Jeremiah 25 (BOECS)

1 Le Yosia ƒe vi, Yehoyakim, Yuda fia ƒe ƒe enelia me si nye Babilonia fia Nebukadnezar ƒe ƒe gbãtɔ me la, Yehowa ƒe nya va na Yeremia ku ɖe Yuda dukɔ la ŋu. 2 Eya ta nyagblɔɖila Yeremia, gblɔ na Yudatɔwo katã kple ame siwo nɔ Yerusalem la be: 3 Ƒe blaeve-vɔ-etɔ̃ sɔŋ nye esi mele nu ƒom na mi. Tso keke Amon ƒe vi Yosia, Yuda fia ƒe ƒe wuietɔ̃lia me va se ɖe fifia, Yehowa ƒe nya va nam, eye megblɔe na mi enuenu, gake mieɖo to o. 4 Togbɔ be Yehowa dɔ eƒe dɔla nyagblɔɖilawo ɖo ɖe mi zi geɖe hã la, mieɖo to alo mietsɔ ɖeke le eme na wo o. 5 Wogblɔ be, “Mitrɔ azɔ, mia dometɔ ɖe sia ɖe, tso miaƒe mɔ vɔ̃wo dzi kple miaƒe nu tovowo wɔwɔ me, be miate ŋu anɔ anyigba si Yehowa tsɔ na mi la dzi, miawo ŋutɔ kple mia fofowo, tso mavɔ me yi mavɔ me. 6 Migadze mawu tutɔwo yome, ahayi wo subɔ ge o. Migade ta agu na wo o, migado dziku nam kple nu siwo miaƒe asiwo wɔ la o. Ekema nyemawɔ nuvevi mi o.” 7 Yehowa be, “Gake mieɖo tom o eye mietsɔ nu siwo miawo ŋutɔ ƒe asiwo wɔ la do dziku nam eye miehe vɔ̃ va mia ɖokuiwo dzii.” 8 Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Esi mieɖo to nye nyawo o ta la, 9 mayɔ anyiehemetɔwo katã, kple nye dɔla Nebukadnezar, Babilonia fia aƒo ƒu, woatso ɖe anyigba sia, edzinɔlawo kple dukɔ siwo katã ƒo xlãe la ŋuti. Matsrɔ̃ wo gbidigbidi, awɔ wo woanye ŋɔdzinu kple fewuɖunu, eye woazu aƒedo tegbetegbe. 10 Mana dzidzɔ kple aseyetsotso nu natso eye womagase ŋugbetɔ kple ŋugbetɔsrɔ̃ ƒe gbe alo te ƒe gbe alo woakpɔ akaɖi wòaganɔ keklẽm o. 11 Anyigba sia katã azu aƒedo kple gbegbe eye dukɔ sia asubɔ Babilonia fia ƒe blaadre sɔŋ” Yehowae gblɔe. 12 Yehowa be, “Ke ne ƒe blaadre la de la, mahe to na Babilonia fia kple eƒe dukɔ, Babiloniatɔwo ɖe woƒe agɔdzedze ta eye mawɔ woƒe anyigba wòazu gbegbe tegbetegbe. 13 Mana nu siwo katã megblɔ ɖi ɖe anyigba ma ŋuti, nu siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me kple esiwo Yeremia gblɔ ɖi ɖe dukɔwo ŋuti la nava wo dzi. 14 Woawo ŋutɔ la, dukɔ geɖewo kple fia xɔŋkɔwo awɔ wo kluviwoe. Maɖo eteƒe na wo ɖe woƒe nuwɔnawo nu kple nu siwo woƒe asiwo wɔ la ta.” 15 Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ nam nye esi: “Xɔ kplu si nye dɔmedzoewain yɔ la le asinye eye nàkpee na dukɔ siwo katã gbɔ madɔ wò ɖo la. 16 Ne wonoe la, woazɔ sɔgɔsɔgɔ, eye woƒe tagbɔ atɔtɔ, le yi si maɖo ɖe wo dome la ta.” 17 Ale mexɔ kplu la le Yehowa si eye mena dukɔ siwo katã gbɔ wòdɔm ɖo la noe. 18 Ame siwo noe la woe nye Yerusalem nɔlawo, Yuda ƒe duwo, woƒe fiawo kple woƒe dumegãwo, be woagblẽ wo dome eye woazu ŋɔdzinu, fewuɖunu kple fiƒodenu abe ale si wole egbea ene. 19 Bubuwoe nye Egipte fia, Farao, eŋutinɔlawo, eƒe dumegãwo kple eƒe dukɔmetɔwo, 20 hekpe ɖe amedzro siwo katã le afi ma la ŋuti,Uz fiawo katã,Filistitɔwo ƒe fiawo katã esiwo tso Askelon, Gaza, Ekron, kpe ɖe ame siwo wogblẽ ɖe Asdod ŋu. 21 Edom, Moab kple Amon; 22 kpe ɖe Tiro kple Sidon fiawo katã ŋu, fia siwo tso ƒuta kple ƒugodo; 23 Dedan Tema, Buz kpe ɖe didiƒetɔwo ŋu; 24 Arabia fiawo katã kpe ɖe amedzrowo ƒe fia siwo le gbegbe la ŋu. 25 Fia siwo katã le Zimri, Elam kple Media. 26 Anyiehemefiawo katã, esiwo tso kpuiƒe kple didiƒe siaa. Wo katã noe ɖe wo nɔewo yome, ale fiaɖuƒe siwo katã le anyigba dzi la noe.Ne wo katã noe vɔ la, ekema Sesak fia hã anoe. 27 “Ekema gblɔ na wo be, ‘Ale Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Mino aha ne miamu, ne miaɖe xe eye miamu adze anyi be miagafɔ gbeɖe o, le yi si maɖo ɖe mia dome la ta.” ’ 28 Ke ne wogbe be yewomaxɔ kplu la le asiwò ano o la, nàgblɔ na wo be, ‘Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, gblɔe nye esi: “Ele na mi be mianoe!” 29 Kpɔ ɖa, miedze egɔme le gbegblẽ hem va du si ŋu woyɔ nye ŋkɔ ɖo la dzi eye wò ya nèsusu be magbe tohehe na yea? Nyemagbe tohehe na wò o, elabena medɔ yi ɖe anyigbadzitɔwo katã ŋu, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.’ 30 “Azɔ gblɔ nya siawo katã ɖi ɖe wo ŋu, nàgblɔ na wo be,“Yehowa aɖe gbe tso dziƒoeye aɖe gbe tso eƒe nɔƒe kɔkɔe la.Ate gbe sesĩe ɖe eƒe anyigba ŋuti.Ado ɣli abe ame siwo le waintsetse fiam la eneeye ado ɣli ɖe anyigbadzinɔlawo katã ŋuti. 31 Hoowɔwɔ la aɖi le anyigba ƒe mlɔenuwo ke,elabena Yehowa atsɔ nya ɖe dukɔwo ŋu,ahe ʋɔnudɔdrɔ̃ va amewo katã dzieye wòatsɔ ame vɔ̃ɖiwo ade asi na yi.”Yehowae gblɔe. 32 Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi:“Kpɔ ɖa, gbegblẽ le kakam tso dukɔ me yi dukɔ me.Ahom sesẽ aɖe ho tso anyigba ƒe mlɔenuwo ke.” 33 Le ɣe ma ɣi la, ame siwo Yehowa wu la akaka ɖe afi sia afi, tso anyigba ƒe go sia dzi yi go kemɛ dzi. Womafa na wo alo aƒo wo ƒu alo aɖi wo o, ke boŋ woanɔ abe gbeɖuɖɔ ene anɔ anyigba. 34 Mi alẽkplɔlawo, mifa avi,mido ɣli, mimli le ke me,mi alẽha ƒe kplɔlawo.Elabena miaƒe ɣeyiɣi de, be woawu mi,miadze anyi agbã gudugudu abe tɔmedeze ene. 35 Alẽkplɔlawo makpɔ teƒe aɖeke asi yi o,eye alẽhawo ƒe kplɔlawo manya afi si woabe ɖo o. 36 Se alẽkplɔlawo ƒe aviɣli ɖa;ɖo to kplɔlawo ƒe ɣlidodo,elabena Yehowa le woƒe lãnyiƒe la tsrɔ̃m. 37 Gbe dama nyuiwo azu kuɖiɖinyigbale Yehowa ƒe dziku dziŋɔ la ta. 38 Agblẽ eƒe ave ɖi abe dzata ene,eye woƒe anyigba azu gbegbele ameteɖetola ƒe yi kple Yehowa ƒe dziku helĩhelĩ la ta.

In Other Versions

Jeremiah 25 in the ANGEFD

Jeremiah 25 in the ANTPNG2D

Jeremiah 25 in the AS21

Jeremiah 25 in the BAGH

Jeremiah 25 in the BBPNG

Jeremiah 25 in the BBT1E

Jeremiah 25 in the BDS

Jeremiah 25 in the BEV

Jeremiah 25 in the BHAD

Jeremiah 25 in the BIB

Jeremiah 25 in the BLPT

Jeremiah 25 in the BNT

Jeremiah 25 in the BNTABOOT

Jeremiah 25 in the BNTLV

Jeremiah 25 in the BOATCB

Jeremiah 25 in the BOATCB2

Jeremiah 25 in the BOBCV

Jeremiah 25 in the BOCNT

Jeremiah 25 in the BOGWICC

Jeremiah 25 in the BOHCB

Jeremiah 25 in the BOHCV

Jeremiah 25 in the BOHLNT

Jeremiah 25 in the BOHNTLTAL

Jeremiah 25 in the BOICB

Jeremiah 25 in the BOILNTAP

Jeremiah 25 in the BOITCV

Jeremiah 25 in the BOKCV

Jeremiah 25 in the BOKCV2

Jeremiah 25 in the BOKHWOG

Jeremiah 25 in the BOKSSV

Jeremiah 25 in the BOLCB

Jeremiah 25 in the BOLCB2

Jeremiah 25 in the BOMCV

Jeremiah 25 in the BONAV

Jeremiah 25 in the BONCB

Jeremiah 25 in the BONLT

Jeremiah 25 in the BONUT2

Jeremiah 25 in the BOPLNT

Jeremiah 25 in the BOSCB

Jeremiah 25 in the BOSNC

Jeremiah 25 in the BOTLNT

Jeremiah 25 in the BOVCB

Jeremiah 25 in the BOYCB

Jeremiah 25 in the BPBB

Jeremiah 25 in the BPH

Jeremiah 25 in the BSB

Jeremiah 25 in the CCB

Jeremiah 25 in the CUV

Jeremiah 25 in the CUVS

Jeremiah 25 in the DBT

Jeremiah 25 in the DGDNT

Jeremiah 25 in the DHNT

Jeremiah 25 in the DNT

Jeremiah 25 in the ELBE

Jeremiah 25 in the EMTV

Jeremiah 25 in the ESV

Jeremiah 25 in the FBV

Jeremiah 25 in the FEB

Jeremiah 25 in the GGMNT

Jeremiah 25 in the GNT

Jeremiah 25 in the HARY

Jeremiah 25 in the HNT

Jeremiah 25 in the IRVA

Jeremiah 25 in the IRVB

Jeremiah 25 in the IRVG

Jeremiah 25 in the IRVH

Jeremiah 25 in the IRVK

Jeremiah 25 in the IRVM

Jeremiah 25 in the IRVM2

Jeremiah 25 in the IRVO

Jeremiah 25 in the IRVP

Jeremiah 25 in the IRVT

Jeremiah 25 in the IRVT2

Jeremiah 25 in the IRVU

Jeremiah 25 in the ISVN

Jeremiah 25 in the JSNT

Jeremiah 25 in the KAPI

Jeremiah 25 in the KBT1ETNIK

Jeremiah 25 in the KBV

Jeremiah 25 in the KJV

Jeremiah 25 in the KNFD

Jeremiah 25 in the LBA

Jeremiah 25 in the LBLA

Jeremiah 25 in the LNT

Jeremiah 25 in the LSV

Jeremiah 25 in the MAAL

Jeremiah 25 in the MBV

Jeremiah 25 in the MBV2

Jeremiah 25 in the MHNT

Jeremiah 25 in the MKNFD

Jeremiah 25 in the MNG

Jeremiah 25 in the MNT

Jeremiah 25 in the MNT2

Jeremiah 25 in the MRS1T

Jeremiah 25 in the NAA

Jeremiah 25 in the NASB

Jeremiah 25 in the NBLA

Jeremiah 25 in the NBS

Jeremiah 25 in the NBVTP

Jeremiah 25 in the NET2

Jeremiah 25 in the NIV11

Jeremiah 25 in the NNT

Jeremiah 25 in the NNT2

Jeremiah 25 in the NNT3

Jeremiah 25 in the PDDPT

Jeremiah 25 in the PFNT

Jeremiah 25 in the RMNT

Jeremiah 25 in the SBIAS

Jeremiah 25 in the SBIBS

Jeremiah 25 in the SBIBS2

Jeremiah 25 in the SBICS

Jeremiah 25 in the SBIDS

Jeremiah 25 in the SBIGS

Jeremiah 25 in the SBIHS

Jeremiah 25 in the SBIIS

Jeremiah 25 in the SBIIS2

Jeremiah 25 in the SBIIS3

Jeremiah 25 in the SBIKS

Jeremiah 25 in the SBIKS2

Jeremiah 25 in the SBIMS

Jeremiah 25 in the SBIOS

Jeremiah 25 in the SBIPS

Jeremiah 25 in the SBISS

Jeremiah 25 in the SBITS

Jeremiah 25 in the SBITS2

Jeremiah 25 in the SBITS3

Jeremiah 25 in the SBITS4

Jeremiah 25 in the SBIUS

Jeremiah 25 in the SBIVS

Jeremiah 25 in the SBT

Jeremiah 25 in the SBT1E

Jeremiah 25 in the SCHL

Jeremiah 25 in the SNT

Jeremiah 25 in the SUSU

Jeremiah 25 in the SUSU2

Jeremiah 25 in the SYNO

Jeremiah 25 in the TBIAOTANT

Jeremiah 25 in the TBT1E

Jeremiah 25 in the TBT1E2

Jeremiah 25 in the TFTIP

Jeremiah 25 in the TFTU

Jeremiah 25 in the TGNTATF3T

Jeremiah 25 in the THAI

Jeremiah 25 in the TNFD

Jeremiah 25 in the TNT

Jeremiah 25 in the TNTIK

Jeremiah 25 in the TNTIL

Jeremiah 25 in the TNTIN

Jeremiah 25 in the TNTIP

Jeremiah 25 in the TNTIZ

Jeremiah 25 in the TOMA

Jeremiah 25 in the TTENT

Jeremiah 25 in the UBG

Jeremiah 25 in the UGV

Jeremiah 25 in the UGV2

Jeremiah 25 in the UGV3

Jeremiah 25 in the VBL

Jeremiah 25 in the VDCC

Jeremiah 25 in the YALU

Jeremiah 25 in the YAPE

Jeremiah 25 in the YBVTP

Jeremiah 25 in the ZBP