Exodus 10 (BOECS)

1 Le esia megbe la, Yehowa gblɔ na Mose be, “Gayi Farao gbɔ, eye nàgatsɔ wò biabia la ɖo eŋkume. Ke mana eya kple eƒe aɖaŋudelawo ƒe dzi me nagasẽ kokoko ale be mate ŋu awɔ nukunu bubuwo, eye maɖe nye ŋusẽ afia. 2 Esiawo anye ŋutinya siwo nàgblɔ na viwòwo kple wò tɔgbuiyɔviwo tso nukunu siwo mele wɔwɔm le Egipte la ŋu! Miƒo nu na wo tso ale si mewɔ Egiptetɔwo wozu abunɛtɔwo kple ale si meɖee fia mi bena nyee nye Yehowa la ŋuti.” 3 Ale Mose kple Aron wogayi Farao gbɔ, eye wogblɔ nɛ be, “Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu la le biabiam be, ‘Zi neni nàgbe toɖoɖom? Ɖe asi le nye amewo ŋu ale be woate ŋu ayi aɖasubɔm. 4 Ne ègbe asiɖeɖe le ameawo ŋu la, mahe ʋetsuviwo va wò anyigba la dzi etsɔ. 5 Woatsyɔ anyigba la dzi ale gbegbe be anyigba la magadze o. Woaɖu numiemie sue siwo susɔ le kpetsi la megbe kple ati ɖe sia ɖe si le tsitsim le agble dzi. 6 Woayɔ wò aƒewo me, wò dumegãwo ƒe aƒewo me kple Egiptetɔwo katã ƒe aƒewo me, nu si mia fofowo loo alo mia tɔgbuiwo mekpɔ kpɔ, tso gbe si gbe wova anyigba sia dzi va se ɖe fifia o.’ ” Ale Mose trɔ dzo le Farao ŋkume. 7 Farao ƒe aɖaŋudelawo va Farao gbɔ azɔ, eye wobiae be, “Ɖe nèdi be yeatsrɔ̃ mí gbidigbidia? Ɖe mènya be fifia gɔ̃ hã la, nu sia nu gblẽ le Egipte oa? Ɖe asi le ameawo ŋu woayi aɖasubɔ Yehowa, woƒe Mawu la.” 8 Wokplɔ Mose kple Aron va Fia Farao gbɔ. Farao gblɔ na wo azɔ be, “Enyo, miyi miasubɔ Yehowa, miaƒe Mawu la. Ke ame kawoe miedi be woayi kpli mi?” 9 Mose ɖo eŋu be, “Míayi kple mía viŋutsuwo, mía vinyɔnuwo kple míaƒe lãwo, elabena ŋkekenyui ɖu ge míeyina na Yehowa.” 10 Farao yi edzi be, “Yehowa naɖi na mi, nyemaɖe asi le mia kple mia viwo ŋu miayi o. Eme kɔ ƒãa be nu gbegblẽ aɖee mieɖo ɖe ta me. 11 Mi ŋutsuwo ɖeɖe ko, miyi miasubɔ Yehowa, elabena eyae nye nu si miebia.” Ale wonya wo ɖa le Farao ŋkume. 12 Yehowa gblɔ na Mose be, “Keke wò asiwo ɖe Egiptenyigba la dzi, ne ʋetsuviwo nado, woaxɔ anyigba blibo la dzi, eye woaɖu nu sia nu si kpetsi la gblẽ ɖi.” 13 Mose do eƒe atikplɔ ɖe dzi, eye Yehowa na ɣedzeƒeya aɖe ƒo le ŋkeke kple zã blibo la me. Esi ŋu ke la, ɣedzeƒeya la he ʋetsuviwo vɛ. 14 Ʋetsuviawo xɔ anyigba la dzi tso liƒo dzi yi liƒo dzi. Esiae nye ʋetsuviwo ƒe vava vɔ̃ɖitɔ le Egipte ƒe ŋutinya blibo la me, eye etɔgbi magava akpɔ o, 15 elabena ʋetsuviawo xe anyigba la ƒe ŋkume, eye woxe ɣe hã ƒe ŋkume; ale viviti do ɖe anyigba la dzi. Gawu la, woɖu ati kple gbe ɖe sia ɖe si kpetsi la gblẽ ɖi, ale be nu mumu si nye ati alo gbe la ƒe ɖeke kura meganɔ Egiptenyigba blibo la dzi o. 16 Farao ɖo du sesẽ aɖe ɖe Mose kple Aron enumake, eye wògblɔ na wo be, “Mewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa, miaƒe Mawu kple miawo ŋutɔ hã ŋu. 17 Migatsɔ nye nu vɔ̃ kem zi mamlɛtɔ sia ko, eye miaɖe kuku na Yehowa, miaƒe Mawu la be wòaɖe fukpekpe vɔ̃ɖi sia ɖa le dzinye.” 18 Le esia ta Mose dzo le Farao gbɔ, eye wòɖe kuku na Yehowa, 19 eye Yehowa ɖo ɣetoɖoƒeya sesẽ aɖe ɖa, eye wòkplɔ ʋetsuviawo katã yi ɖakɔ ɖe Ƒu Dzĩ la me. Ʋetsuvi ɖeka pɛ gɔ̃ hã megasusɔ ɖe Egiptenyigba dzi o! 20 Ke Yehowa gana Farao ƒe dzi me gasẽ kokoko, eye meɖe asi le Israelviwo ŋu o. 21 Yehowa gblɔ na Mose be, “Do wò asi ɖe dziƒo ekema viviti tsiɖitsiɖi ado ɖe Egiptenyigba la dzi.” 22 Mose wɔ alea, eye blukɔ tsiɖitsiɖi aɖe do ɖe Egiptenyigba blibo la dzi ŋkeke etɔ̃. 23 Le ɣeyiɣi siawo katã me la, Egiptetɔwo megatea ŋu ʋãna o, le esime kekeli nɔ Israelviwo gbɔ abe tsã ene. 24 Farao yɔ Mose, eye wògblɔ nɛ be, “Miyi miasubɔ Yehowa, gake miagblẽ miaƒe lãwo ɖe afi sia. Miate ŋu akplɔ mia viwo gɔ̃ hã ayii.” 25 Mose ɖo eŋu be, “Kpao, ele be míakplɔ míaƒe lãwo hã ayi hena vɔsa kple numevɔsa na Yehowa, míaƒe Mawu la. 26 Míagblẽ lã aɖeke ɖi o, eye lã aɖeke ƒe afɔkli gɔ̃ hã matsi anyi o, elabena ele be míasa vɔ na Yehowa, míaƒe Mawu la, eye míate ŋu anya lã siwo wòatia o, va se ɖe esime míaɖo afi ma.” 27 Ale Yehowa gana Farao ƒe dzi me gasẽ, eye meɖe asi le ameawo ŋu o. 28 Farao blu ɖe Mose ta be, “Bu le afi sia kaba! Mègana makpɔ wò mo azɔ gbeɖegbeɖe o. Gbe si gbe nàgado ɖe nye ŋkume la, ku kee nàku.” 29 Mose ɖo eŋu be, “Enyo; mesee. Nyemagado ɖe wò ŋkume azɔ o.”

In Other Versions

Exodus 10 in the ANGEFD

Exodus 10 in the ANTPNG2D

Exodus 10 in the AS21

Exodus 10 in the BAGH

Exodus 10 in the BBPNG

Exodus 10 in the BBT1E

Exodus 10 in the BDS

Exodus 10 in the BEV

Exodus 10 in the BHAD

Exodus 10 in the BIB

Exodus 10 in the BLPT

Exodus 10 in the BNT

Exodus 10 in the BNTABOOT

Exodus 10 in the BNTLV

Exodus 10 in the BOATCB

Exodus 10 in the BOATCB2

Exodus 10 in the BOBCV

Exodus 10 in the BOCNT

Exodus 10 in the BOGWICC

Exodus 10 in the BOHCB

Exodus 10 in the BOHCV

Exodus 10 in the BOHLNT

Exodus 10 in the BOHNTLTAL

Exodus 10 in the BOICB

Exodus 10 in the BOILNTAP

Exodus 10 in the BOITCV

Exodus 10 in the BOKCV

Exodus 10 in the BOKCV2

Exodus 10 in the BOKHWOG

Exodus 10 in the BOKSSV

Exodus 10 in the BOLCB

Exodus 10 in the BOLCB2

Exodus 10 in the BOMCV

Exodus 10 in the BONAV

Exodus 10 in the BONCB

Exodus 10 in the BONLT

Exodus 10 in the BONUT2

Exodus 10 in the BOPLNT

Exodus 10 in the BOSCB

Exodus 10 in the BOSNC

Exodus 10 in the BOTLNT

Exodus 10 in the BOVCB

Exodus 10 in the BOYCB

Exodus 10 in the BPBB

Exodus 10 in the BPH

Exodus 10 in the BSB

Exodus 10 in the CCB

Exodus 10 in the CUV

Exodus 10 in the CUVS

Exodus 10 in the DBT

Exodus 10 in the DGDNT

Exodus 10 in the DHNT

Exodus 10 in the DNT

Exodus 10 in the ELBE

Exodus 10 in the EMTV

Exodus 10 in the ESV

Exodus 10 in the FBV

Exodus 10 in the FEB

Exodus 10 in the GGMNT

Exodus 10 in the GNT

Exodus 10 in the HARY

Exodus 10 in the HNT

Exodus 10 in the IRVA

Exodus 10 in the IRVB

Exodus 10 in the IRVG

Exodus 10 in the IRVH

Exodus 10 in the IRVK

Exodus 10 in the IRVM

Exodus 10 in the IRVM2

Exodus 10 in the IRVO

Exodus 10 in the IRVP

Exodus 10 in the IRVT

Exodus 10 in the IRVT2

Exodus 10 in the IRVU

Exodus 10 in the ISVN

Exodus 10 in the JSNT

Exodus 10 in the KAPI

Exodus 10 in the KBT1ETNIK

Exodus 10 in the KBV

Exodus 10 in the KJV

Exodus 10 in the KNFD

Exodus 10 in the LBA

Exodus 10 in the LBLA

Exodus 10 in the LNT

Exodus 10 in the LSV

Exodus 10 in the MAAL

Exodus 10 in the MBV

Exodus 10 in the MBV2

Exodus 10 in the MHNT

Exodus 10 in the MKNFD

Exodus 10 in the MNG

Exodus 10 in the MNT

Exodus 10 in the MNT2

Exodus 10 in the MRS1T

Exodus 10 in the NAA

Exodus 10 in the NASB

Exodus 10 in the NBLA

Exodus 10 in the NBS

Exodus 10 in the NBVTP

Exodus 10 in the NET2

Exodus 10 in the NIV11

Exodus 10 in the NNT

Exodus 10 in the NNT2

Exodus 10 in the NNT3

Exodus 10 in the PDDPT

Exodus 10 in the PFNT

Exodus 10 in the RMNT

Exodus 10 in the SBIAS

Exodus 10 in the SBIBS

Exodus 10 in the SBIBS2

Exodus 10 in the SBICS

Exodus 10 in the SBIDS

Exodus 10 in the SBIGS

Exodus 10 in the SBIHS

Exodus 10 in the SBIIS

Exodus 10 in the SBIIS2

Exodus 10 in the SBIIS3

Exodus 10 in the SBIKS

Exodus 10 in the SBIKS2

Exodus 10 in the SBIMS

Exodus 10 in the SBIOS

Exodus 10 in the SBIPS

Exodus 10 in the SBISS

Exodus 10 in the SBITS

Exodus 10 in the SBITS2

Exodus 10 in the SBITS3

Exodus 10 in the SBITS4

Exodus 10 in the SBIUS

Exodus 10 in the SBIVS

Exodus 10 in the SBT

Exodus 10 in the SBT1E

Exodus 10 in the SCHL

Exodus 10 in the SNT

Exodus 10 in the SUSU

Exodus 10 in the SUSU2

Exodus 10 in the SYNO

Exodus 10 in the TBIAOTANT

Exodus 10 in the TBT1E

Exodus 10 in the TBT1E2

Exodus 10 in the TFTIP

Exodus 10 in the TFTU

Exodus 10 in the TGNTATF3T

Exodus 10 in the THAI

Exodus 10 in the TNFD

Exodus 10 in the TNT

Exodus 10 in the TNTIK

Exodus 10 in the TNTIL

Exodus 10 in the TNTIN

Exodus 10 in the TNTIP

Exodus 10 in the TNTIZ

Exodus 10 in the TOMA

Exodus 10 in the TTENT

Exodus 10 in the UBG

Exodus 10 in the UGV

Exodus 10 in the UGV2

Exodus 10 in the UGV3

Exodus 10 in the VBL

Exodus 10 in the VDCC

Exodus 10 in the YALU

Exodus 10 in the YAPE

Exodus 10 in the YBVTP

Exodus 10 in the ZBP