Leviticus 16 (BOECS)

1 Yehowa ƒo nu na Mose le Aron ƒe viŋutsu eveawo ƒe ku megbe esime wote ɖe Yehowa ŋu. 2 Yehowa gblɔ na Mose be, “Gblɔ na nɔviwò, Aron be megayi Kɔkɔeƒe la le xɔmetsovɔ la megbe le nutsyɔnu si le nubablaɖaka la ŋgɔ ɣe sia ɣi si dze eŋu o, ne menye nenema o la, aku, elabena medzena le lilikpo me le nutsyɔnu la tame. 3 “Aron age ɖe Kɔkɔeƒe la me ale: atsɔ nyitsuvi ɖe asi hena nu vɔ̃ ŋuti vɔsa kple agbo hena numevɔsa. 4 Ado kɔmewu kɔkɔe la, eye wòado aklalawutewuiawo ɖe ete. Emegbe la, atsɔ aklalalidziblanu la abla ɖe eɖokui ŋu, eye wòatsɔ aklalatablanu la abla tae. Nu siawo nye awu kɔkɔewo, eya ta ele nɛ be wòale tsi hafi ado wo. 5 Israelviwo ana gbɔ̃tsu eve hena woƒe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa kple agbo ɖeka hena woƒe numevɔsa. 6 “Gbã la, ele be wòatsɔ nyitsuvi fɛ̃ la asa nu vɔ̃ vɔsa na Yehowa ɖe eɖokui ta, eye wòalé avu ɖe eya ŋutɔ kple eƒe ƒomea ta. 7 Emegbe la, akplɔ gbɔ̃tsu eveawo ava Yehowa ŋkume le Agbadɔ la ƒe mɔnu, 8 eye wòadzidze nu, anya gbɔ̃tsu si nye Yehowa tɔ kple esi nye Azazel tɔ, si ŋu wòaɖe asi le. 9 Aron asa nu vɔ̃ vɔsa kple gbɔ̃tsu si nye Yehowa tɔ. 10 Woatsɔ gbɔ̃tsu evelia si nye Azazel tɔ la agbagbe ava Yehowa ŋkume. Woaɖe dukɔwo ƒe nu vɔ̃wo ada ɖe edzi, eye woanyae ɖo ɖe Azazel gbɔ le gbedzi. 11 “Ne Aron tsɔ nyitsu la sa nu vɔ̃ vɔsa ɖe eya ŋutɔ kple eƒe ƒometɔwo ta vɔ la, 12 atsɔ dzoɖesonu, aɖe aka xɔxɔwo tso Yehowa ƒe vɔsamlekpui dzi ade eme, eye wòalɔ dzudzɔdonu si wotu memie la ƒe asiʋlo eve ayi xɔmetsovɔ la godo. 13 Atsɔ dzudzɔdonu la akɔ ɖe dzoka xɔxɔawo dzi le afi ma, le Yehowa ŋkume, ale be dzudzɔdonu la ƒe dzudzɔ naxɔ amenuvevezikpui la dzi le nubablaɖaka la tame, ale be magakpɔ nubablaɖaka la tame ne wòaku o. 14 Atsɔ nyitsu la ƒe ʋu ƒe ɖe ade asibidɛ eme, eye wòahlẽ ʋu la ɖe amenuvevezikpui la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo, eye wòagahlẽe zi adre ɖe eŋgɔ. 15 “Ekema ado go, eye wòasa nu vɔ̃ vɔsa kple ameawo ƒe gbɔ̃tsu la, eye wòahlẽ eƒe ʋu ɖe xɔmetsovɔ la me, ahlẽe ɖe amenuvevezikpui la dzi kple eŋgɔ abe ale si wòwɔ kple nyitsu la ƒe ʋu ene. 16 Ekema aɖe nu vɔ̃ ɖa le teƒe kɔkɔe la ŋu, elabena Israelviwo ƒe nu vɔ̃wo na wòzu nu makɔmakɔ, eye wòagaɖe nu vɔ̃ ɖa le Agbadɔ si le ameawo dome, eye woƒe nu vɔ̃wo ƒo xlãe la hã ŋu. 17 Ame bubu aɖeke mekpɔ mɔ anɔ Agbadɔ la me ne Aron ge ɖe eme be yeaɖe nu vɔ̃ ɖa le Teƒe Kɔkɔe la ŋu o va se ɖe esime wòalé avu le eya ŋutɔ ɖokui, eƒe aƒemetɔwo kple Israelviwo katã ta, eye wòagado go. 18 “Azɔ la, ado go ayi vɔsamlekpui la gbɔ le Yehowa ŋkume, eye wòaɖe nu vɔ̃ ɖa le eŋu. Ele be wòasisi nyitsu la kple gbɔ̃tsu la ƒe ʋu ɖe vɔsamlekpui la ƒe lãdzowo ŋu, 19 eye wòahlẽ ʋu la ƒe ɖe ɖe vɔsamlekpui la dzi zi adre kple eƒe asibidɛ. Ale wòakɔ eŋuti tso Israelviwo ƒe nu vɔ̃wo me, eye wòawɔe kɔkɔe. 20 “Ne ewu nu vɔ̃wo ɖeɖe ɖa le Teƒe Kɔkɔe la, Agbadɔ blibo la kple vɔsamlekpui la ŋu ƒe wɔnawo nu la, ahe gbɔ̃ gbagbe si wotia na Azazel la vɛ. 21 Ada eƒe asi eveawo ɖe gbɔ̃tsu la ƒe ta dzi, eye wòaʋu Israelviwo ƒe nu vɔ̃wo katã me ɖe edzi. Adro woƒe nu vɔ̃wo katã ɖe gbɔ̃ la ƒe ta dzi, eye wòana ame aɖe si wotia da ɖi la nakplɔ gbɔ̃ la ayi ɖe gbedzi. 22 Ale gbɔ̃ la atsɔ ameawo ƒe nu vɔ̃wo katã ayi gbedadaƒo, eye ame la aɖe asi le gbɔ̃ la ŋu ɖe gbedadaƒo afi ma. 23 “Azɔ la, Aron agayi Agbadɔ la me, eye wòaɖe aklalawu siwo wòdo esi wòyi xɔmetsovɔ la godo, eye wòagblẽ wo ɖe afi ma le Agbadɔ la me. 24 Esia megbe la, ale tsi le teƒe kɔkɔe aɖe, agado awuawo, ayi aɖasa eya ŋutɔ ƒe numevɔ kple ameawo ƒe numevɔ, eye wòalé avu ɖe eya ŋutɔ kple ameawo ta. 25 Ekema atɔ dzo nu vɔ̃ ŋuti vɔsalãwo ƒe ami ɖe vɔsamlekpui la dzi. 26 “Ame si kplɔ gbɔ̃tsu la yi na Azazel le gbedzi la, agbɔ ava nya eƒe awuwo, ale tsi, eye wòayi asaɖa la me. 27 Woatsɔ nyitsu kple gbɔ̃tsu si Aron tsɔ sa nu vɔ̃ vɔsa, eye wòtsɔ woƒe ʋu yi Teƒe Kɔkɔe la hena avuléle la ayi asaɖa la godo, eye woatɔ dzo wo kpe ɖe woƒe agbalẽ kple dɔmenuwo ŋu. 28 Emegbe la, ame si tɔ dzo lãawo la, anya eƒe awuwo, ale tsi, eye wòatrɔ ayi asaɖa la me. 29 “Esia nanye ɖoɖo mavɔ na mi: le ɣleti adrelia ƒe ŋkeke ewolia dzi la, ele be miagbe nu le mia ɖokuiwo gbɔ, eye miawɔ dɔ aɖeke o, eɖanye dzɔleaƒea loo alo amedzro si le mia dome o, 30 elabena le ŋkeke sia dzi woalé avu na mi, akɔ mia ŋuti. Ekema le Yehowa ŋkume la, mia ŋuti akɔ tso miaƒe nu vɔ̃wo katã me. 31 Enye dzudzɔgbe na mi, miawɔ ŋkeke la ŋu dɔ na nutsitsidɔ. Esia nye se mavɔ na mi. 32 Le dzidzime bubuwo ƒe ɣeyiɣiwo me la, nunɔlagã si wosi ami na, eye wokɔ eŋuti ɖe Tɔgbuia Aron teƒe lae awɔ ŋutikɔkɔ kɔnu sia. Eyae nye ame si ado aklalawu kɔkɔeawo, 33 eye wòakɔ Teƒe Kɔkɔe la, Agbadɔ la, vɔsamlekpui la, nunɔlawo kple ameawo ŋu. 34 “Esia anye se mavɔ na mi; woalé avu ɖe Israelviwo ta ƒe sia ƒe le woƒe nu vɔ̃wo ta.”Eye wowɔ abe ale si Yehowa de se na Mose ene.Eye miawɔ abe ale si Yehowa de se na Mose ene.

In Other Versions

Leviticus 16 in the ANGEFD

Leviticus 16 in the ANTPNG2D

Leviticus 16 in the AS21

Leviticus 16 in the BAGH

Leviticus 16 in the BBPNG

Leviticus 16 in the BBT1E

Leviticus 16 in the BDS

Leviticus 16 in the BEV

Leviticus 16 in the BHAD

Leviticus 16 in the BIB

Leviticus 16 in the BLPT

Leviticus 16 in the BNT

Leviticus 16 in the BNTABOOT

Leviticus 16 in the BNTLV

Leviticus 16 in the BOATCB

Leviticus 16 in the BOATCB2

Leviticus 16 in the BOBCV

Leviticus 16 in the BOCNT

Leviticus 16 in the BOGWICC

Leviticus 16 in the BOHCB

Leviticus 16 in the BOHCV

Leviticus 16 in the BOHLNT

Leviticus 16 in the BOHNTLTAL

Leviticus 16 in the BOICB

Leviticus 16 in the BOILNTAP

Leviticus 16 in the BOITCV

Leviticus 16 in the BOKCV

Leviticus 16 in the BOKCV2

Leviticus 16 in the BOKHWOG

Leviticus 16 in the BOKSSV

Leviticus 16 in the BOLCB

Leviticus 16 in the BOLCB2

Leviticus 16 in the BOMCV

Leviticus 16 in the BONAV

Leviticus 16 in the BONCB

Leviticus 16 in the BONLT

Leviticus 16 in the BONUT2

Leviticus 16 in the BOPLNT

Leviticus 16 in the BOSCB

Leviticus 16 in the BOSNC

Leviticus 16 in the BOTLNT

Leviticus 16 in the BOVCB

Leviticus 16 in the BOYCB

Leviticus 16 in the BPBB

Leviticus 16 in the BPH

Leviticus 16 in the BSB

Leviticus 16 in the CCB

Leviticus 16 in the CUV

Leviticus 16 in the CUVS

Leviticus 16 in the DBT

Leviticus 16 in the DGDNT

Leviticus 16 in the DHNT

Leviticus 16 in the DNT

Leviticus 16 in the ELBE

Leviticus 16 in the EMTV

Leviticus 16 in the ESV

Leviticus 16 in the FBV

Leviticus 16 in the FEB

Leviticus 16 in the GGMNT

Leviticus 16 in the GNT

Leviticus 16 in the HARY

Leviticus 16 in the HNT

Leviticus 16 in the IRVA

Leviticus 16 in the IRVB

Leviticus 16 in the IRVG

Leviticus 16 in the IRVH

Leviticus 16 in the IRVK

Leviticus 16 in the IRVM

Leviticus 16 in the IRVM2

Leviticus 16 in the IRVO

Leviticus 16 in the IRVP

Leviticus 16 in the IRVT

Leviticus 16 in the IRVT2

Leviticus 16 in the IRVU

Leviticus 16 in the ISVN

Leviticus 16 in the JSNT

Leviticus 16 in the KAPI

Leviticus 16 in the KBT1ETNIK

Leviticus 16 in the KBV

Leviticus 16 in the KJV

Leviticus 16 in the KNFD

Leviticus 16 in the LBA

Leviticus 16 in the LBLA

Leviticus 16 in the LNT

Leviticus 16 in the LSV

Leviticus 16 in the MAAL

Leviticus 16 in the MBV

Leviticus 16 in the MBV2

Leviticus 16 in the MHNT

Leviticus 16 in the MKNFD

Leviticus 16 in the MNG

Leviticus 16 in the MNT

Leviticus 16 in the MNT2

Leviticus 16 in the MRS1T

Leviticus 16 in the NAA

Leviticus 16 in the NASB

Leviticus 16 in the NBLA

Leviticus 16 in the NBS

Leviticus 16 in the NBVTP

Leviticus 16 in the NET2

Leviticus 16 in the NIV11

Leviticus 16 in the NNT

Leviticus 16 in the NNT2

Leviticus 16 in the NNT3

Leviticus 16 in the PDDPT

Leviticus 16 in the PFNT

Leviticus 16 in the RMNT

Leviticus 16 in the SBIAS

Leviticus 16 in the SBIBS

Leviticus 16 in the SBIBS2

Leviticus 16 in the SBICS

Leviticus 16 in the SBIDS

Leviticus 16 in the SBIGS

Leviticus 16 in the SBIHS

Leviticus 16 in the SBIIS

Leviticus 16 in the SBIIS2

Leviticus 16 in the SBIIS3

Leviticus 16 in the SBIKS

Leviticus 16 in the SBIKS2

Leviticus 16 in the SBIMS

Leviticus 16 in the SBIOS

Leviticus 16 in the SBIPS

Leviticus 16 in the SBISS

Leviticus 16 in the SBITS

Leviticus 16 in the SBITS2

Leviticus 16 in the SBITS3

Leviticus 16 in the SBITS4

Leviticus 16 in the SBIUS

Leviticus 16 in the SBIVS

Leviticus 16 in the SBT

Leviticus 16 in the SBT1E

Leviticus 16 in the SCHL

Leviticus 16 in the SNT

Leviticus 16 in the SUSU

Leviticus 16 in the SUSU2

Leviticus 16 in the SYNO

Leviticus 16 in the TBIAOTANT

Leviticus 16 in the TBT1E

Leviticus 16 in the TBT1E2

Leviticus 16 in the TFTIP

Leviticus 16 in the TFTU

Leviticus 16 in the TGNTATF3T

Leviticus 16 in the THAI

Leviticus 16 in the TNFD

Leviticus 16 in the TNT

Leviticus 16 in the TNTIK

Leviticus 16 in the TNTIL

Leviticus 16 in the TNTIN

Leviticus 16 in the TNTIP

Leviticus 16 in the TNTIZ

Leviticus 16 in the TOMA

Leviticus 16 in the TTENT

Leviticus 16 in the UBG

Leviticus 16 in the UGV

Leviticus 16 in the UGV2

Leviticus 16 in the UGV3

Leviticus 16 in the VBL

Leviticus 16 in the VDCC

Leviticus 16 in the YALU

Leviticus 16 in the YAPE

Leviticus 16 in the YBVTP

Leviticus 16 in the ZBP