1 Kings 20 (BOECS)

1 Azɔ la, Aram Fia Ben Hadad ƒo eƒe aʋakɔwo katã nu ƒu eye fia blaetɔ̃-vɔ-eve kple woƒe sɔwo kple tasiaɖamwo kplɔe ɖo. Eyi ɖaɖe to ɖe Samaria eye wòwɔ aʋa kplii. 2 Eɖo ame dɔdɔwo ɖe Ahab, Israel fia gbɔ be woagblɔ nɛ be, “Ben Hadad be, 3 ‘Wò klosalo kple sika nye tɔnye eye srɔ̃wòwo kple viwòwo dometɔ nyuitɔwo nye tɔnye.’ ” 4 Israel fia ɖo eŋu be, “Nye aƒetɔ kple fia, abe ale si nègblɔe ene la, nye ŋutɔ kple nu siwo le asinye la nye tɔwò!” 5 Ame dɔdɔawo gava eye wogblɔ be, “Ben Hadad be, ‘Togbɔ be medɔ ame ɖe wò be maxɔ wò klosalo kple sika kple srɔ̃wòwo kple viwòwo hã la, 6 etsɔ ɣe aleawo ɣi lɔƒo la, maɖo amewo ɖa be woaka wò fiasã me kple ŋuwòmewo ƒe aƒewo me. Woatsɔ nu sia nu si xɔ asi na wò la adzoe!’ ” 7 Ahab yɔ eƒe aɖaŋudelawo eye wògblɔ na wo be, “Mikpɔ nu si wɔm ŋutsu sia le la ɖa! Ele ge dim togbɔ be mena wònya be ate ŋu axɔ srɔ̃nyewo, vinyewo, nye klosalo kple sika abe ale si wòdi ene gɔ̃ hã.” 8 Aɖaŋuɖolawo ɖo aɖaŋu nɛ be, “Mègatsɔ nu bubu aɖeke wu esiawo nɛ o.” 9 Ale Fia Ahab gblɔ na Fia Ben Hadad ƒe ame dɔdɔwo be, “Migblɔ na nye aƒetɔ, fia la be, ‘Matsɔ nu sia nu si nèbia zi gbãtɔ la na wò gake wò amewo maka nye fiasã la kple nye amewo ƒe aƒewo me o.’ ” Ale ame dɔdɔawo trɔ yi Ben Hadad gbɔ. 10 Azɔ la, Siria fia la gblɔ ɖo ɖe Ahab be, “Mawuawo nafiam agafiam ɖe edzi ne nye aʋakɔ metrɔ Samaria wòzu ʋuʋudedi asiʋlo ʋɛ aɖewo ko o!” 11 Israel fia Ahab ɖo eŋu be, “Miyi ɖagblɔ na Fia Ben Hadad be, ‘Ame si le aʋa wɔ ge la maƒo adegbe o, ke ame si wɔ aʋa ɖu dzi la koe aƒo adegbe!’ ” 12 Fia Ahab ƒe ŋuɖoɖo sia va ɖo Fia Ben Hadad kple fia bubuawo gbɔ esi wonɔ aha nom le woƒe agbadɔwo me. Ben Hadad ɖe gbe na eƒe aʋafiawo be, “Midzra ɖo miaho aʋa ɖe wo ŋu.” 13 Nyagblɔɖila aɖe va kpɔ Israel fia Ahab eye wògblɔ nɛ be ale Yehowa gblɔe nye esi, “Èkpɔ futɔ la ƒe aʋakɔ siawoa? Matsɔ wo katã ade asi na wò egbe, ekema ànya mlɔeba be, nyee nye Yehowa!” 14 Ahab bia be, “Ke ame kae awɔ nu sia?”Nyagblɔɖila la ɖo eŋu be, “Alea Yehowa gblɔe nye esi, ‘Ato ɖekakpuiwo, asrafo siwo le nutoa me la dzi.’ ”Ahab gabia be, “Ame kae adze aʋa la gɔme?”Nyagblɔɖila la ɖo eŋu nɛ be, “Miawoe!” 15 Ale Ahab ƒo aʋawɔla alafa eve blaetɔ̃-vɔ-eve (232) nu ƒu tso dutawo kpe ɖe Israelʋakɔ mamlɛa, ame akpe adre, ŋu. 16 Le ŋdɔ me lɔƒo la, esi Ben Hadad kple Fia bubu blaetɔ̃-vɔ-eveawo ganɔ aha nom hede mumu ge kloe la, Ahab ƒe aʋakɔ ƒe akpa gbãtɔ ɖe zɔ ɖe dua dzi. 17 Anyigbadzikpɔlawo ƒe ɖekakpuiawo tre hoho.Ben Hadad dɔ amewo ɖa eye wogbɔ va gblɔ nɛ bena, “Samaria ŋutsuwo ho aʋa gbɔna ɖa.” 18 Ben Hadad ɖe gbe na wo be, “Milé wo agbagbe ne wova na ŋutifafa loo alo aʋawɔwɔ!” 19 Ɖekakpui siwo nye asrafo, siwo le nutoa dzi kpɔm la dze ŋgɔ eye asrafoawo kplɔ wo ɖo do le dua me. 20 Ame sia ame wu Siria srafo ɖeka. Sẽe ko la, vɔvɔ̃ ɖo Syriaʋakɔ blibo la eye wosi. Israelviwo kplɔ wo ɖo. Ben Hadad kple eŋume ʋɛ aɖewo do sɔwo kple tasiaɖamwo hesi. 21 Ke Israelviwo xɔ Syriatɔwo ƒe sɔwo kple tasiaɖamwo ƒe akpa gãtɔ eye wowu Siriatɔ geɖewo. 22 Nyagblɔɖila la te ɖe Israel fia ŋu eye wògblɔ nɛ be, “Dzra ɖo na Siria fia ƒe aʋa bubu hoho ɖe ŋuwò!” 23 Esi Israelviwo ɖu Siriatɔwo dzi la, Ben Hadad ƒe aʋakplɔlawo gblɔ nɛ be, “Israelviwo ƒe mawuwo nye todzimawuwo eya tae woɖu mía dzi; ke míate ŋu aɖu wo dzi bɔbɔe le balime. 24 Azɔ la, na aʋafiawo naxɔ fiawo teƒe. 25 Ƒo ƒu aʋakɔ bubu nu abe esi tsrɔ̃ la ene. Na sɔwo, tasiaɖamwo kple aʋawɔla xexlẽme mawo tututu mí eye míawɔ aʋa kpli wo le balime. Ekema ɖikeke aɖeke meli be míaɖu wo dzi kokoko o!” Ale Fia Ben Hadad wɔ nu si wogblɔ nɛ. 26 Esi ƒe trɔ la, eƒo Aramea aʋakɔ la nu ƒu eye wòho aʋa ɖe Israel ŋu azɔ le Afek. 27 Israel hã ƒo eƒe aʋawɔlawo nu ƒu, wodi nuɖuɖu da ɖi eye woyi aʋagbedzi. Ke Israelʋakɔ la dze abe gbɔ̃viwo ƒe ha eve ko ene ne wotsɔe sɔ kple Arameatɔwo ƒe aʋakɔ si gbagba ɖe balime la ŋu! 28 Mawu ƒe ame aɖe yi Israel fia la gbɔ eye wògblɔ nya siawo tso Yehowa gbɔ nɛ: “Esi Siriatɔwo gblɔ be, ‘Yehowa nye to dzi Mawu eye menye balime ƒe Mawu o’ ta la, makpe ɖe mia ŋu miaɖu aʋakɔ gã sia dzi eye mianya be nyee nye Yehowa nyateƒe.” 29 Aʋakɔ eveawo ƒu asaɖa anyi dze ŋgɔ wo nɔewo ŋkeke adre eye aʋa la dze egɔme le ŋkeke adrelia gbe. Israelviwo wu Siriatɔ akpe alafa ɖeka (100,000) le ŋkeke gbãtɔ dzi. 30 Aʋawɔla siwo susɔ la si yi Afek ƒe gliwo megbe, ke gliawo ƒe akpa aɖe mu dze wo dzi eye wo dometɔ akpe blaeve-vɔ-adre ku. Ben Hadad si yi du la me eye wòbe ɖe aƒe aɖe ƒe xɔ ememetɔ me. 31 Eƒe aʋakplɔlawo gblɔ nɛ be, “Amegã, míese be Israel fiawo nye nublanuikpɔnamelawo. Na míata akpanya, akaka ɖa ɖe ta eye míayi Fia Ahab gbɔ kpɔ be ana nànɔ agbe mahã?” 32 Ale woyi Fia Ahab gbɔ eye woɖe kuku nɛ be, “Wò dɔla, Fia Ben Hadad le kuku ɖem be, ‘Na manɔ agbe!’ ”Israel Fia bia be, “Oo, egale agbea? Nɔvinyee!” 33 Ameawo ɖo eŋu kaba be, “Ɛ̃, nɔviwò, Fia Ben Hadad, gale agbe!”Israel Fia gblɔ na wo be, “Miyi ɖakplɔe vɛ.” Esi Ben Hadad va ɖo la, Ahab na wòge ɖe eƒe tasiaɖam me! 34 Ben Hadad gblɔ nɛ be, “Magbugbɔ du siwo fofonye xɔ le fofowò si la na wò; àte ŋu atsa asi kple Damasko abe ale si fofonye wɔ le Samaria ene.”Ahab gblɔ be, “Bla nu kplim, ekema maɖe asi le ŋuwò nàdzo.” Ale wòbla nu kplii eye wòɖe asi le eŋu wòdzo. 35 Le ɣeyiɣi sia me la, Yehowa ƒe gbe va na nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka be, wòagblɔ na nɔvia aɖe be, “Tsɔ wò yi dzam!” Ke nɔvia gbe. 36 Ale nyagblɔɖila la gblɔ nɛ be, “Esi mèɖo to Yehowa ƒe gbe o ta la, dzata aɖe awu wò ne èdzo le gbɔnye ko.” Nyateƒe, esi wòtrɔ be yeadzo ko la, dzata aɖe wui. 37 Nyagblɔɖila la trɔ ɖe ame bubu gbɔ gblɔ nɛ be, “Tsɔ wò yi dzam.” Ame la dzae eye wòde abi eŋu. 38 Nyagblɔɖila la tso mɔ na fia la. Etsɔ avɔ kakɛ bla eƒe ŋkuwo dzi, ale be womagadze si ye o. 39 Esi fia la tso eme va yina la, nyagblɔɖila la do ɣli yɔe gblɔ be, “Wò dɔla yi afi si aʋa la bi dzo le eye ame aɖe va gbɔnye kple aʋaléleawo dometɔ ɖeka eye wògblɔ nam be, ‘Nɔ ame sia ŋuti dzɔm. Ne ebu la, wò agbe axɔ ɖe eƒe agbe teƒe alo nàxe klosalo kilogram blaetɔ̃-vɔ-ene.’ 40 Esi wò dɔla nɔ srẽɖi dzem le afii kple afi kemɛ la, amea si dzo.”Israel fia gblɔ nɛ be, “Esiae nye wò afiatsotso. Wò ŋutɔe tso afia, bu fɔ ɖokuiwò.” 41 Tete nyagblɔɖila la ɖe avɔ kakɛ la ɖa le eƒe ŋkume eye fia la dze sii be yeƒe nyagblɔɖilawo dometɔ ɖekae. 42 Nyagblɔɖila la gblɔ nɛ be, “Yehowa gblɔ be, ‘Esi nèɖe asi le ame si mebe wòaku la ŋu wògale agbe ta la, ele be nàku ɖe eteƒe eye wò amewo atsrɔ̃ ɖe eƒe amewo teƒe.’ ” 43 Ale Israel fia trɔ yi Samaria kple dɔmedzoe kple moyɔyɔ.

In Other Versions

1 Kings 20 in the ANGEFD

1 Kings 20 in the ANTPNG2D

1 Kings 20 in the AS21

1 Kings 20 in the BAGH

1 Kings 20 in the BBPNG

1 Kings 20 in the BBT1E

1 Kings 20 in the BDS

1 Kings 20 in the BEV

1 Kings 20 in the BHAD

1 Kings 20 in the BIB

1 Kings 20 in the BLPT

1 Kings 20 in the BNT

1 Kings 20 in the BNTABOOT

1 Kings 20 in the BNTLV

1 Kings 20 in the BOATCB

1 Kings 20 in the BOATCB2

1 Kings 20 in the BOBCV

1 Kings 20 in the BOCNT

1 Kings 20 in the BOGWICC

1 Kings 20 in the BOHCB

1 Kings 20 in the BOHCV

1 Kings 20 in the BOHLNT

1 Kings 20 in the BOHNTLTAL

1 Kings 20 in the BOICB

1 Kings 20 in the BOILNTAP

1 Kings 20 in the BOITCV

1 Kings 20 in the BOKCV

1 Kings 20 in the BOKCV2

1 Kings 20 in the BOKHWOG

1 Kings 20 in the BOKSSV

1 Kings 20 in the BOLCB

1 Kings 20 in the BOLCB2

1 Kings 20 in the BOMCV

1 Kings 20 in the BONAV

1 Kings 20 in the BONCB

1 Kings 20 in the BONLT

1 Kings 20 in the BONUT2

1 Kings 20 in the BOPLNT

1 Kings 20 in the BOSCB

1 Kings 20 in the BOSNC

1 Kings 20 in the BOTLNT

1 Kings 20 in the BOVCB

1 Kings 20 in the BOYCB

1 Kings 20 in the BPBB

1 Kings 20 in the BPH

1 Kings 20 in the BSB

1 Kings 20 in the CCB

1 Kings 20 in the CUV

1 Kings 20 in the CUVS

1 Kings 20 in the DBT

1 Kings 20 in the DGDNT

1 Kings 20 in the DHNT

1 Kings 20 in the DNT

1 Kings 20 in the ELBE

1 Kings 20 in the EMTV

1 Kings 20 in the ESV

1 Kings 20 in the FBV

1 Kings 20 in the FEB

1 Kings 20 in the GGMNT

1 Kings 20 in the GNT

1 Kings 20 in the HARY

1 Kings 20 in the HNT

1 Kings 20 in the IRVA

1 Kings 20 in the IRVB

1 Kings 20 in the IRVG

1 Kings 20 in the IRVH

1 Kings 20 in the IRVK

1 Kings 20 in the IRVM

1 Kings 20 in the IRVM2

1 Kings 20 in the IRVO

1 Kings 20 in the IRVP

1 Kings 20 in the IRVT

1 Kings 20 in the IRVT2

1 Kings 20 in the IRVU

1 Kings 20 in the ISVN

1 Kings 20 in the JSNT

1 Kings 20 in the KAPI

1 Kings 20 in the KBT1ETNIK

1 Kings 20 in the KBV

1 Kings 20 in the KJV

1 Kings 20 in the KNFD

1 Kings 20 in the LBA

1 Kings 20 in the LBLA

1 Kings 20 in the LNT

1 Kings 20 in the LSV

1 Kings 20 in the MAAL

1 Kings 20 in the MBV

1 Kings 20 in the MBV2

1 Kings 20 in the MHNT

1 Kings 20 in the MKNFD

1 Kings 20 in the MNG

1 Kings 20 in the MNT

1 Kings 20 in the MNT2

1 Kings 20 in the MRS1T

1 Kings 20 in the NAA

1 Kings 20 in the NASB

1 Kings 20 in the NBLA

1 Kings 20 in the NBS

1 Kings 20 in the NBVTP

1 Kings 20 in the NET2

1 Kings 20 in the NIV11

1 Kings 20 in the NNT

1 Kings 20 in the NNT2

1 Kings 20 in the NNT3

1 Kings 20 in the PDDPT

1 Kings 20 in the PFNT

1 Kings 20 in the RMNT

1 Kings 20 in the SBIAS

1 Kings 20 in the SBIBS

1 Kings 20 in the SBIBS2

1 Kings 20 in the SBICS

1 Kings 20 in the SBIDS

1 Kings 20 in the SBIGS

1 Kings 20 in the SBIHS

1 Kings 20 in the SBIIS

1 Kings 20 in the SBIIS2

1 Kings 20 in the SBIIS3

1 Kings 20 in the SBIKS

1 Kings 20 in the SBIKS2

1 Kings 20 in the SBIMS

1 Kings 20 in the SBIOS

1 Kings 20 in the SBIPS

1 Kings 20 in the SBISS

1 Kings 20 in the SBITS

1 Kings 20 in the SBITS2

1 Kings 20 in the SBITS3

1 Kings 20 in the SBITS4

1 Kings 20 in the SBIUS

1 Kings 20 in the SBIVS

1 Kings 20 in the SBT

1 Kings 20 in the SBT1E

1 Kings 20 in the SCHL

1 Kings 20 in the SNT

1 Kings 20 in the SUSU

1 Kings 20 in the SUSU2

1 Kings 20 in the SYNO

1 Kings 20 in the TBIAOTANT

1 Kings 20 in the TBT1E

1 Kings 20 in the TBT1E2

1 Kings 20 in the TFTIP

1 Kings 20 in the TFTU

1 Kings 20 in the TGNTATF3T

1 Kings 20 in the THAI

1 Kings 20 in the TNFD

1 Kings 20 in the TNT

1 Kings 20 in the TNTIK

1 Kings 20 in the TNTIL

1 Kings 20 in the TNTIN

1 Kings 20 in the TNTIP

1 Kings 20 in the TNTIZ

1 Kings 20 in the TOMA

1 Kings 20 in the TTENT

1 Kings 20 in the UBG

1 Kings 20 in the UGV

1 Kings 20 in the UGV2

1 Kings 20 in the UGV3

1 Kings 20 in the VBL

1 Kings 20 in the VDCC

1 Kings 20 in the YALU

1 Kings 20 in the YAPE

1 Kings 20 in the YBVTP

1 Kings 20 in the ZBP