1 Corinthians 7 (BOECS)

1 Nya siwo miebiam le agbalẽ si mieŋlɔ ɖo ɖem me la ƒe ŋuɖoɖoe nye be ne ŋutsu aɖe meɖe srɔ̃ o la, megblẽ naneke o, 2 gake le ahasiwɔwɔ ta la, enyo be ame naɖe srɔ̃, ŋutsu ɖe sia ɖe kple etɔ; nenema kee nye nyɔnu ɖe sia ɖe hã, ale be ame aɖeke nagawɔ nu vɔ̃ o. 3 Ele na srɔ̃ŋutsu be wòakpɔ egbɔ be yemegblẽ ye srɔ̃ ɖi le go aɖeke me o, eye srɔ̃nyɔnu hã nawɔ nenema pɛpɛpɛ. 4 Ne nyɔnu ɖe srɔ̃ ko la, ekema megakpɔ ŋusẽ ɖe eƒe ŋutilã dzi o, ke boŋ srɔ̃a kpɔ ŋusẽ ɖe edzi, eye nenema ke srɔ̃nyɔnu hã kpɔ ŋusẽ ɖe srɔ̃ŋutsua ƒe ŋutilã dzi, ale ŋutsua mate ŋu awɔ nu si dze eya ŋutɔ ɖeɖe ko ŋu o. 5 Eya ta srɔ̃tɔwo nakpɔ egbɔ be yewomegblẽ yewo nɔewo ɖi o, negbe wo ame eve la wowɔ ɖoɖo tɔxɛ be yewoakpɔ ɣeyiɣi ado gbe ɖa. Emegbe la, mite kpe be Satana nagate mi akpɔ le ɖokuidzimaɖumaɖu ta o. 6 Mele esia gblɔm abe mɔnana ene, ke menye abe sedede ene o. 7 Anye nye didi be ŋutsuwo katã nanɔ abe nye ene, gake ŋutsu ɖe sia ɖe kple nunana si wòxɔ tso Mawu gbɔ; ame ɖeka xɔ nunana sia eye ame bubu xɔ nunana kemɛ. 8 Eya ta magblɔ na trewo kple ahosiwo be woanɔ anyi srɔ̃maɖemaɖee abe nye ŋutɔ ene. 9 Gake ne ame aɖe mate ŋu aɖu eɖokui dzi o la, ekema neɖe srɔ̃ elabena enyo be wòaɖe srɔ̃ wu be wòayɔ fũu kple fieŋufieŋu. 10 Ke mele se sia dem na srɔ̃tɔwo (menye nyee le sea dem o, ke boŋ Aƒetɔ lae) be srɔ̃nyɔnu mekpɔ mɔ agbe srɔ̃ŋutsua o. 11 Ke ne egbee la, ele nɛ be wòanɔ tre alo wòatrɔ ayi aɖawɔ ɖeka kple srɔ̃ŋutsua. Nenema ke srɔ̃ŋutsu hã mekpɔ mɔ agbe srɔ̃nyɔnu la o. 12 Azɔ nye ŋutɔ medi be maɖo aɖaŋu aɖe na ame mamlɛawo. (Nyee le egblɔm, menye Aƒetɔ la ƒe sedede o). Eyae nye be ne kristotɔ aɖe nyɔnu si menye kristotɔ o, gake nyɔnu la lɔ̃ be yeanɔ egbɔ la, ŋutsua megaɖe asi le eŋu o. 13 Nenema ke ne nyɔnu kristotɔ aɖe srɔ̃ si menye kristotɔ o, gake srɔ̃ŋutsu la lɔ̃ be nyɔnu la nanɔ ye gbɔ la, nyɔnu la hã megagbee o. 14 Elabena srɔ̃ŋutsu si mexɔ se o la ŋuti kɔ le srɔ̃nyɔnu la ta eye nenema ke srɔ̃nyɔnu si mexɔ se o la hã ŋuti kɔ le srɔ̃ŋutsua si xɔ se ta. Ne menye nenema o la, mia viwo anye nu makɔmakɔwo, gake esi wòle alea ta la, wo ŋuti kɔ. 15 Ke ne srɔ̃tɔ si mexɔ se o la dzo la, neyi faa elabena se aɖeke mebla srɔ̃ŋutsu alo srɔ̃nyɔnu si xɔ se la le nya sia me o. Mawu yɔ mí be míanɔ anyi le ŋutifafa me. 16 Nyɔnu, aleke nèwɔ nya be yeate ŋu aɖe srɔ̃? Alo wò ŋutsu, aleke nèwɔ nya be yeate ŋu aɖe srɔ̃? 17 Le esiawo katã wɔwɔ me la, ame sia ame nakpɔ egbɔ be yewɔ ɖe Mawu ƒe ɖoɖo dzi le srɔ̃ɖeɖe me loo alo le trenɔnɔ me, eye nu sia nu si Mawu na ame aɖe la, wòaxɔe kple dzi faa. Hamewo katã nawɔ ɖe sedede vevi siawo dzi. 18 Le kpɔɖeŋu me, ne wotso aʋa na ŋutsu aɖe le Yudatɔwo ƒe kɔnu nu hafi wòtrɔ zu kristotɔ la, amea megatsi dzi le eŋu kura o. Nenema ke, ne wometso aʋa na ame aɖe hã o la, eya hã megatsi dzi be ele be yeatso aʋa kokoko o. 19 Elabena kɔnu sia wɔwɔ mele vevie kura le kristotɔ ƒe agbenɔnɔ me o. Nu si le vevie nye be kristotɔ nakpɔ egbɔ be yele Mawu ƒe sewo dzi wɔm eye be Mawu nakpɔ ŋudzedze le ye ŋu ɣe sia ɣi. 20 Ame sia ame nanɔ nɔnɔme si me wònɔ hafi Mawu yɔe, ne enye aʋatsotsotɔ alo aʋamatsomatsotɔ. 21 Ne ènye kluvi hafi zu kristotɔ la, mègana wòaɖe fu na wò o gake ne èkpɔ mɔnu be nàzu ablɔɖevi la, mègana wòato ŋuwò o. 22 Kluvi si trɔ zu xɔsetɔ la zu Aƒetɔ la ƒe ablɔɖevi, eye wòvo tso nu vɔ̃ ƒe asi sesẽ la te. Ke ne ènye ablɔɖevi hafi zu kristotɔ la, nyae be yezu Kristo ƒe kluvi azɔ. 23 Yesu Kristo ƒle mi, eye wòxe fe ɖe mia ta keŋkeŋ eya ta miezu etɔ eye le esia ta migawɔ mia ɖokuiwo abe kluviwo ene na amegbetɔwo kple xexe sia me nuwo o. 24 Eya ta nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, ale si ame sia ame nɔ hafi zu kristotɔ ko la, nenɔ nenema le Mawu ƒe ŋkume. 25 Azɔ maɖo miaƒe biabia evelia ŋu na mi. Miele biabiam be nu ka yewoawɔ kple ɖetugbi siwo meɖe srɔ̃ haɖe o la hã! Ɖe woaɖe mɔ na wo be woaɖe srɔ̃ faa hã? Le nyateƒe me la, nyemexɔ sedede tɔxɛ aɖeke tso Aƒetɔ la gbɔ le nya sia ŋu o. Ke Mawu ŋutɔ na susum be mawɔ eŋu dɔ, eya ta magblɔ nu si nye ŋutɔ mebu le nya sia ŋu la na mi. 26 Eyae nye be, le fukpekpe geɖe si le mí kristotɔwo dzi vam le egbeŋkekewo me ta la, anyo be ame sia ame nanɔ anyi abe ale si wòle fifia ene. 27 Ne èɖe srɔ̃ la, mègagbee o. Ne mèɖe srɔ̃ haɖe o la, mègaɖee o. 28 Ke ne èɖe srɔ̃ la, mèwɔ nu vɔ̃ o, eye ne ɖetugbivi dzaa ɖe srɔ̃ la, mewɔ nu vɔ̃ o, gake ame siwo ɖe srɔ̃ la, woado go fuɖename geɖewo le agbe sia me. Nukpekeame siawo mee medi be maɖe mi tsoe. 29 Nɔviwo, nu si gblɔm mele lae nye be: Ɣeyiɣi la le kpuie, eya ta tso azɔ dzi la, ame siwo si srɔ̃ le la nanɔ agbe abe srɔ̃ ɖe mele wo si o ene. 30 Ame siwo le nu xam la, nanɔ abe ɖe womele nu xam o ene, dzidzɔkpɔlawo nanɔ abe ɖe womele dzidzɔ kpɔm o ene, eye ame siwo ƒle nuwo kɔ ɖi la nawɔ abe nuawo ɖe menye wo tɔ o ene. 31 Nenema ke ame siwo wɔa xexe sia me nuwo ŋu dɔ nanɔ abe ɖe wometsɔ ɖeke le xexemenuwo me o ene. Elabena ale si xexe sia me le fifia la nu ava yi kpuie. 32 Migatsi dzi ɖe naneke ŋu o. Ne srɔ̃ mele ŋutsu aɖe si o la, ekema ekpɔa vovo ɖe Aƒetɔ la ƒe dɔ ŋu nyuie eye wòdina ɣe sia ɣi be yeƒe agbe nadze Aƒetɔ ŋu. 33 Ke srɔ̃tɔ ya mate ŋu awɔ alea o elabena agbe sia me ƒe hloloetsotso xɔa eƒe ɣeyiɣi eye eƒe didi koe nye be yeadze ye srɔ̃ ŋu ɣe sia ɣi. 34 Ale eƒe dzi ƒe didiwo ma ɖe akpa gã eve me. Alea ke wònɔna na nyɔnu si ɖe srɔ̃ la kple ɖetugbi si le atsuƒe hã. Nyɔnu si ɖe srɔ̃ la léa be na xexe sia me nuwo kple ale si wòawɔ adze ŋutsu la ŋu. Ke nyɔnu si mele atsuƒe o la ƒe didi katã koe nye be yeawɔ dɔ na Aƒetɔ la le ŋutilã kple gbɔgbɔ me ɣe sia ɣi. 35 Menye ɖe mele nya siawo gblɔm be maɖe dzi le mia ƒo le srɔ̃ɖeɖe ŋu o, ke boŋ be makpe ɖe mia ŋu. Medi be miadze agbagba awɔ nu sia nu si ana be miate ŋu asubɔ Mawu nyuie la eye miagaɖe mɔ na nu kukluiwo be woaxe mɔ na mi o. 36 Ne mia dometɔ aɖe kpɔe be trenɔnɔ menyo na ye o elabena yemetea ŋu ɖua ye ɖokui dzi nyuie o la, ekema ele be wòaɖe srɔ̃. Esia menye nu vɔ̃ o. 37 Gake ne ame aɖe ya tea ŋu ɖua eɖokui dzi nyuie, eye le esia ta wòɖoe le eƒe dzi me be yemaɖe srɔ̃ o la, ewɔe nyuie. 38 Eya ta nɔviwo, minyae be ne ame aɖe ɖe srɔ̃ la, mewɔ nu gbegblẽ o, eye ne ame bubu hã meɖe srɔ̃ o la, etɔ kura ganyo wu. 39 Srɔ̃nyɔnu kple srɔ̃ŋutsu le ɖeka zi ale si wole agbe. Ke ne ŋutsua ku la, ekema nyɔnu la kpɔ mɔ aɖe ŋutsu bubu le Aƒetɔ la ƒe ɖoɖo nu. 40 Ke le nye nukpɔkpɔ nu la, meka ɖe edzi be ne nyɔnu ahosi la megaɖe srɔ̃ bubu kura o la, anyo nɛ wu. Meka ɖe edzi be Mawu ƒe Gbɔgbɔe le aɖaŋu sia ɖom na mi to dzinye.

In Other Versions

1 Corinthians 7 in the ANGEFD

1 Corinthians 7 in the ANTPNG2D

1 Corinthians 7 in the AS21

1 Corinthians 7 in the BAGH

1 Corinthians 7 in the BBPNG

1 Corinthians 7 in the BBT1E

1 Corinthians 7 in the BDS

1 Corinthians 7 in the BEV

1 Corinthians 7 in the BHAD

1 Corinthians 7 in the BIB

1 Corinthians 7 in the BLPT

1 Corinthians 7 in the BNT

1 Corinthians 7 in the BNTABOOT

1 Corinthians 7 in the BNTLV

1 Corinthians 7 in the BOATCB

1 Corinthians 7 in the BOATCB2

1 Corinthians 7 in the BOBCV

1 Corinthians 7 in the BOCNT

1 Corinthians 7 in the BOGWICC

1 Corinthians 7 in the BOHCB

1 Corinthians 7 in the BOHCV

1 Corinthians 7 in the BOHLNT

1 Corinthians 7 in the BOHNTLTAL

1 Corinthians 7 in the BOICB

1 Corinthians 7 in the BOILNTAP

1 Corinthians 7 in the BOITCV

1 Corinthians 7 in the BOKCV

1 Corinthians 7 in the BOKCV2

1 Corinthians 7 in the BOKHWOG

1 Corinthians 7 in the BOKSSV

1 Corinthians 7 in the BOLCB

1 Corinthians 7 in the BOLCB2

1 Corinthians 7 in the BOMCV

1 Corinthians 7 in the BONAV

1 Corinthians 7 in the BONCB

1 Corinthians 7 in the BONLT

1 Corinthians 7 in the BONUT2

1 Corinthians 7 in the BOPLNT

1 Corinthians 7 in the BOSCB

1 Corinthians 7 in the BOSNC

1 Corinthians 7 in the BOTLNT

1 Corinthians 7 in the BOVCB

1 Corinthians 7 in the BOYCB

1 Corinthians 7 in the BPBB

1 Corinthians 7 in the BPH

1 Corinthians 7 in the BSB

1 Corinthians 7 in the CCB

1 Corinthians 7 in the CUV

1 Corinthians 7 in the CUVS

1 Corinthians 7 in the DBT

1 Corinthians 7 in the DGDNT

1 Corinthians 7 in the DHNT

1 Corinthians 7 in the DNT

1 Corinthians 7 in the ELBE

1 Corinthians 7 in the EMTV

1 Corinthians 7 in the ESV

1 Corinthians 7 in the FBV

1 Corinthians 7 in the FEB

1 Corinthians 7 in the GGMNT

1 Corinthians 7 in the GNT

1 Corinthians 7 in the HARY

1 Corinthians 7 in the HNT

1 Corinthians 7 in the IRVA

1 Corinthians 7 in the IRVB

1 Corinthians 7 in the IRVG

1 Corinthians 7 in the IRVH

1 Corinthians 7 in the IRVK

1 Corinthians 7 in the IRVM

1 Corinthians 7 in the IRVM2

1 Corinthians 7 in the IRVO

1 Corinthians 7 in the IRVP

1 Corinthians 7 in the IRVT

1 Corinthians 7 in the IRVT2

1 Corinthians 7 in the IRVU

1 Corinthians 7 in the ISVN

1 Corinthians 7 in the JSNT

1 Corinthians 7 in the KAPI

1 Corinthians 7 in the KBT1ETNIK

1 Corinthians 7 in the KBV

1 Corinthians 7 in the KJV

1 Corinthians 7 in the KNFD

1 Corinthians 7 in the LBA

1 Corinthians 7 in the LBLA

1 Corinthians 7 in the LNT

1 Corinthians 7 in the LSV

1 Corinthians 7 in the MAAL

1 Corinthians 7 in the MBV

1 Corinthians 7 in the MBV2

1 Corinthians 7 in the MHNT

1 Corinthians 7 in the MKNFD

1 Corinthians 7 in the MNG

1 Corinthians 7 in the MNT

1 Corinthians 7 in the MNT2

1 Corinthians 7 in the MRS1T

1 Corinthians 7 in the NAA

1 Corinthians 7 in the NASB

1 Corinthians 7 in the NBLA

1 Corinthians 7 in the NBS

1 Corinthians 7 in the NBVTP

1 Corinthians 7 in the NET2

1 Corinthians 7 in the NIV11

1 Corinthians 7 in the NNT

1 Corinthians 7 in the NNT2

1 Corinthians 7 in the NNT3

1 Corinthians 7 in the PDDPT

1 Corinthians 7 in the PFNT

1 Corinthians 7 in the RMNT

1 Corinthians 7 in the SBIAS

1 Corinthians 7 in the SBIBS

1 Corinthians 7 in the SBIBS2

1 Corinthians 7 in the SBICS

1 Corinthians 7 in the SBIDS

1 Corinthians 7 in the SBIGS

1 Corinthians 7 in the SBIHS

1 Corinthians 7 in the SBIIS

1 Corinthians 7 in the SBIIS2

1 Corinthians 7 in the SBIIS3

1 Corinthians 7 in the SBIKS

1 Corinthians 7 in the SBIKS2

1 Corinthians 7 in the SBIMS

1 Corinthians 7 in the SBIOS

1 Corinthians 7 in the SBIPS

1 Corinthians 7 in the SBISS

1 Corinthians 7 in the SBITS

1 Corinthians 7 in the SBITS2

1 Corinthians 7 in the SBITS3

1 Corinthians 7 in the SBITS4

1 Corinthians 7 in the SBIUS

1 Corinthians 7 in the SBIVS

1 Corinthians 7 in the SBT

1 Corinthians 7 in the SBT1E

1 Corinthians 7 in the SCHL

1 Corinthians 7 in the SNT

1 Corinthians 7 in the SUSU

1 Corinthians 7 in the SUSU2

1 Corinthians 7 in the SYNO

1 Corinthians 7 in the TBIAOTANT

1 Corinthians 7 in the TBT1E

1 Corinthians 7 in the TBT1E2

1 Corinthians 7 in the TFTIP

1 Corinthians 7 in the TFTU

1 Corinthians 7 in the TGNTATF3T

1 Corinthians 7 in the THAI

1 Corinthians 7 in the TNFD

1 Corinthians 7 in the TNT

1 Corinthians 7 in the TNTIK

1 Corinthians 7 in the TNTIL

1 Corinthians 7 in the TNTIN

1 Corinthians 7 in the TNTIP

1 Corinthians 7 in the TNTIZ

1 Corinthians 7 in the TOMA

1 Corinthians 7 in the TTENT

1 Corinthians 7 in the UBG

1 Corinthians 7 in the UGV

1 Corinthians 7 in the UGV2

1 Corinthians 7 in the UGV3

1 Corinthians 7 in the VBL

1 Corinthians 7 in the VDCC

1 Corinthians 7 in the YALU

1 Corinthians 7 in the YAPE

1 Corinthians 7 in the YBVTP

1 Corinthians 7 in the ZBP