Deuteronomy 7 (BOECS)

1 Ne Yehowa miaƒe Mawu kplɔ wò yi Ŋugbedodonyigba la dzi, abe ale si wòle wɔwɔ ge kpuie ene la, atsrɔ̃ dukɔ adre siwo dometɔ ɖe sia ɖe lolo, eye wòsẽ wu wò. Dukɔ siawoe nye: Hititɔwo, Girgasitɔwo, Amoritɔwo, Kanaantɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo. 2 Ne Yehowa, wò Mawu la tsɔ wo de asi na wò be nàtsrɔ̃ wo la, ele be nàtsrɔ̃ wo keŋkeŋ. Mègawɔ nubabla kpli wo alo nàkpɔ nublanui na wo o. Tsrɔ̃ wo keŋkeŋ. 3 Mègaɖe srɔ̃ tso wo dome o, eye mègaɖe mɔ viwò ŋutsuwo kple viwò nyɔnuwo naɖe wo vinyɔnuwo kple wo viŋutsuwo o. 4 Ne viwòwo ɖe wo viwo la, viwòwo asubɔ woƒe mawuwo godoo. Ekema Yehowa ƒe dɔmedzoe abi ɖe ŋuwò, eye Yehowa atsrɔ̃ wò kokoko. 5 Ele be nàmu woƒe vɔsamlekpuiwo, agbã woƒe legbawo, aho woƒe aƒeliwo aƒu anyi, eye nàtɔ dzo woƒe aklamakpakpɛwo, 6 elabena wò la, dukɔ kɔkɔe nènye, eye wotsɔ wò na Yehowa, wò Mawu la. Etia wò tso xexemedukɔwo katã dome be nànye yeƒe dukɔ tiatia. 7 Etia wò, eye wòkɔ eƒe lɔlɔ̃ ɖe dziwò duu, menye esi nènye dukɔ si lolo wu bubuawo ta o, elabena wòe nye suetɔ kekeake le dukɔwo dome! 8 Esi wòlɔ̃ wò kple ale si wòwɔ atam si wòka na tɔgbuiwòwo dzi ta koe. Eya ta wòɖe wò tso kluvinyenye me le Egiptenyigba dzi to eƒe ŋusẽ gã ɖeɖe fia kple nukunu triakɔwo wɔwɔ me. 9 Eya ta nyae bena Yehowa, wò Mawu la nye Mawu nuteƒewɔla. Ewɔa eƒe ŋugbedodowo dzi na dzidzime akpewo, eye wòtsɔa lɔlɔ̃ mavɔ lɔ̃a ame siwo lɔ̃nɛ, eye wowɔa eƒe seawo dzi. 10 Ke ame siwo léa fui la, woahe to na wo le dukɔwo ŋkume,eye woatsrɔ̃ wo. Eya ŋutɔ ahe to na wo. 11 Eya ta wɔ ɖe se siwo katã mele tsɔtsɔm na wò egbea la dzi. 12 Le wò seawo dzi wɔwɔ ta la, Yehowa, wò Mawu la awɔ ɖe eƒe nubabla si wòtsɔ lɔ̃ wò kple fofowòwo la dzi. 13 Kpe ɖe esia ŋu la, alɔ̃ wò, ayra wò, eye wòawɔ wò nàzu dukɔ gã aɖe. Ana nàdzi asɔ gbɔ, wò anyigba nanyo nukuwo, eye wò lãwo hã nadzi asɔ gbɔ, ale be wò bli, wain, ami, nyiwo, alẽwo kple gbɔ̃wo asɔ gbɔ ne mieva ɖo anyigba si ŋugbe wòdo na fofowòwo be yeatsɔ na wo la dzi. 14 Yehowa ayra wò wu dukɔ bubu ɖe sia ɖe le xexea me. Wò ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa dometɔ aɖeke matsi ko o. Woƒe lãwo gɔ̃ hã matsi ko o. 15 Gawu la, Yehowa aɖe miaƒe dɔlélewo katã ɖa, eye mana Egiptetɔwo ƒe dɔléle siwo dzi nèɖo ŋkui nyuie la dometɔ aɖeke naɖe fu na wò o. Atsɔ dɔléle siawo katã ada ɖe wò futɔwo dzi! 16 Ele be nàtsrɔ̃ dukɔ siwo katã Yehowa, wò Mawu la tsɔ de asi na wò. Mègakpɔ nublanui na wo o, eye mègasubɔ woƒe mawuwo o. Ne ègbe toɖoɖo, eye nèwɔ nu siawo la, dzɔgbevɔ̃e ava dziwò. 17 Ɖewohĩ miabia mia ɖokuiwo be, “Dukɔ siawo sesẽ wu mí, aleke míate ŋu awɔ anya wo ɖa?” 18 Ke migavɔ̃ wo o! Miɖo ŋku nu si Yehowa, miaƒe Mawu la wɔ Farao kple Egiptenyigba blibo la 19 miekpɔ kple miawo ŋutɔ miaƒe ŋkuwo, xaxa sesẽwo, nukunuwo kple dzesi gãwo, asi sesẽ kple abɔ si wòdo ɖe dzi si Yehowa, wò Mawu la tsɔ kplɔ wò do goe la dzi la dzi nyuie. Yehowa, wò Mawu la awɔ nenema ke na ame siwo vɔ̃m nèle fifia. 20 Gawu la, Yehowa wò Mawu la aɖo nudzodzoe teamewo ɖe wo dome va se ɖe esime ame siwo tsi agbe, eye woɣla wo ɖokuiwo la hã nàtsrɔ̃. 21 “Mègavɔ̃ dukɔ mawo o, elabena Yehowa, wò Mawu la le mia dome; Mawu ŋusẽtɔ kple ŋɔdzitɔ wònye. 22 Yehowa, wò Mawu la maɖe mɔ be miaɖe wo katã ɖa zi ɖeka o, ne menye nenema o la, lã wɔadãwo adzi asɔ gbɔ aɖe to ɖe wò. 23 Ke Yehowa, wò Mawu la atsɔ wo ade asi na wò, ana woatɔtɔ va se ɖe esime woatsrɔ̃. 24 Mawu atsɔ woƒe fiawo ade asi na wò, eye nàtutu woƒe ŋkɔwo ɖa le anyigba la ŋkume. Wo dometɔ aɖeke mate ŋu atsi tsitre ɖe ŋuwò o. Ke boŋ àtsrɔ̃ wo. 25 Tɔ dzo woƒe legbawo, eye wo ŋu klosalo alo sika megabiã ŋu na wò o, eye mègatsɔ wo na ɖokuiwò o, elabena ŋunyɔnue wonye na Yehowa, wò Mawu la. 26 Mègatsɔ ŋunyɔnu aɖeke va aƒewò me o, ne menye nenema o la, wò hã àzu busunu si woɖo anyi na tsɔtsrɔ̃. Tsri wo vevie, eye woanyɔ ŋu na wò elabena busunuwoe wonye.

In Other Versions

Deuteronomy 7 in the ANGEFD

Deuteronomy 7 in the ANTPNG2D

Deuteronomy 7 in the AS21

Deuteronomy 7 in the BAGH

Deuteronomy 7 in the BBPNG

Deuteronomy 7 in the BBT1E

Deuteronomy 7 in the BDS

Deuteronomy 7 in the BEV

Deuteronomy 7 in the BHAD

Deuteronomy 7 in the BIB

Deuteronomy 7 in the BLPT

Deuteronomy 7 in the BNT

Deuteronomy 7 in the BNTABOOT

Deuteronomy 7 in the BNTLV

Deuteronomy 7 in the BOATCB

Deuteronomy 7 in the BOATCB2

Deuteronomy 7 in the BOBCV

Deuteronomy 7 in the BOCNT

Deuteronomy 7 in the BOGWICC

Deuteronomy 7 in the BOHCB

Deuteronomy 7 in the BOHCV

Deuteronomy 7 in the BOHLNT

Deuteronomy 7 in the BOHNTLTAL

Deuteronomy 7 in the BOICB

Deuteronomy 7 in the BOILNTAP

Deuteronomy 7 in the BOITCV

Deuteronomy 7 in the BOKCV

Deuteronomy 7 in the BOKCV2

Deuteronomy 7 in the BOKHWOG

Deuteronomy 7 in the BOKSSV

Deuteronomy 7 in the BOLCB

Deuteronomy 7 in the BOLCB2

Deuteronomy 7 in the BOMCV

Deuteronomy 7 in the BONAV

Deuteronomy 7 in the BONCB

Deuteronomy 7 in the BONLT

Deuteronomy 7 in the BONUT2

Deuteronomy 7 in the BOPLNT

Deuteronomy 7 in the BOSCB

Deuteronomy 7 in the BOSNC

Deuteronomy 7 in the BOTLNT

Deuteronomy 7 in the BOVCB

Deuteronomy 7 in the BOYCB

Deuteronomy 7 in the BPBB

Deuteronomy 7 in the BPH

Deuteronomy 7 in the BSB

Deuteronomy 7 in the CCB

Deuteronomy 7 in the CUV

Deuteronomy 7 in the CUVS

Deuteronomy 7 in the DBT

Deuteronomy 7 in the DGDNT

Deuteronomy 7 in the DHNT

Deuteronomy 7 in the DNT

Deuteronomy 7 in the ELBE

Deuteronomy 7 in the EMTV

Deuteronomy 7 in the ESV

Deuteronomy 7 in the FBV

Deuteronomy 7 in the FEB

Deuteronomy 7 in the GGMNT

Deuteronomy 7 in the GNT

Deuteronomy 7 in the HARY

Deuteronomy 7 in the HNT

Deuteronomy 7 in the IRVA

Deuteronomy 7 in the IRVB

Deuteronomy 7 in the IRVG

Deuteronomy 7 in the IRVH

Deuteronomy 7 in the IRVK

Deuteronomy 7 in the IRVM

Deuteronomy 7 in the IRVM2

Deuteronomy 7 in the IRVO

Deuteronomy 7 in the IRVP

Deuteronomy 7 in the IRVT

Deuteronomy 7 in the IRVT2

Deuteronomy 7 in the IRVU

Deuteronomy 7 in the ISVN

Deuteronomy 7 in the JSNT

Deuteronomy 7 in the KAPI

Deuteronomy 7 in the KBT1ETNIK

Deuteronomy 7 in the KBV

Deuteronomy 7 in the KJV

Deuteronomy 7 in the KNFD

Deuteronomy 7 in the LBA

Deuteronomy 7 in the LBLA

Deuteronomy 7 in the LNT

Deuteronomy 7 in the LSV

Deuteronomy 7 in the MAAL

Deuteronomy 7 in the MBV

Deuteronomy 7 in the MBV2

Deuteronomy 7 in the MHNT

Deuteronomy 7 in the MKNFD

Deuteronomy 7 in the MNG

Deuteronomy 7 in the MNT

Deuteronomy 7 in the MNT2

Deuteronomy 7 in the MRS1T

Deuteronomy 7 in the NAA

Deuteronomy 7 in the NASB

Deuteronomy 7 in the NBLA

Deuteronomy 7 in the NBS

Deuteronomy 7 in the NBVTP

Deuteronomy 7 in the NET2

Deuteronomy 7 in the NIV11

Deuteronomy 7 in the NNT

Deuteronomy 7 in the NNT2

Deuteronomy 7 in the NNT3

Deuteronomy 7 in the PDDPT

Deuteronomy 7 in the PFNT

Deuteronomy 7 in the RMNT

Deuteronomy 7 in the SBIAS

Deuteronomy 7 in the SBIBS

Deuteronomy 7 in the SBIBS2

Deuteronomy 7 in the SBICS

Deuteronomy 7 in the SBIDS

Deuteronomy 7 in the SBIGS

Deuteronomy 7 in the SBIHS

Deuteronomy 7 in the SBIIS

Deuteronomy 7 in the SBIIS2

Deuteronomy 7 in the SBIIS3

Deuteronomy 7 in the SBIKS

Deuteronomy 7 in the SBIKS2

Deuteronomy 7 in the SBIMS

Deuteronomy 7 in the SBIOS

Deuteronomy 7 in the SBIPS

Deuteronomy 7 in the SBISS

Deuteronomy 7 in the SBITS

Deuteronomy 7 in the SBITS2

Deuteronomy 7 in the SBITS3

Deuteronomy 7 in the SBITS4

Deuteronomy 7 in the SBIUS

Deuteronomy 7 in the SBIVS

Deuteronomy 7 in the SBT

Deuteronomy 7 in the SBT1E

Deuteronomy 7 in the SCHL

Deuteronomy 7 in the SNT

Deuteronomy 7 in the SUSU

Deuteronomy 7 in the SUSU2

Deuteronomy 7 in the SYNO

Deuteronomy 7 in the TBIAOTANT

Deuteronomy 7 in the TBT1E

Deuteronomy 7 in the TBT1E2

Deuteronomy 7 in the TFTIP

Deuteronomy 7 in the TFTU

Deuteronomy 7 in the TGNTATF3T

Deuteronomy 7 in the THAI

Deuteronomy 7 in the TNFD

Deuteronomy 7 in the TNT

Deuteronomy 7 in the TNTIK

Deuteronomy 7 in the TNTIL

Deuteronomy 7 in the TNTIN

Deuteronomy 7 in the TNTIP

Deuteronomy 7 in the TNTIZ

Deuteronomy 7 in the TOMA

Deuteronomy 7 in the TTENT

Deuteronomy 7 in the UBG

Deuteronomy 7 in the UGV

Deuteronomy 7 in the UGV2

Deuteronomy 7 in the UGV3

Deuteronomy 7 in the VBL

Deuteronomy 7 in the VDCC

Deuteronomy 7 in the YALU

Deuteronomy 7 in the YAPE

Deuteronomy 7 in the YBVTP

Deuteronomy 7 in the ZBP