2 Kings 18 (BOECS)

1 Le Israel fia, Hosea, Ela ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe etɔ̃lia me la, Yuda fia, Ahaz ƒe viŋutsu Hezekia zu fia. 2 Edze fiaɖuɖu gɔme esi wòxɔ ƒe blaeve vɔ atɔ̃. Eɖu fia ƒe blaeve-vɔ-asiekɛ le Yerusalem. Dadaa ŋkɔe nye Abiya, Zekaria ƒe vinyɔnu. 3 Eɖu fia nyuie le Mawu ƒe ŋkume abe fofoa, David ene. 4 Hezekia gbã nuxeƒe siwo nɔ toawo dzi kple woƒe aƒeliwo. Eho aƒeliwo, hegbã akɔblida si Mose wɔ eye wona ŋkɔe be Nehustan elabena va se ɖe fifia la, Israelviwo gadoa dzudzɔ nɛ. 5 Exɔ Yehowa, Israel ƒe Mawu la dzi se kple dzi blibo eye fia siwo do ŋgɔ nɛ kple esiwo kplɔe ɖo la dometɔ aɖeke menɔ Yehowa ŋu kplikplikpli kpɔ abe eya ene o. 6 Elé ɖe Yehowa ŋu eye megbugbɔ le eyome o. Elé se siwo katã Yehowa de na Mose la me ɖe asi. 7 Yehowa nɔ kplii eye wòna nu sia nu si wòwɔ la dze edzi nɛ. Etso ɖe Asiria fia ŋu eye mesubɔe o. 8 Hezekia ɖu Filistitɔwo dzi tso gbetakpɔxɔ dzi va se ɖe du siwo woɖo gli ƒo xlãe la dzi; eɖu Filistitɔwo dzi yi ɖe Gaza kple eƒe nutowo me ke. 9 Le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe enelia si nye Fia Hosea, Ela vi, ƒe fiaɖuɖu le Israel ƒe ƒe adrelia me la, Asiria fia, Salmaneser, ho aʋa ɖe Israel ŋu eye wòɖe to ɖe Samaria du la. 10 Le ƒe etɔ̃ megbe, si nye Fia Hezekia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe adelia kple Israel fia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe asiekɛlia me la, woɖu Samaria dzi. 11 Ɣe ma ɣie Asiria fia ɖe aboyo Israelviwo yi Asiria eye wòda wo ɖe Hala du la me kple teƒe siwo le Habor tɔsisi la to le Gozan kple Mediatɔwo ƒe duwo me. 12 Eva eme alea elabena Israelviwo gbe toɖoɖo Yehowa, woƒe Mawu la eye womewɔ nu si wòdi be woawɔ la o, ke boŋ woda le eƒe nubabla la dzi eye wogbe se siwo katã Mose, Yehowa ƒe dɔla de na wo la dzi wɔwɔ. 13 Emegbe le Fia Hezekia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuienelia me la, Asiria fia, Senakerib ɖe to ɖe Yuda du siwo katã woglã la eye wòɖu wo dzi. 14 Fia Hezekia ɖe kuku, bia ŋutifafa eye wòɖo du ɖe Asiria fia le Lakis be, “Meda vo eya ta maxe fe ɖe sia ɖe si nàbla nam ne àdzo le nye anyigba dzi ko.” Ale Asiria fia bia be wòaxe klosalo kilo akpe ewo kple sika kilo akpe ɖeka na ye. 15 Hena ga home sia kpɔkpɔ la, Fia Hezekia dzra klosalo si wodzra ɖo ɖe gbedoxɔ la kple fiasã la ƒe nudzraɖoƒewo me. 16 Etsɔ sika si wofa ɖe gbedoxɔ la ƒe ʋɔtruwo ŋu kple esi eya ŋutɔ fa ɖe ʋɔtrutiwo ŋu gɔ̃ hã la katã na Asiria fia. 17 Togbɔ be Fia Hezekia wɔ nu sia hã la, Asiria fia ɖo eƒe aʋafia, aʋakplɔlawo ƒe amegã, gadzikpɔlawo ƒe tatɔ kple asrafo siwo le gbedzi la ƒe amegã ɖa tso Lakis kple aʋakɔ gã aɖe ɖe Fia Hezekia gbɔ le Yerusalem. Esi wova ɖo Yerusalem la, woƒu asaɖa anyi ɖe mɔ gã la to le afi si woɖaa avɔ le le Dzigbeta la to. 18 Wobia tso Fia Hezekia si be wòava ƒo nu kple yewo, ke Hezekia ɖo Eliakim, Hilkia ƒe vi si nye eƒe asitsanyawo dzi kpɔla, Sebna, eƒe nuŋlɔla kple Yoa, Asaf ƒe vi, dukɔwo ƒe ŋutinyanyala ɖa be woabia ŋutifafa. 19 Aʋafia la gblɔ na wo be, “Gblɔ na Hezekia be,“Ale Asiria fia, fiagã la gblɔe nye esi: ‘Nu ka dzie nètu wò dzideƒo sia ɖo? 20 Ègblɔ be, aʋawɔmɔnuwo kple aʋawɔwɔ ƒe ŋusẽ le ye si, ke nya dzodzrowo ko gblɔm nèle. Ame ka ŋue nèle ŋu ɖom ɖo hafi dze aglã ɖe ŋunye? 21 Kpɔ ɖa, azɔ la, èle ŋu ɖom ɖe Egipte ŋu, Egipte si nye aƒla ŋeŋe si tɔa asi na ame, dea abi ame ŋu ne èziɔ ɖe eŋu. Nenema tututue Farao, Egipte fia le ɖe ame sia ame si ɖoa ŋu ɖe eŋu la ŋuti. 22 Ne ègblɔ be, “Míele ŋu ɖom ɖe Yehowa, míaƒe Mawu la ŋu” la, ɖe menye eya ƒe nuxeƒewo kple vɔsamlekpuiwoe Hezekia gbã, hegblɔ na Yuda kple Yerusalem be, “Ele na mi be miasubɔ le vɔsamlekpui sia ŋgɔ le Yerusalem” oa? 23 “ ‘Va azɔ ne nàtso gbe kple nye aƒetɔ Asiria fia. Matsɔ sɔ akpe eve na wò ne àte ŋu akpɔ wo dolawo ko! 24 Togbɔ be nèle dzi ɖom ɖe Egipte ŋu be wòana tasiaɖamwo kple sɔdolawo wò hã la, aleke nàte ŋu awɔ aɖu nye aƒetɔ ƒe aʋafiawo dometɔ suetɔ gɔ̃ hã dzi? 25 Gawu la, ɖe meva be madze teƒe sia dzi atsrɔ̃e ne nyemexɔ gbe tso Yehowa gbɔ oa? Yehowa ŋutɔe gblɔ nam be mava ƒo ɖe dukɔ sia dzi ne matsrɔ̃e.’ ” 26 Eliakim, Hilkia ƒe vi, Sebna kple Yoa gblɔ na wo be, “Míeɖe kuku ƒo nu na mí le Aramgbe me elabena míese Aramgbe. Migaƒo nu na mí le Hebrigbe me o: ame siwo le glia dzi la ava se míaƒe nyawo.” 27 Ke Asiriatɔwo ƒe aʋafia la ɖo eŋu be, “Ɖe nye aƒetɔ ɖom ɖa be maƒo nu na mi kple miaƒe aƒetɔ koa? Ɖe meɖom ɖe ame siwo le glia dzi la hã gbɔ oa? Elabena evɔ na wo abe miawo ke ene. Woaɖu woawo ŋutɔ ƒe afɔdzi eye woano woawo ŋutɔ ƒe aɖuɖɔ!” 28 Tete aʋafiagã la te va hedo ɣli gblɔ le Hebrigbe me be, “Mise Asiria fia, fiagã la ƒe nya! 29 Ale fia la gblɔe nye esi, migana Hezekia nable mi o. Mate ŋu aɖe mi tso nye asi me o! 30 Migana Hezekia nable mia nu be, miɖo dzi ɖe Yehowa ŋu o, esime wògblɔ be, ‘Yehowa aɖe mi godoo; womatsɔ du sia ade asi na Asiria fia o.’ 31 “Migaɖo to Fia Hezekia o. Nya si Asiria fia gblɔe nye esi: Miwɔ ŋutifafa kplim eye miava gbɔnye. Ekema mia dometɔ ɖe sia ɖe aɖu nu tso eya ŋutɔ ƒe wain kple gboti me eye wòano tsi tso eya ŋutɔ ƒe vudo me 32 va se ɖe esime mava akplɔ mi ayi anyigba si ɖi mia tɔ la dzi, anyigba si dzi bli kple wain yeye le, afi si abolo bɔ ɖo eye waingblewo le, afi si amitiwo kple anyitsi le. Mitia agbe, ke menye ku o!“Migaɖo to Hezekia o, elabena ele mia flum ne egblɔ be, ‘Yehowa axɔ na mí.’ 33 Dukɔ bubu aɖe ƒe mawuwo ɖe eƒe amewo tso Asiria fia ƒe asi me kpɔa? 34 Nya kae dzɔ ɖe Hamat, Arpad, Sefarvaim, Hena kple Iva ƒe mawuwo dzi? Ɖe woɖe Samaria? 35 Ke mawuwo dometɔ kawoe le dukɔ siawo katã me si te ŋu ɖe eƒe anyigba tso nye asi me kpɔ hafi Yehowa ya ate ŋu aɖe Yerusalem tso nye asi me?” 36 Ke ame siwo nɔ glia dzi la meke nu o, elabena woƒe fia de se na wo be, womegagblɔ nya aɖeke o. 37 Azɔ la, Eliakim, Hilkia ƒe vi, asitsanyawo dzikpɔla la kple Sebna, fia ƒe nuŋlɔla kple Yoa, Asaf ƒe vi, dukɔwo ƒe ŋutinyanyala dze woƒe awuwo eye woyi Fia Hezekia gbɔ hegblɔ nya siwo Asiriatɔwo ƒe aʋafia la gblɔ na wo la nɛ.

In Other Versions

2 Kings 18 in the ANGEFD

2 Kings 18 in the ANTPNG2D

2 Kings 18 in the AS21

2 Kings 18 in the BAGH

2 Kings 18 in the BBPNG

2 Kings 18 in the BBT1E

2 Kings 18 in the BDS

2 Kings 18 in the BEV

2 Kings 18 in the BHAD

2 Kings 18 in the BIB

2 Kings 18 in the BLPT

2 Kings 18 in the BNT

2 Kings 18 in the BNTABOOT

2 Kings 18 in the BNTLV

2 Kings 18 in the BOATCB

2 Kings 18 in the BOATCB2

2 Kings 18 in the BOBCV

2 Kings 18 in the BOCNT

2 Kings 18 in the BOGWICC

2 Kings 18 in the BOHCB

2 Kings 18 in the BOHCV

2 Kings 18 in the BOHLNT

2 Kings 18 in the BOHNTLTAL

2 Kings 18 in the BOICB

2 Kings 18 in the BOILNTAP

2 Kings 18 in the BOITCV

2 Kings 18 in the BOKCV

2 Kings 18 in the BOKCV2

2 Kings 18 in the BOKHWOG

2 Kings 18 in the BOKSSV

2 Kings 18 in the BOLCB

2 Kings 18 in the BOLCB2

2 Kings 18 in the BOMCV

2 Kings 18 in the BONAV

2 Kings 18 in the BONCB

2 Kings 18 in the BONLT

2 Kings 18 in the BONUT2

2 Kings 18 in the BOPLNT

2 Kings 18 in the BOSCB

2 Kings 18 in the BOSNC

2 Kings 18 in the BOTLNT

2 Kings 18 in the BOVCB

2 Kings 18 in the BOYCB

2 Kings 18 in the BPBB

2 Kings 18 in the BPH

2 Kings 18 in the BSB

2 Kings 18 in the CCB

2 Kings 18 in the CUV

2 Kings 18 in the CUVS

2 Kings 18 in the DBT

2 Kings 18 in the DGDNT

2 Kings 18 in the DHNT

2 Kings 18 in the DNT

2 Kings 18 in the ELBE

2 Kings 18 in the EMTV

2 Kings 18 in the ESV

2 Kings 18 in the FBV

2 Kings 18 in the FEB

2 Kings 18 in the GGMNT

2 Kings 18 in the GNT

2 Kings 18 in the HARY

2 Kings 18 in the HNT

2 Kings 18 in the IRVA

2 Kings 18 in the IRVB

2 Kings 18 in the IRVG

2 Kings 18 in the IRVH

2 Kings 18 in the IRVK

2 Kings 18 in the IRVM

2 Kings 18 in the IRVM2

2 Kings 18 in the IRVO

2 Kings 18 in the IRVP

2 Kings 18 in the IRVT

2 Kings 18 in the IRVT2

2 Kings 18 in the IRVU

2 Kings 18 in the ISVN

2 Kings 18 in the JSNT

2 Kings 18 in the KAPI

2 Kings 18 in the KBT1ETNIK

2 Kings 18 in the KBV

2 Kings 18 in the KJV

2 Kings 18 in the KNFD

2 Kings 18 in the LBA

2 Kings 18 in the LBLA

2 Kings 18 in the LNT

2 Kings 18 in the LSV

2 Kings 18 in the MAAL

2 Kings 18 in the MBV

2 Kings 18 in the MBV2

2 Kings 18 in the MHNT

2 Kings 18 in the MKNFD

2 Kings 18 in the MNG

2 Kings 18 in the MNT

2 Kings 18 in the MNT2

2 Kings 18 in the MRS1T

2 Kings 18 in the NAA

2 Kings 18 in the NASB

2 Kings 18 in the NBLA

2 Kings 18 in the NBS

2 Kings 18 in the NBVTP

2 Kings 18 in the NET2

2 Kings 18 in the NIV11

2 Kings 18 in the NNT

2 Kings 18 in the NNT2

2 Kings 18 in the NNT3

2 Kings 18 in the PDDPT

2 Kings 18 in the PFNT

2 Kings 18 in the RMNT

2 Kings 18 in the SBIAS

2 Kings 18 in the SBIBS

2 Kings 18 in the SBIBS2

2 Kings 18 in the SBICS

2 Kings 18 in the SBIDS

2 Kings 18 in the SBIGS

2 Kings 18 in the SBIHS

2 Kings 18 in the SBIIS

2 Kings 18 in the SBIIS2

2 Kings 18 in the SBIIS3

2 Kings 18 in the SBIKS

2 Kings 18 in the SBIKS2

2 Kings 18 in the SBIMS

2 Kings 18 in the SBIOS

2 Kings 18 in the SBIPS

2 Kings 18 in the SBISS

2 Kings 18 in the SBITS

2 Kings 18 in the SBITS2

2 Kings 18 in the SBITS3

2 Kings 18 in the SBITS4

2 Kings 18 in the SBIUS

2 Kings 18 in the SBIVS

2 Kings 18 in the SBT

2 Kings 18 in the SBT1E

2 Kings 18 in the SCHL

2 Kings 18 in the SNT

2 Kings 18 in the SUSU

2 Kings 18 in the SUSU2

2 Kings 18 in the SYNO

2 Kings 18 in the TBIAOTANT

2 Kings 18 in the TBT1E

2 Kings 18 in the TBT1E2

2 Kings 18 in the TFTIP

2 Kings 18 in the TFTU

2 Kings 18 in the TGNTATF3T

2 Kings 18 in the THAI

2 Kings 18 in the TNFD

2 Kings 18 in the TNT

2 Kings 18 in the TNTIK

2 Kings 18 in the TNTIL

2 Kings 18 in the TNTIN

2 Kings 18 in the TNTIP

2 Kings 18 in the TNTIZ

2 Kings 18 in the TOMA

2 Kings 18 in the TTENT

2 Kings 18 in the UBG

2 Kings 18 in the UGV

2 Kings 18 in the UGV2

2 Kings 18 in the UGV3

2 Kings 18 in the VBL

2 Kings 18 in the VDCC

2 Kings 18 in the YALU

2 Kings 18 in the YAPE

2 Kings 18 in the YBVTP

2 Kings 18 in the ZBP