Exodus 12 (BOECS)

1 Yehowa gblɔ na Mose kple Aron le Egipte be, 2 “Tso azɔ dzi yina la, ɣleti siae anye gbãtɔ kple ɣleti vevitɔ wu na mi le ƒea me. 3 Miɖe gbeƒã na Israelviwo katã be le ɣleti sia ƒe ŋkeke ewolia dzi la, ŋutsu ɖe sia ɖe nalé alẽvi ɖeka na eƒe ƒome, alẽ ɖeka ɖe aƒekɔ ɖeka ɖe sia ɖe nu. 4 Ne aƒekɔ aɖe le sue akpa na alẽvi blibo ɖeka ɖuɖu la, woama alẽvi la kple woƒe aƒelika si te ɖe wo ŋu wu le woƒe agbɔsɔsɔ nu. Ele be miabu alẽvi siwo ŋu dɔ woawɔ la ŋu le ameawo ƒe agbɔsɔsɔ nu, ɖe nu si ame sia ame aɖu la nu. 5 Alẽ alo gbɔ̃ sia anye atsu si xɔ ƒe ɖeka, eye naneke megblẽ le eƒe akpa aɖeke ŋu o. 6 Miakpɔ wo dzi va se ɖe ɣleti sia ƒe ŋkeke wuienelia dzi, esi Israelviwo katã awu woƒe lãwo le fiẽ me, 7 woatsɔ woƒe ʋu asi na woƒe ʋɔtrua ƒe axadziti eveawo kple ʋɔtrua ƒe tameti le aƒe ɖe sia ɖe si me woaɖu alẽviawo le. 8 Le zã ma ke me la, woame lã la aɖu kple amagbe veve kple abolo maʋamaʋã. 9 Migaɖui mumu alo aɖae hafi aɖu o, ke boŋ mimee dɔnogoe, ta kple afɔwo siaa. 10 Migagblẽ lã la ƒe ɖeke ɖi ŋu nake ɖe edzi o. Ne miete ŋu ɖu wo katã gbe ma gbe ƒe fiẽ o la, ele be miatɔ dzo esi susɔ. 11 Ale si mianɔ hafi aɖui nye esi: mido miaƒe awuwo, miabla wo dzi kple alidziblaka. Mido miaƒe atokotawo ɖe afɔ, eye mialé miaƒe atizɔtiwo ɖe asi. Miɖui abe sisilawo ene, elabena Yehowa ƒe Ŋutitotoŋkeke wònye. 12 “Elabena mato Egiptenyigba la dzi le zã sia me, eye mawu ŋgɔgbevi ɖe sia ɖe, amewo kple lãwo tɔwo siaa. Madrɔ̃ ʋɔnu Egipte mawuwo katã, elabena nyee nye Yehowa. 13 Ʋu si miesi ɖe ʋɔtrutiwo ŋu la anye dzesi be mieɖoa tom. Ne mekpɔ ʋua la, mato mia ŋuti. Nyemawu viŋutsu gbãtɔwo ne meyina Egiptetɔwo tɔwo wu ge o. 14 “Ele be miaɖu ŋkekenyui sia na Yehowa ƒe sia ƒe be wòaɖo ŋku zã si me Egiptetɔwo ƒe ŋutsuvi gbãtɔwo ku la dzi. Esia zu se si me woalé ɖe asi tegbetegbe. 15 Miaɖu ŋkekenyui sia ŋkeke adre. Le ŋkeke adreawo katã me la, ele be miaɖu abolo si wowɔ kple amɔ maʋamaʋã ko. Woaɖe ame sia ame si agbe se sia dzi wɔwɔ le ŋkeke adreawo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã me la le Israelviwo ƒe hame. 16 Le ŋkekenyui sia ƒe ŋkeke gbãtɔ kple mamlɛtɔ dzi la, ameha la katã ade takpekpe kɔkɔe aɖe. Womawɔ dɔ aɖeke le ŋkeke siawo dzi o, negbe nuɖaɖa ko. 17 “ ‘Abolo Maʋamaʋã Ŋkekenyui’ sia ɖuɖu ƒe sia ƒe ana miaɖo ŋku ŋkeke sia dzi abe gbe si gbe meɖe mi tso Egiptenyigba dzi ene, eya ta ezu se mavɔ be miaɖu ŋkekenyui sia ƒe sia ƒe, tso dzidzime yi dzidzime. 18 Abolo si wowɔ kple amɔ maʋamaʋã la ko woaɖu tso ɣleti la ƒe ŋkeke wuienelia ƒe fiẽ va se ɖe ŋkeke blaeve-vɔ-ɖekɛlia ƒe fiẽ. 19 Mele be amɔʋãtike aɖeke nanɔ miaƒe aƒewo me le ŋkeke adre siawo me o. Woaɖe ame sia ame si aɖu nu si wowɔ kple amɔ ʋaʋã le ɣeyiɣi sia me la le Israelviwo ƒe hame. Ele be amedzro siwo le mia dome kple dzɔleaƒeawo siaa nalé se sia me ɖe asi. 20 Megale egblɔm be, le ŋkeke adre mawo me la, mele be miaɖu nu si wowɔ kple amɔ ʋaʋã la ƒe ɖeke o: miɖu nu si wowɔ kple amɔ maʋamaʋã la ko le afi sia afi si mianɔ.” 21 Ale Mose yɔ Israelviwo ƒe ametsitsiwo ƒo ƒu, eye wògblɔ na wo be, “Miyi mialé alẽwo tso miaƒe alẽhawo dome. Aƒekɔ ɖeka nalé alẽ ɖeka; aƒekɔ sue eve nalé alẽ ɖeka. Esia aku ɖe ame siwo le aƒeawo me ƒe agbɔsɔsɔ ŋu. Miwu Ŋutitotolẽvi la. 22 Mitsyɔ alẽvi la ƒe ʋu ɖe gagbɛ aɖe me. Minyrɔ kakle ɖe ʋu la me, eye miatsɔe asisi ʋu la ɖe ʋɔtruti la tame kple eƒe axawo dzi, ale be ʋu nanɔ ʋɔtrutiawo ŋu. Mia dometɔ aɖeke mado go le xɔ me le zã ma me o. 23 “Elabena Yehowa ato anyigba la dzi, eye wòawu Egiptetɔwo. Ke ne ekpɔ ʋu le ʋɔtruti la tametɔ kple eƒe axadzitɔwo ŋu la, ato ʋɔtru la ŋu, eye maɖe mɔ na nugblẽla wòage ɖe eme awu miaƒe ŋutsuvi gbãtɔwo o. 24 Miɖo ŋku edzi be esia nye se si anɔ anyi tegbetegbe na miawo ŋutɔwo kple miaƒe dzidzimeviwo. 25 Ne mieva ɖo anyigba si Yehowa ana mi dzi abe ale si wòdo ŋugbee na mi ene, ne miele Ŋutitotoŋkekenyui la ɖum, 26 eye mia viwo bia mi be, ‘Nu ka ta miele ŋkekenyui sia ɖum mahã?’ la, 27 miaɖo eŋu be, ‘Enye Yehowa ƒe mía ŋuti toto ƒe vɔsa, elabena eto Israelviwo ƒe aƒewo ŋuti, eye wòwu Egiptetɔwo.’ ” Ameawo katã de ta agu, eye wosubɔ Mawu. 28 Israel wɔ abe ale si Yehowa ɖo na Mose kple Aron ene. 29 Le zã ma me, le zãtitina tututu la, Yehowa wu ŋutsuvi gbãtɔwo le Egiptenyigba la dzi, tso Farao ƒe viŋutsuvi gbãtɔ si le eƒe zi dzi la dzi va se ɖe gaxɔmenɔla ƒe viŋutsuvi gbãtɔ dzi. Ewu lãwo ƒe vi siwo nye atsu la ƒe gbãtɔwo hã. 30 Farao kple eƒe aɖaŋudelawo kple Egiptetɔwo katã fɔ le zã ma me. Avifafa nɔ Egiptenyigba blibo la dzi, elabena aƒe aɖeke menɔ anyi esi me ame meku le o. 31 Farao yɔ Mose kple Aron le zã ma me, eye wògblɔ be, “Netsɔ, midzo le mía gbɔ, míeɖe kuku, mi katã midzo! Mia ŋutɔwo kple Israelviwo; miyi miasubɔ Yehowa abe ale si miebia ene. 32 Mikplɔ miaƒe alẽwo kple nyiwo, eye miadzo. Miyram eye miadzo.” 33 Egiptetɔwo ƒo du ɖe Israelviwo nu be woadzo le anyigba la dzi kaba, abe ale si woate ŋui ene, elabena wogblɔ be, “Ne menye nenema o la, mí katã míele kuku ge.” 34 Israelviwo tsɔ woƒe amɔ maʋamaʋã ɖe asi. Wobla woƒe amɔkpakuwo ɖe woƒe avɔ mamlɛawo me heda ɖe abɔta. 35 Israelviwo wɔ abe ale si Mose gblɔ na wo ene. Woɣe klosalonuwo kple sikanuwo kple awuwo le Egiptetɔwo si. 36 Yehowa na Egiptetɔwo nyo dɔ me na Israelviwo ale gbegbe be wotsɔ nu sia nu si Israelviwo bia wo la na wo. Ale Egiptetɔwo ƒe nu sia nu kloe yi Israelviwo gbɔ! 37 Israelviwo dzo le Rameses le zã ma me heɖo ta Sukɔt. Ŋutsu akpe alafa ade kple nyɔnuwo kple ɖeviwo dze mɔ kple afɔ. 38 Amedzro geɖewo hã dze mɔ kpli wo. Woho kple alẽha kple nyiha gã aɖewo. 39 Ne wotɔ hena nuɖuɖu la, wowɔa abolo kple amɔ maʋamaʋã si wotsɔ ɖe asi la ŋu dɔ. Amɔ la meʋã o, elabena ɖe wonya wo le Egipte, eye womekpɔ ɣeyiɣi aɖeke ana woƒe amɔ naʋã woatsɔ ɖe asi na mɔzɔzɔ la o. 40 Israelviwo nɔ Egipte ƒe alafa ene blaetɔ̃ (430). 41 Le ƒe alafa ene blaetɔ̃ (430) lia ƒe nuwuwu, le ŋkeke ma dzi tututu la, Yehowa ƒe amewo katã ʋu le Egipte. 42 Yehowa tia zã sia be yeaɖe yeƒe amewo tso Egiptenyigba dzi, eya ta wòna zã sia zu gbe si gbe Israelviwo katã aɖu ale si Yehowa ɖe woe la ƒe ŋkekenyui ƒe sia ƒe. 43 Yehowa gblɔ na Mose kple Aron be, “Esiawoe nye se siwo le Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu ŋuti.“Amedzro aɖeke maɖu alẽvi la ƒe lã o, 44 gake kluvi si mieƒle hetso aʋa na la ate ŋu aɖui. 45 Agbatedɔwɔla alo amedzro si le mia gbɔ la, mekpɔ mɔ aɖui o. 46 Mi ame siwo katã aɖu alẽvi ɖeka la, miaɖui le aƒe ɖeka me: miatsɔ ɖeke ado goe o, eye miagbã ƒu aɖeke hã o. 47 Israelviwo katã aɖu ŋkekenyui sia le ɣeyiɣi ɖeka dzi. 48 “Ne amedzro siwo le mia gbɔ di be yewoaɖu Yehowa ƒe Ŋutitotoŋkekenyui la kpli mi la, mina woƒe ŋutsuwo katã natso aʋa, ekema woate ŋu aɖui kpli mi. Ekema woazu abe ɖe wodzi wo ɖe mia dome ene. Ke bolotɔ aɖeke mekpɔ mɔ aɖu ŋutitotolẽvi la o. 49 Se ɖeka ma kee akplɔ Israelvi dzɔleaƒeawo kple amedzro siwo le mia dome.” 50 Israelviwo wɔ se siwo katã Yehowa de na wo to Mose kple Aron dzi la dzi. 51 Gbe ma gbe kee Yehowa kplɔ Israelviwo do goe tso Egiptenyigba dzi, le woƒe to vovovoawo me.

In Other Versions

Exodus 12 in the ANGEFD

Exodus 12 in the ANTPNG2D

Exodus 12 in the AS21

Exodus 12 in the BAGH

Exodus 12 in the BBPNG

Exodus 12 in the BBT1E

Exodus 12 in the BDS

Exodus 12 in the BEV

Exodus 12 in the BHAD

Exodus 12 in the BIB

Exodus 12 in the BLPT

Exodus 12 in the BNT

Exodus 12 in the BNTABOOT

Exodus 12 in the BNTLV

Exodus 12 in the BOATCB

Exodus 12 in the BOATCB2

Exodus 12 in the BOBCV

Exodus 12 in the BOCNT

Exodus 12 in the BOGWICC

Exodus 12 in the BOHCB

Exodus 12 in the BOHCV

Exodus 12 in the BOHLNT

Exodus 12 in the BOHNTLTAL

Exodus 12 in the BOICB

Exodus 12 in the BOILNTAP

Exodus 12 in the BOITCV

Exodus 12 in the BOKCV

Exodus 12 in the BOKCV2

Exodus 12 in the BOKHWOG

Exodus 12 in the BOKSSV

Exodus 12 in the BOLCB

Exodus 12 in the BOLCB2

Exodus 12 in the BOMCV

Exodus 12 in the BONAV

Exodus 12 in the BONCB

Exodus 12 in the BONLT

Exodus 12 in the BONUT2

Exodus 12 in the BOPLNT

Exodus 12 in the BOSCB

Exodus 12 in the BOSNC

Exodus 12 in the BOTLNT

Exodus 12 in the BOVCB

Exodus 12 in the BOYCB

Exodus 12 in the BPBB

Exodus 12 in the BPH

Exodus 12 in the BSB

Exodus 12 in the CCB

Exodus 12 in the CUV

Exodus 12 in the CUVS

Exodus 12 in the DBT

Exodus 12 in the DGDNT

Exodus 12 in the DHNT

Exodus 12 in the DNT

Exodus 12 in the ELBE

Exodus 12 in the EMTV

Exodus 12 in the ESV

Exodus 12 in the FBV

Exodus 12 in the FEB

Exodus 12 in the GGMNT

Exodus 12 in the GNT

Exodus 12 in the HARY

Exodus 12 in the HNT

Exodus 12 in the IRVA

Exodus 12 in the IRVB

Exodus 12 in the IRVG

Exodus 12 in the IRVH

Exodus 12 in the IRVK

Exodus 12 in the IRVM

Exodus 12 in the IRVM2

Exodus 12 in the IRVO

Exodus 12 in the IRVP

Exodus 12 in the IRVT

Exodus 12 in the IRVT2

Exodus 12 in the IRVU

Exodus 12 in the ISVN

Exodus 12 in the JSNT

Exodus 12 in the KAPI

Exodus 12 in the KBT1ETNIK

Exodus 12 in the KBV

Exodus 12 in the KJV

Exodus 12 in the KNFD

Exodus 12 in the LBA

Exodus 12 in the LBLA

Exodus 12 in the LNT

Exodus 12 in the LSV

Exodus 12 in the MAAL

Exodus 12 in the MBV

Exodus 12 in the MBV2

Exodus 12 in the MHNT

Exodus 12 in the MKNFD

Exodus 12 in the MNG

Exodus 12 in the MNT

Exodus 12 in the MNT2

Exodus 12 in the MRS1T

Exodus 12 in the NAA

Exodus 12 in the NASB

Exodus 12 in the NBLA

Exodus 12 in the NBS

Exodus 12 in the NBVTP

Exodus 12 in the NET2

Exodus 12 in the NIV11

Exodus 12 in the NNT

Exodus 12 in the NNT2

Exodus 12 in the NNT3

Exodus 12 in the PDDPT

Exodus 12 in the PFNT

Exodus 12 in the RMNT

Exodus 12 in the SBIAS

Exodus 12 in the SBIBS

Exodus 12 in the SBIBS2

Exodus 12 in the SBICS

Exodus 12 in the SBIDS

Exodus 12 in the SBIGS

Exodus 12 in the SBIHS

Exodus 12 in the SBIIS

Exodus 12 in the SBIIS2

Exodus 12 in the SBIIS3

Exodus 12 in the SBIKS

Exodus 12 in the SBIKS2

Exodus 12 in the SBIMS

Exodus 12 in the SBIOS

Exodus 12 in the SBIPS

Exodus 12 in the SBISS

Exodus 12 in the SBITS

Exodus 12 in the SBITS2

Exodus 12 in the SBITS3

Exodus 12 in the SBITS4

Exodus 12 in the SBIUS

Exodus 12 in the SBIVS

Exodus 12 in the SBT

Exodus 12 in the SBT1E

Exodus 12 in the SCHL

Exodus 12 in the SNT

Exodus 12 in the SUSU

Exodus 12 in the SUSU2

Exodus 12 in the SYNO

Exodus 12 in the TBIAOTANT

Exodus 12 in the TBT1E

Exodus 12 in the TBT1E2

Exodus 12 in the TFTIP

Exodus 12 in the TFTU

Exodus 12 in the TGNTATF3T

Exodus 12 in the THAI

Exodus 12 in the TNFD

Exodus 12 in the TNT

Exodus 12 in the TNTIK

Exodus 12 in the TNTIL

Exodus 12 in the TNTIN

Exodus 12 in the TNTIP

Exodus 12 in the TNTIZ

Exodus 12 in the TOMA

Exodus 12 in the TTENT

Exodus 12 in the UBG

Exodus 12 in the UGV

Exodus 12 in the UGV2

Exodus 12 in the UGV3

Exodus 12 in the VBL

Exodus 12 in the VDCC

Exodus 12 in the YALU

Exodus 12 in the YAPE

Exodus 12 in the YBVTP

Exodus 12 in the ZBP