Genesis 30 (BOECS)

1 Esi Rahel kpɔ be yemele vi dzim o la, eʋã ŋu nɔvia nyɔnu. Egblɔ na Yakob be, “Na madzi vi, ne menye nenema o la, maku.” 2 Yakob do dɔmedzoe, eye wòbiae be, “Alo nyee nye Mawu, ame si na nètsi koa?” 3 Rahel gblɔ nɛ be, “Metsɔ nye subɔla Bilha na wò, dɔ egbɔ ne wòadzi vi, eye viawo nazu vinyewo.” 4 Ale wòtsɔ Bilha nɛ wòzu srɔ̃a, eye wòdɔ egbɔ; 5 efɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi na Yakob. 6 Rahel na ŋkɔe be Dan si gɔmee nye “Afiatsotso,” elabena egblɔ be, “Mawu tso afia nam, ese nye gbedodoɖa, eye wòna ŋutsuvim.” 7 Bilha, Rahel ƒe subɔla gafɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi evelia na Yakob. 8 Rahel na ŋkɔe be Naftali si gɔmee nye “Hoʋiʋli,” elabena egblɔ be, “Mele ho ʋlim sesĩe kple nɔvinye, eye mele dzi ɖum!” 9 Azɔ esi Lea kpɔ be yemegale fu fɔm o la, etsɔ eƒe subɔla Zilpa na Yakob wòɖe. 10 Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, Lea ƒe kosi Zilpa dzi ŋutsuvi na Yakob. 11 Lea na ŋkɔe be Gad si gɔmee nye “Dzɔgbenyui ɖi kpem!” 12 Zilpa dzi ŋutsuvi evelia na Yakob, eye Lea na ŋkɔe be Aser si gɔmee nye “Dzidzɔ”, 13 elabena egblɔ be, “Dzi dzɔm ale gbegbe! Nyɔnu bubuwo abu be woyram vavã!” 14 Gbe ɖeka le lũŋeɣi la, Ruben gbe agbitsa aɖewo tso gbe me vɛ na dadaa Lea. Rahel ɖe kuku na Lea be wòana agbitsa la ƒe ɖe ye. 15 Ke Lea ɖo eŋu nɛ kple dɔmedzoe be, “Èxɔ srɔ̃nye le asinye sesẽtɔe! Ɖe esia mesɔ gbɔ na wò oa? Azɔ ɖe nèdi be yeagaxɔ vinye ƒe agbitsa hã?”Rahel gblɔ nublanuitɔe be, “Ne àna agbitsa la ƒe ɖem la, mana mɔ srɔ̃nye wòadɔ gbɔwò ɖe agbitsa la nu.” 16 Gbe ma gbe fiẽ, esi Yakob tso gbedzi gbɔna la, Lea yi ɖakpee, gblɔ nɛ be, “Egbe la, nye gbɔe nàdɔ, elabena metsɔ agbitsa siwo vinye gbe vɛ la na Rahel ɖe tawò!” Ale Yakob dɔ Lea gbɔ. 17 Mawu se Lea ƒe gbedodoɖa, eye wòfɔ fu dzi ŋutsuvi atɔ̃lia nɛ. 18 Lea na ŋkɔe be Isaka si gɔmee nye “Fetu,” elabena egblɔ be, “Mawu tu fe nam, elabena metsɔ nye kosivi na srɔ̃nye wòɖe.” 19 Egafɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi adelia na Yakob. 20 Ena ŋkɔe be Zebulon si gɔmee nye “Nunana,” elabena egblɔ be, “Mawu tsɔ nu nyuiwo to dzinye na srɔ̃nye. Azɔ la, srɔ̃nye abum, elabena medzi ŋutsuvi ade nɛ.” 21 Emegbe la, edzi nyɔnuvi, eye wòna ŋkɔe be Dina. 22 Tete Mawu ɖo ŋku Rahel dzi le eƒe xaxa me, eye wòse eƒe gbedodoɖa heʋu eƒe vidzidɔ nu. 23 Efɔ fu, dzi ŋutsuvi, eye wògblɔ be, “Mawu ɖe nye ŋukpe ɖa.” 24 Ena ŋkɔ ɖevi la be Yosef, eye wògblɔ be, “Yehowa natsɔ ŋutsuvi bubu akpee nam.” 25 Esi Rahel dzi Yosef vɔ megbe teti ko la, Yakob gblɔ na Laban be, “Medi be matrɔ ayi aƒe. 26 Na makplɔ srɔ̃nyewo kple vinyewo ɖe asi, elabena wò ŋutɔ ènya ale si mesubɔ wò ɖe wo tae.” 27 Laban gblɔ nɛ be, “Meɖe kuku, mègadzo le gbɔnye o, elabena to nukaka me la, menya be wò afi sia nɔnɔe na mekpɔ yayra geɖe siawo. 28 Ho neni mada ɖe fetu dzi na wò be nàganɔ gbɔnye? Ho sia ho si wòanye la, maxee na wò.” 29 Yakob ɖo eŋu be, “Ènya ale si mesubɔ wò anukwaretɔe le ƒe geɖe siawo me kple ale si wò lãwo dzii, 30 elabena nu sue aɖe koe nɔ asiwò hafi meva gbɔwò. Fifia wò kesinɔnuwo dzi ɖe edzi ŋutɔ. Yehowa yra wò to nu sia nu si mewɔ la me! Ke ɣe ka ɣi nye ya manɔ ɖokuinye si awɔ dɔ na srɔ̃nyewo kple vinyewo?” 31 Laban gabiae be, “Nu ka mana wò?”Yakob ɖo eŋu nɛ be, “Mègana nanekem o. Ke ne àwɔ nu ɖeka sia nam la, mayi wò lãwo dzi kpɔkpɔ dzi. 32 Na matsa le wò lãhawo katã me egbe, eye maɖe alẽ siwo katã le ŋɔtaŋɔta la kple alẽvi ɖe sia ɖe si le yibɔ kple gbɔ̃ siwo le ŋɔtaŋɔta la. Woawoe anye nye fetu. 33 Ekema ɣe sia ɣi si nàkpɔ gbɔ̃ ɣi alo alẽ ɣi aɖe le tɔnyewo dome la, nànya be ɖe mefi wo tso tɔwòwo dome!” 34 Laban lɔ̃ ɖe edzi be, “Enyo; míawɔe abe ale si nègblɔe ene!” 35 Gbe ma gbe ke la, eɖe gbɔ̃tsu siwo katã ŋu fli le alo le ŋɔtaŋɔta kple gbɔ̃nɔ siwo katã ŋu fli le, esiwo katã le ɣie kple alẽvi siwo katã le yibɔ la ɖe aga, eye wòtsɔ wo de via ŋutsuwo ƒe dzikpɔkpɔ te. 36 Ena eya ŋutɔ kple Yakob dome didi abe ŋkeke etɔ̃ ƒe azɔlizɔzɔ ene, eye Yakob yi Laban ƒe lãwo dzi kpɔkpɔ dzi. 37 Yakob lã atilɔ fɛ̃ aɖewo, kpa tsro le akpa aɖewo ŋu, ale be wozu ŋɔtaŋɔta, eye fli to ɖewo me. 38 Etsɔ wo da ɖe lãwo ƒe tsinoƒe, ale be lãwo nakpɔ wo ne wova tsinoƒe, afi si lãtsuwo yɔa asi lãnɔwo le la. 39 Lãtsuawo yɔa asi le atilɔawo gbɔ, eye lãnɔawo dzia vi siwo le ŋɔtaŋɔta alo esiwo ŋu fli le la. 40 Eye Yakob ɖe lãviawo ɖa le tsitsiawo ŋu, ke ena bubuawo dze ŋgɔ lã siwo le ŋɔtaŋɔta kple esiwo le yibɔɔ henye Laban tɔ. Ewɔ lãha aɖe na eɖokui, eye mena wotɔtɔ kple Laban ƒe lãwo o. 41 Kpe ɖe esia ŋu la, ne ekpɔ be lã sesẽwo le asi yɔm la, etsɔa atilɔ siwo wòŋlɔ la dana ɖe tsinoƒea be woafɔ fu ɖe ati ŋɔŋlɔawo ŋu. 42 Ke ne lã beliwo le asi yɔm la, eɖea ati ŋɔŋlɔawo ɖa. Ale alẽ siwo ƒe lãme mesẽ tututu o la zua Laban tɔ, eye esiwo le lãmesẽ me la zua Yakob tɔ! 43 Esia ta Yakob ƒe alẽwo dzi ɖe edzi kabakaba, eye wòzu hotsuitɔ gã aɖe. Subɔlawo, kposɔwo kple tedziwo sɔ gbɔ ɖe esi fũu.

In Other Versions

Genesis 30 in the ANGEFD

Genesis 30 in the ANTPNG2D

Genesis 30 in the AS21

Genesis 30 in the BAGH

Genesis 30 in the BBPNG

Genesis 30 in the BBT1E

Genesis 30 in the BDS

Genesis 30 in the BEV

Genesis 30 in the BHAD

Genesis 30 in the BIB

Genesis 30 in the BLPT

Genesis 30 in the BNT

Genesis 30 in the BNTABOOT

Genesis 30 in the BNTLV

Genesis 30 in the BOATCB

Genesis 30 in the BOATCB2

Genesis 30 in the BOBCV

Genesis 30 in the BOCNT

Genesis 30 in the BOGWICC

Genesis 30 in the BOHCB

Genesis 30 in the BOHCV

Genesis 30 in the BOHLNT

Genesis 30 in the BOHNTLTAL

Genesis 30 in the BOICB

Genesis 30 in the BOILNTAP

Genesis 30 in the BOITCV

Genesis 30 in the BOKCV

Genesis 30 in the BOKCV2

Genesis 30 in the BOKHWOG

Genesis 30 in the BOKSSV

Genesis 30 in the BOLCB

Genesis 30 in the BOLCB2

Genesis 30 in the BOMCV

Genesis 30 in the BONAV

Genesis 30 in the BONCB

Genesis 30 in the BONLT

Genesis 30 in the BONUT2

Genesis 30 in the BOPLNT

Genesis 30 in the BOSCB

Genesis 30 in the BOSNC

Genesis 30 in the BOTLNT

Genesis 30 in the BOVCB

Genesis 30 in the BOYCB

Genesis 30 in the BPBB

Genesis 30 in the BPH

Genesis 30 in the BSB

Genesis 30 in the CCB

Genesis 30 in the CUV

Genesis 30 in the CUVS

Genesis 30 in the DBT

Genesis 30 in the DGDNT

Genesis 30 in the DHNT

Genesis 30 in the DNT

Genesis 30 in the ELBE

Genesis 30 in the EMTV

Genesis 30 in the ESV

Genesis 30 in the FBV

Genesis 30 in the FEB

Genesis 30 in the GGMNT

Genesis 30 in the GNT

Genesis 30 in the HARY

Genesis 30 in the HNT

Genesis 30 in the IRVA

Genesis 30 in the IRVB

Genesis 30 in the IRVG

Genesis 30 in the IRVH

Genesis 30 in the IRVK

Genesis 30 in the IRVM

Genesis 30 in the IRVM2

Genesis 30 in the IRVO

Genesis 30 in the IRVP

Genesis 30 in the IRVT

Genesis 30 in the IRVT2

Genesis 30 in the IRVU

Genesis 30 in the ISVN

Genesis 30 in the JSNT

Genesis 30 in the KAPI

Genesis 30 in the KBT1ETNIK

Genesis 30 in the KBV

Genesis 30 in the KJV

Genesis 30 in the KNFD

Genesis 30 in the LBA

Genesis 30 in the LBLA

Genesis 30 in the LNT

Genesis 30 in the LSV

Genesis 30 in the MAAL

Genesis 30 in the MBV

Genesis 30 in the MBV2

Genesis 30 in the MHNT

Genesis 30 in the MKNFD

Genesis 30 in the MNG

Genesis 30 in the MNT

Genesis 30 in the MNT2

Genesis 30 in the MRS1T

Genesis 30 in the NAA

Genesis 30 in the NASB

Genesis 30 in the NBLA

Genesis 30 in the NBS

Genesis 30 in the NBVTP

Genesis 30 in the NET2

Genesis 30 in the NIV11

Genesis 30 in the NNT

Genesis 30 in the NNT2

Genesis 30 in the NNT3

Genesis 30 in the PDDPT

Genesis 30 in the PFNT

Genesis 30 in the RMNT

Genesis 30 in the SBIAS

Genesis 30 in the SBIBS

Genesis 30 in the SBIBS2

Genesis 30 in the SBICS

Genesis 30 in the SBIDS

Genesis 30 in the SBIGS

Genesis 30 in the SBIHS

Genesis 30 in the SBIIS

Genesis 30 in the SBIIS2

Genesis 30 in the SBIIS3

Genesis 30 in the SBIKS

Genesis 30 in the SBIKS2

Genesis 30 in the SBIMS

Genesis 30 in the SBIOS

Genesis 30 in the SBIPS

Genesis 30 in the SBISS

Genesis 30 in the SBITS

Genesis 30 in the SBITS2

Genesis 30 in the SBITS3

Genesis 30 in the SBITS4

Genesis 30 in the SBIUS

Genesis 30 in the SBIVS

Genesis 30 in the SBT

Genesis 30 in the SBT1E

Genesis 30 in the SCHL

Genesis 30 in the SNT

Genesis 30 in the SUSU

Genesis 30 in the SUSU2

Genesis 30 in the SYNO

Genesis 30 in the TBIAOTANT

Genesis 30 in the TBT1E

Genesis 30 in the TBT1E2

Genesis 30 in the TFTIP

Genesis 30 in the TFTU

Genesis 30 in the TGNTATF3T

Genesis 30 in the THAI

Genesis 30 in the TNFD

Genesis 30 in the TNT

Genesis 30 in the TNTIK

Genesis 30 in the TNTIL

Genesis 30 in the TNTIN

Genesis 30 in the TNTIP

Genesis 30 in the TNTIZ

Genesis 30 in the TOMA

Genesis 30 in the TTENT

Genesis 30 in the UBG

Genesis 30 in the UGV

Genesis 30 in the UGV2

Genesis 30 in the UGV3

Genesis 30 in the VBL

Genesis 30 in the VDCC

Genesis 30 in the YALU

Genesis 30 in the YAPE

Genesis 30 in the YBVTP

Genesis 30 in the ZBP