2 Kings 14 (BOECS)

1 Le Israel fia, Yehoas, Yehoahaz ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe evelia me la, Amazia, Yoas ƒe vi zu fia le Yuda. 2 Amazia xɔ ƒe blaeve vɔ atɔ̃ ɣe ma ɣi eye wòɖu fia le Yerusalem ƒe blaeve-vɔ-asiekɛ. Dadaa ŋkɔe nye Yehoadin, ame si tso Yerusalem. 3 Amazia wɔ nu si dze Yehowa ŋu. Togbɔ be mede tɔgbuia David nu o hã la, enye fia nyui aɖe abe fofoa Yoas ene. 4 Megbã nuxeƒewo le toawo dzi o, ale ameawo gasaa vɔ eye wogadoa dzudzɔ ʋeʋĩ le afi ma kokoko. 5 Esi Amazia kpɔ be fiaɖuƒe la li ke ɖe yeƒe asi me la, ewu dumegã siwo katã wu fofoa. 6 Ke mewu hlɔ̃dolawo ƒe viwo o, abe ale si Yehowa de se gblɔ woŋlɔ ɖe Mose ƒe Segbalẽa me ene bena, “Womawu fofowo ɖe viwo ƒe nu vɔ̃wo ta o, eye nenema ke womawu viwo ɖe fofowo ƒe nu vɔ̃wo ta o. Woawu ame sia ame ɖe eya ŋutɔ ko ƒe nu vɔ̃ ta.” 7 Amaziae wu Edomtɔ akpe ewo le Dze Balime. Exɔ Sela du la hã eye wòtrɔ ŋkɔ nɛ bena Yɔkteel. Ŋkɔ sia tsi eŋu va se ɖe egbe. 8 Gbe ɖeka la, Yuda fia, Amazia ɖo du ɖe Israel fia Yehoas, Yehoahaz ƒe vi kple Yehu tɔgbuiyɔvi la, be ne enye ŋutsu la, wòakplɔ eƒe aʋakɔ vɛ yewoawɔ aʋa. 9 Fia Yehoas do lo sia na Amazia be, “Ŋuve sue aɖe le Lebanon towo dzi gblɔ na sedati be, ‘Tsɔ viwò nyɔnu nam maɖe na vinye ŋutsu.’ Le ɣe ma ɣi tututu la, lã wɔadã aɖe va nye avuzi le ŋuve la dzi eye wògbãe ɖe anyigba. 10 Èɖu Edomtɔwo dzi eye wònye adegbeƒoƒo gã aɖe na wò. Ke aɖaŋu si maɖo na wò lae nye nàkpɔ ŋudzedze le wò dziɖuɖu ŋu eye nànɔ mia de kpoo! Nu ka ta nàhe dzɔgbevɔ̃e va ɖokuiwò kple Yuda siaa dzi?” 11 Ke Amazia gbe toɖoɖoe, ale Israel fia Yehoas ƒo ƒu aʋakɔ aɖe nu ɖe eŋu. Yoas kple Amazia ƒe aʋakɔwo do go le Bet Semes le Yuda. 12 Ke Israel si Yuda eye eƒe aʋakɔ katã si yi aƒe. 13 Israel fia Yehoas lé Amazia, Yuda fia, ame si nye Yoas ƒe vi, Ahazia ƒe vi le Bet Semes. Tete Yehoas yi Yerusalem eye wògbã Yerusalem ƒe gliwo ƒu anyi tso Efraimgbo la nu va se ɖe Dzogoedzigbo la gbɔ. Teƒe si wògbã la didi abe mita alafa ɖeka blaenyi ene (180). 14 Fia Yehoas lɔ sika kple klosalo kple sikakplu siwo le Yehowa ƒe gbedoxɔa me kple fiasã la ƒe nudzraɖoƒewo katã hekpe ɖe awɔbamewo ŋu eye wògbugbɔ yi Samaria. 15 Woŋlɔ nu mamlɛawo tso Yehoas ƒe fiaɖuɖu kple eƒe aʋawɔwɔ kple Yuda fia Amazia ŋu ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. 16 Esi Yehoas ku la, woɖii ɖe Samaria le Israel fia bubuwo gbɔ eye via Yeroboam ɖu fia ɖe eteƒe. 17 Ke Yuda fia Amazia, Yoas vi nɔ agbe ƒe wuiatɔ̃ le Israel fia Yehoas, Yehoahaz vi ƒe ku megbe. 18 Woŋlɔ Amazia ƒe ŋutinya mamlɛa ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. 19 Woɖo nugbe ɖe eƒe agbe ŋu le Yerusalem ale wòsi yi Lakis, ke eƒe futɔwo dɔ ame ɖa woyi Lakis ɖawui le afi ma. 20 Wokɔ eƒe kukua ɖe sɔwo dzi va ɖi ɖe fiawo ƒe ameɖibɔ me le Yerusalem ƒe akpa si nye Fia David ƒe du la me. 21 Wotsɔ via, Azaria ɖo fiae ɖe eteƒe, esi Azaria xɔ ƒe wuiade ko. 22 Le fofoa ƒe ku megbe la, etu Elat eye wòxɔe na Yuda. 23 Azɔ la, Yeroboam Evelia zu Israel fia le Yuda fia Amazia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiatɔ̃lia me. Yeroboam ɖu fia ƒe blaene-vɔ-ɖekɛ. 24 Enye fia vɔ̃ɖi aɖe le Yehowa ŋkume abe Yeroboam Gbãtɔ, Nebat ƒe vi, ame si kplɔ Israel de legbawo subɔsubɔ ƒe nu vɔ̃ me la ene. 25 Yeroboam Evelia gbugbɔ Israel ƒe anyigba xɔ tso Lebo Hamat va se ɖe Araba ƒu la nu abe ale si Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe do ŋgɔ to Yona, Amitai ƒe vi, ame si nye Nyagblɔɖila tso Gat Hefer dzi la ene. 26 Nu sia va eme elabena Yehowa kpɔ xaxa gã si me Israel ɖo; kluviwo kple dzɔleaƒeawo siaa le fu kpem, evɔ xɔnametɔ aɖeke menɔ wo si o la dzi ɖa. 27 Gawu la, Yehowa megblɔ be yeatutu Israel ƒe ŋkɔ ɖa le anyigba dzi o, eya ta wòto Fia Yeroboam Evelia, Yehoas ƒe vi la dzi ɖe Israel. 28 Woŋlɔ Fia Yeroboam Evelia ŋutinya, nu siwo katã wòwɔ, ŋusẽ gã si wòkpɔ, eƒe aʋawɔwɔwo kple ale si wògbugbɔ Damasko kple Hamat, du siwo Yuda xɔ le Israel si la, xɔ la ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. 29 Esi Yeroboam Evelia ku la, woɖii ɖe Israel Fia bubuwo gbɔ eye via Zekaria zu Israel Fia yeye la.

In Other Versions

2 Kings 14 in the ANGEFD

2 Kings 14 in the ANTPNG2D

2 Kings 14 in the AS21

2 Kings 14 in the BAGH

2 Kings 14 in the BBPNG

2 Kings 14 in the BBT1E

2 Kings 14 in the BDS

2 Kings 14 in the BEV

2 Kings 14 in the BHAD

2 Kings 14 in the BIB

2 Kings 14 in the BLPT

2 Kings 14 in the BNT

2 Kings 14 in the BNTABOOT

2 Kings 14 in the BNTLV

2 Kings 14 in the BOATCB

2 Kings 14 in the BOATCB2

2 Kings 14 in the BOBCV

2 Kings 14 in the BOCNT

2 Kings 14 in the BOGWICC

2 Kings 14 in the BOHCB

2 Kings 14 in the BOHCV

2 Kings 14 in the BOHLNT

2 Kings 14 in the BOHNTLTAL

2 Kings 14 in the BOICB

2 Kings 14 in the BOILNTAP

2 Kings 14 in the BOITCV

2 Kings 14 in the BOKCV

2 Kings 14 in the BOKCV2

2 Kings 14 in the BOKHWOG

2 Kings 14 in the BOKSSV

2 Kings 14 in the BOLCB

2 Kings 14 in the BOLCB2

2 Kings 14 in the BOMCV

2 Kings 14 in the BONAV

2 Kings 14 in the BONCB

2 Kings 14 in the BONLT

2 Kings 14 in the BONUT2

2 Kings 14 in the BOPLNT

2 Kings 14 in the BOSCB

2 Kings 14 in the BOSNC

2 Kings 14 in the BOTLNT

2 Kings 14 in the BOVCB

2 Kings 14 in the BOYCB

2 Kings 14 in the BPBB

2 Kings 14 in the BPH

2 Kings 14 in the BSB

2 Kings 14 in the CCB

2 Kings 14 in the CUV

2 Kings 14 in the CUVS

2 Kings 14 in the DBT

2 Kings 14 in the DGDNT

2 Kings 14 in the DHNT

2 Kings 14 in the DNT

2 Kings 14 in the ELBE

2 Kings 14 in the EMTV

2 Kings 14 in the ESV

2 Kings 14 in the FBV

2 Kings 14 in the FEB

2 Kings 14 in the GGMNT

2 Kings 14 in the GNT

2 Kings 14 in the HARY

2 Kings 14 in the HNT

2 Kings 14 in the IRVA

2 Kings 14 in the IRVB

2 Kings 14 in the IRVG

2 Kings 14 in the IRVH

2 Kings 14 in the IRVK

2 Kings 14 in the IRVM

2 Kings 14 in the IRVM2

2 Kings 14 in the IRVO

2 Kings 14 in the IRVP

2 Kings 14 in the IRVT

2 Kings 14 in the IRVT2

2 Kings 14 in the IRVU

2 Kings 14 in the ISVN

2 Kings 14 in the JSNT

2 Kings 14 in the KAPI

2 Kings 14 in the KBT1ETNIK

2 Kings 14 in the KBV

2 Kings 14 in the KJV

2 Kings 14 in the KNFD

2 Kings 14 in the LBA

2 Kings 14 in the LBLA

2 Kings 14 in the LNT

2 Kings 14 in the LSV

2 Kings 14 in the MAAL

2 Kings 14 in the MBV

2 Kings 14 in the MBV2

2 Kings 14 in the MHNT

2 Kings 14 in the MKNFD

2 Kings 14 in the MNG

2 Kings 14 in the MNT

2 Kings 14 in the MNT2

2 Kings 14 in the MRS1T

2 Kings 14 in the NAA

2 Kings 14 in the NASB

2 Kings 14 in the NBLA

2 Kings 14 in the NBS

2 Kings 14 in the NBVTP

2 Kings 14 in the NET2

2 Kings 14 in the NIV11

2 Kings 14 in the NNT

2 Kings 14 in the NNT2

2 Kings 14 in the NNT3

2 Kings 14 in the PDDPT

2 Kings 14 in the PFNT

2 Kings 14 in the RMNT

2 Kings 14 in the SBIAS

2 Kings 14 in the SBIBS

2 Kings 14 in the SBIBS2

2 Kings 14 in the SBICS

2 Kings 14 in the SBIDS

2 Kings 14 in the SBIGS

2 Kings 14 in the SBIHS

2 Kings 14 in the SBIIS

2 Kings 14 in the SBIIS2

2 Kings 14 in the SBIIS3

2 Kings 14 in the SBIKS

2 Kings 14 in the SBIKS2

2 Kings 14 in the SBIMS

2 Kings 14 in the SBIOS

2 Kings 14 in the SBIPS

2 Kings 14 in the SBISS

2 Kings 14 in the SBITS

2 Kings 14 in the SBITS2

2 Kings 14 in the SBITS3

2 Kings 14 in the SBITS4

2 Kings 14 in the SBIUS

2 Kings 14 in the SBIVS

2 Kings 14 in the SBT

2 Kings 14 in the SBT1E

2 Kings 14 in the SCHL

2 Kings 14 in the SNT

2 Kings 14 in the SUSU

2 Kings 14 in the SUSU2

2 Kings 14 in the SYNO

2 Kings 14 in the TBIAOTANT

2 Kings 14 in the TBT1E

2 Kings 14 in the TBT1E2

2 Kings 14 in the TFTIP

2 Kings 14 in the TFTU

2 Kings 14 in the TGNTATF3T

2 Kings 14 in the THAI

2 Kings 14 in the TNFD

2 Kings 14 in the TNT

2 Kings 14 in the TNTIK

2 Kings 14 in the TNTIL

2 Kings 14 in the TNTIN

2 Kings 14 in the TNTIP

2 Kings 14 in the TNTIZ

2 Kings 14 in the TOMA

2 Kings 14 in the TTENT

2 Kings 14 in the UBG

2 Kings 14 in the UGV

2 Kings 14 in the UGV2

2 Kings 14 in the UGV3

2 Kings 14 in the VBL

2 Kings 14 in the VDCC

2 Kings 14 in the YALU

2 Kings 14 in the YAPE

2 Kings 14 in the YBVTP

2 Kings 14 in the ZBP