo ŋutɔ tu nuxeƒewo ɖe woƒe duwo katã me. 10 Woli aƒeliwo heli aƒeliwo ɖe togbɛ kɔkɔ ɖe sia ɖe dzi kple ati dama ɖe sia ɖe te. 11 Wodo dzudzɔ ʋeʋĩ le nuxeƒe ɖe sia ɖe abe ale si dukɔ siwo Yehowa nya le wo ŋgɔ la wɔna ene. Wowɔ nu vɔ̃ɖi siwo na Yehowa do dziku. 12 Wosubɔ legbawo, evɔ Yehowa gblɔ na wo be, “Migawɔ esia o.” 13 Yehowa xlɔ̃ nu Israel kple Yuda to nyagblɔɖilawo katã kple gbɔgbɔmenukpɔlawo dzi be, “Mitrɔ le miaƒe mɔ vɔ̃wo dzi, miwɔ ɖe nye sededewo kple ɖoɖowo dzi le se siwo katã mede na mia fofowo be woawɔ ɖe wo dzi la nu kple esiwo mede na mi to nye dɔla nyagblɔɖilawo dzi la dzi.” 14 Ke Israel meɖo to o. Wonye kɔlialiatɔwo abe wo fofowo ene eye womeka ɖe Yehowa, woƒe Mawu la dzi o. 15 Wogbe eƒe sewo kple nubabla si wòwɔ kple wo fofowo la eye wodo vlo eƒe nuxlɔ̃amenyawo. Wosubɔ ati kple kpewo ale be wova zu abunɛtɔwo. Wosrɔ̃ dukɔ siwo ƒo xlã wo la ƒe ŋunyɔnuwo wɔwɔ, evɔ Yehowa de se na wo be, “Migawɔ abe ale si wowɔna ene la o.” Ke wogbe hewɔ nu siwo Yehowa be womegawɔ o. 16 Wogbe Yehowa, woƒe Mawu ƒe sewo katã dzi wɔwɔ eye wololõ sika tsɔ wɔ nyivi eve. Woli aƒeli siwo nye ŋukpenanuwo eye wosubɔ Baal, ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo. 17 Wotsɔ wo viŋutsuwo kple vinyɔnuwo gɔ̃ hã wɔ numevɔsae le Molek ƒe vɔsamlekpuiwo dzi. Wodea afakalawo gbɔ, saa dzowo eye wotsɔ wo ɖokuiwo de asi na nu vɔ̃. Ale Yehowa do dɔmedzoe ɖe wo ŋu vevie. 18 Eɖe wo ɖa le eƒe ŋkuta va se ɖe esime Yuda ƒe viwo koe susɔ ɖe anyigba la dzi. 19 Ke Yuda gɔ̃ hã gbe Yehowa, woƒe Mawu la ƒe sewo dzi wɔwɔ. Woawo hã to Israel ƒe mɔ vlowo dzi. 20 Ale Yehowa gbe Israel ƒe dzidzimeviwo katã. Ehe to na wo esi wòtsɔ wo de asi na woƒe futɔwo va se ɖe esime wotsrɔ̃ wo. 21 Elabena Israel ɖe eɖokui ɖa tso David ƒe fiaɖuƒe la me eye wòtia Yeroboam, Nebat ƒe vi abe eƒe fia ene. Yeroboam he Israel ɖa tso Yehowa subɔsubɔ gbɔ. Ena Israelviwo wɔ nu vɔ̃ 22 eye womeɖe asi le nu vɔ̃ si me Yeroboam kplɔ wo dee la wɔwɔ ŋu o, 23 va se ɖe esime Yehowa kplɔ wo dzoe abe ale si eƒe Nyagblɔɖilawo be woawɔ woe ene. Ale wokplɔ Israel yi Asirianyigba dzi afi si wole va se ɖe egbe. 24 Asiria fia kplɔ amewo tso Babilonia, Kuta, Ava, Hamat kple Sefarvaim ɖada ɖe Samaria ƒe duwo me ɖe Israelviwo teƒe. Ale Asiriatɔwo xɔ Samaria kple Israel du bubuwo. 25 Ke esi Asiriatɔ siawo mesubɔa Yehowa esi wova ɖo anyigba la dzi enumake o ta la, Yehowa ɖo dzatawo ɖa wowu wo dometɔ aɖewo. 26 Ale woɖo du ɖe Asiria fia be, “Mí ame siwo nèna míetso mía de va le Israel la, míenya anyigba la ƒe Mawu ƒe sewo o, ale woƒe Mawu la ɖo dzatawo ɖa be woawu mí elabena míesubɔe o.” 27 Ale Asiria fia ɖe gbe be, “Mina nunɔla siwo mieɖe aboyoe tso Samaria la dometɔ ɖeka nagbugbɔ ayi afi ma eye wòafia nu si anyigba la ƒe Mawu di be ameawo nawɔ la mi.” 28 Ale nunɔla siwo woɖe aboyoe tso Samaria la dometɔ ɖeka va nɔ Betel eye wòfia ale si woasubɔ Yehowae wo. 29 Ke hã la, gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe gasubɔa woawo ŋutɔ ƒe mawuwo le du siwo me wole. Wosubɔa mawu siawo le nuxeƒe siwo Samariatɔwo wɔ da ɖi. 30 Ame siwo tso Babilonia la subɔa woƒe mawu Sukot Benot. Ame siwo tso Kuta la subɔa woƒe mawu Nergal eye ame siwo tso Hamat la subɔa Asima. 31 Avitɔwo subɔa woƒe mawu siwo nye Nibhaz kple Tartak eye Sefartɔwo tsɔa wo viwo gɔ̃ hã saa numevɔe le woƒe mawu siwo nye Adramelek kple Anamelek la ƒe vɔsamlekpuiwo dzi. 32 Wosubɔa Yehowa hã. Woɖo nunɔlawo tso woawo ŋutɔ dome be woasa vɔ na Yehowa le vɔsamlekpui siwo nɔ toawo dzi la dzi. 33 Ke wogalé dukɔ siwo me wotso la ƒe mawusubɔsubɔ ƒe kɔnyinyiwo me ɖe asi kokoko. 34 Nu sia gale edzi yim le wo dome kokoko va se ɖe egbe. Wogale woƒe mawusubɔsubɔ ƒe wɔna tsãtɔwo wɔm le esime woasubɔ Yehowa nyateƒetɔe alo awɔ se siwo Yehowa na Yakob, ame si ŋkɔ wòtrɔ zu Israel dzi la teƒe. 35 Esi Yehowa wɔ nubabla kple Israelviwo la, eɖoe na wo be, “Migasubɔ mawu bubu aɖeke o, miade ta agu na wo loo alo miasa vɔ na wo o. 36 Ke Yehowa, ame si ɖe mi tso Egipte kple ŋusẽ triakɔ kple abɔ, si wòdo ɖe dzi lae nye ame si wòle be miasubɔ. Eyae migade ta agu na eye eyae miasa vɔwo na. 37 Ele be Yakob ƒe dzidzimeviwo nawɔ Yehowa ƒe sewo katã dzi eye womasubɔ mawu bubuwo gbeɖegbeɖe o.” 38 Elabena Yehowa gblɔ be, “Migaŋlɔ nubabla si mewɔ kpli mi la be o. Migasubɔ mawu bubuwo gbeɖegbeɖe o. 39 Ele be miasubɔ Yehowa ɖeɖe ko; eyae aɖe mi tso miaƒe futɔwo katã ƒe asi me.” 40 Ke wogbe toɖoɖo eye wogayi woƒe agbenɔnɔ tsãtɔ dzi ko. 41 Esi wole Yehowa subɔm hã la, wogale woƒe legbawo subɔm. Va se ɖe egbe la, wo viwo kple woƒe tɔgbuiyɔviwo gale nu siwo wo fofowo wɔ la wɔm kokoko.

In Other Versions

2 Kings 17 in the ANGEFD

2 Kings 17 in the ANTPNG2D

2 Kings 17 in the AS21

2 Kings 17 in the BAGH

2 Kings 17 in the BBPNG

2 Kings 17 in the BBT1E

2 Kings 17 in the BDS

2 Kings 17 in the BEV

2 Kings 17 in the BHAD

2 Kings 17 in the BIB

2 Kings 17 in the BLPT

2 Kings 17 in the BNT

2 Kings 17 in the BNTABOOT

2 Kings 17 in the BNTLV

2 Kings 17 in the BOATCB

2 Kings 17 in the BOATCB2

2 Kings 17 in the BOBCV

2 Kings 17 in the BOCNT

2 Kings 17 in the BOGWICC

2 Kings 17 in the BOHCB

2 Kings 17 in the BOHCV

2 Kings 17 in the BOHLNT

2 Kings 17 in the BOHNTLTAL

2 Kings 17 in the BOICB

2 Kings 17 in the BOILNTAP

2 Kings 17 in the BOITCV

2 Kings 17 in the BOKCV

2 Kings 17 in the BOKCV2

2 Kings 17 in the BOKHWOG

2 Kings 17 in the BOKSSV

2 Kings 17 in the BOLCB

2 Kings 17 in the BOLCB2

2 Kings 17 in the BOMCV

2 Kings 17 in the BONAV

2 Kings 17 in the BONCB

2 Kings 17 in the BONLT

2 Kings 17 in the BONUT2

2 Kings 17 in the BOPLNT

2 Kings 17 in the BOSCB

2 Kings 17 in the BOSNC

2 Kings 17 in the BOTLNT

2 Kings 17 in the BOVCB

2 Kings 17 in the BOYCB

2 Kings 17 in the BPBB

2 Kings 17 in the BPH

2 Kings 17 in the BSB

2 Kings 17 in the CCB

2 Kings 17 in the CUV

2 Kings 17 in the CUVS

2 Kings 17 in the DBT

2 Kings 17 in the DGDNT

2 Kings 17 in the DHNT

2 Kings 17 in the DNT

2 Kings 17 in the ELBE

2 Kings 17 in the EMTV

2 Kings 17 in the ESV

2 Kings 17 in the FBV

2 Kings 17 in the FEB

2 Kings 17 in the GGMNT

2 Kings 17 in the GNT

2 Kings 17 in the HARY

2 Kings 17 in the HNT

2 Kings 17 in the IRVA

2 Kings 17 in the IRVB

2 Kings 17 in the IRVG

2 Kings 17 in the IRVH

2 Kings 17 in the IRVK

2 Kings 17 in the IRVM

2 Kings 17 in the IRVM2

2 Kings 17 in the IRVO

2 Kings 17 in the IRVP

2 Kings 17 in the IRVT

2 Kings 17 in the IRVT2

2 Kings 17 in the IRVU

2 Kings 17 in the ISVN

2 Kings 17 in the JSNT

2 Kings 17 in the KAPI

2 Kings 17 in the KBT1ETNIK

2 Kings 17 in the KBV

2 Kings 17 in the KJV

2 Kings 17 in the KNFD

2 Kings 17 in the LBA

2 Kings 17 in the LBLA

2 Kings 17 in the LNT

2 Kings 17 in the LSV

2 Kings 17 in the MAAL

2 Kings 17 in the MBV

2 Kings 17 in the MBV2

2 Kings 17 in the MHNT

2 Kings 17 in the MKNFD

2 Kings 17 in the MNG

2 Kings 17 in the MNT

2 Kings 17 in the MNT2

2 Kings 17 in the MRS1T

2 Kings 17 in the NAA

2 Kings 17 in the NASB

2 Kings 17 in the NBLA

2 Kings 17 in the NBS

2 Kings 17 in the NBVTP

2 Kings 17 in the NET2

2 Kings 17 in the NIV11

2 Kings 17 in the NNT

2 Kings 17 in the NNT2

2 Kings 17 in the NNT3

2 Kings 17 in the PDDPT

2 Kings 17 in the PFNT

2 Kings 17 in the RMNT

2 Kings 17 in the SBIAS

2 Kings 17 in the SBIBS

2 Kings 17 in the SBIBS2

2 Kings 17 in the SBICS

2 Kings 17 in the SBIDS

2 Kings 17 in the SBIGS

2 Kings 17 in the SBIHS

2 Kings 17 in the SBIIS

2 Kings 17 in the SBIIS2

2 Kings 17 in the SBIIS3

2 Kings 17 in the SBIKS

2 Kings 17 in the SBIKS2

2 Kings 17 in the SBIMS

2 Kings 17 in the SBIOS

2 Kings 17 in the SBIPS

2 Kings 17 in the SBISS

2 Kings 17 in the SBITS

2 Kings 17 in the SBITS2

2 Kings 17 in the SBITS3

2 Kings 17 in the SBITS4

2 Kings 17 in the SBIUS

2 Kings 17 in the SBIVS

2 Kings 17 in the SBT

2 Kings 17 in the SBT1E

2 Kings 17 in the SCHL

2 Kings 17 in the SNT

2 Kings 17 in the SUSU

2 Kings 17 in the SUSU2

2 Kings 17 in the SYNO

2 Kings 17 in the TBIAOTANT

2 Kings 17 in the TBT1E

2 Kings 17 in the TBT1E2

2 Kings 17 in the TFTIP

2 Kings 17 in the TFTU

2 Kings 17 in the TGNTATF3T

2 Kings 17 in the THAI

2 Kings 17 in the TNFD

2 Kings 17 in the TNT

2 Kings 17 in the TNTIK

2 Kings 17 in the TNTIL

2 Kings 17 in the TNTIN

2 Kings 17 in the TNTIP

2 Kings 17 in the TNTIZ

2 Kings 17 in the TOMA

2 Kings 17 in the TTENT

2 Kings 17 in the UBG

2 Kings 17 in the UGV

2 Kings 17 in the UGV2

2 Kings 17 in the UGV3

2 Kings 17 in the VBL

2 Kings 17 in the VDCC

2 Kings 17 in the YALU

2 Kings 17 in the YAPE

2 Kings 17 in the YBVTP

2 Kings 17 in the ZBP