Daniel 7 (BOECS)

1 Le Belsazar, Babilonia fia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe gbãtɔ me la, Daniel ku drɔ̃e esime wòmlɔ eƒe aba dzi eye ŋutega geɖewo to eƒe susu me. Eŋlɔ drɔ̃e la me nyawo da ɖi. 2 Daniel gblɔ be, “Le nye ŋutega me la, mekpɔ be dziƒo ƒe ya eneawo nɔ nye ŋkume eye wonɔ atsiaƒu gã la nyamam. 3 Lã gã ene siwo to vovo tso wo nɔewo gbɔ la do go tso atsiaƒu la me. 4 “Gbãtɔ le abe dzata ene eye wòto hɔ̃ ƒe aʋala. Melé ŋku ɖe eŋu va se ɖe esime wotu aʋala la ɖa le eŋu, wokɔe tso anyigba, ale be wòtsi tsitre ɖe afɔ eve dzi abe amegbetɔ ene eye wotsɔ amegbetɔ ƒe dzi nɛ. 5 “Lã evelia si ɖi sisiblisi la nɔ tsitre ɖe nye ŋkume. Wofɔ eƒe akpa ɖeka ɖe dzi eye agbaƒuti etɔ̃ nɔ eƒe nu me le eƒe aɖuwo dome. Wogblɔ nɛ be, ‘Tso eye nàɖu lã wòasu wò!’ 6 “Le esia megbe la, mekpɔ lã bubu wònɔ nye ŋkume. Lã sia ɖi lãkle. Aʋala ene nɔ dzime nɛ abe xevi ƒe aʋalawo ene. Lã la to ta ene eye wona ŋusẽe be wòaɖu fia. 7 “Le esia hã megbe la, megakpɔ lã enelia le nye ŋutega la me le zã me wònɔ nye ŋkume; ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ nɔ eŋu eye wòsẽ ŋu ŋutɔ. Gaɖu titriwo nɔ nu me nɛ. Evuvua lã, ɖunɛ eye wòtua afɔ esi susɔ la dzi. Eto vovo tso lã kemɛawo gbɔ eye wòto dzo ewo. 8 “Esi menɔ dzoawo ŋu bum la, dzo bubu aɖe do ɖe nye ŋkume; dzo sue aɖe koe wònye do ɖe wo dome eye wòho dzo etɔ̃ le dzo gbãtɔwo dome le eŋgɔ. Ŋkuwo nɔ dzo sia ŋu abe amegbetɔ ƒe ŋkuwo ene eye nu si ƒoa nu adegbeƒotɔe hã nɔ eŋu. 9 “Esi menɔ ŋku lém ɖe eŋu la,“woɖo fiazikpuiwo woƒe nɔƒewo.Tete Blema Mawu va nɔ eƒe nɔƒe.Eƒe awu fu tititi abe sno eneeye eƒe taɖa fu abe ɖetifu ene.Eƒe fiazikpui nɔ bibim kple dzo. 10 Dzotɔsisi aɖe nɔ sisim le eŋgɔ.Ame akpe akpewo nɔ esubɔm,ame akpe ewo teƒe akpe ewo nɔ tsitre ɖe eŋgɔ.Ʋɔnu la ɖi anyi eye woke agbalẽawo. 11 “Meyi ŋkuléle ɖe nuwo ŋu dzi le adegbeƒonya siwo lãdzo la nɔ gbɔgblɔm la ta. Meyi nukpɔkpɔ dzi va se ɖe esime wowu lã la eye wotsɔ eƒe ŋutilã kukua ƒu gbe ɖe dzo bibi la me. 12 Woxɔ ŋusẽ le lã bubuawo si gake wona be woanɔ agbe hena ɣeyiɣi kpui aɖe ko. 13 “Le nye ŋutega me le zã me la, mekpɔ ame aɖe si le abe amegbetɔ vi ene wògbɔna kple dziƒo ƒe lilikpowo. Egogo Blema Mawu la eye wokplɔe yi eŋkumee. 14 Wotsɔ ŋusẽ, bubu kple gãnyenye ƒe ŋusẽ nɛ eye amewo katã kple dukɔwo katã kple ame siwo tso gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe me la subɔe. Eƒe dziɖuɖu nye dziɖuɖu si anɔ anyi tegbee, dziɖuɖu si nu matso o eye eƒe fiaɖuƒe nye esi womagbã gbeɖe o. 15 “Nye, Daniel, nye gbɔgbɔ tsi dzi le menye eye ŋutega siwo mekpɔ la ɖe fu nam. 16 Mete ɖe ame siwo nɔ tsitre ɖe afi ma la dometɔ ɖeka ŋu eye mebia nu siawo katã ƒe gɔmeɖeɖe nyuitɔ tso egbɔ.“Ale wògblɔe nam eye wòna nu siawo katã ƒe gɔmeɖeɖem. 17 ‘Lã gã eneawoe nye fiaɖuƒe ene siwo ava dzɔ tso anyigba dzi. 18 Ke Dziƒoʋĩtɔ la ƒe ame kɔkɔewo axɔ fiaɖuƒe la eye wòanye wo tɔ tegbee, ɛ̃, tegbetegbe.’ 19 “Tete medi be manya lã enelia ƒe gɔmeɖeɖe tututu. Lã sia to vovo sãa tso bubuawo gbɔ eye ŋɔdzi nɔ eŋu ŋutɔ kple eƒe gaɖuwo kple akɔblifewo. Enye lã si vuvua nu, ɖua eƒe nu lélewo eye wòtua afɔ nu sia nu si susɔ la dzi. 20 Medi hã be manya nu tso eƒe dzo ewo siwo nɔ eƒe ta kple dzo bubu si wòto, esi ŋgɔ dzo etɔ̃ ho le, dzo si ŋu dzedzeme nɔ wu bubuawo eye esi ŋu ŋkuwo kple nu si ƒoa nu adegbeƒotɔe nɔ la ŋu. 21 Esi melé ŋku ɖe eŋu la, dzo sia nɔ aʋa wɔm kple ame kɔkɔeawo eye wònɔ wo dzi ɖum. 22 Va se ɖe esime Blema Mawu la va eye wòtso afia na Dziƒoʋĩtɔ la ƒe ame kɔkɔeawo eye ɣeyiɣia de be fiaɖuƒe la nazu wo tɔ. 23 “Ena gɔmeɖeɖe siam. ‘Lã eneliae nye fiaɖuƒe enelia si ado ɖe anyigba dzi. Ato vovo tso fiaɖuƒe bubuawo katã gbɔ, aɖu anyigba blibo la dzi, atu afɔ edzi eye wòagbãe. 24 Dzo ewoawo nye fia ewo siwo ado tso fiaɖuƒe sia me. Le woawo yome la, fia bubu aɖe ava, ato vovo tso esiwo do ŋgɔ nɛ la gbɔ eye wòaɖu fia etɔ̃ dzi. 25 Aƒo nu atsi tsitre ɖe Dziƒoʋĩtɔ la ŋu, ate eƒe ame kɔkɔeawo ɖe to eye wòate kpɔ be yeatrɔ ɣeyiɣi ɖoɖowo kple sewo. Woatsɔ ame kɔkɔeawo ade asi nɛ ƒe ɖeka, ƒe eve alo ƒe afã. 26 “ ‘Ke ʋɔnu la aɖi anyi, woaxɔ eƒe ŋusẽ le esi eye woagbãe gudugudu tegbetegbe. 27 Ekema woatsɔ dziɖuɖu, ŋusẽ kple fiaɖuƒewo ƒe gãnyenye le dziƒo blibo la ana ame kɔkɔeawo, Dziƒoʋĩtɔ la ƒe amewo. Eƒe fiaɖuƒe la anye fiaɖuƒe mavɔ, dziɖulawo katã asubɔe eye woaɖo toe.’ 28 “Esiae nye nya la ƒe nuwuwu. Nye, Daniel, nye susuwo ɖe fu nam ŋutɔŋutɔ, nye ŋkume fu kpĩi ke medzra nya la ɖo ɖe nye dzi me.”

In Other Versions

Daniel 7 in the ANGEFD

Daniel 7 in the ANTPNG2D

Daniel 7 in the AS21

Daniel 7 in the BAGH

Daniel 7 in the BBPNG

Daniel 7 in the BBT1E

Daniel 7 in the BDS

Daniel 7 in the BEV

Daniel 7 in the BHAD

Daniel 7 in the BIB

Daniel 7 in the BLPT

Daniel 7 in the BNT

Daniel 7 in the BNTABOOT

Daniel 7 in the BNTLV

Daniel 7 in the BOATCB

Daniel 7 in the BOATCB2

Daniel 7 in the BOBCV

Daniel 7 in the BOCNT

Daniel 7 in the BOGWICC

Daniel 7 in the BOHCB

Daniel 7 in the BOHCV

Daniel 7 in the BOHLNT

Daniel 7 in the BOHNTLTAL

Daniel 7 in the BOICB

Daniel 7 in the BOILNTAP

Daniel 7 in the BOITCV

Daniel 7 in the BOKCV

Daniel 7 in the BOKCV2

Daniel 7 in the BOKHWOG

Daniel 7 in the BOKSSV

Daniel 7 in the BOLCB

Daniel 7 in the BOLCB2

Daniel 7 in the BOMCV

Daniel 7 in the BONAV

Daniel 7 in the BONCB

Daniel 7 in the BONLT

Daniel 7 in the BONUT2

Daniel 7 in the BOPLNT

Daniel 7 in the BOSCB

Daniel 7 in the BOSNC

Daniel 7 in the BOTLNT

Daniel 7 in the BOVCB

Daniel 7 in the BOYCB

Daniel 7 in the BPBB

Daniel 7 in the BPH

Daniel 7 in the BSB

Daniel 7 in the CCB

Daniel 7 in the CUV

Daniel 7 in the CUVS

Daniel 7 in the DBT

Daniel 7 in the DGDNT

Daniel 7 in the DHNT

Daniel 7 in the DNT

Daniel 7 in the ELBE

Daniel 7 in the EMTV

Daniel 7 in the ESV

Daniel 7 in the FBV

Daniel 7 in the FEB

Daniel 7 in the GGMNT

Daniel 7 in the GNT

Daniel 7 in the HARY

Daniel 7 in the HNT

Daniel 7 in the IRVA

Daniel 7 in the IRVB

Daniel 7 in the IRVG

Daniel 7 in the IRVH

Daniel 7 in the IRVK

Daniel 7 in the IRVM

Daniel 7 in the IRVM2

Daniel 7 in the IRVO

Daniel 7 in the IRVP

Daniel 7 in the IRVT

Daniel 7 in the IRVT2

Daniel 7 in the IRVU

Daniel 7 in the ISVN

Daniel 7 in the JSNT

Daniel 7 in the KAPI

Daniel 7 in the KBT1ETNIK

Daniel 7 in the KBV

Daniel 7 in the KJV

Daniel 7 in the KNFD

Daniel 7 in the LBA

Daniel 7 in the LBLA

Daniel 7 in the LNT

Daniel 7 in the LSV

Daniel 7 in the MAAL

Daniel 7 in the MBV

Daniel 7 in the MBV2

Daniel 7 in the MHNT

Daniel 7 in the MKNFD

Daniel 7 in the MNG

Daniel 7 in the MNT

Daniel 7 in the MNT2

Daniel 7 in the MRS1T

Daniel 7 in the NAA

Daniel 7 in the NASB

Daniel 7 in the NBLA

Daniel 7 in the NBS

Daniel 7 in the NBVTP

Daniel 7 in the NET2

Daniel 7 in the NIV11

Daniel 7 in the NNT

Daniel 7 in the NNT2

Daniel 7 in the NNT3

Daniel 7 in the PDDPT

Daniel 7 in the PFNT

Daniel 7 in the RMNT

Daniel 7 in the SBIAS

Daniel 7 in the SBIBS

Daniel 7 in the SBIBS2

Daniel 7 in the SBICS

Daniel 7 in the SBIDS

Daniel 7 in the SBIGS

Daniel 7 in the SBIHS

Daniel 7 in the SBIIS

Daniel 7 in the SBIIS2

Daniel 7 in the SBIIS3

Daniel 7 in the SBIKS

Daniel 7 in the SBIKS2

Daniel 7 in the SBIMS

Daniel 7 in the SBIOS

Daniel 7 in the SBIPS

Daniel 7 in the SBISS

Daniel 7 in the SBITS

Daniel 7 in the SBITS2

Daniel 7 in the SBITS3

Daniel 7 in the SBITS4

Daniel 7 in the SBIUS

Daniel 7 in the SBIVS

Daniel 7 in the SBT

Daniel 7 in the SBT1E

Daniel 7 in the SCHL

Daniel 7 in the SNT

Daniel 7 in the SUSU

Daniel 7 in the SUSU2

Daniel 7 in the SYNO

Daniel 7 in the TBIAOTANT

Daniel 7 in the TBT1E

Daniel 7 in the TBT1E2

Daniel 7 in the TFTIP

Daniel 7 in the TFTU

Daniel 7 in the TGNTATF3T

Daniel 7 in the THAI

Daniel 7 in the TNFD

Daniel 7 in the TNT

Daniel 7 in the TNTIK

Daniel 7 in the TNTIL

Daniel 7 in the TNTIN

Daniel 7 in the TNTIP

Daniel 7 in the TNTIZ

Daniel 7 in the TOMA

Daniel 7 in the TTENT

Daniel 7 in the UBG

Daniel 7 in the UGV

Daniel 7 in the UGV2

Daniel 7 in the UGV3

Daniel 7 in the VBL

Daniel 7 in the VDCC

Daniel 7 in the YALU

Daniel 7 in the YAPE

Daniel 7 in the YBVTP

Daniel 7 in the ZBP