Jeremiah 7 (BOECS)

1 Esiae nye gbedeasi tso Yehowa gbɔ na Yeremia: 2 “Tsi tsitre ɖe Yehowa ƒe aƒe la ƒe agbonu, eye tso afi ma nàɖe gbeƒã nya sia:“ ‘Mise Yehowa ƒe nya, mi Yudatɔ siwo katã to agbo sia me yina be miasubɔ Yehowa. 3 Ale Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Miɖɔ miaƒe mɔwo kple miaƒe nuwɔnawo ɖo eye mana mianɔ teƒe sia. 4 Migaxɔ beblenyawo dzi se ahanɔ gbɔgblɔm be, “Esiae nye Yehowa ƒe gbedoxɔ, Yehowa ƒe gbedoxɔ, Yehowa ƒe gbedoxɔ o!” 5 Ne mieɖɔ miaƒe mɔwo kple miaƒe nuwɔnawo ɖo vavã eye ne mieto nyateƒe le miaƒe nuwɔnawo me kple mia nɔewo, 6 ne miete amedzrowo, tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo ɖe to o eye miekɔ ʋu maɖifɔ ɖi le teƒe sia o; ne miedze mawu bubuwo yome hena miawo ŋutɔ ƒe gbegblẽ o la, 7 ekema mana mianɔ teƒe sia le anyigba si metsɔ na mia fofowo be wòanye wo tɔ tegbee la dzi. 8 Gake mikpɔ ɖa miele dzi ɖom ɖe beblenya siwo nye toflokowo la ŋuti. 9 “ ‘Ɖe miagafi fi, awu ame, awɔ ahasi, aka atam dzodzro, ado dzudzɔ ʋeʋĩ na Baal eye miadze mawu bubu siwo mienya o la yome vɔ, 10 emegbe miagava atsi tsitre ɖe ŋkunye me le aƒe sia si ŋuti woyɔ nye Ŋkɔ ɖo la me ahagblɔ be, “Míele dedie. Míele dedie,” ne miawɔ ŋunyɔnu siawo katã? 11 Ɖe aƒe sia si ŋuti woyɔ nye Ŋkɔ ɖo la zu adzodalawo ƒe do na mia? Ke nye la, mele ekpɔm!’ ” Yehowae gblɔe. 12 “Mitso azɔ ne miayi ɖe Silo afi si mewɔ nɔƒe ɖo zi gbãtɔ na nye Ŋkɔ, ne miakpɔ ale si mewɔe le nye dukɔ, Israel ƒe nu tovo wɔwɔ ta. 13 Yehowa be, ‘Esi mienɔ nu siawo katã wɔm la, meƒo nu na mi zi geɖe gake miesee o, meyɔ mi gake mietɔ o. 14 Eya ta nu si mewɔ na Silo la, eya kee mawɔ azɔ na aƒe si ŋuti woyɔ nye ŋkɔ ɖo, gbedoxɔ si ŋuti mieɖo ŋu ɖo kple teƒe si metsɔ na mi kple mia fofowo. 15 Manya mi ɖa tso nye ŋkume abe ale si mewɔ mia nɔvi Efraimviwo ene.’ 16 “Eya ta, mègado gbe ɖa ɖe dukɔ sia ta o. Mègaɖe kuku ɖe wo nu alo aƒo koko ɖe wo ta o, eye mègaƒoe ɖe nunye o, elabena nyemaɖo to wò o. 17 Mèle nu si wɔm wole le Yuda duwo me kple Yerusalem ƒe ablɔwo dzi la kpɔm oa? 18 Ɖeviwo le nake fɔm, wo fofowo le dzo dom, wo dadawo le amɔ blum ne woame akpɔnɔ na Dziƒofianyɔnu. Woƒo aha ɖi na mawu bubuwo ne woatsɔ ado dziku nam. 19 Yehowa be, ‘Nyee wole dziku dom na? Ɖe menye woawo ŋutɔ boŋue le nuvevi wɔm wo ɖokui hena woƒe ŋukpe oa?’ 20 “Eya ta, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Woatrɔ nye dziku kple dɔmedzoe helĩhelĩ akɔ ɖe teƒe sia dzi, ɖe amewo kple lãwo siaa dzi, ɖe atiwo kple gbewo kple atikutsetse siwo le anyigba dzi la dzi woabi dzo eye womatsi o.’ 21 “Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Miyi edzi, mitsɔ miaƒe numevɔsawo kpe ɖe akpedavɔsawo ŋu eye miawo ŋutɔ miaɖu lã la. 22 Elabena esi mekplɔ mia fofowo tso Egipte heƒo nu na wo la, nyemede se na wo tso numevɔsa kple akpedavɔsawo ko ŋu o. 23 Ke boŋ mede se sia na wo. Miwɔ ɖe nye gbe dzi ekema manye miaƒe Mawu eye mianye nye dukɔ. Mizɔ le mɔ siwo ƒe se mede na mi la dzi, be wòanyo na mi. 24 Gake womeɖo to alo see nam gɔ̃ hã o, ke boŋ wowɔ nu dzeaglã siwo woƒe dzi vɔ̃ɖiwo gblɔ na wo. Wote gbugbɔɖemegbezɔzɔ, eye womezɔ yi ŋgɔ o. 25 Tso gbe si gbe mia fofowo ʋu tso Egipte va se ɖe fifia la, meɖo nye nyagblɔɖilawo ɖe mi gbe sia gbe kple ga sia ga me. 26 Gake womeɖo to alo see nam o. Wonye kɔlialiatɔwo, eye wowɔ nu vɔ̃ɖi wu wo fofowo.’ 27 “Ne ègblɔ nu siawo katã na wo la, womaɖo to wò o. Ne èyɔ wo la, womatɔ na wò o. 28 Eya ta gblɔ na wo be, ‘Esiae nye dukɔ si meɖo to Yehowa, woƒe Mawu la alo ɖoa to ɖɔɖɔɖo o. Nyateƒe tsrɔ̃, eye wòbu le woƒe nuyiwo dzi. 29 “ ‘Lũ ta, eye nàtsɔ ɖa la aƒu gbe. Lia to kɔkɔ ƒeƒlewo, nɔ anyi nàdzi konyifaha elabena Yehowa gbe nu le dzidzime si le eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ te la gbɔ eye wògblee ɖi.’ ” 30 “Yehowa be, ‘Yuda dukɔ wɔ nu si nye vɔ̃ le ŋkunye me. Woli woƒe legba nyɔŋuwo ɖe aƒe si ŋu woyɔ nye Ŋkɔ ɖo la me hedo gui. 31 Wotu nuxeƒewo na Tofet ɖe Ben Hinom ƒe Balime, be woatɔ dzo wo viŋutsuwo kple vinyɔnuwo le afi ma, nu si meva tame nam kaka mayi mɔ ɖe ge le eŋu na wo o.’ 32 Eya ta Yehowa be, ‘Mikpɔ nyuie elabena ŋkekewo li gbɔna esi amewo magayɔe be Tofet alo Ben Hinom ƒe Balime o, ke boŋ woayɔe be, ku ƒe balime, elabena woaɖi ame kukuwo ɖe Tofet va se ɖe esime teƒe maganɔ anyi o.’ 33 Ekema ame kukuawo ƒe ŋutilã azu nuɖuɖu na dziƒoxewo kple lã wɔadãwo, eye ame aɖeke manɔ anyi si anya wo o. 34 Mana aseyetsotso, dzidzɔhawo, ɣlidodo ɖe ŋugbetɔ kple ŋugbetɔsrɔ̃ ŋu natɔ te le Yuda duwo me kple Yerusalem ƒe ablɔwo dzi, elabena anyigba la azu gbegbe.

In Other Versions

Jeremiah 7 in the ANGEFD

Jeremiah 7 in the ANTPNG2D

Jeremiah 7 in the AS21

Jeremiah 7 in the BAGH

Jeremiah 7 in the BBPNG

Jeremiah 7 in the BBT1E

Jeremiah 7 in the BDS

Jeremiah 7 in the BEV

Jeremiah 7 in the BHAD

Jeremiah 7 in the BIB

Jeremiah 7 in the BLPT

Jeremiah 7 in the BNT

Jeremiah 7 in the BNTABOOT

Jeremiah 7 in the BNTLV

Jeremiah 7 in the BOATCB

Jeremiah 7 in the BOATCB2

Jeremiah 7 in the BOBCV

Jeremiah 7 in the BOCNT

Jeremiah 7 in the BOGWICC

Jeremiah 7 in the BOHCB

Jeremiah 7 in the BOHCV

Jeremiah 7 in the BOHLNT

Jeremiah 7 in the BOHNTLTAL

Jeremiah 7 in the BOICB

Jeremiah 7 in the BOILNTAP

Jeremiah 7 in the BOITCV

Jeremiah 7 in the BOKCV

Jeremiah 7 in the BOKCV2

Jeremiah 7 in the BOKHWOG

Jeremiah 7 in the BOKSSV

Jeremiah 7 in the BOLCB

Jeremiah 7 in the BOLCB2

Jeremiah 7 in the BOMCV

Jeremiah 7 in the BONAV

Jeremiah 7 in the BONCB

Jeremiah 7 in the BONLT

Jeremiah 7 in the BONUT2

Jeremiah 7 in the BOPLNT

Jeremiah 7 in the BOSCB

Jeremiah 7 in the BOSNC

Jeremiah 7 in the BOTLNT

Jeremiah 7 in the BOVCB

Jeremiah 7 in the BOYCB

Jeremiah 7 in the BPBB

Jeremiah 7 in the BPH

Jeremiah 7 in the BSB

Jeremiah 7 in the CCB

Jeremiah 7 in the CUV

Jeremiah 7 in the CUVS

Jeremiah 7 in the DBT

Jeremiah 7 in the DGDNT

Jeremiah 7 in the DHNT

Jeremiah 7 in the DNT

Jeremiah 7 in the ELBE

Jeremiah 7 in the EMTV

Jeremiah 7 in the ESV

Jeremiah 7 in the FBV

Jeremiah 7 in the FEB

Jeremiah 7 in the GGMNT

Jeremiah 7 in the GNT

Jeremiah 7 in the HARY

Jeremiah 7 in the HNT

Jeremiah 7 in the IRVA

Jeremiah 7 in the IRVB

Jeremiah 7 in the IRVG

Jeremiah 7 in the IRVH

Jeremiah 7 in the IRVK

Jeremiah 7 in the IRVM

Jeremiah 7 in the IRVM2

Jeremiah 7 in the IRVO

Jeremiah 7 in the IRVP

Jeremiah 7 in the IRVT

Jeremiah 7 in the IRVT2

Jeremiah 7 in the IRVU

Jeremiah 7 in the ISVN

Jeremiah 7 in the JSNT

Jeremiah 7 in the KAPI

Jeremiah 7 in the KBT1ETNIK

Jeremiah 7 in the KBV

Jeremiah 7 in the KJV

Jeremiah 7 in the KNFD

Jeremiah 7 in the LBA

Jeremiah 7 in the LBLA

Jeremiah 7 in the LNT

Jeremiah 7 in the LSV

Jeremiah 7 in the MAAL

Jeremiah 7 in the MBV

Jeremiah 7 in the MBV2

Jeremiah 7 in the MHNT

Jeremiah 7 in the MKNFD

Jeremiah 7 in the MNG

Jeremiah 7 in the MNT

Jeremiah 7 in the MNT2

Jeremiah 7 in the MRS1T

Jeremiah 7 in the NAA

Jeremiah 7 in the NASB

Jeremiah 7 in the NBLA

Jeremiah 7 in the NBS

Jeremiah 7 in the NBVTP

Jeremiah 7 in the NET2

Jeremiah 7 in the NIV11

Jeremiah 7 in the NNT

Jeremiah 7 in the NNT2

Jeremiah 7 in the NNT3

Jeremiah 7 in the PDDPT

Jeremiah 7 in the PFNT

Jeremiah 7 in the RMNT

Jeremiah 7 in the SBIAS

Jeremiah 7 in the SBIBS

Jeremiah 7 in the SBIBS2

Jeremiah 7 in the SBICS

Jeremiah 7 in the SBIDS

Jeremiah 7 in the SBIGS

Jeremiah 7 in the SBIHS

Jeremiah 7 in the SBIIS

Jeremiah 7 in the SBIIS2

Jeremiah 7 in the SBIIS3

Jeremiah 7 in the SBIKS

Jeremiah 7 in the SBIKS2

Jeremiah 7 in the SBIMS

Jeremiah 7 in the SBIOS

Jeremiah 7 in the SBIPS

Jeremiah 7 in the SBISS

Jeremiah 7 in the SBITS

Jeremiah 7 in the SBITS2

Jeremiah 7 in the SBITS3

Jeremiah 7 in the SBITS4

Jeremiah 7 in the SBIUS

Jeremiah 7 in the SBIVS

Jeremiah 7 in the SBT

Jeremiah 7 in the SBT1E

Jeremiah 7 in the SCHL

Jeremiah 7 in the SNT

Jeremiah 7 in the SUSU

Jeremiah 7 in the SUSU2

Jeremiah 7 in the SYNO

Jeremiah 7 in the TBIAOTANT

Jeremiah 7 in the TBT1E

Jeremiah 7 in the TBT1E2

Jeremiah 7 in the TFTIP

Jeremiah 7 in the TFTU

Jeremiah 7 in the TGNTATF3T

Jeremiah 7 in the THAI

Jeremiah 7 in the TNFD

Jeremiah 7 in the TNT

Jeremiah 7 in the TNTIK

Jeremiah 7 in the TNTIL

Jeremiah 7 in the TNTIN

Jeremiah 7 in the TNTIP

Jeremiah 7 in the TNTIZ

Jeremiah 7 in the TOMA

Jeremiah 7 in the TTENT

Jeremiah 7 in the UBG

Jeremiah 7 in the UGV

Jeremiah 7 in the UGV2

Jeremiah 7 in the UGV3

Jeremiah 7 in the VBL

Jeremiah 7 in the VDCC

Jeremiah 7 in the YALU

Jeremiah 7 in the YAPE

Jeremiah 7 in the YBVTP

Jeremiah 7 in the ZBP