Ezekiel 48 (BOECS)

1 “Esiawoe nye toawo le woƒe ŋkɔwo nu: “Tso dzigbemeliƒo dzi la, Dan axɔ mama ɖeka. Mama sia azɔ ɖe Hetlon mɔ ŋu ayi Lebo Hamat. Hazar Enan kple Damasko ƒe dzigbemeliƒo anye eƒe liƒo ƒe akpa aɖe tso ɣedzeƒe lɔƒo va yi ɣetoɖoƒe lɔƒo. 2 Aser axɔ mama ɖeka; ado liƒo kple Dan ƒe anyigba tso ɣedzeƒe ayi ɣetoɖoƒe. 3 Naftali axɔ mama ɖeka. Mama sia ado liƒo kple Aser ƒe anyigba tso ɣedzeƒe ayi ɣetoɖoƒe. 4 Manase axɔ mama ɖeka. Mama sia ado liƒo kple Naftali ƒe anyigba tso ɣedzeƒe ayi ɣetoɖoƒe. 5 Efraim axɔ mama ɖeka. Mama sia ado liƒo kple Manase ƒe anyigba tso ɣedzeƒe ayi ɣetoɖoƒe. 6 Ruben axɔ mama ɖeka. Mama sia ado liƒo kple Efraim ƒe anyigba tso ɣedzeƒe ayi ɣetoɖoƒe. 7 Yuda axɔ mama ɖeka. Mama sia ado liƒo kple Ruben ƒe anyigba tso ɣedzeƒe ayi ɣetoɖoƒe. 8 “Anyigba si miana abe lɔlɔ̃nununana tɔxɛ ene la, anɔ Yuda ƒe anyigba ƒe liƒo dzi tso ɣedzeƒe yi ɣetoɖoƒe. Akeke mita akpe wuieve alafa atɔ̃ (12,500), eye eƒe didime tso ɣedzeƒe yi ɣetoɖoƒe asɔ kple to ɖeka ƒe anyigba tɔ. Kɔkɔeƒe la anɔ eƒe titina. 9 “Teƒe tɔxɛ si miana Aƒetɔ Yehowa la adidi mita akpe wuieve alafa atɔ̃ (12,500), eye wòakeke mita akpe atɔ̃. 10 Teƒe sia anye teƒe kɔkɔe na nunɔlawo. Adidi mita akpe wuieve alafa atɔ̃ (12,500) le anyiehe, akeke mita akpe atɔ̃ (5,000) le ɣetoɖoƒe, akeke mita akpe atɔ̃ (5,000) le ɣedzeƒe, eye wòadidi mita akpe wuieve alafa atɔ̃ (12,500) le dziehe. Aƒetɔ Yehowa ƒe Kɔkɔeƒe la anɔ teƒe sia ƒe titina. 11 Teƒe sia anye nunɔla siwo ŋuti wokɔ, Zadok ƒe viwo tɔ, ame siwo wɔ nuteƒe, subɔm, eye wometra mɔ abe Levitɔwo ene esime Israelviwo tra mɔ o. 12 Anye nunana tɔxɛ na wo tso teƒe kɔkɔe la ŋu, teƒe kɔkɔe aɖe ŋutɔe, eye wòado liƒo kple Levitɔwo ƒe teƒe. 13 “Le nunɔlawo ƒe teƒe ƒe axadzi la, Levitɔwo axɔ anyigba wòadidi mita akpe wuieve alafa atɔ̃ (12,500), eye wòakeke mita akpe atɔ̃ (5,000). Eƒe didime blibo la anye mita akpe wuieve alafa atɔ̃ (12,500), eye eƒe kekeme blibo la anye mita akpe atɔ̃ (5,000). 14 Mele be miadzra anyigba la ƒe akpa aɖeke alo aɖɔlii kple naneke o. Esiae nye anyigba la ƒe akpa nyuitɔ, eye mage ɖe ame bubuwo ƒe asi me o, elabena ele kɔkɔe na Aƒetɔ Yehowa. 15 “Teƒe si asusɔ, si akeke mita akpe eve alafa atɔ̃ (2,500), eye wòadidi mita akpe wuieve alafa atɔ̃ (12,500) la, anɔ anyi na dua ƒe ŋu dɔ wɔwɔ, hena aƒewo kple lãnyiƒewo. Du la anɔ teƒe la ƒe titina, 16 eye wòadidi mita akpe eve alafa eve kple blaatɔ̃ (2,250) le anyiehe lɔƒo, mita akpe eve alafa eve kple blaatɔ̃ (2,250) le dziehe lɔƒo, mita akpe eve alafa eve kple blaatɔ̃ (2,250) le ɣedzeƒe lɔƒo, mita akpe eve alafa eve kple blaatɔ̃ (2,250) le ɣetoɖoƒe lɔƒo. 17 Du la ƒe lãnyiƒe adidi mita alafa ɖeka kple blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ (135) le anyiehe lɔƒo, mita alafa ɖeka kple blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ (135) le dziehe lɔƒo, mita alafa ɖeka kple blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ (135) le ɣedzeƒe lɔƒo, eye wòadidi mita alafa ɖeka kple blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ (135) le ɣetoɖoƒe lɔƒo. 18 Anyigba la ƒe akpa si susɔ, si ɖe liƒo kple teƒe kɔkɔe la, eye wòmlɔ eƒe didime xa la, adidi mita akpe atɔ̃ (5,000) le ɣedzeƒe lɔƒo, mita akpe atɔ̃ (5,000) le ɣetoɖoƒe lɔƒo. Eƒe agblemenukuwo anye nuɖuɖu na dua me dɔwɔlawo. 19 Dua me dɔwɔlawo, ame siwo ade agble ɖe edzi la atso Israel ƒe toawo katã me. 20 Teƒe blibo la ƒe didime kple kekeme asɔ, eye ɖe sia ɖe adidi mita akpe wuieve alafa atɔ̃ (12,500). Abe nunana tɔxɛ ene la, miaɖe teƒe kɔkɔe la ɖi wòamlɔ dua ƒe anyigba ŋu. 21 “Nu si asusɔ le teƒe la ƒe akpa eveawo ŋu la le teƒe kɔkɔe la kple dua ƒe anyigba ŋu la, anye fiaviŋutsu la tɔ. Akeke ayi ɣedzeƒe lɔƒo tso teƒe kɔkɔe la mita akpe wuieve alafa atɔ̃ (12,500) va se ɖe ɣedzeƒeliƒo la dzi, eye wòayi ɣetoɖoƒe lɔƒo tso mita akpe wuieve alafa atɔ̃ (12,500) ŋu va se ɖe ɣetoɖoƒeliƒo la dzi. Teƒe eve siawo, siwo xe ɖe toawo ƒe teƒewo ƒe didime ŋu la anye fiaviŋutsu la tɔ, eye teƒe kɔkɔe la kple gbedoxɔ la anɔ woƒe titina. 22 Ale Levitɔwo ƒe teƒe kple dua ƒe teƒe anɔ titina na teƒe si nye fiaviŋutsu la tɔ. Fiaviŋutsu la ƒe teƒe anɔ Yuda ƒe liƒo kple Benyamin ƒe liƒo dome. 23 “Le to bubuawo gome la: “Benyamin axɔ teƒe ɖeka; atso ɣedzeƒe lɔƒo ayi ɣetoɖoƒe lɔƒo. 24 Simeon axɔ teƒe ɖeka; ado liƒo kple Benyamin ƒe teƒe tso ɣedzeƒe yi ɣetoɖoƒe. 25 Isaka axɔ teƒe ɖeka; ado liƒo kple Simeon tso ɣedzeƒe yi ɣetoɖoƒe. 26 Zebulon axɔ teƒe ɖeka; ado liƒo kple Isaka ƒe anyigba tso ɣedzeƒe yi ɣetoɖoƒe. 27 Gad axɔ teƒe ɖeka; ado liƒo kple Zebulon ƒe anyigba tso ɣedzeƒe yi ɣetoɖoƒe. 28 Gad ƒe anyigba ƒe dzieheliƒo ayi dziehe tso Tamar ayi Meriba kple Kades ƒe tsiwo gbɔ, ato Egipte ƒe Wadi ŋu ayi Atsiaƒu Gã la to. 29 “Esiae nye anyigba si miama abe domenyinu na Israel ƒe towo ene, eye esiawoe anye woƒe teƒewo.” Aƒetɔ Yehowae gblɔe. 30 “Esiawoe anye du la ƒe agbowo: “Tso dzigbeme lɔƒo, afi si didi mita akpe eve alafa eve kple blaatɔ̃ (2,250), 31 woatsɔ Israel ƒe towo ƒe ŋkɔwo na du la ƒe agbowo. Anyiehegbo etɔ̃awo anye Ruben ƒe agbo, Yuda ƒe agbo kple Levi ƒe agbo. 32 Le ɣedzeƒe lɔƒo, afi si didi mita akpe eve alafa eve kple blaatɔ̃ (2,250) la, agbo etɔ̃ anɔ anyi, eye woayɔ wo be, Yosef ƒe agbo, Benyamin ƒe agbo kple Dan ƒe agbo. 33 Le dziehe lɔƒo, afi si didi mita akpe eve alafa eve kple blaatɔ̃ (2,250) la, agbo etɔ̃ anɔ anyi, eye woayɔ wo be Simeon ƒe agbo, Isaka ƒe agbo kple Zebulon ƒe agbo. 34 Le ɣetoɖoƒe lɔƒo, afi si didi mita akpe eve alafa eve kple blaatɔ̃ (2,250) la, agbo etɔ̃ anɔ anyi, eye woayɔ wo be Gad ƒe agbo, Aser ƒe agbo kple Naftali ƒe agbo. 35 “Teƒe la katã ƒe didime anye mita akpe asiekɛ. “Eye du la ƒe ŋkɔ tso ɣe ma ɣi dzi yina la anye, ‘Aƒetɔ Yehowa le afi ma.’ ”

In Other Versions

Ezekiel 48 in the ANGEFD

Ezekiel 48 in the ANTPNG2D

Ezekiel 48 in the AS21

Ezekiel 48 in the BAGH

Ezekiel 48 in the BBPNG

Ezekiel 48 in the BBT1E

Ezekiel 48 in the BDS

Ezekiel 48 in the BEV

Ezekiel 48 in the BHAD

Ezekiel 48 in the BIB

Ezekiel 48 in the BLPT

Ezekiel 48 in the BNT

Ezekiel 48 in the BNTABOOT

Ezekiel 48 in the BNTLV

Ezekiel 48 in the BOATCB

Ezekiel 48 in the BOATCB2

Ezekiel 48 in the BOBCV

Ezekiel 48 in the BOCNT

Ezekiel 48 in the BOGWICC

Ezekiel 48 in the BOHCB

Ezekiel 48 in the BOHCV

Ezekiel 48 in the BOHLNT

Ezekiel 48 in the BOHNTLTAL

Ezekiel 48 in the BOICB

Ezekiel 48 in the BOILNTAP

Ezekiel 48 in the BOITCV

Ezekiel 48 in the BOKCV

Ezekiel 48 in the BOKCV2

Ezekiel 48 in the BOKHWOG

Ezekiel 48 in the BOKSSV

Ezekiel 48 in the BOLCB

Ezekiel 48 in the BOLCB2

Ezekiel 48 in the BOMCV

Ezekiel 48 in the BONAV

Ezekiel 48 in the BONCB

Ezekiel 48 in the BONLT

Ezekiel 48 in the BONUT2

Ezekiel 48 in the BOPLNT

Ezekiel 48 in the BOSCB

Ezekiel 48 in the BOSNC

Ezekiel 48 in the BOTLNT

Ezekiel 48 in the BOVCB

Ezekiel 48 in the BOYCB

Ezekiel 48 in the BPBB

Ezekiel 48 in the BPH

Ezekiel 48 in the BSB

Ezekiel 48 in the CCB

Ezekiel 48 in the CUV

Ezekiel 48 in the CUVS

Ezekiel 48 in the DBT

Ezekiel 48 in the DGDNT

Ezekiel 48 in the DHNT

Ezekiel 48 in the DNT

Ezekiel 48 in the ELBE

Ezekiel 48 in the EMTV

Ezekiel 48 in the ESV

Ezekiel 48 in the FBV

Ezekiel 48 in the FEB

Ezekiel 48 in the GGMNT

Ezekiel 48 in the GNT

Ezekiel 48 in the HARY

Ezekiel 48 in the HNT

Ezekiel 48 in the IRVA

Ezekiel 48 in the IRVB

Ezekiel 48 in the IRVG

Ezekiel 48 in the IRVH

Ezekiel 48 in the IRVK

Ezekiel 48 in the IRVM

Ezekiel 48 in the IRVM2

Ezekiel 48 in the IRVO

Ezekiel 48 in the IRVP

Ezekiel 48 in the IRVT

Ezekiel 48 in the IRVT2

Ezekiel 48 in the IRVU

Ezekiel 48 in the ISVN

Ezekiel 48 in the JSNT

Ezekiel 48 in the KAPI

Ezekiel 48 in the KBT1ETNIK

Ezekiel 48 in the KBV

Ezekiel 48 in the KJV

Ezekiel 48 in the KNFD

Ezekiel 48 in the LBA

Ezekiel 48 in the LBLA

Ezekiel 48 in the LNT

Ezekiel 48 in the LSV

Ezekiel 48 in the MAAL

Ezekiel 48 in the MBV

Ezekiel 48 in the MBV2

Ezekiel 48 in the MHNT

Ezekiel 48 in the MKNFD

Ezekiel 48 in the MNG

Ezekiel 48 in the MNT

Ezekiel 48 in the MNT2

Ezekiel 48 in the MRS1T

Ezekiel 48 in the NAA

Ezekiel 48 in the NASB

Ezekiel 48 in the NBLA

Ezekiel 48 in the NBS

Ezekiel 48 in the NBVTP

Ezekiel 48 in the NET2

Ezekiel 48 in the NIV11

Ezekiel 48 in the NNT

Ezekiel 48 in the NNT2

Ezekiel 48 in the NNT3

Ezekiel 48 in the PDDPT

Ezekiel 48 in the PFNT

Ezekiel 48 in the RMNT

Ezekiel 48 in the SBIAS

Ezekiel 48 in the SBIBS

Ezekiel 48 in the SBIBS2

Ezekiel 48 in the SBICS

Ezekiel 48 in the SBIDS

Ezekiel 48 in the SBIGS

Ezekiel 48 in the SBIHS

Ezekiel 48 in the SBIIS

Ezekiel 48 in the SBIIS2

Ezekiel 48 in the SBIIS3

Ezekiel 48 in the SBIKS

Ezekiel 48 in the SBIKS2

Ezekiel 48 in the SBIMS

Ezekiel 48 in the SBIOS

Ezekiel 48 in the SBIPS

Ezekiel 48 in the SBISS

Ezekiel 48 in the SBITS

Ezekiel 48 in the SBITS2

Ezekiel 48 in the SBITS3

Ezekiel 48 in the SBITS4

Ezekiel 48 in the SBIUS

Ezekiel 48 in the SBIVS

Ezekiel 48 in the SBT

Ezekiel 48 in the SBT1E

Ezekiel 48 in the SCHL

Ezekiel 48 in the SNT

Ezekiel 48 in the SUSU

Ezekiel 48 in the SUSU2

Ezekiel 48 in the SYNO

Ezekiel 48 in the TBIAOTANT

Ezekiel 48 in the TBT1E

Ezekiel 48 in the TBT1E2

Ezekiel 48 in the TFTIP

Ezekiel 48 in the TFTU

Ezekiel 48 in the TGNTATF3T

Ezekiel 48 in the THAI

Ezekiel 48 in the TNFD

Ezekiel 48 in the TNT

Ezekiel 48 in the TNTIK

Ezekiel 48 in the TNTIL

Ezekiel 48 in the TNTIN

Ezekiel 48 in the TNTIP

Ezekiel 48 in the TNTIZ

Ezekiel 48 in the TOMA

Ezekiel 48 in the TTENT

Ezekiel 48 in the UBG

Ezekiel 48 in the UGV

Ezekiel 48 in the UGV2

Ezekiel 48 in the UGV3

Ezekiel 48 in the VBL

Ezekiel 48 in the VDCC

Ezekiel 48 in the YALU

Ezekiel 48 in the YAPE

Ezekiel 48 in the YBVTP

Ezekiel 48 in the ZBP