2 Chronicles 20 (BOECS)

1 Le esiawo megbe la, Moabtɔwo kple Amonitɔwo ho aʋa ɖe Yehosafat ŋu. Ke Meunitetɔ aɖewo kpe ɖe wo ŋu. 2 Yehosafat se be, “Aʋakɔ gã aɖe ho aʋa ɖe ŋuwò tso Dzeƒu la godo le Siria gbɔna eye wova ɖo Hazazon Tamar, si wogayɔna hã be En Gedi la xoxo.” 3 Nya sia na vɔvɔ̃ ɖo Yehosafat ale gbegbe be, wòɖo ta me be yeabia Yehowa ne wòakpe ɖe ye ŋu eya ta wòɖe gbeƒã bena, Yudatɔwo katã natsi nu adɔ ɣeyiɣi aɖe, aɖe asi le woƒe nu vɔ̃wo ŋu eye woado gbe ɖa na Mawu. 4 Amewo tso Yuda ƒe akpa ɖe sia ɖe eye wowɔ ɖeka kple Yehosafat heɖe kuku na Yehowa. 5 Yehosafat tsi tsitre ɖe ameawo dome le gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnu yeye la eye wòdo gbe ɖa bena, 6 “Oo Yehowa, mía fofowo ƒe Mawu, Mawu ɖeka si le dziƒowo, wòe nye anyigbadzifiaɖuƒewo katã Dziɖula, wò ŋusẽ tri akɔ, ame kae ate ŋu atsi tsitre ɖe ŋuwò? 7 Oo míaƒe Mawu, ɖe menye wòe nya trɔ̃subɔla siwo nɔ anyigba sia dzi, esi Israel, wò amewo va ɖo la ɖa oa? Ɖe menye wòe tsɔ anyigba sia na xɔ̃wò Abraham ƒe dzidzimeviwo oa? 8 Wò amewo tso aƒe ɖe afi sia, wotu gbedoxɔ sia na wò 9 eye woxɔe se be, le ŋɔdziɣi abe esia ene la, ne nukpekeamewo va mía dzi abe aʋawɔwɔ, dɔléle alo dɔwuame ene la, míate ŋu atsi tsitre ɖe afi sia, le gbedoxɔ sia ŋgɔ elabena èle afi sia, le gbedoxɔ sia me, míado ɣli ayɔ wò be nàɖe mí eye míeka ɖe edzi be, àse míaƒe kukuɖeɣliwo eye nàɖe mí. 10 “Azɔ la, kpɔ nu si Amon ƒe viwo, Moabtɔwo kple Seirtɔwo ƒe aʋakɔwo le wɔwɔm ɖa. Mèna mía tɔgbuiwo wɔ aʋa kpli wo esime Israel dzo le Egipte o, ale míeƒo xlã to wo ŋu eye míetsrɔ̃ wo o. 11 Azɔ la, kpɔ ale si wodi be yewoaɖo eteƒe na mí ɖa! Wova be woanya mí le wò anyigba si nèna mí la dzi. 12 Oo míaƒe Mawu, màxe mɔ na wo oa? Míate ŋu anɔ te ɖe aʋakɔ sesẽ sia nu o. Míenya nu si míawɔ o eya ta míele wò asinu kpɔm.” 13 Esi ame siwo tso Yuda ƒe akpa ɖe sia ɖe tsi tsitre ɖe Yehowa ŋkume kple wo srɔ̃wo kple wo viwo la, 14 Yehowa ƒe Gbɔgbɔ va dze ame siwo nɔ tsitre ɖe afi ma la dometɔ ɖeka dzi. Ame siae nye Yahaziel, ame si fofoe nye Zekaria, ame si fofoe nye Benaya, ame si fofoe nye Yeiel, ame si fofoe nye Matania, Levi ƒe vi, ame si nye Asaf ƒe viwo dometɔ ɖeka. 15 Yahaziel gblɔ be, “Miɖo tom, mi ame siwo katã tso Yuda kple Yerusalem kple wò, Fia Yehosafat. Yehowa be, ‘Migavɔ̃ o! Migana aʋakɔ gã sia nana dzidzi naƒo mi o elabena aʋa la menye mia tɔe o ke boŋ Mawu tɔe! 16 Miyi miakpe aʋa kpli wo etsɔ! Miakpɔ wo le Ziz to la kɔgo le balime si yi ɖe Yeruel gbegbe la ƒe nuwuwu! 17 Ke mahiã be miawɔ aʋa kura o! Miyi ɖanɔ miaƒe teƒewo ko ne miakpɔ ale si Mawu aɖe mi nukutɔe la ɖa. Oo Yuda kple Yerusalem ƒe amewo! Migavɔ̃ o eye migabu dzideƒo hã o! Miawo miyi afi ma etsɔ ko elabena Yehowa li kpli mi!’ ” 18 Eye Fia Yehosafat mlɔ anyigba, tsyɔ mo anyi eye Yuda blibo la kple Yerusalemtɔwo katã hã wɔ nenema henɔ Yehowa subɔm. 19 Eye Levitɔwo tso Kohat kple Korah ƒe hlɔ̃wo me tsi tsitre hekafu Yehowa, Israel ƒe Mawu kple kafukafuha siwo me kɔ eye wodzi ha sesĩe. 20 Yuda ƒe aʋakɔ la ho ŋdi kanyaa yi Tekoa gbegbe. Esi wonɔ mɔa dzi yina la, Yehosafat tɔ ameawo eye wògblɔ na wo be, “Miɖo tom, Yuda kple Yerusalemtɔwo. Mixɔ Yehowa, miaƒe Mawu la dzi se ekema miaɖu dzi! Mixɔ eƒe nyagblɔɖilawo dzi se ekema nu sia nu adze edzi na mi!” 21 Le aɖaŋuɖoɖo kple dukɔa kplɔlawo vɔ megbe la, eɖo be hadzilawo nado awu siwo ŋu wokɔ, anɔ zɔzɔm le aʋakɔ la ŋgɔ,“Atsɔ kafukafu kple akpedada na Yehowa eye woanɔ ha dzim be,eƒe amenuveve li tegbee.” 22 Esi wode asi kafukafuha la dzidzime ko la, Yehowa na Amon ƒe viwo kple Moab ƒe viwo kple Seir ƒe to la ƒe aʋakɔwo de asi aʋawɔwɔ me kple wo nɔewo eye wowu wo ŋutɔwo ƒe amewo! 23 Amon ƒe viwo kple Moab ƒe viwo trɔ ɖe ame siwo wotsɔ be woawɔ aʋa na yewo to Seir to la dzi la ŋu eye wowu wo katã. Le esia megbe la, wotrɔ ɖe wo nɔewo ŋu! 24 Ale esi Yuda ƒe aʋakɔ la va ɖo xɔ tsrala si dzi dzɔlawo nɔna kpɔa gbegbe la ɖa gbɔ la, wokpɔ ame kukuwo le anyigba le afi sia afi, ame ɖeka pɛ gɔ̃ hã mete ŋu si dzo o. 25 Fia Yehosafat kple eƒe amewo yi ɖaha nuwo le ame kukuawo ŋu. Wokpɔ ga, awuwo kple kpe xɔasi geɖewo ɖe le wo ŋu ale gbegbe be wotsɔ ŋkeke etɔ̃ sɔŋ lɔ afunyinuawo! 26 Le ŋkeke enelia gbe la, woƒo ƒu ɖe balime si woyɔna va se ɖe egbe be Yayrabalime la eye wokafu Mawu ale si woate ŋui. 27 Ale Yehosafat nɔ ŋgɔ na ameawo eye wotrɔ gbɔ va Yerusalem kple dzidzɔ be Yehowa ɖe yewo nukutɔe alea tso yewoƒe futɔwo ƒe asi me. 28 Wozɔ ge ɖe Yerusalem du la me esime wonɔ kasaŋkuwo kple saŋkuwo ƒom nɔ kpẽwo kum eye woyi ɖe gbedoxɔ la me. 29 Abe ale si wòdzɔ kpɔ va yi ene la, esi dukɔ siwo ƒo xlã wo se be, Yehowa ŋutɔe wɔ aʋa kple Israel ƒe futɔwo la, vɔvɔ̃ ɖo wo le Mawu ŋu. 30 Ale ŋutifafa nɔ Yehosafat ƒe fiaɖuƒe me elabena eƒe Mawu na dzudzɔe. 31 Fia Yehosafat ƒe nyawo le ale: Ezu Yuda fia esi wòxɔ ƒe blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ eye wòɖu fia le Yerusalem ƒe blaeve vɔ atɔ̃. Dadaa ŋkɔe nye Azuba, Silhi ƒe vinyɔnu. 32 Yehosafat nye fia nyui aɖe abe fofoa, Asa ene; edze agbagba ɣe sia ɣi be yeadze Yehowa ŋu, 33 ke meɖe nuxeƒewo ɖa le togbɛawo dzi o eye ameawo hã meɖo ta me be yewoasubɔ wo fofowo ƒe Mawu haɖe o, 34 Woŋlɔ nu sia nu tso Yehosafat ƒe fiaɖuɖu ŋu ɖe ŋutinya si Yehu, Hanani ƒe vi, ŋlɔ wode Israel fiawo Ƒe Ŋutinya me la me. 35 Ke le eƒe agbe ƒe nuwuwu la, Yuda fia Yehosafat wɔ ɖeka kple Israel fia, Ahazia, ame si nye ame vɔ̃ɖi aɖe. 36 Ebla nu kplii be yeatu tɔdziʋuwo le Ezion Geber be woanɔ Tarsis dem. 37 Eliezer si nye Dodavahu ƒe vi, tso Maresa gblɔ nya ɖi ɖe Yehosafat ŋu be, “Esi nèwɔ ɖeka kple Fia Ahazia ta la, Yehowa gblẽ wò dɔwɔwɔwo me.” Ale tɔdziʋuawo gbã le mɔa dzi eye womete ŋu ɖo Tarsis o.

In Other Versions

2 Chronicles 20 in the ANGEFD

2 Chronicles 20 in the ANTPNG2D

2 Chronicles 20 in the AS21

2 Chronicles 20 in the BAGH

2 Chronicles 20 in the BBPNG

2 Chronicles 20 in the BBT1E

2 Chronicles 20 in the BDS

2 Chronicles 20 in the BEV

2 Chronicles 20 in the BHAD

2 Chronicles 20 in the BIB

2 Chronicles 20 in the BLPT

2 Chronicles 20 in the BNT

2 Chronicles 20 in the BNTABOOT

2 Chronicles 20 in the BNTLV

2 Chronicles 20 in the BOATCB

2 Chronicles 20 in the BOATCB2

2 Chronicles 20 in the BOBCV

2 Chronicles 20 in the BOCNT

2 Chronicles 20 in the BOGWICC

2 Chronicles 20 in the BOHCB

2 Chronicles 20 in the BOHCV

2 Chronicles 20 in the BOHLNT

2 Chronicles 20 in the BOHNTLTAL

2 Chronicles 20 in the BOICB

2 Chronicles 20 in the BOILNTAP

2 Chronicles 20 in the BOITCV

2 Chronicles 20 in the BOKCV

2 Chronicles 20 in the BOKCV2

2 Chronicles 20 in the BOKHWOG

2 Chronicles 20 in the BOKSSV

2 Chronicles 20 in the BOLCB

2 Chronicles 20 in the BOLCB2

2 Chronicles 20 in the BOMCV

2 Chronicles 20 in the BONAV

2 Chronicles 20 in the BONCB

2 Chronicles 20 in the BONLT

2 Chronicles 20 in the BONUT2

2 Chronicles 20 in the BOPLNT

2 Chronicles 20 in the BOSCB

2 Chronicles 20 in the BOSNC

2 Chronicles 20 in the BOTLNT

2 Chronicles 20 in the BOVCB

2 Chronicles 20 in the BOYCB

2 Chronicles 20 in the BPBB

2 Chronicles 20 in the BPH

2 Chronicles 20 in the BSB

2 Chronicles 20 in the CCB

2 Chronicles 20 in the CUV

2 Chronicles 20 in the CUVS

2 Chronicles 20 in the DBT

2 Chronicles 20 in the DGDNT

2 Chronicles 20 in the DHNT

2 Chronicles 20 in the DNT

2 Chronicles 20 in the ELBE

2 Chronicles 20 in the EMTV

2 Chronicles 20 in the ESV

2 Chronicles 20 in the FBV

2 Chronicles 20 in the FEB

2 Chronicles 20 in the GGMNT

2 Chronicles 20 in the GNT

2 Chronicles 20 in the HARY

2 Chronicles 20 in the HNT

2 Chronicles 20 in the IRVA

2 Chronicles 20 in the IRVB

2 Chronicles 20 in the IRVG

2 Chronicles 20 in the IRVH

2 Chronicles 20 in the IRVK

2 Chronicles 20 in the IRVM

2 Chronicles 20 in the IRVM2

2 Chronicles 20 in the IRVO

2 Chronicles 20 in the IRVP

2 Chronicles 20 in the IRVT

2 Chronicles 20 in the IRVT2

2 Chronicles 20 in the IRVU

2 Chronicles 20 in the ISVN

2 Chronicles 20 in the JSNT

2 Chronicles 20 in the KAPI

2 Chronicles 20 in the KBT1ETNIK

2 Chronicles 20 in the KBV

2 Chronicles 20 in the KJV

2 Chronicles 20 in the KNFD

2 Chronicles 20 in the LBA

2 Chronicles 20 in the LBLA

2 Chronicles 20 in the LNT

2 Chronicles 20 in the LSV

2 Chronicles 20 in the MAAL

2 Chronicles 20 in the MBV

2 Chronicles 20 in the MBV2

2 Chronicles 20 in the MHNT

2 Chronicles 20 in the MKNFD

2 Chronicles 20 in the MNG

2 Chronicles 20 in the MNT

2 Chronicles 20 in the MNT2

2 Chronicles 20 in the MRS1T

2 Chronicles 20 in the NAA

2 Chronicles 20 in the NASB

2 Chronicles 20 in the NBLA

2 Chronicles 20 in the NBS

2 Chronicles 20 in the NBVTP

2 Chronicles 20 in the NET2

2 Chronicles 20 in the NIV11

2 Chronicles 20 in the NNT

2 Chronicles 20 in the NNT2

2 Chronicles 20 in the NNT3

2 Chronicles 20 in the PDDPT

2 Chronicles 20 in the PFNT

2 Chronicles 20 in the RMNT

2 Chronicles 20 in the SBIAS

2 Chronicles 20 in the SBIBS

2 Chronicles 20 in the SBIBS2

2 Chronicles 20 in the SBICS

2 Chronicles 20 in the SBIDS

2 Chronicles 20 in the SBIGS

2 Chronicles 20 in the SBIHS

2 Chronicles 20 in the SBIIS

2 Chronicles 20 in the SBIIS2

2 Chronicles 20 in the SBIIS3

2 Chronicles 20 in the SBIKS

2 Chronicles 20 in the SBIKS2

2 Chronicles 20 in the SBIMS

2 Chronicles 20 in the SBIOS

2 Chronicles 20 in the SBIPS

2 Chronicles 20 in the SBISS

2 Chronicles 20 in the SBITS

2 Chronicles 20 in the SBITS2

2 Chronicles 20 in the SBITS3

2 Chronicles 20 in the SBITS4

2 Chronicles 20 in the SBIUS

2 Chronicles 20 in the SBIVS

2 Chronicles 20 in the SBT

2 Chronicles 20 in the SBT1E

2 Chronicles 20 in the SCHL

2 Chronicles 20 in the SNT

2 Chronicles 20 in the SUSU

2 Chronicles 20 in the SUSU2

2 Chronicles 20 in the SYNO

2 Chronicles 20 in the TBIAOTANT

2 Chronicles 20 in the TBT1E

2 Chronicles 20 in the TBT1E2

2 Chronicles 20 in the TFTIP

2 Chronicles 20 in the TFTU

2 Chronicles 20 in the TGNTATF3T

2 Chronicles 20 in the THAI

2 Chronicles 20 in the TNFD

2 Chronicles 20 in the TNT

2 Chronicles 20 in the TNTIK

2 Chronicles 20 in the TNTIL

2 Chronicles 20 in the TNTIN

2 Chronicles 20 in the TNTIP

2 Chronicles 20 in the TNTIZ

2 Chronicles 20 in the TOMA

2 Chronicles 20 in the TTENT

2 Chronicles 20 in the UBG

2 Chronicles 20 in the UGV

2 Chronicles 20 in the UGV2

2 Chronicles 20 in the UGV3

2 Chronicles 20 in the VBL

2 Chronicles 20 in the VDCC

2 Chronicles 20 in the YALU

2 Chronicles 20 in the YAPE

2 Chronicles 20 in the YBVTP

2 Chronicles 20 in the ZBP