Deuteronomy 12 (BOECS)

1 “Esiawoe nye se siwo dzi wòle be miawɔ tegbetegbe ne mieva ɖo anyigba si Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu la na mi la dzi. 2 “Ele be miagbã trɔ̃wo ƒe vɔsamlekpuiwo le afi sia afi si miakpɔ wo le, le towo dzi loo, le togbɛwo tame loo, alo le ati damawo te. 3 Migbã woƒe vɔsamlekpuiwo kple woƒe legbawo. Mitɔ dzo woƒe aƒeliwo. Mimu woƒe legba siwo wotsɔ ga tu la ƒu anyi. Migagblẽ naneke si aɖo ŋku woƒe trɔ̃wo dzi na mi la ɖi o. 4 Miekpɔ mɔ asa vɔ na Yehowa, miaƒe Mawu la le afi sia afi ko abe ale si trɔ̃subɔlawo sãa vɔe na woƒe mawuwo ene o, 5 ke boŋ mitu kɔkɔeƒe aɖe ɖe afi si Yehowa, miaƒe Mawu ŋutɔ afia asii na mi abe eƒe aƒe ene le miawo ŋutɔ mia dome. 6 Afi mae miatsɔ miaƒe numevɔsawo kple vɔsa bubuawo, miaƒe nukpɔkpɔ ƒe akpa ewolia, miaƒe vɔsa siwo woatsɔ ana Mawu to wo nyenye le yame le vɔsamlekpui la ŋgɔ me, miaƒe adzɔgbeɖefewo, lɔlɔ̃nununanawo kple miaƒe lãwo ƒe ŋgɔgbeviwo ayi. 7 Afi mae miawo kple miaƒe ƒometɔwo miaɖo kplɔ̃ ɖo le Yehowa, miaƒe Mawu la ŋkume, eye miatso aseye le nu siwo katã wòwɔ na mi la ta. 8 “Azɔ la, migalé miaƒe mɔwo atsɔ abe ale si miele wɔwɔm fifia ene, eye ame sia ame le nu si wòbu be enyo la wɔm o, 9 elabena se siawo mebla mi haɖe o va se ɖe esime miaɖo dzudzɔƒe si Yehowa miaƒe Mawu ana mi. 10 Ke ne mietso Yɔdan tɔsisi la heɖo ŋugbedodonyigba la dzi, eye Yehowa, miaƒe Mawu na dzudzɔ mi, eye wòna mievo tso miaƒe futɔwo katã ƒe asi me la, 11 ekema ele be miatsɔ miaƒe numevɔsawo kple vɔsa bubuawo katã ayi kɔkɔeƒe la, afi si eya ŋutɔ atia abe eƒe nɔƒe ene. 12 Miawo kple mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo kple miaƒe dɔlaŋutsuwo kple dɔlanyɔnuwo miatso aseye le afi ma le Yehowa, miaƒe Mawu ŋkume. Miɖo ŋku edzi miakpe Levitɔwo be woaɖu nu kpli mi, elabena anyigba aɖeke mele woawo ya si o. 13 “Mele be miasa miaƒe numevɔwo le afi sia afi ko o; 14 misa wo le teƒe si Yehowa ŋutɔ atia ko. Atia teƒe aɖe tso afi si woma na toawo dometɔ ɖeka la me. Afi ma ko miasa vɔ le, eye miatsɔ miaƒe nunanawo ayi. 15 Aleke wòle hã la, miate ŋu awu lãwo le miaƒe du ɖe sia ɖe me, aɖu lã si sinu mielɔ̃, abe ahlɔ̃e alo zi ene, le yayra si Yehowa, miaƒe Mawu la na mi la nu. Ame siwo ŋuti kɔ kple ame siwo ŋuti mekɔ o la siaa ate ŋu aɖui faa. 16 Ʋu la koe miaɖu o; mina wòatsyɔ ɖe anyigba abe tsi ene. 17 “Migaɖu miaƒe bli, ano wain yeye, alo ami ƒe ewolia o, miaƒe alẽha alo nyiha ƒe ŋgɔgbeviwo kple nu sia nu si mieɖe adzɔgbe be miana, lɔlɔ̃nununana loo alo nunana tɔxɛwo le mia ŋutɔwo ƒe du me o. 18 Woatsɔ nu siawo katã va vɔsamlekpui la gbɔ, afi si miawo, mia viŋutsuwo kple vinyɔnuwo, miaƒe dɔlaŋutsuwo kple dɔlanyɔnuwo kple Levitɔwo tso miaƒe duwo me, miaɖu wo le, le Yehowa, miaƒe Mawu la ŋkume. Yehowa agblɔ afi si vɔsamlekpui la anɔ la na mi. Mitso aseye le Yehowa, miaƒe Mawu la ŋkume le nu sia nu si miawɔ la me. 19 Mikpɔ nyuie be miagaŋlɔ Levitɔwo be o, zi ale si mienɔ miaƒe anyigba dzi. 20 “Ne Yehowa, miaƒe Mawu la keke miaƒe liƒowo ɖe edzi abe ale si wòdo ŋugbee ene la, miate ŋu aɖu lã ɣe sia ɣi si mielɔ̃. 21 Ne teƒe si miesubɔa Mawu le didi akpa la, ekema ɣe sia ɣi si mielɔ̃ la, miate ŋu awu nyi alo alẽ si Yehowa tsɔ na mi, eye miaɖu lã la le aƒe me abe ale si mede se na mi la ene. 22 Ame si ŋuti kɔ kple ame si ŋuti mekɔ o hã ate ŋu aɖu lã ma abe ale si wòaɖu zi alo ahlɔ̃e ƒe lã ene, 23 gake migaɖu lã si me ʋu le la o, elabena lã ƒe agbe le eƒe ʋu me, eye mele be miaɖu agbe la kple lã la o. 24 Migawɔ lã ƒe ʋu ŋu dɔ abe nuɖuɖu ene o, ke boŋ mitsyɔe ɖe anyigba abe tsi ene. 25 Ne miewɔ se sia dzi la, miadze Yehowa ŋu, eye nu sia nu adze edzi na mi kple miaƒe dzidzimeviwo siaa. 26 Mitsɔ miaƒe vɔsawo kple nu siwo ŋugbe miedo na Yehowa la yi ɖe Mawusubɔƒe ɖeka ma. 27 Mitsɔ vɔsa siwo woame, woafia keŋkeŋ la da ɖe Yehowa miaƒe Mawu ƒe vɔsamlekpui dzi. Mitsɔ vɔsa siwo ƒe lã miaɖu, eye miakɔ ʋu la ɖe vɔsamlekpui la dzi la hã yi afi ma ke. 28 Miwɔ se siwo katã mede na mi la dzi pɛpɛpɛ anukwaretɔe ekema nu sia nu adze edzi na mi kple miaƒe dzidzimeviwo nyuie tegbetegbe, elabena mianɔ nu si dzɔ, eye wòdzea Yehowa ŋu la wɔm. 29 “Yehowa, miaƒe Mawu la atsrɔ̃ dukɔwo ne miege ɖe woƒe anyigbawo dzi. Miaxɔ woƒe anyigba, eye mianɔ edzi. 30 Ne Yehowa tsrɔ̃ dukɔ mawo vɔ la, mikpɔ nyuie be miewɔ ɖe woƒe mawusubɔsubɔ ƒe kɔnyinyiwo dzi o, elabena wo dzi wɔwɔ ahe ku vɛ na mi. Migadze agbagba be yewoanya ale si wosubɔa woƒe mawuwo, ale be yewo hã yewoasubɔ le mɔ ma dzi o. 31 Migasubɔ Yehowa, miaƒe Mawu la le mɔ si dzi wosubɔa woƒe mawuwo le la o, elabena le woƒe mawusubɔsubɔ me la, wowɔa nu dziŋɔ siwo Yehowa lé fue. Wotsɔa wo viwo gɔ̃ hã sãa vɔe le dzo si le woƒe vɔsamlekpui dzi la me. 32 “Miwɔ se ɖe sia ɖe si mede na mi la dzi. Migakpe naneke ɖe wo ŋu o, eye migaɖe naneke le wo me hã o.”

In Other Versions

Deuteronomy 12 in the ANGEFD

Deuteronomy 12 in the ANTPNG2D

Deuteronomy 12 in the AS21

Deuteronomy 12 in the BAGH

Deuteronomy 12 in the BBPNG

Deuteronomy 12 in the BBT1E

Deuteronomy 12 in the BDS

Deuteronomy 12 in the BEV

Deuteronomy 12 in the BHAD

Deuteronomy 12 in the BIB

Deuteronomy 12 in the BLPT

Deuteronomy 12 in the BNT

Deuteronomy 12 in the BNTABOOT

Deuteronomy 12 in the BNTLV

Deuteronomy 12 in the BOATCB

Deuteronomy 12 in the BOATCB2

Deuteronomy 12 in the BOBCV

Deuteronomy 12 in the BOCNT

Deuteronomy 12 in the BOGWICC

Deuteronomy 12 in the BOHCB

Deuteronomy 12 in the BOHCV

Deuteronomy 12 in the BOHLNT

Deuteronomy 12 in the BOHNTLTAL

Deuteronomy 12 in the BOICB

Deuteronomy 12 in the BOILNTAP

Deuteronomy 12 in the BOITCV

Deuteronomy 12 in the BOKCV

Deuteronomy 12 in the BOKCV2

Deuteronomy 12 in the BOKHWOG

Deuteronomy 12 in the BOKSSV

Deuteronomy 12 in the BOLCB

Deuteronomy 12 in the BOLCB2

Deuteronomy 12 in the BOMCV

Deuteronomy 12 in the BONAV

Deuteronomy 12 in the BONCB

Deuteronomy 12 in the BONLT

Deuteronomy 12 in the BONUT2

Deuteronomy 12 in the BOPLNT

Deuteronomy 12 in the BOSCB

Deuteronomy 12 in the BOSNC

Deuteronomy 12 in the BOTLNT

Deuteronomy 12 in the BOVCB

Deuteronomy 12 in the BOYCB

Deuteronomy 12 in the BPBB

Deuteronomy 12 in the BPH

Deuteronomy 12 in the BSB

Deuteronomy 12 in the CCB

Deuteronomy 12 in the CUV

Deuteronomy 12 in the CUVS

Deuteronomy 12 in the DBT

Deuteronomy 12 in the DGDNT

Deuteronomy 12 in the DHNT

Deuteronomy 12 in the DNT

Deuteronomy 12 in the ELBE

Deuteronomy 12 in the EMTV

Deuteronomy 12 in the ESV

Deuteronomy 12 in the FBV

Deuteronomy 12 in the FEB

Deuteronomy 12 in the GGMNT

Deuteronomy 12 in the GNT

Deuteronomy 12 in the HARY

Deuteronomy 12 in the HNT

Deuteronomy 12 in the IRVA

Deuteronomy 12 in the IRVB

Deuteronomy 12 in the IRVG

Deuteronomy 12 in the IRVH

Deuteronomy 12 in the IRVK

Deuteronomy 12 in the IRVM

Deuteronomy 12 in the IRVM2

Deuteronomy 12 in the IRVO

Deuteronomy 12 in the IRVP

Deuteronomy 12 in the IRVT

Deuteronomy 12 in the IRVT2

Deuteronomy 12 in the IRVU

Deuteronomy 12 in the ISVN

Deuteronomy 12 in the JSNT

Deuteronomy 12 in the KAPI

Deuteronomy 12 in the KBT1ETNIK

Deuteronomy 12 in the KBV

Deuteronomy 12 in the KJV

Deuteronomy 12 in the KNFD

Deuteronomy 12 in the LBA

Deuteronomy 12 in the LBLA

Deuteronomy 12 in the LNT

Deuteronomy 12 in the LSV

Deuteronomy 12 in the MAAL

Deuteronomy 12 in the MBV

Deuteronomy 12 in the MBV2

Deuteronomy 12 in the MHNT

Deuteronomy 12 in the MKNFD

Deuteronomy 12 in the MNG

Deuteronomy 12 in the MNT

Deuteronomy 12 in the MNT2

Deuteronomy 12 in the MRS1T

Deuteronomy 12 in the NAA

Deuteronomy 12 in the NASB

Deuteronomy 12 in the NBLA

Deuteronomy 12 in the NBS

Deuteronomy 12 in the NBVTP

Deuteronomy 12 in the NET2

Deuteronomy 12 in the NIV11

Deuteronomy 12 in the NNT

Deuteronomy 12 in the NNT2

Deuteronomy 12 in the NNT3

Deuteronomy 12 in the PDDPT

Deuteronomy 12 in the PFNT

Deuteronomy 12 in the RMNT

Deuteronomy 12 in the SBIAS

Deuteronomy 12 in the SBIBS

Deuteronomy 12 in the SBIBS2

Deuteronomy 12 in the SBICS

Deuteronomy 12 in the SBIDS

Deuteronomy 12 in the SBIGS

Deuteronomy 12 in the SBIHS

Deuteronomy 12 in the SBIIS

Deuteronomy 12 in the SBIIS2

Deuteronomy 12 in the SBIIS3

Deuteronomy 12 in the SBIKS

Deuteronomy 12 in the SBIKS2

Deuteronomy 12 in the SBIMS

Deuteronomy 12 in the SBIOS

Deuteronomy 12 in the SBIPS

Deuteronomy 12 in the SBISS

Deuteronomy 12 in the SBITS

Deuteronomy 12 in the SBITS2

Deuteronomy 12 in the SBITS3

Deuteronomy 12 in the SBITS4

Deuteronomy 12 in the SBIUS

Deuteronomy 12 in the SBIVS

Deuteronomy 12 in the SBT

Deuteronomy 12 in the SBT1E

Deuteronomy 12 in the SCHL

Deuteronomy 12 in the SNT

Deuteronomy 12 in the SUSU

Deuteronomy 12 in the SUSU2

Deuteronomy 12 in the SYNO

Deuteronomy 12 in the TBIAOTANT

Deuteronomy 12 in the TBT1E

Deuteronomy 12 in the TBT1E2

Deuteronomy 12 in the TFTIP

Deuteronomy 12 in the TFTU

Deuteronomy 12 in the TGNTATF3T

Deuteronomy 12 in the THAI

Deuteronomy 12 in the TNFD

Deuteronomy 12 in the TNT

Deuteronomy 12 in the TNTIK

Deuteronomy 12 in the TNTIL

Deuteronomy 12 in the TNTIN

Deuteronomy 12 in the TNTIP

Deuteronomy 12 in the TNTIZ

Deuteronomy 12 in the TOMA

Deuteronomy 12 in the TTENT

Deuteronomy 12 in the UBG

Deuteronomy 12 in the UGV

Deuteronomy 12 in the UGV2

Deuteronomy 12 in the UGV3

Deuteronomy 12 in the VBL

Deuteronomy 12 in the VDCC

Deuteronomy 12 in the YALU

Deuteronomy 12 in the YAPE

Deuteronomy 12 in the YBVTP

Deuteronomy 12 in the ZBP