Deuteronomy 4 (BOECS)

1 “O! Israel, azɔ la, se se kple ɖoɖo siwo mele fia wò ge, lé wo me ɖe asi ale be nànɔ agbe ayi aɖaxɔ anyigba si Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu la le mia nam. 2 Mègatsɔ naneke kpe se siwo mede na wò, eye mègaɖe naneke le wo me o, ke boŋ lé Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe se siwo mele mia nam la me ɖe asi. 3 Miawo ŋutɔ miekpɔ nu si Yehowa wɔ le Baal Peor kple miaƒe ŋkuwo. Yehowa, miaƒe Mawu la tsrɔ̃ ame siwo katã dze Baal Poer yome la le mia dome. 4 Ke mi ame siwo katã ku ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la ŋuti la, miegale agbe va se ɖe egbe. 5 “Kpɔ ɖa, mefia se kple ɖoɖo siwo Yehowa, nye Mawu de nam la mi ale be mialé wo me ɖe asi le anyigba si dzi mieyina be yewoaxɔ la dzi. 6 Milé ŋku ɖe wo ŋu nyuie, elabena esiae aɖe miaƒe nunya kple nugɔmesese afia dukɔ siwo ase se siawo, eye woagblɔ be, ‘Vavãe, dukɔ xɔŋkɔ sia me tɔwo nye nunyalawo kple nugɔmeselawo.’ 7 Dukɔ bubu kae li, si xɔ ŋkɔ ale gbegbe be woƒe mawuwo tsɔ ɖe wo gbɔ abe ale si Yehowa, míaƒe Mawu la tsɔ ɖe mia gbɔ ne míedo gbe ɖa nɛ ene? 8 Eye dukɔ bubu kae gali si de ŋgɔ ale gbegbe be, se kple ɖoɖo dzɔdzɔe siawo tɔgbi le wo si abe se siwo metsɔ le mia ŋkume ɖom egbea ene? 9 Ke ɖeko miakpɔ nyuie, akpɔ mia ɖokuiwo dzi nyuie, ale be miagaŋlɔ nu siwo miaƒe ŋkuwo kpɔ alo ana woado le miaƒe dzi me zi ale si miele agbe o. Mifia wo mia viwo kple wo vi siwo ava ɖe wo yome. 10 “Miɖo ŋku ŋkeke si dzi mietsi tsitre ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la ŋkume le Horeb to la gbɔ, esi wògblɔ nam be, ‘Ƒo ameha la nu ƒu ɖe nye ŋkume be, woase nye nyawo ale be woasrɔ̃ ale si woade bubu ŋunye zi ale si wole agbe le anyigba la dzi, eye woawo hã woafia wo viwo.’ 11 Mietsi tsitre ɖe to la te, dzo ƒe aɖewo do tso to la me yi keke dziŋgɔli me ke, eye lilikpo yibɔwo kple viviti tsiɖitsiɖi ƒo xlã to la. 12 Tete Yehowa ƒo nu na mi to dzo bibi la me. Miese eƒe nyawo, gake miekpɔ eya ŋutɔ o. Eƒe gbe ko mise. 13 Eɖe gbeƒã eƒe nubabla, eƒe Se Ewoawo, siwo wòde na mi be mialé wo me ɖe asi, eye woŋlɔ wo ɖe kpe kpakpa eve dzi na mi. 14 Ɣe ma ɣie Yehowa gblɔ nam be mafia ɖoɖo kple se siwo me mialé ɖe asi le anyigba si miele Yɔdan tɔsisi la tsom be miaxɔ la dzi.” 15 “Miekpɔ nɔnɔme aɖeke tɔgbi gbe si gbe Yehowa ƒo nu na mi le Horeb tso dzo la me o, eya ta mikpɔ mia ɖokuiwo dzi nyuie, 16 ale be miadze nu vɔ̃ me, eye miawɔ legba aɖeke na mia ɖokuiwo ɖe nɔnɔme aɖeke me o; ne wowɔe wòɖi ŋutsu alo nyɔnu o, 17 alo wòɖi lã aɖe le anyigba dzi alo xevi dzodzoe aɖeke loo alo 18 lã sue si ƒua du le anyigba alo tɔmelã o. 19 Kpe ɖe esia ŋu la, migawu mo dzi be yewoasubɔ ɣe, ɣleti alo ɣletiviwo o. Yehowa miaƒe Mawu akpɔ nublanui na dukɔ bubu siwo awɔ nu sia, gake makpɔ nublanui na miawo ya o. 20 Yehowa ɖe mi tso kluvinyenye me le Egipte be mianye yeƒe dukɔ tɔxɛ kple eya ŋutɔ ƒe domenyilawo, eye woawoe nye nu siwo mienye egbe. 21 Ke edo dɔmedzoe ɖe ŋunye ɖe miawo ta. Eka atam be nyematso Yɔdan tɔsisi la age ɖe anyigba nyui si Yehowa miaƒe Mawu tsɔ na mi abe miaƒe domenyinu ene la dzi o. 22 Ele be maku le afi sia, le Yɔdan tɔsisi la ƒe akpa sia dzi. 23 Mikpɔ nyuie be miagagblẽ nubabla si Yehowa, miaƒe Mawu wɔ kpli mi la me o! Miagblẽ nubabla sia me ne miewɔ legbawo, elabena Yehowa, miaƒe Mawu la de se sesẽ ɖe nu sia nu. 24 Yehowa miaƒe Mawu la nye dzo si fiaa nu kple Mawu si ʋãa ŋu. 25 “Ne mieva nɔ anyigba la dzi eteƒe didi, ne miedzi mia viwo kple tɔgbuiyɔviwo, eye miegblẽ kɔ ɖo na mia ɖokuiwo to legbawo wɔwɔ me, eye Yehowa miaƒe Mawu la do dɔmedzoe ɖe mia ŋu kaɖikaɖi le miaƒe nu vɔ̃wo ta la, 26 ekema dziƒo kple anyigba anye ɖasefowo be woatsrɔ̃ mi kaba le anyigba la dzi. Fifia, esusɔ vie miatso Yɔdan tɔsisi la, eye miaxɔ anyigba ma. Ke miaƒe ŋkekewo le afi ma anɔ kpuie, elabena woatsrɔ̃ mi keŋkeŋ. 27 Yehowa akaka mi ɖe dukɔwo dome, eye miagasɔ gbɔ o. 28 Le didiƒenyigbawo dzi la, miasubɔ legba siwo wowɔ kple ati kple kpe, legba siwo mekpɔa nu, sea nu, ɖua nu alo sea nu ƒe ʋeʋẽ o. 29 “Ke miagade asi Yehowa, miaƒe Mawu la didi me. Miakpɔe ne miedii kple miaƒe dzi kple luʋɔ blibo. 30 Ne vevesese ƒe ŋkeke mawo va tu mi emegbe la, miatrɔ ava Yehowa, miaƒe Mawu la gbɔ mlɔeba, eye miaɖo to eƒe nyawo azɔ, 31 elabena Yehowa miaƒe Mawu kpɔa nublanui na ame. Magblẽ mi ɖi o, matsrɔ̃ mi o, eye maŋlɔ ŋugbe siwo wòdo na mia fofowo la be o.” 32 “Mida ŋku ɖe xexea me ƒe ŋutinya me tso keke esime Mawu wɔ amegbetɔ ɖe anyigba dzi. Midii tso dziƒo ƒe akpa ɖeka yi akpa bubu ne miakpɔe ɖa be nya sia tɔgbi dzɔ kpɔ mahã. 33 Dukɔ blibo se Mawu ƒe gbe wòƒo nu nɛ tso dzo bibi me, abe ale si miawo miese ene, eye dukɔ la gali! 34 Teƒe bubu kae miagate ŋu akpɔ ale si Mawu ɖe dukɔ aɖe tso kluvinyenye me, eye wòɖo dɔvɔ̃ dziŋɔwo ɖa, wɔ nukunu triakɔwo, eye wòhe aʋawɔwɔ kple ŋɔdzi vɛ la ƒe kpɔɖeŋu le? Nu sia tututue Yehowa, miaƒe Mawu la wɔ na mi le Egipte le miawo ŋutɔ mia ŋkume. 35 Ewɔ nu siawo ale be miadze sii, be Yehowae nye Mawu, eye mawu bubu aɖeke megali abe eya ene o. 36 Ena miese eƒe gbe wònɔ nu fiam mi tso dziƒo. Ena miekpɔ eƒe dzo bibi gã la le anyigba dzi. Miese eƒe gbe gɔ̃ hã tso dzo bibi la titina. 37 “Esi wòlɔ̃ mia tɔgbuiwo, eye wòdi be yeayra woƒe dzidzimeviwo tae eya ŋutɔ kplɔ mi tso Egipte kple eƒe ŋusẽ gã la ɖeɖe fia. 38 Enya dukɔ siwo sesẽ wu mi sãa la ɖa, eye wòtsɔ woƒe anyigbawo na mi abe domenyinu ene, abe ale si wòle egbe ene. 39 Esiae nye nu si ŋuti miabu egbe: Yehowae nye Mawu le dziƒo kple anyigba afi sia; le eya megbe la, Mawu bubu aɖeke megali o! 40 Ele be miawɔ se siwo made na mi egbe la dzi, ale be nu sia nu nanyo na mi kple mia viwo, eye mianɔ anyigba si Yehowa, miaƒe Mawu la le mia nam la dzi tegbetegbe.” 41 Le esia megbe la, Mose ɖoe na Israelviwo be woatia du etɔ̃ le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo, 42 ale be ne ame aɖe wu ame to nu maɖowɔ me la, wòate ŋu asi ayi du siawo me, eye wòanɔ dedie. 43 Du siawo dometɔ ɖekae nye Bezer, le gbegbe la ƒe tonyigba dzi. Du sia li na Ruben ƒe viwo. Du eveliae nye, Ramot le Gilead. Eya li na Gad ƒe viwo. Du etɔ̃liae nye Golan, le Basan, eye wòli na Manase ƒe viwo. 44 Se siwo gbɔna la nye se siwo Mose de na Israelviwo, 45 esi wodzo le Egipte, eye woƒu asaɖa anyi ɖe 46 Yɔdan tɔsisi la ƒe go kemɛ dzi le Bet Peor kasa. Anyigba sia dzie Amoritɔwo nɔ tsã le woƒe Fia Sixɔn te, eye woƒe fiadu nye Hesbon. Mose kple Israelviwo tsrɔ̃ Fia Sixɔn kple eƒe amewo. 47 Israel xɔ Fia Sixɔn kple Basan fia Ɔg ƒe anyigba. Sixɔn kple Ɔg wonye Amoritɔwo ƒe fia eveawo, ame siwo nɔ Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo. 48 Israelviwo xɔ anyigba la katã tso Aroer si le Arnon tɔsisi la ƒe balime ƒe liƒo dzi va se ɖe Sirion to (si wogayɔna be Hermon to) la gbɔ 49 kple Arabanyigba la katã, le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe yi Dzeƒu la nu, le Pisga to la te.

In Other Versions

Deuteronomy 4 in the ANGEFD

Deuteronomy 4 in the ANTPNG2D

Deuteronomy 4 in the AS21

Deuteronomy 4 in the BAGH

Deuteronomy 4 in the BBPNG

Deuteronomy 4 in the BBT1E

Deuteronomy 4 in the BDS

Deuteronomy 4 in the BEV

Deuteronomy 4 in the BHAD

Deuteronomy 4 in the BIB

Deuteronomy 4 in the BLPT

Deuteronomy 4 in the BNT

Deuteronomy 4 in the BNTABOOT

Deuteronomy 4 in the BNTLV

Deuteronomy 4 in the BOATCB

Deuteronomy 4 in the BOATCB2

Deuteronomy 4 in the BOBCV

Deuteronomy 4 in the BOCNT

Deuteronomy 4 in the BOGWICC

Deuteronomy 4 in the BOHCB

Deuteronomy 4 in the BOHCV

Deuteronomy 4 in the BOHLNT

Deuteronomy 4 in the BOHNTLTAL

Deuteronomy 4 in the BOICB

Deuteronomy 4 in the BOILNTAP

Deuteronomy 4 in the BOITCV

Deuteronomy 4 in the BOKCV

Deuteronomy 4 in the BOKCV2

Deuteronomy 4 in the BOKHWOG

Deuteronomy 4 in the BOKSSV

Deuteronomy 4 in the BOLCB

Deuteronomy 4 in the BOLCB2

Deuteronomy 4 in the BOMCV

Deuteronomy 4 in the BONAV

Deuteronomy 4 in the BONCB

Deuteronomy 4 in the BONLT

Deuteronomy 4 in the BONUT2

Deuteronomy 4 in the BOPLNT

Deuteronomy 4 in the BOSCB

Deuteronomy 4 in the BOSNC

Deuteronomy 4 in the BOTLNT

Deuteronomy 4 in the BOVCB

Deuteronomy 4 in the BOYCB

Deuteronomy 4 in the BPBB

Deuteronomy 4 in the BPH

Deuteronomy 4 in the BSB

Deuteronomy 4 in the CCB

Deuteronomy 4 in the CUV

Deuteronomy 4 in the CUVS

Deuteronomy 4 in the DBT

Deuteronomy 4 in the DGDNT

Deuteronomy 4 in the DHNT

Deuteronomy 4 in the DNT

Deuteronomy 4 in the ELBE

Deuteronomy 4 in the EMTV

Deuteronomy 4 in the ESV

Deuteronomy 4 in the FBV

Deuteronomy 4 in the FEB

Deuteronomy 4 in the GGMNT

Deuteronomy 4 in the GNT

Deuteronomy 4 in the HARY

Deuteronomy 4 in the HNT

Deuteronomy 4 in the IRVA

Deuteronomy 4 in the IRVB

Deuteronomy 4 in the IRVG

Deuteronomy 4 in the IRVH

Deuteronomy 4 in the IRVK

Deuteronomy 4 in the IRVM

Deuteronomy 4 in the IRVM2

Deuteronomy 4 in the IRVO

Deuteronomy 4 in the IRVP

Deuteronomy 4 in the IRVT

Deuteronomy 4 in the IRVT2

Deuteronomy 4 in the IRVU

Deuteronomy 4 in the ISVN

Deuteronomy 4 in the JSNT

Deuteronomy 4 in the KAPI

Deuteronomy 4 in the KBT1ETNIK

Deuteronomy 4 in the KBV

Deuteronomy 4 in the KJV

Deuteronomy 4 in the KNFD

Deuteronomy 4 in the LBA

Deuteronomy 4 in the LBLA

Deuteronomy 4 in the LNT

Deuteronomy 4 in the LSV

Deuteronomy 4 in the MAAL

Deuteronomy 4 in the MBV

Deuteronomy 4 in the MBV2

Deuteronomy 4 in the MHNT

Deuteronomy 4 in the MKNFD

Deuteronomy 4 in the MNG

Deuteronomy 4 in the MNT

Deuteronomy 4 in the MNT2

Deuteronomy 4 in the MRS1T

Deuteronomy 4 in the NAA

Deuteronomy 4 in the NASB

Deuteronomy 4 in the NBLA

Deuteronomy 4 in the NBS

Deuteronomy 4 in the NBVTP

Deuteronomy 4 in the NET2

Deuteronomy 4 in the NIV11

Deuteronomy 4 in the NNT

Deuteronomy 4 in the NNT2

Deuteronomy 4 in the NNT3

Deuteronomy 4 in the PDDPT

Deuteronomy 4 in the PFNT

Deuteronomy 4 in the RMNT

Deuteronomy 4 in the SBIAS

Deuteronomy 4 in the SBIBS

Deuteronomy 4 in the SBIBS2

Deuteronomy 4 in the SBICS

Deuteronomy 4 in the SBIDS

Deuteronomy 4 in the SBIGS

Deuteronomy 4 in the SBIHS

Deuteronomy 4 in the SBIIS

Deuteronomy 4 in the SBIIS2

Deuteronomy 4 in the SBIIS3

Deuteronomy 4 in the SBIKS

Deuteronomy 4 in the SBIKS2

Deuteronomy 4 in the SBIMS

Deuteronomy 4 in the SBIOS

Deuteronomy 4 in the SBIPS

Deuteronomy 4 in the SBISS

Deuteronomy 4 in the SBITS

Deuteronomy 4 in the SBITS2

Deuteronomy 4 in the SBITS3

Deuteronomy 4 in the SBITS4

Deuteronomy 4 in the SBIUS

Deuteronomy 4 in the SBIVS

Deuteronomy 4 in the SBT

Deuteronomy 4 in the SBT1E

Deuteronomy 4 in the SCHL

Deuteronomy 4 in the SNT

Deuteronomy 4 in the SUSU

Deuteronomy 4 in the SUSU2

Deuteronomy 4 in the SYNO

Deuteronomy 4 in the TBIAOTANT

Deuteronomy 4 in the TBT1E

Deuteronomy 4 in the TBT1E2

Deuteronomy 4 in the TFTIP

Deuteronomy 4 in the TFTU

Deuteronomy 4 in the TGNTATF3T

Deuteronomy 4 in the THAI

Deuteronomy 4 in the TNFD

Deuteronomy 4 in the TNT

Deuteronomy 4 in the TNTIK

Deuteronomy 4 in the TNTIL

Deuteronomy 4 in the TNTIN

Deuteronomy 4 in the TNTIP

Deuteronomy 4 in the TNTIZ

Deuteronomy 4 in the TOMA

Deuteronomy 4 in the TTENT

Deuteronomy 4 in the UBG

Deuteronomy 4 in the UGV

Deuteronomy 4 in the UGV2

Deuteronomy 4 in the UGV3

Deuteronomy 4 in the VBL

Deuteronomy 4 in the VDCC

Deuteronomy 4 in the YALU

Deuteronomy 4 in the YAPE

Deuteronomy 4 in the YBVTP

Deuteronomy 4 in the ZBP