2 Samuel 14 (BOECS)

1 Esi Aʋafia Yoab kpɔ be David di vevie be yeagakpɔ Absalom la, 2 eɖo du ɖe nyɔnu nyanu aɖe si nɔ Tekoa. Esi nyɔnu la va la, Yoab gblɔ nɛ be, “Wɔ abe ɖe nèle konyi fam ene eye nàta funyivɔ. Mègavu ɖa o; wɔ ɖokuiwò abe nyɔnu si le fu nyim ɣeyiɣi didi aɖe ene. 3 Ekema nàyi fia la gbɔ eye nàgblɔ nu si magblɔ na wò be nàgblɔ la nɛ.” 4 Esi nyɔnu la ɖo fia la gbɔ la, emlɔ anyigba, tsyɔ mo anyi le fia la ŋkume eye wòdo ɣli be, “Oo, fia, nyo nam!” 5 Fia la biae be, “Nu kae le fu ɖem na wò.”Eɖo eŋu be, “Ahosie menye, srɔ̃nye ku. 6 Viŋutsu eve nɔ nye, wò dɔla si. Wowɔ avu kple wo nɔewo le gbedzi; ame aɖeke menɔ afi ma alé avu wo o. Ale ɖeka wu nɔvia. 7 Azɔ la, ƒometɔ mamlɛawo le biabiam be maɖe asi le esi wu nɔvia la ŋu ne woawu eya hã le ale si wòwu nɔvia la ta. Ne mewɔ woƒe gbe dzi la, viŋutsu aɖeke maganɔ asinye o, ekema srɔ̃nye ƒe ŋkɔ abu le anyigba dzi.” 8 Fia la gblɔ nɛ be, “Gblẽ nya sia ɖe nye asi me; makpɔ egbɔ be ame aɖeke maka asi viwò ŋutsu la ŋu o.” 9 Tekoa nyɔnu la gblɔ nɛ be, “Oo, nye aƒetɔ, meda akpe na wò; ne woaxa wò be nèkpe ɖe ŋunye alea la, maxɔ nya la ɖe ɖokuinye dzi.” 10 Fia la yi edzi be, “Mègatsi dzi le akpa ma ŋu o. Ne ame aɖe melɔ̃ ɖe edzi o la, kplɔe vɛ nam. Meka ɖe edzi na wò be magagblɔ nya aɖeke o!” 11 Nyɔnu la gblɔ na David be, “Meɖe kuku, tsɔ Yehowa, wò Mawu, ka atam nam be, yemaɖe mɔ ame aɖeke nawɔ nuvevi vinye la o. Nyemedi be woagakɔ ʋu bubu aɖeke ɖi o.”David ɖo eŋu be, “Metsɔ Yehowa ka atam na wò bena ame aɖeke manyɔ viwò la ƒe taɖa ɖeka pɛ gɔ̃ hã o!” 12 Nyɔnu la yi edzi be “Meɖe kuku, na magabia nu ɖeka wò, nye aƒetɔ fia la!”David gblɔ nɛ be, “Bia faa!” 13 Nyɔnu la gblɔ be, “Ekema nu ka ta nèɖo nu sia tsitre ɖe Mawu ƒe amewo ŋuti? Elabena le nyametsotso si nèna nu la, fia la bu fɔ eɖokui le esime megbugbɔ via si wònya de gbe la va aƒee o. 14 Mí katã míele kuku ge, mlɔeba la míaƒe agbe le abe tsi si wotrɔ kɔ ɖe anyigba ene, womagate ŋu aklui o. Ke Mawu ayra wò kple agbe didi wu, ne àto mɔ aɖe nu ana viwò Absalom nagbɔ va aƒe. 15 “Eya ta meva be magblɔ nya sia na nye aƒetɔ, fia la elabena ameawo le vɔvɔ̃ dom nam. Wò subɔla bu be, ‘Maƒo nu kple fia la kpɔ; ɖewohĩ awɔ nu si eƒe subɔla la abia. 16 Ɖewohĩ fia la alɔ̃ be yeaɖe eƒe subɔla tso ame si le didim be yeana be nye kple vinye míaxɔ domenyinu si Mawu na mí o la si me.’ 17 “Ɛ̃, fia la agana eƒe asimeŋutifafa mí. Menya be èle abe mawudɔla ene eye ètea ŋu dzea si nyui tso vɔ̃ gbɔ. Yehowa, wò Mawu, nanɔ kpli wò.” 18 Fia la gblɔ be, “Medi be manya nu ɖeka.”Nyɔnu la biae be, “Nye aƒetɔ, nu kae?” 19 Fia la yi edzi be, “Yoab ye nye ame si dɔ wò ɖe afi sia?”Nyɔnu la ɖo eŋu be, “Nye aƒetɔ fia, aleke mate ŋu agblɔ be menye eyae o? Ɛ̃, Yoab ye dɔm ɖa eye wògblɔ nu si magblɔ na wò la nam. 20 Ewɔ nu sia, ale be yeatsɔ nya la aɖo wò ŋkume to mɔ bubu dzi. Ke wò nye aƒetɔ, ènyaa nu abe mawudɔla ene eye nènya nu sia nu si dzɔna!” 21 Ale David yɔ Yoab eye wògblɔ nɛ be, “Enyo, yi nàkplɔ Absalom vɛ.” 22 Yoab mlɔ anyigba le fia la ŋkume eye wòyra fia la hegblɔ be, “Nye aƒetɔ fia, egbe nye wò dɔla medze sii mlɔeba be èlɔ̃m elabena èlɔ̃ ɖe nu si mebia wò la dzi!” 23 Ale Yoab yi Gesur eye wòkplɔ Absalom gbɔ va Yerusalem. 24 Fia David de se be, “Absalom ate ŋu ayi eya ŋutɔ ƒe nɔƒe le fiasã sia me gake mekpɔ mɔ ado ɖe nye ŋkume le afi sia gbeɖe o. Nyemedi be makpɔe kura o!” 25 Ame aɖeke medze ɖeka le Israelnyigba dzi abe Absalom ene o eye womekafua ame bubu aɖeke hã nenema abe eya ene o. 26 Ekoa eƒe taɖa zi ɖeka pɛ ko le ƒe blibo ɖeka me. Nu si ta ko wòkonɛ zi ɖeka ma hãe nye be taɖa la tona ʋutuu, eye ne edae la ekpena kilogram etɔ̃ sɔŋ eye wòkpena le ta nɛ akpa. 27 Viŋutsu etɔ̃ kple vinyɔnu ɖeka, Tamar, ame si dze tugbe ŋutɔ la nɔ Absalom si. 28 Absalom nɔ Yerusalem ƒe eve eye mekpɔ fia la o. 29 Eɖo du ɖe Yoab be wòava aɖe kuku na ye fofo na ye gake Yoab gbe meyi o. Absalom gaɖo du ɖee zi evelia eye wògagbe yiyi. 30 Ale Absalom ɖe gbe na eƒe subɔlawo be, “Miyi miatɔ dzo Yoab ƒe lugble si le tɔnye xa” eye woyi ɖatɔ dzoe. 31 Yoab yi Absalom gbɔ eye wòbiae be, “Nu ka ta wò subɔlawo tɔ dzo nye lugble ɖo?” 32 Absalom ɖo eŋu be, “Elabena medi be nàbia fia la nam be, nu ka ta wòkplɔm gbɔe tso Gesur ne medi be yeakpɔm o? Anye ne manɔ afi ma hafi. Na maƒo nu kple fia la eye ne ekpɔ be mewu ame la, wòawum.” 33 Yoab gblɔ nya si Absalom gblɔ la na fia la eye David yɔ Absalom mlɔeba. Eva, de ta agu na fia la eye wòkpla asi kɔ nɛ.

In Other Versions

2 Samuel 14 in the ANGEFD

2 Samuel 14 in the ANTPNG2D

2 Samuel 14 in the AS21

2 Samuel 14 in the BAGH

2 Samuel 14 in the BBPNG

2 Samuel 14 in the BBT1E

2 Samuel 14 in the BDS

2 Samuel 14 in the BEV

2 Samuel 14 in the BHAD

2 Samuel 14 in the BIB

2 Samuel 14 in the BLPT

2 Samuel 14 in the BNT

2 Samuel 14 in the BNTABOOT

2 Samuel 14 in the BNTLV

2 Samuel 14 in the BOATCB

2 Samuel 14 in the BOATCB2

2 Samuel 14 in the BOBCV

2 Samuel 14 in the BOCNT

2 Samuel 14 in the BOGWICC

2 Samuel 14 in the BOHCB

2 Samuel 14 in the BOHCV

2 Samuel 14 in the BOHLNT

2 Samuel 14 in the BOHNTLTAL

2 Samuel 14 in the BOICB

2 Samuel 14 in the BOILNTAP

2 Samuel 14 in the BOITCV

2 Samuel 14 in the BOKCV

2 Samuel 14 in the BOKCV2

2 Samuel 14 in the BOKHWOG

2 Samuel 14 in the BOKSSV

2 Samuel 14 in the BOLCB

2 Samuel 14 in the BOLCB2

2 Samuel 14 in the BOMCV

2 Samuel 14 in the BONAV

2 Samuel 14 in the BONCB

2 Samuel 14 in the BONLT

2 Samuel 14 in the BONUT2

2 Samuel 14 in the BOPLNT

2 Samuel 14 in the BOSCB

2 Samuel 14 in the BOSNC

2 Samuel 14 in the BOTLNT

2 Samuel 14 in the BOVCB

2 Samuel 14 in the BOYCB

2 Samuel 14 in the BPBB

2 Samuel 14 in the BPH

2 Samuel 14 in the BSB

2 Samuel 14 in the CCB

2 Samuel 14 in the CUV

2 Samuel 14 in the CUVS

2 Samuel 14 in the DBT

2 Samuel 14 in the DGDNT

2 Samuel 14 in the DHNT

2 Samuel 14 in the DNT

2 Samuel 14 in the ELBE

2 Samuel 14 in the EMTV

2 Samuel 14 in the ESV

2 Samuel 14 in the FBV

2 Samuel 14 in the FEB

2 Samuel 14 in the GGMNT

2 Samuel 14 in the GNT

2 Samuel 14 in the HARY

2 Samuel 14 in the HNT

2 Samuel 14 in the IRVA

2 Samuel 14 in the IRVB

2 Samuel 14 in the IRVG

2 Samuel 14 in the IRVH

2 Samuel 14 in the IRVK

2 Samuel 14 in the IRVM

2 Samuel 14 in the IRVM2

2 Samuel 14 in the IRVO

2 Samuel 14 in the IRVP

2 Samuel 14 in the IRVT

2 Samuel 14 in the IRVT2

2 Samuel 14 in the IRVU

2 Samuel 14 in the ISVN

2 Samuel 14 in the JSNT

2 Samuel 14 in the KAPI

2 Samuel 14 in the KBT1ETNIK

2 Samuel 14 in the KBV

2 Samuel 14 in the KJV

2 Samuel 14 in the KNFD

2 Samuel 14 in the LBA

2 Samuel 14 in the LBLA

2 Samuel 14 in the LNT

2 Samuel 14 in the LSV

2 Samuel 14 in the MAAL

2 Samuel 14 in the MBV

2 Samuel 14 in the MBV2

2 Samuel 14 in the MHNT

2 Samuel 14 in the MKNFD

2 Samuel 14 in the MNG

2 Samuel 14 in the MNT

2 Samuel 14 in the MNT2

2 Samuel 14 in the MRS1T

2 Samuel 14 in the NAA

2 Samuel 14 in the NASB

2 Samuel 14 in the NBLA

2 Samuel 14 in the NBS

2 Samuel 14 in the NBVTP

2 Samuel 14 in the NET2

2 Samuel 14 in the NIV11

2 Samuel 14 in the NNT

2 Samuel 14 in the NNT2

2 Samuel 14 in the NNT3

2 Samuel 14 in the PDDPT

2 Samuel 14 in the PFNT

2 Samuel 14 in the RMNT

2 Samuel 14 in the SBIAS

2 Samuel 14 in the SBIBS

2 Samuel 14 in the SBIBS2

2 Samuel 14 in the SBICS

2 Samuel 14 in the SBIDS

2 Samuel 14 in the SBIGS

2 Samuel 14 in the SBIHS

2 Samuel 14 in the SBIIS

2 Samuel 14 in the SBIIS2

2 Samuel 14 in the SBIIS3

2 Samuel 14 in the SBIKS

2 Samuel 14 in the SBIKS2

2 Samuel 14 in the SBIMS

2 Samuel 14 in the SBIOS

2 Samuel 14 in the SBIPS

2 Samuel 14 in the SBISS

2 Samuel 14 in the SBITS

2 Samuel 14 in the SBITS2

2 Samuel 14 in the SBITS3

2 Samuel 14 in the SBITS4

2 Samuel 14 in the SBIUS

2 Samuel 14 in the SBIVS

2 Samuel 14 in the SBT

2 Samuel 14 in the SBT1E

2 Samuel 14 in the SCHL

2 Samuel 14 in the SNT

2 Samuel 14 in the SUSU

2 Samuel 14 in the SUSU2

2 Samuel 14 in the SYNO

2 Samuel 14 in the TBIAOTANT

2 Samuel 14 in the TBT1E

2 Samuel 14 in the TBT1E2

2 Samuel 14 in the TFTIP

2 Samuel 14 in the TFTU

2 Samuel 14 in the TGNTATF3T

2 Samuel 14 in the THAI

2 Samuel 14 in the TNFD

2 Samuel 14 in the TNT

2 Samuel 14 in the TNTIK

2 Samuel 14 in the TNTIL

2 Samuel 14 in the TNTIN

2 Samuel 14 in the TNTIP

2 Samuel 14 in the TNTIZ

2 Samuel 14 in the TOMA

2 Samuel 14 in the TTENT

2 Samuel 14 in the UBG

2 Samuel 14 in the UGV

2 Samuel 14 in the UGV2

2 Samuel 14 in the UGV3

2 Samuel 14 in the VBL

2 Samuel 14 in the VDCC

2 Samuel 14 in the YALU

2 Samuel 14 in the YAPE

2 Samuel 14 in the YBVTP

2 Samuel 14 in the ZBP