Esther 4 (BOECS)
1 Esi Mordekai se nya si dzɔ la, edze eƒe awuwo, ta akpanya, si dzowɔ ɖe ŋuti, eye wòyi dua me henɔ avi fam sesĩe nublanuitɔe. 2 Etsi tsitre ɖe fiasã la ƒe agbo nu, elabena womeɖe mɔ be ame aɖeke nanɔ akpanya me age ɖe fiasã la me o. 3 Yudatɔwo ta akpanya mlɔ afi ma, tsi nu dɔ, fa avi kple ɣli, eye dzi ɖe le wo ƒo le nutowo katã me le anyigba blibo la dzi le ɖoɖo si fia la wɔ la ta. 4 Esi Ester ƒe nyɔnudɔlawo kple ŋutsu tata siwo le edzi kpɔm la va gblɔ nu si Mordekai nɔ wɔwɔm nɛ la, exa nu, eye wòɖo awuwo ɖee be wòatsɔ aɖɔli akpanya si wòta la, gake melɔ̃ o. 5 Azɔ Ester ɖo Hatak, ŋutsu tata si wotia be wòasubɔe la ɖa be wòayi Mordekai gbɔ, abia nu si le fu ɖem nɛ kple nu si tae. 6 Ale Hatak do go yi ablɔ dzi, eye wòkpɔ Mordekai le fiasã la ƒe agboa godo. 7 Tete Mordekai gblɔ nu siwo katã dzɔ la nɛ kple ga home si ŋugbe Haman do be yeatsɔ ade fia la ƒe gadzraɖoƒe me hena Yudatɔwo wuwu. 8 Mordekai tsɔ agbalẽ si me fia la ƒe se si wòde le Susa be woatsrɔ̃ Yudatɔwo katã le la na Hatak, eye wòbia tso esi be wòatsɔe afia Ester. Egblɔ na Hatak be wòagblɔ nya si dzɔ la na Ester, eye wòabia tso esi be wòayi fia la gbɔ, aɖe kuku nɛ be wòakpɔ nublanui na eƒe amewo. 9 Ale Hatak trɔ yi Ester gbɔ, eye wògblɔ nya si Mordekai be wòagblɔ nɛ la nɛ. 10 Ester gblɔ na Hatak be wòayi aɖagblɔ na Mordekai be, 11 “Fia la ƒe dɔnunɔlawo katã kple ame siwo katã le nutowo me la nya be ne ŋutsu alo nyɔnu aɖe yi ɖe fia la gbɔ le xɔ titinatɔ me, evɔ fia la meyɔe o la, se ɖeka si le nu sia ŋuti koe nye be woawu amea. Negbe ɖeko fia la tsɔ eƒe sikatikplɔ ɖo ɖee hafi wòaɖe eƒe agbe. Ke ŋkeke blaetɔ̃e nye esi fia la meɖo du ɖem o.” 12 Ale Hatak yi ɖagblɔ Ester ƒe nya la na Mordekai, 13 eye Mordekai ɖo eŋu ɖo ɖe Ester be, “Ɖe nèbu be ye ya yeanɔ dedie le afi ma, le fiasã la me, ne wowu Yudatɔwo katã? 14 Ne èzi ɖoɖoe le ɣeyiɣi sia tɔgbi me la, Mawu ato mɔ bubu aɖe dzi aɖe Yudatɔwo, ke wò kple fofowò ƒe aƒemetɔwo miatsrɔ̃. Gawu la, ame kae nya be Mawu ŋutɔe da wò ɖe teƒe sia le fiasã la me le ɣeyiɣi sia tɔgbi me?” 15 Ester ɖo ame ɖa be woagblɔ na Mordekai be: 16 “Yi nàƒo Yudatɔ siwo katã le Susa la nu ƒu, eye miatsi nu dɔ ɖe tanye, migaɖu nu alo miano nu o, ŋkeke etɔ̃ kple zã etɔ̃. Nye kple nye subɔlawo hã míawɔ nenema ke. Ekema, togbɔ be wode se sesẽ aɖe ɖe eŋu hã la, mayi aɖakpɔ fia la kpɔ. Ne meku la, maku faa!” 17 Ale Mordekai wɔ nu si Ester ɖo nɛ.
In Other Versions
Esther 4 in the ANGEFD
Esther 4 in the ANTPNG2D
Esther 4 in the AS21
Esther 4 in the BAGH
Esther 4 in the BBPNG
Esther 4 in the BBT1E
Esther 4 in the BDS
Esther 4 in the BEV
Esther 4 in the BHAD
Esther 4 in the BIB
Esther 4 in the BLPT
Esther 4 in the BNT
Esther 4 in the BNTABOOT
Esther 4 in the BNTLV
Esther 4 in the BOATCB
Esther 4 in the BOATCB2
Esther 4 in the BOBCV
Esther 4 in the BOCNT
Esther 4 in the BOGWICC
Esther 4 in the BOHCB
Esther 4 in the BOHCV
Esther 4 in the BOHLNT
Esther 4 in the BOHNTLTAL
Esther 4 in the BOICB
Esther 4 in the BOILNTAP
Esther 4 in the BOITCV
Esther 4 in the BOKCV
Esther 4 in the BOKCV2
Esther 4 in the BOKHWOG
Esther 4 in the BOKSSV
Esther 4 in the BOLCB
Esther 4 in the BOLCB2
Esther 4 in the BOMCV
Esther 4 in the BONAV
Esther 4 in the BONCB
Esther 4 in the BONLT
Esther 4 in the BONUT2
Esther 4 in the BOPLNT
Esther 4 in the BOSCB
Esther 4 in the BOSNC
Esther 4 in the BOTLNT
Esther 4 in the BOVCB
Esther 4 in the BOYCB
Esther 4 in the BPBB
Esther 4 in the BPH
Esther 4 in the BSB
Esther 4 in the CCB
Esther 4 in the CUV
Esther 4 in the CUVS
Esther 4 in the DBT
Esther 4 in the DGDNT
Esther 4 in the DHNT
Esther 4 in the DNT
Esther 4 in the ELBE
Esther 4 in the EMTV
Esther 4 in the ESV
Esther 4 in the FBV
Esther 4 in the FEB
Esther 4 in the GGMNT
Esther 4 in the GNT
Esther 4 in the HARY
Esther 4 in the HNT
Esther 4 in the IRVA
Esther 4 in the IRVB
Esther 4 in the IRVG
Esther 4 in the IRVH
Esther 4 in the IRVK
Esther 4 in the IRVM
Esther 4 in the IRVM2
Esther 4 in the IRVO
Esther 4 in the IRVP
Esther 4 in the IRVT
Esther 4 in the IRVT2
Esther 4 in the IRVU
Esther 4 in the ISVN
Esther 4 in the JSNT
Esther 4 in the KAPI
Esther 4 in the KBT1ETNIK
Esther 4 in the KBV
Esther 4 in the KJV
Esther 4 in the KNFD
Esther 4 in the LBA
Esther 4 in the LBLA
Esther 4 in the LNT
Esther 4 in the LSV
Esther 4 in the MAAL
Esther 4 in the MBV
Esther 4 in the MBV2
Esther 4 in the MHNT
Esther 4 in the MKNFD
Esther 4 in the MNG
Esther 4 in the MNT
Esther 4 in the MNT2
Esther 4 in the MRS1T
Esther 4 in the NAA
Esther 4 in the NASB
Esther 4 in the NBLA
Esther 4 in the NBS
Esther 4 in the NBVTP
Esther 4 in the NET2
Esther 4 in the NIV11
Esther 4 in the NNT
Esther 4 in the NNT2
Esther 4 in the NNT3
Esther 4 in the PDDPT
Esther 4 in the PFNT
Esther 4 in the RMNT
Esther 4 in the SBIAS
Esther 4 in the SBIBS
Esther 4 in the SBIBS2
Esther 4 in the SBICS
Esther 4 in the SBIDS
Esther 4 in the SBIGS
Esther 4 in the SBIHS
Esther 4 in the SBIIS
Esther 4 in the SBIIS2
Esther 4 in the SBIIS3
Esther 4 in the SBIKS
Esther 4 in the SBIKS2
Esther 4 in the SBIMS
Esther 4 in the SBIOS
Esther 4 in the SBIPS
Esther 4 in the SBISS
Esther 4 in the SBITS
Esther 4 in the SBITS2
Esther 4 in the SBITS3
Esther 4 in the SBITS4
Esther 4 in the SBIUS
Esther 4 in the SBIVS
Esther 4 in the SBT
Esther 4 in the SBT1E
Esther 4 in the SCHL
Esther 4 in the SNT
Esther 4 in the SUSU
Esther 4 in the SUSU2
Esther 4 in the SYNO
Esther 4 in the TBIAOTANT
Esther 4 in the TBT1E
Esther 4 in the TBT1E2
Esther 4 in the TFTIP
Esther 4 in the TFTU
Esther 4 in the TGNTATF3T
Esther 4 in the THAI
Esther 4 in the TNFD
Esther 4 in the TNT
Esther 4 in the TNTIK
Esther 4 in the TNTIL
Esther 4 in the TNTIN
Esther 4 in the TNTIP
Esther 4 in the TNTIZ
Esther 4 in the TOMA
Esther 4 in the TTENT
Esther 4 in the UBG
Esther 4 in the UGV
Esther 4 in the UGV2
Esther 4 in the UGV3
Esther 4 in the VBL
Esther 4 in the VDCC
Esther 4 in the YALU
Esther 4 in the YAPE
Esther 4 in the YBVTP
Esther 4 in the ZBP