Acts 26 (BOECS)

1 Fia Agripa gblɔ na Paulo be, “Meɖe mɔ na wò be nàɖe ɖokuiwò nu mase.”Ale Paulo do asi ɖa, eye wòɖe eɖokui nu gblɔ be, 2 “Fia Agripa, enye dzidzɔ kple bubu gã aɖe nam be mekpɔ mɔnu sia be maƒo nu na wò le nu siwo katã Yudatɔwo tsɔ le nunye tsom la ŋuti, 3 elabena ènya nu tso Yudatɔwo ƒe sewo kple kɔnuwo ŋu tsitotsito. Azɔ meɖe kuku na wò be nàgbɔ dzi ɖi aɖo tom. 4 “Ele nyanya me na Yudatɔwo katã be wohem tso ɖevime abe Yudatɔ akuakua ene, le nye dedu Tarso kple Yerusalem me, eye menɔ agbe ɖe sewo kple kɔnuwo nu pɛpɛpɛ ƒe geɖewo. 5 Ne woato nyateƒe la, Yudatɔwo alɔ̃ ɖe edzi be menɔ agbe abe Farisitɔ adodoe ene, eye mewɔ ɖe Yudatɔwo ƒe sewo kple kɔnuwo dzi pɛpɛpɛ ɣe sia ɣi. 6 Ke nu bubu sãa tae wotsɔ nya ɖe ŋunye fifia, eyae nye be mele mɔ kpɔm be Mawu awɔ eƒe ŋugbe si wòdo na mía tɔgbuitɔgbuiwo la dzi. 7 Nu sia ke ko Israelviwo ƒe to wuieveawo katã hã le mɔ kpɔm na, hele kutri kum le subɔsubɔ wɔm zã kple keli gbe sia gbe ɖe eta. Gake Fia Agripa, le nye ya gome la, Yudatɔwo le nunye tsom be enye nu vɔ̃ mewɔ. 8 Ne Mawu fɔ ame kukuwo ɖe tsitre la, aleke wɔ miebu be enye nu si womate ŋu axɔ ase oa? 9 “Tsã la, mexɔe se be enye nye dɔdeasi be mawɔ funyafunya ƒomevi geɖewo ame siwo nye Yesu Nazaretitɔ la yomenɔlawo. 10 Le esia ta la, mexɔ ŋusẽ tso nunɔlagã gbɔ, eye melé xɔsetɔ geɖewo de gaxɔ me le Yerusalem. Gawu la, ne wotso kufia na wo dometɔ aɖe la, medaa asi ɖe nuwɔna sia dzi blibo. 11 Mewɔ funyafunya ƒomevi geɖewo Kristotɔ siawo le ƒuƒoƒewo katã be wogblɔ busunya. Melé fu ame siawo ale gbegbe be metia wo yome yia du bubuwo ke hã me. 12 “Esia dzi mele heyi Damasko, eye ŋusẽ kpakple mɔnana le asinye tso nunɔlagãwo gbɔ. 13 Esi míenɔ mɔa dzi yina anɔ abe ŋdɔ ga wuieve me lɔƒe ene la, fia Agripa, mekpɔ keklẽ gã aɖe tso dziƒo heklẽ ɖe nye kple ŋunyemewo dzi. 14 Mí katã míedze anyi. Enumake mese ame aɖe wònɔ nu ƒom nam le Hebrigbe me be, ‘Saulo, Saulo, nu ka ta nèle yonyeme tim ɖo? Afɔɖoɖo nutɔame dzi ɖe wòwɔa nu vevi ame.’ 15 “Mebia be, ‘Aƒetɔ, wò ame kae le nu ƒom?’“Aƒetɔ la ɖo eŋu be, ‘Nyee nye Yesu, ame si yome tim nèle. 16 Tsi tsitre, elabena metia wò be nànye nye subɔla kple nye ɖaseɖila. Yi nàɖe gbeƒã wò nuteƒekpɔkpɔ sia kple bubu siwo gbɔna la fia xexea me katã. 17 Makpɔ tawò, eye maɖe wò tso wò ŋutɔ wò amewo kple ame siwo menye Yudatɔwo o hã ƒe asi me. Le nyateƒe me la, maɖo wò ɖe ame siwo menye Yudatɔwo o dome be nàgblɔ nyanyui la na wo, 18 be woƒe ŋkuwo naʋu, eye woatrɔ le viviti la gbɔ ava kekeli la me. Woatso Satana ƒe ŋusẽ me ava Mawu gbɔ, be woakpɔ nu vɔ̃wo ƒe tsɔtsɔke kple domenyinu si li na ame siwo katã ŋuti kɔ, eye wodza le xɔse me.’ 19 “Eya ta, Fia Agripa, nye hã mewɔ ɖe ŋutega si tso dziƒo la ƒe ɖoɖo dzi. 20 Gbã la, megblɔ nyanyui la na ame siwo le Damasko, eye tso afi ma la, meva Yerusalem kple Yudea nutowo me. Emegbe la, meyi ame siwo menye Yudatɔwo o dome, eye megblɔ na wo be woadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, atrɔ ɖe Mawu ŋu, eye woana woƒe nu nyui wɔwɔ nafia be wotrɔ dzi me vavã. 21 Esia tae Yudatɔwo va lém le gbedoxɔ la me be yewoawum gɔ̃ hã hafi. 22 Ke Mawu kpɔ dzinye ale megale agbe egbe, be magblɔ nya sia na ame sia ame ƒomevi, ame gblɔewo kple bubumewo siaa. Ke nyemele nya bubu aɖeke gblɔm o, negbe nu si nyagblɔɖilawo kple Mose wogblɔ ɖi be ava va eme la koe. 23 Nyagblɔɖilawo kple Mose gblɔ be, ‘Woawɔ funyafunya Kristo la, eyae anye ame gbãtɔ si afɔ tso ame kukuwo dome, eye wòahe Kekeli vɛ na Yudatɔwo kple ame siwo menye Yudatɔwo o.’ ” 24 Esi Festus se nya sia ko la, edo ɣli ɖe Paulo ta sesĩe be, “Paulo, wò tagbɔ le gbegblẽm; wò agbalẽsɔsrɔ̃ fũu na wò tagbɔ flu.” 25 Paulo ɖo eŋu be, “Bubume Festus, nye tagbɔ meflu o, ke boŋ nya siwo megblɔ la nye nyateƒe matrɔmatrɔ sɔŋ ko. 26 Fia Agripa ŋutɔ hã nya nu le nu siawo ŋu. Meka ɖe edzi be Fia Agripa se nya siawo katã kpɔ, elabena wonye nu siwo dzɔ le gaglãgbe, eye womele ɣaɣla ɖe ame aɖeke o. 27 Fia Agripa, menya be èxɔ nyagblɔɖilawo ƒe nyawo dzi se; alo mele eme nenema oa?” 28 Agripa xɔ nya la le Paulo nu gblɔ be, “Ɖe nèbu be nya sue si nègblɔ le afi sia lae ana be mazu kristotɔ zi ɖeka?” 29 Paulo ɖo eŋu be, “Anye nye didi vevie be togbɔ be nye nyawo meɖi naneke o hã la, Mawu ana wò kple ame sia ame si aɖo tom egbe la natrɔ zu abe ame si menye ene, ke menye to fukpekpe me abe ale si mele babla me ene o.” 30 Le nya siawo megbe la, Fia Agripa kple Mɔmefiagã Festus kple Benis kple wo ŋumewo katã tso hedzo. 31 Emegbe esi wonɔ nya la me dzrom kpɔ le wo ɖokuiwo dome la, wokpɔe dze sii be le nyateƒe me la, Paulo mewɔ naneke si dze na ku alo gamenɔnɔ gɔ̃ hã o. 32 Ale Agripa gblɔ na Festus be, “Ne menye ɖe Paulo tsɔ eƒe nya la de Kaisaro si o la, anye ne ele be woaɖe asi le eŋu hafi.”

In Other Versions

Acts 26 in the ANGEFD

Acts 26 in the ANTPNG2D

Acts 26 in the AS21

Acts 26 in the BAGH

Acts 26 in the BBPNG

Acts 26 in the BBT1E

Acts 26 in the BDS

Acts 26 in the BEV

Acts 26 in the BHAD

Acts 26 in the BIB

Acts 26 in the BLPT

Acts 26 in the BNT

Acts 26 in the BNTABOOT

Acts 26 in the BNTLV

Acts 26 in the BOATCB

Acts 26 in the BOATCB2

Acts 26 in the BOBCV

Acts 26 in the BOCNT

Acts 26 in the BOGWICC

Acts 26 in the BOHCB

Acts 26 in the BOHCV

Acts 26 in the BOHLNT

Acts 26 in the BOHNTLTAL

Acts 26 in the BOICB

Acts 26 in the BOILNTAP

Acts 26 in the BOITCV

Acts 26 in the BOKCV

Acts 26 in the BOKCV2

Acts 26 in the BOKHWOG

Acts 26 in the BOKSSV

Acts 26 in the BOLCB

Acts 26 in the BOLCB2

Acts 26 in the BOMCV

Acts 26 in the BONAV

Acts 26 in the BONCB

Acts 26 in the BONLT

Acts 26 in the BONUT2

Acts 26 in the BOPLNT

Acts 26 in the BOSCB

Acts 26 in the BOSNC

Acts 26 in the BOTLNT

Acts 26 in the BOVCB

Acts 26 in the BOYCB

Acts 26 in the BPBB

Acts 26 in the BPH

Acts 26 in the BSB

Acts 26 in the CCB

Acts 26 in the CUV

Acts 26 in the CUVS

Acts 26 in the DBT

Acts 26 in the DGDNT

Acts 26 in the DHNT

Acts 26 in the DNT

Acts 26 in the ELBE

Acts 26 in the EMTV

Acts 26 in the ESV

Acts 26 in the FBV

Acts 26 in the FEB

Acts 26 in the GGMNT

Acts 26 in the GNT

Acts 26 in the HARY

Acts 26 in the HNT

Acts 26 in the IRVA

Acts 26 in the IRVB

Acts 26 in the IRVG

Acts 26 in the IRVH

Acts 26 in the IRVK

Acts 26 in the IRVM

Acts 26 in the IRVM2

Acts 26 in the IRVO

Acts 26 in the IRVP

Acts 26 in the IRVT

Acts 26 in the IRVT2

Acts 26 in the IRVU

Acts 26 in the ISVN

Acts 26 in the JSNT

Acts 26 in the KAPI

Acts 26 in the KBT1ETNIK

Acts 26 in the KBV

Acts 26 in the KJV

Acts 26 in the KNFD

Acts 26 in the LBA

Acts 26 in the LBLA

Acts 26 in the LNT

Acts 26 in the LSV

Acts 26 in the MAAL

Acts 26 in the MBV

Acts 26 in the MBV2

Acts 26 in the MHNT

Acts 26 in the MKNFD

Acts 26 in the MNG

Acts 26 in the MNT

Acts 26 in the MNT2

Acts 26 in the MRS1T

Acts 26 in the NAA

Acts 26 in the NASB

Acts 26 in the NBLA

Acts 26 in the NBS

Acts 26 in the NBVTP

Acts 26 in the NET2

Acts 26 in the NIV11

Acts 26 in the NNT

Acts 26 in the NNT2

Acts 26 in the NNT3

Acts 26 in the PDDPT

Acts 26 in the PFNT

Acts 26 in the RMNT

Acts 26 in the SBIAS

Acts 26 in the SBIBS

Acts 26 in the SBIBS2

Acts 26 in the SBICS

Acts 26 in the SBIDS

Acts 26 in the SBIGS

Acts 26 in the SBIHS

Acts 26 in the SBIIS

Acts 26 in the SBIIS2

Acts 26 in the SBIIS3

Acts 26 in the SBIKS

Acts 26 in the SBIKS2

Acts 26 in the SBIMS

Acts 26 in the SBIOS

Acts 26 in the SBIPS

Acts 26 in the SBISS

Acts 26 in the SBITS

Acts 26 in the SBITS2

Acts 26 in the SBITS3

Acts 26 in the SBITS4

Acts 26 in the SBIUS

Acts 26 in the SBIVS

Acts 26 in the SBT

Acts 26 in the SBT1E

Acts 26 in the SCHL

Acts 26 in the SNT

Acts 26 in the SUSU

Acts 26 in the SUSU2

Acts 26 in the SYNO

Acts 26 in the TBIAOTANT

Acts 26 in the TBT1E

Acts 26 in the TBT1E2

Acts 26 in the TFTIP

Acts 26 in the TFTU

Acts 26 in the TGNTATF3T

Acts 26 in the THAI

Acts 26 in the TNFD

Acts 26 in the TNT

Acts 26 in the TNTIK

Acts 26 in the TNTIL

Acts 26 in the TNTIN

Acts 26 in the TNTIP

Acts 26 in the TNTIZ

Acts 26 in the TOMA

Acts 26 in the TTENT

Acts 26 in the UBG

Acts 26 in the UGV

Acts 26 in the UGV2

Acts 26 in the UGV3

Acts 26 in the VBL

Acts 26 in the VDCC

Acts 26 in the YALU

Acts 26 in the YAPE

Acts 26 in the YBVTP

Acts 26 in the ZBP