Judges 16 (BOECS)

1 Gbe ɖeka la, Samson yi Filistitɔwo ƒe du si woyɔna be Gaza la me eye wòtsi gbolo aɖe gbɔ dɔ. 2 Wofi tofi na amewo be wokpɔ Samson le dua me eya ta wona nyanya duŋudzɔlawo. Ŋutsu geɖewo de xa ɖi nɛ zã blibo la le dua ƒe agbo nu, ale be ne eva dzo yina la, yewoalée. Wogblɔ le wo ɖokui dome be, “Ne ŋu ke eye asifli le dzedzem ko la, míakpɔe alée, awui.” 3 Samson mlɔ anyi kple gbolo la va se ɖe zãtitina. Efɔ heyi dua ƒe agbo la gbɔ. Eho agbo la kple eƒe atiwo le tome kpe ɖe gametiawo ŋu, tsɔ wo ɖe abɔta heyi ɖada ɖe to aɖe tame le Hebron ƒe akpa kɛme. 4 Azɔ la, Samson dze ahiã ɖetugbi aɖe si ŋkɔe nye Delila ame si nɔ Sorek ƒe balime. 5 Filistitɔwo ƒe kplɔla atɔ̃awo katã va yi Ɖelila gbɔ, eye wobia tso esi be wòable Samson nu ne wòagblɔ eƒe ŋusẽ ƒe dzɔtsoƒe nɛ ne wòava gblɔ na yewo ale be yewoate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe edzi alée, ablae awɔ fui. Ne ete ŋu wɔ nenema la, ekema yewo dometɔ ɖe sia ɖe atsɔ klosalo akpe ɖeka kple alafa ɖeka anae. 6 Nu sia na Delila ɖe kuku na Samson be wòagblɔ eƒe nya ɣaɣla la na ye. Egblɔ be, “Meɖe kuku, gblɔ nu si na wò lãme sesẽna alea la nam, nyemebu be ame aɖeke ate ŋu alé wò o!” 7 Samson gblɔ nɛ be, “Ne woablam kple datimeka yeye adre la, magbɔdzɔ abe ame bubuwo ene.” 8 Ale wotsɔ datimeka yeye adre na Ɖelila eye esi Samson dɔ alɔ̃ la, Ɖelila blae kple ka adreawo, 9 le esime ŋutsu aɖewo be ɖe xɔ evelia me. Esi Ɖelila blae vɔ ko la, edo ɣli sesĩe be, “Samson, Filistitɔwo ƒo ɖe dziwò!”Samson tso kaawo enumake abe ale si dzo lãa ɖetikawo ene. Ale womenya nu si tututu mee eƒe ŋusẽ triakɔ la le o. 10 Emegbe la, Delila gblɔ nɛ be, “Ɖeko nètsɔm abe nu ɖikokoe aɖe ko ene hele bleyem, meɖe kuku, gblɔ nu si tututu woawɔ hafi ate ŋu alé wò la nam dzro!” 11 Samson ɖo eŋu be, “Ne woblam kple ka yeye siwo wometsɔ bla nanekee kpɔ o la, ekema magbɔdzɔ abe ame bubuwo ene.” 12 Ale esi Samson dɔ alɔ̃ la, Delila tsɔ ka yeyewo blae. Ŋutsuwo gabe ɖe xɔ evelia me abe tsã ene eye Ɖelila do ɣli be, “Samson, Filistitɔwo va be yewoalé wò!”Samson tso kaawo abe yiyiɖɔ ƒe kawoe wonye ene! 13 Delila gagblɔ nɛ be, “Ɖeko nègatsɔm abe nu ɖikokoe aɖe ko ene, gblɔ ale si woate ŋu alé wòe la nam azɔ.”Samson gblɔ be, “Ne èlɔ̃ nye ɖakɔ adreawo abe ale si wolɔ̃a avɔe ene la, magbɔdzɔ abe ame bubuwo ene.” Ale esi Samson dɔ alɔ̃ la, Ɖelila lɔ̃ ɖakɔ adreawo 14 eye wòtsɔ ɖalénu lée.Azɔ edo ɣli be, “Samson, Filistitɔwo ƒo ɖe dziwò!” Samson nyɔ eye wòtu ɖa babla la. 15 Ɖelila fa konyi be, “Aleke nàte ŋu agblɔ be yelɔ̃m gake màte ŋu agblɔ wò nya ɣaɣla nam o? Èblem zi etɔ̃ sɔŋ eye mègblɔ afi si wò ŋusẽ le la nam o!” 16 Mlɔeba la, le eƒe gbe sia gbe ƒe nyatoƒitoto kple fuɖename ta la, ɖeɖi te Samson ŋu. 17 Ale Samson gblɔ nya sia nya nɛ be, “Womelũ ta nam kpɔ o elabena menye Naziritɔ si woɖe ɖe aga na Mawu tso nye dzidzime ke. Ne woalũ ta nam la, nye ŋusẽ adzo le gbɔnye eye magbɔdzɔ abe ame bubu ɖe sia ɖe ene.” 18 Delila dze sii bena egblɔ nyateƒe la na ye mlɔeba eya ta wòɖo du ɖe Filistitɔwo ƒe kplɔla atɔ̃awo. Egblɔ na wo be, “Migava zi ɖeka ko elabena azɔ ya la, egblɔ nya sia nya nam.” Tete Filisitɔwo ƒe amegãwo va eye wotsɔ klosalo ɖe asi. 19 Ɖelila ble Samson nu wòdɔ alɔ̃ ɖe eƒe atata. Eyɔ ame aɖe vɛ, wòko Samson ƒe ɖakɔ adreawo nɛ, ale Samson de asi gbɔdzɔgbɔdzɔ me, eye eƒe ŋusẽ dzo. Ɖelila de asi kɔtutui me elabena ekpɔ be eƒe ŋusẽ dzi nɔ ɖeɖem kpɔtɔ. 20 Azɔ edo ɣli be, “Samson, Filistitɔwo ƒo ɖe dziwò!”Samson nyɔ hebu le ta me be, “Mawɔ abe tsã ene. Maʋuʋu ɖokuinye eye magado tso woƒe asi me.” Ke medze sii be Yehowa dzo le ye gbɔ o. 21 Ale Filistitɔwo lée, wogbã eƒe ŋkuwo, kplɔe yi Gaza, de gae kple akɔblikɔsɔkɔsɔ eye wona wòtua bli abe gaxɔmenɔla ene. 22 Ke sẽe ko la, eƒe ɖa gade asi toto me. 23 Azɔ la, Filistitɔwo ƒe dukplɔlawo ƒo ƒu be yewoasa vɔ na Dagon, woƒe mawu eye yewoaɖu ŋkekenyui elabena wogblɔ be, “Míaƒe mawu tsɔ Samson, míaƒe futɔ, de asi na mí.” 24 Esi ameawo kpɔe la, wokafu woƒe mawu eye wogblɔ be,“Míaƒe mawu tsɔ míaƒe futɔ lade asi na mí,ame si gblẽ míaƒe anyigbaeye wòwu mía dometɔ geɖewo.” 25 Wain si wono la na wokpɔ dzidzɔ eye wogblɔ be, “Miyɔ Samson ɖa wòava ɖe modzaka na mí.” Ale wokplɔe tso gaxɔ la me eye wòva ɖe modzaka na wo le Dagon subɔƒe.Esime wònɔ sɔti eve siwo tsɔ xɔgbagba la dome la, 26 Samson gblɔ na ɖekakpui si lé eƒe alɔnu le ekplɔm la be, “Tsɔ nye asiwo ɖo sɔti eveawo ŋu. Medi be maziɔ ɖe wo ŋu ne madzudzɔ sẽe.” 27 Amewo yɔ xɔ la taŋtaŋ; Filistitɔwo ƒe kplɔla atɔ̃awo kple ame bubu akpe etɔ̃ (3,000) nɔ xɔ la tame henɔ Samson ƒe modzakaɖename ƒe nuwɔnawo kpɔm. 28 Samson do gbe ɖa na Aƒetɔ la hegblɔ be, “Oo, Yehowa, Aƒetɔ Mawu, gaɖo ŋku dzinye. Meɖe kuku, gado ŋusẽm zi ɖeka ko, ale be mate ŋu abia hlɔ̃ Filistitɔwo ɖe nye ŋku siwo wogbã la dometɔ ɖeka pɛ ko ta.” 29 Samson tsɔ eƒe ŋusẽ katã tutu sɔtiawo sesĩe 30 le esime wòdo gbe ɖa be, “Na maku kple Filistitɔ siawo.” Tete gbedoxɔ la ƒe dzisasã ge dze Filistitɔwo ƒe kplɔlawo kple ameawo katã dzi eye woku. Ale ame siwo Samson wu le eƒe kuɣi la sɔ gbɔ wu ame siwo wòwu le eƒe agbenɔɣi blibo la me. 31 Le esiawo megbe la, nɔviawo kple ƒometɔwo va be woaxɔ eƒe kukua, wokɔe yi eƒe anyigba dzi eye woɖii ɖe Zora kple Estaol dome, afi si woɖi fofoa, Manoa ɖo. Samson nye ʋɔnudrɔ̃la na Israel ƒe blaeve.

In Other Versions

Judges 16 in the ANGEFD

Judges 16 in the ANTPNG2D

Judges 16 in the AS21

Judges 16 in the BAGH

Judges 16 in the BBPNG

Judges 16 in the BBT1E

Judges 16 in the BDS

Judges 16 in the BEV

Judges 16 in the BHAD

Judges 16 in the BIB

Judges 16 in the BLPT

Judges 16 in the BNT

Judges 16 in the BNTABOOT

Judges 16 in the BNTLV

Judges 16 in the BOATCB

Judges 16 in the BOATCB2

Judges 16 in the BOBCV

Judges 16 in the BOCNT

Judges 16 in the BOGWICC

Judges 16 in the BOHCB

Judges 16 in the BOHCV

Judges 16 in the BOHLNT

Judges 16 in the BOHNTLTAL

Judges 16 in the BOICB

Judges 16 in the BOILNTAP

Judges 16 in the BOITCV

Judges 16 in the BOKCV

Judges 16 in the BOKCV2

Judges 16 in the BOKHWOG

Judges 16 in the BOKSSV

Judges 16 in the BOLCB

Judges 16 in the BOLCB2

Judges 16 in the BOMCV

Judges 16 in the BONAV

Judges 16 in the BONCB

Judges 16 in the BONLT

Judges 16 in the BONUT2

Judges 16 in the BOPLNT

Judges 16 in the BOSCB

Judges 16 in the BOSNC

Judges 16 in the BOTLNT

Judges 16 in the BOVCB

Judges 16 in the BOYCB

Judges 16 in the BPBB

Judges 16 in the BPH

Judges 16 in the BSB

Judges 16 in the CCB

Judges 16 in the CUV

Judges 16 in the CUVS

Judges 16 in the DBT

Judges 16 in the DGDNT

Judges 16 in the DHNT

Judges 16 in the DNT

Judges 16 in the ELBE

Judges 16 in the EMTV

Judges 16 in the ESV

Judges 16 in the FBV

Judges 16 in the FEB

Judges 16 in the GGMNT

Judges 16 in the GNT

Judges 16 in the HARY

Judges 16 in the HNT

Judges 16 in the IRVA

Judges 16 in the IRVB

Judges 16 in the IRVG

Judges 16 in the IRVH

Judges 16 in the IRVK

Judges 16 in the IRVM

Judges 16 in the IRVM2

Judges 16 in the IRVO

Judges 16 in the IRVP

Judges 16 in the IRVT

Judges 16 in the IRVT2

Judges 16 in the IRVU

Judges 16 in the ISVN

Judges 16 in the JSNT

Judges 16 in the KAPI

Judges 16 in the KBT1ETNIK

Judges 16 in the KBV

Judges 16 in the KJV

Judges 16 in the KNFD

Judges 16 in the LBA

Judges 16 in the LBLA

Judges 16 in the LNT

Judges 16 in the LSV

Judges 16 in the MAAL

Judges 16 in the MBV

Judges 16 in the MBV2

Judges 16 in the MHNT

Judges 16 in the MKNFD

Judges 16 in the MNG

Judges 16 in the MNT

Judges 16 in the MNT2

Judges 16 in the MRS1T

Judges 16 in the NAA

Judges 16 in the NASB

Judges 16 in the NBLA

Judges 16 in the NBS

Judges 16 in the NBVTP

Judges 16 in the NET2

Judges 16 in the NIV11

Judges 16 in the NNT

Judges 16 in the NNT2

Judges 16 in the NNT3

Judges 16 in the PDDPT

Judges 16 in the PFNT

Judges 16 in the RMNT

Judges 16 in the SBIAS

Judges 16 in the SBIBS

Judges 16 in the SBIBS2

Judges 16 in the SBICS

Judges 16 in the SBIDS

Judges 16 in the SBIGS

Judges 16 in the SBIHS

Judges 16 in the SBIIS

Judges 16 in the SBIIS2

Judges 16 in the SBIIS3

Judges 16 in the SBIKS

Judges 16 in the SBIKS2

Judges 16 in the SBIMS

Judges 16 in the SBIOS

Judges 16 in the SBIPS

Judges 16 in the SBISS

Judges 16 in the SBITS

Judges 16 in the SBITS2

Judges 16 in the SBITS3

Judges 16 in the SBITS4

Judges 16 in the SBIUS

Judges 16 in the SBIVS

Judges 16 in the SBT

Judges 16 in the SBT1E

Judges 16 in the SCHL

Judges 16 in the SNT

Judges 16 in the SUSU

Judges 16 in the SUSU2

Judges 16 in the SYNO

Judges 16 in the TBIAOTANT

Judges 16 in the TBT1E

Judges 16 in the TBT1E2

Judges 16 in the TFTIP

Judges 16 in the TFTU

Judges 16 in the TGNTATF3T

Judges 16 in the THAI

Judges 16 in the TNFD

Judges 16 in the TNT

Judges 16 in the TNTIK

Judges 16 in the TNTIL

Judges 16 in the TNTIN

Judges 16 in the TNTIP

Judges 16 in the TNTIZ

Judges 16 in the TOMA

Judges 16 in the TTENT

Judges 16 in the UBG

Judges 16 in the UGV

Judges 16 in the UGV2

Judges 16 in the UGV3

Judges 16 in the VBL

Judges 16 in the VDCC

Judges 16 in the YALU

Judges 16 in the YAPE

Judges 16 in the YBVTP

Judges 16 in the ZBP