1 Samuel 1 (BOECS)

1 Esiae nye Elkana, ŋutsu aɖe si nye Efraimtɔ eye wònɔ Ramataim Zofim le Efraim ƒe to la dzi ƒe ŋutinya. Fofoae nye Yeroham, ame si fofoe nye Elihu, ame si fofoe nye Tohu eye Tohu fofoe nye Zuf ame siwo nye Efraimtɔwo. 2 Srɔ̃ eve nɔ Elkana si, ame siwo nye Hana kple Penina. Viwo nɔ Penina si ke Hana ya medzi vi o. 3 Elkana kple srɔ̃awo kple wo viwo zɔa mɔ ƒe sia ƒe yia Yehowa ƒe agbadɔ la me le Silo be woasubɔ Yehowa, ŋusẽkatãtɔ la, eye woasa vɔ nɛ. Yehowa ƒe nunɔla siwo nɔ subɔsubɔdɔwo wɔm ɣe ma ɣi woe nye Eli kple via eveawo; Hofni kple Finehas. 4 Ne ɣeyiɣi de be Elkana nasa vɔ la, aka vɔsalã la ƒe ɖe na srɔ̃a Penina kple via ŋutsuwo kple via nyɔnuwo katã. 5 Ke enaa lã la ƒe akpa eve Hana ya elabena togbɔ be elɔ̃e hã la Yehowa tu eƒe vidzidɔ. 6 Esi wònye be Yehowa tu eƒe vidzidɔ ta la, atsusia nɔa dzigbãnyawo gblɔm ɖe eŋu be ne wòado dziku. 7 Esia yia dzi ƒe sia ƒe. Nenye be Hana yi ɖe Yehowa ƒe aƒe me la, atsusia gblɔa nya doa dziku nɛ va se ɖe esime wòwoa avi eye wògbea nuɖuɖu. 8 Srɔ̃a Elkana bianɛ be, “Hana, nya kae na nèle avi fam? Nu ka ŋuti nègbe nuɖuɖu? Nu ka ŋuti nèle nu xam ale? Ɖe nyamewu viŋutsu ewo na wò oa?” 9 Gbe ɖeka le Silo, esi woɖu nu, no nu vɔ la, Hana yi Agbadɔ la me, nunɔla Eli nɔ anyi ɖe eƒe teƒe le Yehowa ƒe Agbadɔ la ƒe mɔnu. 10 Hana nɔ nu xam vevie, nɔ avi fam le esime wònɔ gbe dom ɖa na Yehowa 11 eye wòɖe adzɔgbe na Yehowa be, “O Yehowa Ŋusẽkatãtɔ, ne àkpɔ wò dɔla ƒe nublanuitɔnyenye dzi ɖa, aɖo ŋku dzinye eye màŋlɔ wò dɔla be o, ke boŋ nànae viŋutsu la, ekema matsɔe na Yehowa le eƒe agbemeŋkekewo katã me eye talũhɛ maka eƒe ta ŋu o.” 12 Esime Hana nɔ gbe dom ɖa na Yehowa la, Eli nɔ ŋku lém ɖe eƒe nuyiwo ŋu. 13 Hana do gbea ɖa le eƒe dzi me, eƒe nuyiwo nɔ ʋaʋãm butubutu gake eƒe gbe meɖi wose o, eya ta Eli bu be ahae wòmu. 14 Ale Eli biae be, “Va se ɖe ɣe ka ɣi nàmu aha? Na wain la nakɔ le mo na wò.” 15 Hana ɖo eŋu gblɔ be, “Ao, nye aƒetɔ, nyɔnu si ƒe dzi le nu xam lae menye. Nyemenoa wain alo aha sesẽ o; ke boŋ nye dzimenuxaxa ko ɖem mele ɖe Yehowa ŋkume. 16 Mègabu wò dɔlanyɔnu vɔ̃ɖi o. Nye xaxawo tae mele gbe dom ɖa le afi sia le nuxaxa blibo me.” 17 Eli gblɔ be, “Heyi le ŋutifafa me eye Israel ƒe Mawu la nana nu si nèbiae la wò!” 18 Hana gblɔ be, “Na wò dɔla nakpɔ amenuveve le gbɔwò.” Ale wòlé eƒe mɔ tsɔ eye wòdi nane ɖu, ale be megato mo azɔ o. 19 Ƒome blibo la fɔ ŋdi kanya heyi ɖasubɔ Yehowa le Agbadɔ la me eye wotrɔ yi woƒe aƒe me le Rama. Elkana dɔ srɔ̃a Hana gbɔ eye Yehowa ɖo ŋku Hana dzi. 20 Ale le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Hana fɔ fu, dzi viŋutsu eye wòna ŋkɔe be Samuel elabena egblɔ be, “Yehowa si mee mebiae le.” 21 Esi ƒe trɔ la, Elkana kple eƒe ƒometɔwo katã gawɔ mɔzɔzɔ si wowɔna ƒe sia ƒe heyi ɖe Yehowa ƒe Agbadɔ la me be wòaxe eƒe adzɔgbeɖefe. 22 Ke Hana meyi o. Egblɔ na srɔ̃a be, “Malala va se ɖe esime ɖevi la dzudzɔ nonono ekema makplɔe ayi na Yehowa eye wòanɔ afi ma ɖaa.” 23 Elkana lɔ̃ ɖe edzi hegblɔ be, “Enyo; wɔ nu sia nu si nèkpɔ be edze. Woawɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu.”Ale Hana nɔ aƒe me va se ɖe esime Samuel dzudzɔ nonono. 24 Esi wòtso no na ɖevia la, ekplɔ ɖevi la, togbɔ be metsi o hã la, etsɔ nyitsu si xɔ ƒe etɔ̃, wɔ lita blaeve-vɔ-eve kple wainlãgbalẽgolo ɖeka kpe ɖe eŋuti eye wòkplɔe va Yehowa ƒe aƒe me le Silo. 25 Le vɔsa la megbe la, wokplɔ ɖevi la yi Eli gbɔ. 26 Hana bia Eli be, “Nye aƒetɔ, èɖo ŋku dzinyea? Nyee nye nyɔnu si tsi tsitre ɖe afi sia ɣe aɖe ɣi henɔ gbe dom ɖa na Yehowa. 27 Meɖe kuku nɛ be wòana ɖevi siam eye wòna nu si mebiae lam. 28 Eya ta mele ɖevi la tsɔm na Yehowa azɔ le eƒe agbemeŋkekewo katã me.” Ale Hana gblẽ ɖevia ɖe afi ma le Agbadɔ la me na Yehowa.

In Other Versions

1 Samuel 1 in the ANGEFD

1 Samuel 1 in the ANTPNG2D

1 Samuel 1 in the AS21

1 Samuel 1 in the BAGH

1 Samuel 1 in the BBPNG

1 Samuel 1 in the BBT1E

1 Samuel 1 in the BDS

1 Samuel 1 in the BEV

1 Samuel 1 in the BHAD

1 Samuel 1 in the BIB

1 Samuel 1 in the BLPT

1 Samuel 1 in the BNT

1 Samuel 1 in the BNTABOOT

1 Samuel 1 in the BNTLV

1 Samuel 1 in the BOATCB

1 Samuel 1 in the BOATCB2

1 Samuel 1 in the BOBCV

1 Samuel 1 in the BOCNT

1 Samuel 1 in the BOGWICC

1 Samuel 1 in the BOHCB

1 Samuel 1 in the BOHCV

1 Samuel 1 in the BOHLNT

1 Samuel 1 in the BOHNTLTAL

1 Samuel 1 in the BOICB

1 Samuel 1 in the BOILNTAP

1 Samuel 1 in the BOITCV

1 Samuel 1 in the BOKCV

1 Samuel 1 in the BOKCV2

1 Samuel 1 in the BOKHWOG

1 Samuel 1 in the BOKSSV

1 Samuel 1 in the BOLCB

1 Samuel 1 in the BOLCB2

1 Samuel 1 in the BOMCV

1 Samuel 1 in the BONAV

1 Samuel 1 in the BONCB

1 Samuel 1 in the BONLT

1 Samuel 1 in the BONUT2

1 Samuel 1 in the BOPLNT

1 Samuel 1 in the BOSCB

1 Samuel 1 in the BOSNC

1 Samuel 1 in the BOTLNT

1 Samuel 1 in the BOVCB

1 Samuel 1 in the BOYCB

1 Samuel 1 in the BPBB

1 Samuel 1 in the BPH

1 Samuel 1 in the BSB

1 Samuel 1 in the CCB

1 Samuel 1 in the CUV

1 Samuel 1 in the CUVS

1 Samuel 1 in the DBT

1 Samuel 1 in the DGDNT

1 Samuel 1 in the DHNT

1 Samuel 1 in the DNT

1 Samuel 1 in the ELBE

1 Samuel 1 in the EMTV

1 Samuel 1 in the ESV

1 Samuel 1 in the FBV

1 Samuel 1 in the FEB

1 Samuel 1 in the GGMNT

1 Samuel 1 in the GNT

1 Samuel 1 in the HARY

1 Samuel 1 in the HNT

1 Samuel 1 in the IRVA

1 Samuel 1 in the IRVB

1 Samuel 1 in the IRVG

1 Samuel 1 in the IRVH

1 Samuel 1 in the IRVK

1 Samuel 1 in the IRVM

1 Samuel 1 in the IRVM2

1 Samuel 1 in the IRVO

1 Samuel 1 in the IRVP

1 Samuel 1 in the IRVT

1 Samuel 1 in the IRVT2

1 Samuel 1 in the IRVU

1 Samuel 1 in the ISVN

1 Samuel 1 in the JSNT

1 Samuel 1 in the KAPI

1 Samuel 1 in the KBT1ETNIK

1 Samuel 1 in the KBV

1 Samuel 1 in the KJV

1 Samuel 1 in the KNFD

1 Samuel 1 in the LBA

1 Samuel 1 in the LBLA

1 Samuel 1 in the LNT

1 Samuel 1 in the LSV

1 Samuel 1 in the MAAL

1 Samuel 1 in the MBV

1 Samuel 1 in the MBV2

1 Samuel 1 in the MHNT

1 Samuel 1 in the MKNFD

1 Samuel 1 in the MNG

1 Samuel 1 in the MNT

1 Samuel 1 in the MNT2

1 Samuel 1 in the MRS1T

1 Samuel 1 in the NAA

1 Samuel 1 in the NASB

1 Samuel 1 in the NBLA

1 Samuel 1 in the NBS

1 Samuel 1 in the NBVTP

1 Samuel 1 in the NET2

1 Samuel 1 in the NIV11

1 Samuel 1 in the NNT

1 Samuel 1 in the NNT2

1 Samuel 1 in the NNT3

1 Samuel 1 in the PDDPT

1 Samuel 1 in the PFNT

1 Samuel 1 in the RMNT

1 Samuel 1 in the SBIAS

1 Samuel 1 in the SBIBS

1 Samuel 1 in the SBIBS2

1 Samuel 1 in the SBICS

1 Samuel 1 in the SBIDS

1 Samuel 1 in the SBIGS

1 Samuel 1 in the SBIHS

1 Samuel 1 in the SBIIS

1 Samuel 1 in the SBIIS2

1 Samuel 1 in the SBIIS3

1 Samuel 1 in the SBIKS

1 Samuel 1 in the SBIKS2

1 Samuel 1 in the SBIMS

1 Samuel 1 in the SBIOS

1 Samuel 1 in the SBIPS

1 Samuel 1 in the SBISS

1 Samuel 1 in the SBITS

1 Samuel 1 in the SBITS2

1 Samuel 1 in the SBITS3

1 Samuel 1 in the SBITS4

1 Samuel 1 in the SBIUS

1 Samuel 1 in the SBIVS

1 Samuel 1 in the SBT

1 Samuel 1 in the SBT1E

1 Samuel 1 in the SCHL

1 Samuel 1 in the SNT

1 Samuel 1 in the SUSU

1 Samuel 1 in the SUSU2

1 Samuel 1 in the SYNO

1 Samuel 1 in the TBIAOTANT

1 Samuel 1 in the TBT1E

1 Samuel 1 in the TBT1E2

1 Samuel 1 in the TFTIP

1 Samuel 1 in the TFTU

1 Samuel 1 in the TGNTATF3T

1 Samuel 1 in the THAI

1 Samuel 1 in the TNFD

1 Samuel 1 in the TNT

1 Samuel 1 in the TNTIK

1 Samuel 1 in the TNTIL

1 Samuel 1 in the TNTIN

1 Samuel 1 in the TNTIP

1 Samuel 1 in the TNTIZ

1 Samuel 1 in the TOMA

1 Samuel 1 in the TTENT

1 Samuel 1 in the UBG

1 Samuel 1 in the UGV

1 Samuel 1 in the UGV2

1 Samuel 1 in the UGV3

1 Samuel 1 in the VBL

1 Samuel 1 in the VDCC

1 Samuel 1 in the YALU

1 Samuel 1 in the YAPE

1 Samuel 1 in the YBVTP

1 Samuel 1 in the ZBP