2 Samuel 15 (BOECS)

1 Emegbe la, Absalom ƒle tasiaɖam nyui aɖe kple sɔwo eye wòdi ame blaatɔ̃ siwo anɔ du ƒum le eŋgɔ. 2 Efɔna kaba ŋdi sia ŋdi, yia dua ƒe agbonu eye ne ame aɖe tsɔ nya aɖe gbɔna be fia nadrɔ̃ na ye la, Absalom yɔnɛ eye wòbianɛ be, “Du ka me nètso?” Ne ame la ɖo eŋu be “Wò dɔla tso Israel toawo dometɔ ɖeka me la,” 3 Absalom gblɔna be, “Mekpɔ be wò nya dzɔ; evem ŋutɔ be ame aɖeke mele Fia la ŋu si akpe ɖe eŋu le nya siawo dɔdrɔ̃ me o.” 4 Absalom gagblɔna be, “Nyee anye ʋɔnudrɔ̃la la hafi, ekema ame sia ame ate ŋu atsɔ eƒe ʋɔnunya vɛ nam eye madrɔ̃ nya dzɔdzɔe nɛ!” 5 Ne ame aɖe va be yeade ta agu nɛ la, melɔ̃na o, ke boŋ enaa asii eye wòkplaa asi kɔ nɛ boŋ. 6 Absalom to mɔ sia dzi eye wòna Israelviwo katã tsɔ lɔlɔ̃ tɔxɛ nɛ. 7 Le ƒe enelia ƒe nuwuwu la, Absalom gblɔ na Fia la be, “Na mayi Hebron eye maxe adzɔgbe aɖe si meɖe na Yehowa. 8 Esi wò subɔla nɔ Gesur le Aram la, meɖe adzɔgbe be, ‘Ne Yehowa akplɔm maɖo Yerusalem la, masubɔ Yehowa le Hebron.’ ” 9 Fia la gblɔ nɛ be, “Enyo; yi nàsa vɔ la le adzɔgbe si nèɖe la nu.”Ale Absalom yi Hebron. 10 Ke esi wònɔ afi ma la, eɖo ŋkutsalawo ɖe Israel ƒe to ɖe sia ɖe me be woagblɔ na amewo be; “Ne miese kpẽwo ƒe ɖiɖi ko la, mianya be wotsɔ Absalom ɖo fiae le Hebron.” 11 Absalom kplɔ ame alafa eve ɖe asi tso Yerusalem abe eƒe amedzrowo ene ke womenya naneke tso eƒe tameɖoɖowo ŋu o. 12 Esi wònɔ vɔ sam la, eɖo du ɖe Ahitofel, ame si nye David ƒe aɖaŋuɖolawo dometɔ ɖeka si nɔ Giloh. Ahitofel va de Absalom dzi abe ale si ame geɖewo wɔ ene, ale Absalom ƒe babla ɖe David ŋu nu sẽ ŋutɔ. 13 Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, ame aɖe va ɖo Yerusalem eye wògblɔ na Fia David be, “Israelviwo katã de Absalom dzi eye wobla ɖe ŋuwò!” 14 David gblɔ na eƒe amewo enumake be, “Ekema mina míasi enumake hafi sisi magava nɔ mía ŋu o. Ne míesi dzo le dua me hafi Absalom va ɖo la, ekema míawo kple Yerusalem du la siaa míakpɔ ɖeɖe.” 15 Eŋumewo ka ɖe edzi nɛ be, “Míeli kpli wò; wɔ nu si nyo na wò, míaƒe aƒetɔ fia.” 16 Ale David kple eƒe aƒemetɔwo dze mɔ enumake; eƒe ahiãvi ewo ko wògble ɖi be woanɔ fiasã la dzi kpɔm. 17 Ale fia la dze mɔ, eƒe amewo katã dze eyome eye wotɔ ɖe dua godo. 18 Eƒe amewo kple Keretitɔwo kple Peletitɔwo kple Gititɔ alafa adeawo, ame siwo dze eyome tso Gat la va to eŋu eye wozɔ le fia la ŋgɔ. 19 Fia la gblɔ na Itai, Gititɔ la be, “Nu ka ta nànɔ mía dome? Trɔ nàyi aɖanɔ Absalom ŋu. Amedzroe nènye, ame si si dzo le mia de. 20 Etsɔ ko nèva! Egbe la, ɖe mana nàtsa tsaglalã kpli mí, le esime nyemenya afi si yim nye ŋutɔ mele oa? Trɔ kple wò amewo. Amenuveve kple nuteƒewɔwɔ nanɔ kpli mi.” 21 Ke Itai ɖo eŋu be, “Metsɔ Yehowa kple wò ŋutɔ wò agbe ka atam be afi sia afi si nàyi la, nye hã mayi; nya sia nya nedzɔ, nenye agbee hã, kue hã!” 22 David ɖo eŋu be, “Enyo, miva míyi.” Ale Itai kple eƒe ame alafa adeawo kple woƒe aƒemetɔwo yi kpli wo. 23 Ame sia ame lé blanui le dua me esime fia la kple eƒe amewo va yina. Wotso Kidron tɔʋu la eye woɖo ta gbegbe la. 24 Abiata kple Zadok kple Levitɔwo kɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la eye wodae ɖe mɔto va se ɖe esime ame sia ame va yi vɔ. 25 Fia la gblɔ na Zadok be, “Gbugbɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la yi dua me. Ne mekpɔ amenuveve le Yehowa ŋkume la, Yehowa ana magagbɔ ava kpɔe kple eƒe nɔƒe. 26 Ke ne egblɔ be, ‘Nyemekpɔ ŋudzedze le ŋuwò o’ la, ekema mele klalo; newɔ nu sia nu si dze eŋu lam.” 27 Fia la gblɔ na Zadok be, “Kpɔ ɖa, medi be nàtrɔ le ŋutifafa me ayi dua me kple viwò Ahimaaz kple Abiata ƒe vi, Yonatan. 28 Matɔ ɖe Yɔdan tɔsisi la ƒe tɔtsoƒe va se ɖe esime mese nya aɖe tso gbɔwò. Na manya nu si le dzɔdzɔm le Yerusalem hafi mabu ɖe gbegbe la.” 29 Ale Zadok kple Abiata gbugbɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la yi dua me eye wotsi afi ma. 30 David zɔ mɔ si ɖo ta Amito la dzi henɔ avi fam. Etsyɔ nu ta eye wòɖe afɔ ƒuƒlu abe konyifafa ƒe dzesi ene. Eŋumewo hã tsyɔ nu ta henɔ avi fam le esime wonɔ to la liam. 31 Esime ame aɖe gblɔ na David be eƒe aɖaŋuɖola Ahitofel dze Absalom yome la, David do gbe ɖa be, “Oo, Yehowa, meɖe kuku, na Ahitofel naɖo aɖaŋu gbegblẽ na Absalom!” 32 Esi woɖo teƒe si le toa tame, afi si amewo subɔa Mawu le la, David kpɔ Husai, Arkitɔ la, wònɔ elalam; eƒe awuwo vuvu le eŋu eye ke nɔ tame nɛ. 33 David gblɔ nɛ be, “Ne èdze yonyeme la, agba ko nànye nam. 34 Ke ne ètrɔ yi dua me eye nègblɔ na Absalom be, ‘O fia, menye fofowò ƒe subɔla tsã, ke azɔ la, manye wò subɔla’ la, ekema àte ŋu akpe ɖe ŋunye to Ahitofel ƒe aɖaŋuɖoɖo me gbegblẽ me. 35 Nunɔla Zadok kple nunɔla Abiata manɔ afi ma kpli wò oa? Gblɔ nu sia nu si nàse le fiasã la me na wo. 36 Wo viŋutsu eveawo, Ahimaaz, Zadok ƒe vi kple Yonatan, Abiata ƒe vi, le afi ma kpli wo. Gblɔ nu si nàse la na wo be woava gblɔ nam.” 37 Ale David xɔlɔ̃ Husai trɔ yi dua me eye esi wòɖo teti ko la, Absalom hã va ɖo.

In Other Versions

2 Samuel 15 in the ANGEFD

2 Samuel 15 in the ANTPNG2D

2 Samuel 15 in the AS21

2 Samuel 15 in the BAGH

2 Samuel 15 in the BBPNG

2 Samuel 15 in the BBT1E

2 Samuel 15 in the BDS

2 Samuel 15 in the BEV

2 Samuel 15 in the BHAD

2 Samuel 15 in the BIB

2 Samuel 15 in the BLPT

2 Samuel 15 in the BNT

2 Samuel 15 in the BNTABOOT

2 Samuel 15 in the BNTLV

2 Samuel 15 in the BOATCB

2 Samuel 15 in the BOATCB2

2 Samuel 15 in the BOBCV

2 Samuel 15 in the BOCNT

2 Samuel 15 in the BOGWICC

2 Samuel 15 in the BOHCB

2 Samuel 15 in the BOHCV

2 Samuel 15 in the BOHLNT

2 Samuel 15 in the BOHNTLTAL

2 Samuel 15 in the BOICB

2 Samuel 15 in the BOILNTAP

2 Samuel 15 in the BOITCV

2 Samuel 15 in the BOKCV

2 Samuel 15 in the BOKCV2

2 Samuel 15 in the BOKHWOG

2 Samuel 15 in the BOKSSV

2 Samuel 15 in the BOLCB

2 Samuel 15 in the BOLCB2

2 Samuel 15 in the BOMCV

2 Samuel 15 in the BONAV

2 Samuel 15 in the BONCB

2 Samuel 15 in the BONLT

2 Samuel 15 in the BONUT2

2 Samuel 15 in the BOPLNT

2 Samuel 15 in the BOSCB

2 Samuel 15 in the BOSNC

2 Samuel 15 in the BOTLNT

2 Samuel 15 in the BOVCB

2 Samuel 15 in the BOYCB

2 Samuel 15 in the BPBB

2 Samuel 15 in the BPH

2 Samuel 15 in the BSB

2 Samuel 15 in the CCB

2 Samuel 15 in the CUV

2 Samuel 15 in the CUVS

2 Samuel 15 in the DBT

2 Samuel 15 in the DGDNT

2 Samuel 15 in the DHNT

2 Samuel 15 in the DNT

2 Samuel 15 in the ELBE

2 Samuel 15 in the EMTV

2 Samuel 15 in the ESV

2 Samuel 15 in the FBV

2 Samuel 15 in the FEB

2 Samuel 15 in the GGMNT

2 Samuel 15 in the GNT

2 Samuel 15 in the HARY

2 Samuel 15 in the HNT

2 Samuel 15 in the IRVA

2 Samuel 15 in the IRVB

2 Samuel 15 in the IRVG

2 Samuel 15 in the IRVH

2 Samuel 15 in the IRVK

2 Samuel 15 in the IRVM

2 Samuel 15 in the IRVM2

2 Samuel 15 in the IRVO

2 Samuel 15 in the IRVP

2 Samuel 15 in the IRVT

2 Samuel 15 in the IRVT2

2 Samuel 15 in the IRVU

2 Samuel 15 in the ISVN

2 Samuel 15 in the JSNT

2 Samuel 15 in the KAPI

2 Samuel 15 in the KBT1ETNIK

2 Samuel 15 in the KBV

2 Samuel 15 in the KJV

2 Samuel 15 in the KNFD

2 Samuel 15 in the LBA

2 Samuel 15 in the LBLA

2 Samuel 15 in the LNT

2 Samuel 15 in the LSV

2 Samuel 15 in the MAAL

2 Samuel 15 in the MBV

2 Samuel 15 in the MBV2

2 Samuel 15 in the MHNT

2 Samuel 15 in the MKNFD

2 Samuel 15 in the MNG

2 Samuel 15 in the MNT

2 Samuel 15 in the MNT2

2 Samuel 15 in the MRS1T

2 Samuel 15 in the NAA

2 Samuel 15 in the NASB

2 Samuel 15 in the NBLA

2 Samuel 15 in the NBS

2 Samuel 15 in the NBVTP

2 Samuel 15 in the NET2

2 Samuel 15 in the NIV11

2 Samuel 15 in the NNT

2 Samuel 15 in the NNT2

2 Samuel 15 in the NNT3

2 Samuel 15 in the PDDPT

2 Samuel 15 in the PFNT

2 Samuel 15 in the RMNT

2 Samuel 15 in the SBIAS

2 Samuel 15 in the SBIBS

2 Samuel 15 in the SBIBS2

2 Samuel 15 in the SBICS

2 Samuel 15 in the SBIDS

2 Samuel 15 in the SBIGS

2 Samuel 15 in the SBIHS

2 Samuel 15 in the SBIIS

2 Samuel 15 in the SBIIS2

2 Samuel 15 in the SBIIS3

2 Samuel 15 in the SBIKS

2 Samuel 15 in the SBIKS2

2 Samuel 15 in the SBIMS

2 Samuel 15 in the SBIOS

2 Samuel 15 in the SBIPS

2 Samuel 15 in the SBISS

2 Samuel 15 in the SBITS

2 Samuel 15 in the SBITS2

2 Samuel 15 in the SBITS3

2 Samuel 15 in the SBITS4

2 Samuel 15 in the SBIUS

2 Samuel 15 in the SBIVS

2 Samuel 15 in the SBT

2 Samuel 15 in the SBT1E

2 Samuel 15 in the SCHL

2 Samuel 15 in the SNT

2 Samuel 15 in the SUSU

2 Samuel 15 in the SUSU2

2 Samuel 15 in the SYNO

2 Samuel 15 in the TBIAOTANT

2 Samuel 15 in the TBT1E

2 Samuel 15 in the TBT1E2

2 Samuel 15 in the TFTIP

2 Samuel 15 in the TFTU

2 Samuel 15 in the TGNTATF3T

2 Samuel 15 in the THAI

2 Samuel 15 in the TNFD

2 Samuel 15 in the TNT

2 Samuel 15 in the TNTIK

2 Samuel 15 in the TNTIL

2 Samuel 15 in the TNTIN

2 Samuel 15 in the TNTIP

2 Samuel 15 in the TNTIZ

2 Samuel 15 in the TOMA

2 Samuel 15 in the TTENT

2 Samuel 15 in the UBG

2 Samuel 15 in the UGV

2 Samuel 15 in the UGV2

2 Samuel 15 in the UGV3

2 Samuel 15 in the VBL

2 Samuel 15 in the VDCC

2 Samuel 15 in the YALU

2 Samuel 15 in the YAPE

2 Samuel 15 in the YBVTP

2 Samuel 15 in the ZBP