Psalms 7 (BOECS)

undefined David ƒe konyifaha si wòdzi na Yehowa le Benyamintɔ, Kus ƒe nyawo ta. 1 O! Yehowa, nye Mawu, wòe mesi tso,xɔ nam, eye nàɖem tso ame siwo katã le yonyeme tim la ƒe asi me. 2 Ne menye nenema o la,woavuvum abe ale si dzata vuvua nui ene,eye woavuvum ʋayaʋaya,xɔnametɔ aɖeke mava ɖem o. 3 O! Yehowa, nye Mawu,ne mewɔ nu sia, eye vɔ̃ lé ɖe nye asiwo ŋu, 4 ne mewɔ nu vɔɖi ɖe ame si li kplim le ŋutifafa me ŋutialo meda adzo nye futɔ naneke mawɔmawɔtɔe la, 5 ekema na nye futɔ nati yonyeme, eye eƒe asi nasu dzinye;na be wòafanyam ɖe anyigba,eye wòana matsi ke me adɔ. Sela 6 O! Yehowa, tso, le wò dziku me;tso ɖe nye futɔwo ƒe nyanyra ŋuti.Nyɔ, nye Mawu, ne nàɖo ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ anyi. 7 Na be amehawo naƒo ƒu ɖe ŋuwò.Ɖu fia ɖe wo dzi tso dziƒo; 8 na be Yehowa nadrɔ̃ ʋɔnu dukɔ la.O! Yehowa, tso afia nam le nye dzɔdzɔenyenye ta,O! Dziƒoʋĩtɔ, tso afia nam le nye nuteƒewɔwɔ ta. 9 O! Mawu dzɔdzɔetɔ,ame si dzroa susuwo kple dziwo me,na ame vɔ̃ɖiwo ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ nu natso,eye nàna dedinɔnɔ ame dzɔdzɔewo. 10 Nye akpoxɔnue nye Mawu Dziƒoʋĩtɔ la,ame si ɖea ame si dza le eƒe dzi me. 11 Mawue nye ʋɔnudrɔ̃la dzɔdzɔe,Mawu si ɖea eƒe dɔmedzoe fiana gbe sia gbe. 12 Nu metia kɔ nɛ o, anyre eƒe yi,eye wòavu eƒe dati me. 13 Edzra eƒe lãnuwo ɖo da ɖi,eye eƒe aŋutrɔ bibiawo la etrɔ asi le wo ŋu wosɔ gbe. 14 Ame si fɔ nu vɔ̃ɖi ƒe fu,eye dzɔgbevɔ̃e zu fu wòfɔ la,adzi beble ƒe vi. 15 Ame si ɖe ʋe, heku eme wògoglo nyuie la age dze ʋe sieya ŋutɔ ɖe la me. 16 Dzɔgbevɔ̃e si wòhe vɛ la atrɔ abali ɖe eya ŋutɔ ŋuti,eye eƒe ŋutasesẽ atrɔ ava eya ŋutɔ ƒe ta dzi. 17 Mada akpe na Yehowa le eƒe dzɔdzɔenyenye ta,eye madzi kafukafuha na Yehowa Dziƒoʋĩtɔ la ƒe ŋkɔ.

In Other Versions

Psalms 7 in the ANGEFD

Psalms 7 in the ANTPNG2D

Psalms 7 in the AS21

Psalms 7 in the BAGH

Psalms 7 in the BBPNG

Psalms 7 in the BBT1E

Psalms 7 in the BDS

Psalms 7 in the BEV

Psalms 7 in the BHAD

Psalms 7 in the BIB

Psalms 7 in the BLPT

Psalms 7 in the BNT

Psalms 7 in the BNTABOOT

Psalms 7 in the BNTLV

Psalms 7 in the BOATCB

Psalms 7 in the BOATCB2

Psalms 7 in the BOBCV

Psalms 7 in the BOCNT

Psalms 7 in the BOGWICC

Psalms 7 in the BOHCB

Psalms 7 in the BOHCV

Psalms 7 in the BOHLNT

Psalms 7 in the BOHNTLTAL

Psalms 7 in the BOICB

Psalms 7 in the BOILNTAP

Psalms 7 in the BOITCV

Psalms 7 in the BOKCV

Psalms 7 in the BOKCV2

Psalms 7 in the BOKHWOG

Psalms 7 in the BOKSSV

Psalms 7 in the BOLCB

Psalms 7 in the BOLCB2

Psalms 7 in the BOMCV

Psalms 7 in the BONAV

Psalms 7 in the BONCB

Psalms 7 in the BONLT

Psalms 7 in the BONUT2

Psalms 7 in the BOPLNT

Psalms 7 in the BOSCB

Psalms 7 in the BOSNC

Psalms 7 in the BOTLNT

Psalms 7 in the BOVCB

Psalms 7 in the BOYCB

Psalms 7 in the BPBB

Psalms 7 in the BPH

Psalms 7 in the BSB

Psalms 7 in the CCB

Psalms 7 in the CUV

Psalms 7 in the CUVS

Psalms 7 in the DBT

Psalms 7 in the DGDNT

Psalms 7 in the DHNT

Psalms 7 in the DNT

Psalms 7 in the ELBE

Psalms 7 in the EMTV

Psalms 7 in the ESV

Psalms 7 in the FBV

Psalms 7 in the FEB

Psalms 7 in the GGMNT

Psalms 7 in the GNT

Psalms 7 in the HARY

Psalms 7 in the HNT

Psalms 7 in the IRVA

Psalms 7 in the IRVB

Psalms 7 in the IRVG

Psalms 7 in the IRVH

Psalms 7 in the IRVK

Psalms 7 in the IRVM

Psalms 7 in the IRVM2

Psalms 7 in the IRVO

Psalms 7 in the IRVP

Psalms 7 in the IRVT

Psalms 7 in the IRVT2

Psalms 7 in the IRVU

Psalms 7 in the ISVN

Psalms 7 in the JSNT

Psalms 7 in the KAPI

Psalms 7 in the KBT1ETNIK

Psalms 7 in the KBV

Psalms 7 in the KJV

Psalms 7 in the KNFD

Psalms 7 in the LBA

Psalms 7 in the LBLA

Psalms 7 in the LNT

Psalms 7 in the LSV

Psalms 7 in the MAAL

Psalms 7 in the MBV

Psalms 7 in the MBV2

Psalms 7 in the MHNT

Psalms 7 in the MKNFD

Psalms 7 in the MNG

Psalms 7 in the MNT

Psalms 7 in the MNT2

Psalms 7 in the MRS1T

Psalms 7 in the NAA

Psalms 7 in the NASB

Psalms 7 in the NBLA

Psalms 7 in the NBS

Psalms 7 in the NBVTP

Psalms 7 in the NET2

Psalms 7 in the NIV11

Psalms 7 in the NNT

Psalms 7 in the NNT2

Psalms 7 in the NNT3

Psalms 7 in the PDDPT

Psalms 7 in the PFNT

Psalms 7 in the RMNT

Psalms 7 in the SBIAS

Psalms 7 in the SBIBS

Psalms 7 in the SBIBS2

Psalms 7 in the SBICS

Psalms 7 in the SBIDS

Psalms 7 in the SBIGS

Psalms 7 in the SBIHS

Psalms 7 in the SBIIS

Psalms 7 in the SBIIS2

Psalms 7 in the SBIIS3

Psalms 7 in the SBIKS

Psalms 7 in the SBIKS2

Psalms 7 in the SBIMS

Psalms 7 in the SBIOS

Psalms 7 in the SBIPS

Psalms 7 in the SBISS

Psalms 7 in the SBITS

Psalms 7 in the SBITS2

Psalms 7 in the SBITS3

Psalms 7 in the SBITS4

Psalms 7 in the SBIUS

Psalms 7 in the SBIVS

Psalms 7 in the SBT

Psalms 7 in the SBT1E

Psalms 7 in the SCHL

Psalms 7 in the SNT

Psalms 7 in the SUSU

Psalms 7 in the SUSU2

Psalms 7 in the SYNO

Psalms 7 in the TBIAOTANT

Psalms 7 in the TBT1E

Psalms 7 in the TBT1E2

Psalms 7 in the TFTIP

Psalms 7 in the TFTU

Psalms 7 in the TGNTATF3T

Psalms 7 in the THAI

Psalms 7 in the TNFD

Psalms 7 in the TNT

Psalms 7 in the TNTIK

Psalms 7 in the TNTIL

Psalms 7 in the TNTIN

Psalms 7 in the TNTIP

Psalms 7 in the TNTIZ

Psalms 7 in the TOMA

Psalms 7 in the TTENT

Psalms 7 in the UBG

Psalms 7 in the UGV

Psalms 7 in the UGV2

Psalms 7 in the UGV3

Psalms 7 in the VBL

Psalms 7 in the VDCC

Psalms 7 in the YALU

Psalms 7 in the YAPE

Psalms 7 in the YBVTP

Psalms 7 in the ZBP