Numbers 29 (BOECS)

1 “Woaɖu Kpẽwo ƒe Ŋkekenyui le ƒe sia ƒe ƒe ɣleti adrelia ƒe ŋkeke gbãtɔa gbe. Ameawo katã awɔ takpekpe kɔkɔe aɖe gbe ma gbe, eye womawɔ dɔ aɖeke o. 2 Gbe ma gbe la, miatsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi adre, siwo xɔ ƒe ɖeka ko la awɔ numevɔsa na Yehowa. Vɔsalã siawo dometɔ ɖe sia ɖe nade blibo. Vɔsa siawo nye nu siwo dzea Yehowa ŋu. 3 Tsɔ nuɖuvɔsa si wowɔ kple wɔ memee lita ade kple afã si wobaka kple ami la akpe ɖe nyitsu la ŋu, nàtsɔ wɔ lita ene kple afã akpe ɖe agbo la ŋu, 4 eye nàtsɔ wɔ memee lita eve akpe ɖe alẽvi adreawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu. 5 Hekpe ɖe esiawo ŋu la, miatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa hena avuléle ɖe miawo ŋutɔ ta. 6 Vɔsa tɔxɛ siawo akpe ɖe ɣleti sia ɣleti ƒe numevɔ siwo miesana ɖaa la ŋuti gbe ma gbe abe ɣleti yeye ƒe numevɔsa ene. Miawɔ esia akpe ɖe gbe sia gbe ƒe numevɔsa, siwo miewɔna kple nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ŋu abe ale si seawo xlẽe fia la ene.” 7 “Le ŋkeke ewo megbe la, ameawo katã agakpe ta. Ame sia ame abɔbɔ eɖokui le Yehowa ŋkume, eye womawɔ dɔ aɖeke ƒomevi o. 8 Gbe ma gbe la, miasa numevɔ si adze Yehowa ŋu ŋutɔ la kple nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi adre, siwo xɔ ƒe ɖeka. Lã siawo nade blibo le go ɖe sia ɖe me. 9 Sa nuɖuvɔ kple wɔ memee lita ade kple afã si wobaka kple ami la kpe ɖe nyitsu la ŋu kple wɔ memee lita ene kple afã kpe ɖe agbo la ŋu, 10 eye wɔ memee lita eve akpe ɖe alẽvi adreawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu. 11 Ele be miatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa hã. Esia akpe ɖe avuléŋkeke la ƒe nu vɔ̃ vɔsa si miesana ƒe sia ƒe le ŋkeke ma dzi la ŋuti, hekpe ɖe miaƒe gbe sia gbe ƒe numevɔsa, nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ŋuti.” 12 “Le ŋkeke atɔ̃ megbe la, ameawo katã agawɔ takpekpe, eye ame aɖeke mawɔ dɔ sesẽ aɖeke o. Esia nye ŋkeke adre ƒe ŋkekenyui si woaɖu le Yehowa ŋkume la ƒe gɔmedzedze. 13 Miaƒe gbe ma gbe ƒe numevɔsa tɔxɛ la ado dzidzɔ gã ŋutɔ na Yehowa. Miasa vɔ sia kple nyitsuvi wuietɔ̃, agbo eve kple agbovi wuiene siwo xɔ ƒe ɖeka. Lã siawo dometɔ ɖe sia ɖe nade blibo le go ɖe sia ɖe me. 14 Miatsɔ nu siawo akpe ɖe miaƒe gbe sia gbe ƒe numevɔsa kple nuɖuvɔsa la ŋu ale: wɔ memee lita ade kple afã, si wobaka kple ami la nakpe ɖe nyitsuvi wuietɔ̃awo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu; wɔ memee lita ene kple afã nakpe ɖe agbo eveawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu, 15 eye wɔ memee lita eve nakpe ɖe alẽvi wuieneawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu. 16 Ele be miatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa hã kpe ɖe miaƒe gbe sia gbe ƒe numevɔsa, nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ŋu. 17 “Le ŋkeke adre Ŋkekenyui sia ƒe ŋkeke evelia gbe la, miatsɔ nyitsu wuieve, agbo eve kple agbovi wuiene, siwo xɔ ƒe ɖeka la asa numevɔ 18 kpe ɖe miaƒe gbe sia gbe ƒe nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ŋu. Vɔsalã siawo nade blibo le go ɖe sia ɖe me. 19 Kpe ɖe miaƒe gbe sia gbe ƒe numevɔsa ŋu la, ele be miagatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa akpe ɖe nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ŋu. 20 “Le Ŋkekenyui sia ƒe ŋkeke etɔ̃lia gbe la, miatsɔ nyitsuvi wuiɖekɛ, agbo eve kple agbovi wuiene, siwo xɔ ƒe ɖeka la asa numevɔ. Vɔsalã siawo dometɔ ɖe sia ɖe nade blibo. 21 Miatsɔ miaƒe gbe sia gbe ƒe nuɖuvɔsa kple nunovɔsa akpe ɖe nyitsuawo, agboawo kple alẽviawo ƒe agbɔsɔsɔ me ŋu ɖe ɖoɖo la nu. 22 Kpe ɖe miaƒe gbe sia gbe ƒe numevɔsa ŋuti la, miatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa, eye miatsɔ nuɖuvɔsa kple nunovɔsa akpe ɖe eŋu. 23 “Le Ŋkekenyui sia ƒe ŋkeke enelia dzi la, miatsɔ nyitsuvi ewo, agbo eve kple agbovi wuiene, siwo xɔ ƒe ɖeka la asa vɔe. Vɔsalã siawo nade blibo le go ɖe sia ɖe me. 24 Woatsɔ nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ɖe nyitsuawo, agboawo kple alẽviawo ƒe agbɔsɔsɔ me ŋu ɖe ɖoɖo la nu. 25 Ele be miatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa hã kpe ɖe miaƒe gbe sia gbe ƒe numevɔsa, nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ŋu. 26 “Le ŋkeke atɔ̃lia gbe la, mitsɔ nyitsu asiekɛ, agbo eve kple agbovi wuiene, ɖe sia ɖe si xɔ ƒe ɖeka, eye naneke megblẽ le eŋu o la asa vɔe. 27 Sa nyitsuawo, agboawo kple agbovi fɛ̃ ƒe nuɖuvɔsawo kple nunovɔsawo ɖe xexlẽme siwo woɖo ɖi la nu. 28 Kpe ɖe esiawo ŋuti la, mitsɔ gbɔ̃tsu ɖeka sa vɔe kpe ɖe miaƒe nuɖuvɔsa kple nunovɔsa siwo miesana ɖaa la ŋuti abe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa ene kpe ɖe miaƒe gbe sia gbe ƒe vɔsawo ŋuti. 29 “Le Ŋkekenyui sia ƒe ŋkeke adelia gbe la, miasa vɔ kple nyitsu enyi, agbo eve kple alẽvi wuiene siwo xɔ ƒe ɖeka. Vɔsalã siawo nade blibo le go ɖe sia ɖe me. 30 Mitsɔ nuɖuvɔsa kple nunovɔsa kpe ɖe nyitsuawo, agboawo kple alẽviawo ƒe agbɔsɔsɔ me ŋu ɖe ɖoɖo la nu. 31 Kpe ɖe esiawo ŋu la, mitsɔ gbɔ̃tsu ɖeka sa vɔe kpe ɖe miaƒe gbe sia gbe ƒe vɔsawo kple nuɖuvɔsawo kple nunovɔsawo ŋu abe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa ene. 32 “Le ŋkekenyui sia ƒe ŋkeke adrelia gbe la, misa vɔ kple nyitsu adre, agbo eve kple agbovi wuiene, siwo xɔ ƒe ɖeka. Vɔsalã siawo nade blibo. 33 Mitsɔ vɔsa siawo kpe ɖe miaƒe nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ɖe nyitsuawo, agboawo kple alẽviawo ƒe agbɔsɔsɔ me ŋu ɖe ɖoɖo la nu. 34 Migasa nu vɔ̃ ŋuti vɔ kple gbɔ̃tsu ɖeka kpe ɖe miaƒe nuɖuvɔsa kple nunovɔsa kple miaƒe gbe sia gbe ƒe vɔsawo ŋuti. 35 “Le ŋkeke enyia gbe la, ameawo agawɔ takpekpe kɔkɔe. Miawɔ dɔ aɖeke gbe ma gbe o. 36 Mitsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi adre siwo xɔ ƒe ɖeka la sa numevɔ na Yehowa. Vɔsalãwo dometɔ ɖe sia ɖe nade blibo. 37 Miawɔ nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ɖe nyitsu la, agbo la kple alẽviawo ƒe agbɔsɔsɔme ŋu ɖe ɖoɖo la nu. Vɔsa siawo dzea Yehowa ŋu ŋutɔ. 38 Mitsɔ gbɔ̃tsu ɖeka sa vɔe kpe ɖe nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ŋu abe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa ene kpe ɖe miaƒe gbe sia gbe vɔsawo ŋu. 39 “Ele na mi be miasa vɔ siawo le miaƒe ƒe sia ƒe Ŋkekenyuiɖuɣiwo dzi kpe ɖe miaƒe adzɔgbeɖevɔsawo, lɔlɔ̃nuvɔsawo, numevɔsawo, nuɖuvɔsawo, nunovɔsawo kple ŋutifafavɔsawo ŋu.” 40 Ale Mose de se siawo katã na Israelviwo.

In Other Versions

Numbers 29 in the ANGEFD

Numbers 29 in the ANTPNG2D

Numbers 29 in the AS21

Numbers 29 in the BAGH

Numbers 29 in the BBPNG

Numbers 29 in the BBT1E

Numbers 29 in the BDS

Numbers 29 in the BEV

Numbers 29 in the BHAD

Numbers 29 in the BIB

Numbers 29 in the BLPT

Numbers 29 in the BNT

Numbers 29 in the BNTABOOT

Numbers 29 in the BNTLV

Numbers 29 in the BOATCB

Numbers 29 in the BOATCB2

Numbers 29 in the BOBCV

Numbers 29 in the BOCNT

Numbers 29 in the BOGWICC

Numbers 29 in the BOHCB

Numbers 29 in the BOHCV

Numbers 29 in the BOHLNT

Numbers 29 in the BOHNTLTAL

Numbers 29 in the BOICB

Numbers 29 in the BOILNTAP

Numbers 29 in the BOITCV

Numbers 29 in the BOKCV

Numbers 29 in the BOKCV2

Numbers 29 in the BOKHWOG

Numbers 29 in the BOKSSV

Numbers 29 in the BOLCB

Numbers 29 in the BOLCB2

Numbers 29 in the BOMCV

Numbers 29 in the BONAV

Numbers 29 in the BONCB

Numbers 29 in the BONLT

Numbers 29 in the BONUT2

Numbers 29 in the BOPLNT

Numbers 29 in the BOSCB

Numbers 29 in the BOSNC

Numbers 29 in the BOTLNT

Numbers 29 in the BOVCB

Numbers 29 in the BOYCB

Numbers 29 in the BPBB

Numbers 29 in the BPH

Numbers 29 in the BSB

Numbers 29 in the CCB

Numbers 29 in the CUV

Numbers 29 in the CUVS

Numbers 29 in the DBT

Numbers 29 in the DGDNT

Numbers 29 in the DHNT

Numbers 29 in the DNT

Numbers 29 in the ELBE

Numbers 29 in the EMTV

Numbers 29 in the ESV

Numbers 29 in the FBV

Numbers 29 in the FEB

Numbers 29 in the GGMNT

Numbers 29 in the GNT

Numbers 29 in the HARY

Numbers 29 in the HNT

Numbers 29 in the IRVA

Numbers 29 in the IRVB

Numbers 29 in the IRVG

Numbers 29 in the IRVH

Numbers 29 in the IRVK

Numbers 29 in the IRVM

Numbers 29 in the IRVM2

Numbers 29 in the IRVO

Numbers 29 in the IRVP

Numbers 29 in the IRVT

Numbers 29 in the IRVT2

Numbers 29 in the IRVU

Numbers 29 in the ISVN

Numbers 29 in the JSNT

Numbers 29 in the KAPI

Numbers 29 in the KBT1ETNIK

Numbers 29 in the KBV

Numbers 29 in the KJV

Numbers 29 in the KNFD

Numbers 29 in the LBA

Numbers 29 in the LBLA

Numbers 29 in the LNT

Numbers 29 in the LSV

Numbers 29 in the MAAL

Numbers 29 in the MBV

Numbers 29 in the MBV2

Numbers 29 in the MHNT

Numbers 29 in the MKNFD

Numbers 29 in the MNG

Numbers 29 in the MNT

Numbers 29 in the MNT2

Numbers 29 in the MRS1T

Numbers 29 in the NAA

Numbers 29 in the NASB

Numbers 29 in the NBLA

Numbers 29 in the NBS

Numbers 29 in the NBVTP

Numbers 29 in the NET2

Numbers 29 in the NIV11

Numbers 29 in the NNT

Numbers 29 in the NNT2

Numbers 29 in the NNT3

Numbers 29 in the PDDPT

Numbers 29 in the PFNT

Numbers 29 in the RMNT

Numbers 29 in the SBIAS

Numbers 29 in the SBIBS

Numbers 29 in the SBIBS2

Numbers 29 in the SBICS

Numbers 29 in the SBIDS

Numbers 29 in the SBIGS

Numbers 29 in the SBIHS

Numbers 29 in the SBIIS

Numbers 29 in the SBIIS2

Numbers 29 in the SBIIS3

Numbers 29 in the SBIKS

Numbers 29 in the SBIKS2

Numbers 29 in the SBIMS

Numbers 29 in the SBIOS

Numbers 29 in the SBIPS

Numbers 29 in the SBISS

Numbers 29 in the SBITS

Numbers 29 in the SBITS2

Numbers 29 in the SBITS3

Numbers 29 in the SBITS4

Numbers 29 in the SBIUS

Numbers 29 in the SBIVS

Numbers 29 in the SBT

Numbers 29 in the SBT1E

Numbers 29 in the SCHL

Numbers 29 in the SNT

Numbers 29 in the SUSU

Numbers 29 in the SUSU2

Numbers 29 in the SYNO

Numbers 29 in the TBIAOTANT

Numbers 29 in the TBT1E

Numbers 29 in the TBT1E2

Numbers 29 in the TFTIP

Numbers 29 in the TFTU

Numbers 29 in the TGNTATF3T

Numbers 29 in the THAI

Numbers 29 in the TNFD

Numbers 29 in the TNT

Numbers 29 in the TNTIK

Numbers 29 in the TNTIL

Numbers 29 in the TNTIN

Numbers 29 in the TNTIP

Numbers 29 in the TNTIZ

Numbers 29 in the TOMA

Numbers 29 in the TTENT

Numbers 29 in the UBG

Numbers 29 in the UGV

Numbers 29 in the UGV2

Numbers 29 in the UGV3

Numbers 29 in the VBL

Numbers 29 in the VDCC

Numbers 29 in the YALU

Numbers 29 in the YAPE

Numbers 29 in the YBVTP

Numbers 29 in the ZBP