Exodus 14 (BOECS)

1 Azɔ la, Yehowa gblɔ na Mose be, 2 “Gblɔ na Israelviwo be woatrɔ aɖo ta Pi Hahirɔt, le Migdol kple atsiaƒu la dome le Baal Zefon ŋgɔ, eye woaƒu asaɖa anyi ɖe ƒu la nu, 3 elabena Farao abu be, ‘Israelvi mawo xaxa ɖe ƒu la kple gbegbe la dome!’ 4 Magana Farao nagasẽ dzi me, eye wòati mia yome. Mewɔ ɖoɖo sia ale be makpɔ bubu kple ŋutikɔkɔe gã ɖe Farao kple eƒe aʋakɔ dzi. Ale Egiptetɔwo anya be nyee nye Yehowa.” Ale woƒu asaɖa anyi ɖe afi si Mose fia wo la. 5 Esi Egipte fia se be Israelviwo meɖo ta me be yewoagbugbɔ va Egipte le ŋkeke etɔ̃ megbe o, ke boŋ yewoayi mɔzɔzɔ dzi la, Farao kple eŋumewo ƒe mo nyra, eye dzi gaɖo wo ƒo. Wobia be, “Nu kae nye esi míewɔ be míeɖe asi le Israelviwo ŋu wodzo eye míebu woƒe subɔsubɔdɔ nyuitɔwo?” 6 Ale Farao na wodzra eƒe tasiaɖam ɖo nɛ, eye wòkplɔ eƒe aʋakɔ ɖe asi. 7 Etia tasiaɖam nyuitɔ alafa ade kpe ɖe tasiaɖam bubu siwo katã nɔ Egipte la ŋu, eye wòtsɔ asrafomegãwo ɖo ɖe sia ɖe nu. 8 Yehowa na Egipte fia Farao ƒe dzi me sẽ ɖe edzi, ale wòti Israelvi siwo nɔ azɔli dzi dzideƒotɔe la yome. 9 Wowɔ Farao ƒe sɔwo, tasiaɖamwo, sɔdolawo kple aʋawɔla bubuawo katã ŋu dɔ le wo yometiti me. Egiptetɔwo va tu Israelviwo, esi woƒu asaɖa anyi ɖe ƒu la to, te ɖe Pi Hahirɔt ŋu le Baal Zefon ŋgɔ. 10 Esi Egiptetɔwo ƒe aʋakɔ gbɔna la, Israelviwo kpɔ wo ɖaa le adzɔge ke, eye vɔvɔ̃ ɖo wo ŋutɔ. Wodo ɣli na Yehowa be wòakpe ɖe yewo ŋu. 11 Wotrɔ ɖe Mose gbɔ helĩ liʋĩliʋĩ be, “Ɖe nèkplɔ mí va afi sia be míaku ɖe gbedzi, elabena yɔdowo mele Egipte oa? Nu kae nye esi nèwɔ be nèkplɔ mí do goe tso Egipte? 12 “Menye esiae míegblɔ na wò esime míenɔ Egipte la be, ‘Ɖe asi le mía ŋu kpoo ne míasubɔ Egiptetɔwo’ oa? Anyo na mí be míasubɔ Egiptetɔwo wu be míaku ɖe gbegbe!” 13 Ke Mose ɖo eŋu na wo be, “Migavɔ̃ o, minɔ te ɖe afi si miele la ko, milé ŋku ɖe nuwo ŋu, eye miakpɔ nukumɔ si dzi Yehowa aɖe mi toe egbe la ɖa. Egiptetɔ siwo kpɔm miele fifia la, miagakpɔ wo akpɔ o. 14 Yehowa awɔ aʋa na mi; miawo ya mizi kpoo nɛ ko.” 15 Yehowa gblɔ na Mose be, “Nu ka ŋuti nèle ɣli dom nam? Gblɔ na Israelviwo be woaɖe zɔ, ayi ŋgɔ 16 Do wò atikplɔ la ɖe dzi, eye nàdo wò asi ɖe atsiaƒu la dzi be atsiaƒutsi la nama ɖe eve, ale be Israelviwo nato atsiaƒu la me ayi le anyigba ƒuƒui dzi. 17 Mana Egiptetɔwo ƒe dzi me nasẽ be woadze Israelviwo yome, eye makɔ nye ŋkɔ ŋuti to Farao kple eƒe aʋakɔwo kple tasiaɖamwo kple sɔdolawo dzi. 18 Egiptetɔwo anya be nyee nye Yehowa, ne mekɔ nye ŋkɔ ŋuti to Farao, eƒe tasiaɖamwo kple eƒe sɔdolawo dzi.” 19 Mawudɔla si nɔ Israelviwo kplɔm la trɔ yi Israelviwo megbe, nenema ke lilikpo dodo si nɔ wo ŋgɔ la hã trɔ yi wo megbe, 20 ale wòtɔ ɖe Egipte ƒe aʋakɔwo kple Israelviwo dome. Le zã blibo la me la, lilikpo la na viviti do ɖe akpa ɖeka, eye kekeli do ɖe akpa kemɛ, ale wo dometɔ aɖeke mete ɖe nɔvia ŋu le zã blibo la me o. 21 Tete Mose tsɔ eƒe asi do ɖe ƒu la dzi. Ale zã blibo la Yehowa tutu atsiaƒu la ɖe megbe to ɣedzeƒeya sesẽ aɖe dzi, eye wòna anyigba ƒuƒui dze. Tsi la ma ɖe akpa eve, 22 eye Israelviwo zɔ to atsiaƒu la me le anyigba ƒuƒui dzi, ale tsi la zu gli ɖe woƒe ɖusime kple miame. 23 Egiptetɔwo, Farao ƒe sɔwo, tasiaɖamwo kple sɔdolawo dze wo yome to atsiaƒu la ƒe gliwo me, eye woawo hã wonɔ atsiaƒu la ƒe ƒuƒuiƒe zɔm. 24 Ke le ŋdi kanya la, Yehowa kplɔ Egiptetɔwo ƒe aʋakɔ la to dzo bibi la me, eye wòde tɔtɔ wo dome. 25 Woƒe tasiaɖamwo ƒe afɔwo de asi dodo me le wo te. Ale woƒe tasiaɖamwo de asi anyigbatete me. Egiptetɔwo do ɣli be, “Mina míadzo le Israel nu. Yehowa le aʋa wɔm kpli mí na wo!” 26 Yehowa gblɔ na Mose be, “Gada wò asi ɖe atsiaƒu la dzi ale be tsigliawo namu adze Egiptetɔwo, woƒe tasiaɖamwo kple woƒe sɔdolawo dzi.” 27 Mose wɔ alea, eye esi ŋu ke la, atsiaƒu la gazu abe ale si wònɔ tsã ene. Egiptetɔwo dze agbagba be yewoasi, ke Yehowa na atsiaƒutsi la ŋe tsyɔ wo dzi. 28 Ale tsi la gbugbɔ yi enɔƒe hetsyɔ tasiaɖamwo, sɔdolawo kple Farao ƒe aʋakɔ blibo la, si dze Israelviwo yome ge ɖe atsiaƒu la me dzi. Wo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã metsi agbe o. 29 Israelviwo zɔ anyigba ƒuƒui dzi hetso ƒu la, esime tsi la trɔ zu gli ɖe woƒe ɖusime kple miame. 30 Ale Yehowa ɖe Israelviwo gbe ma gbe tso Egiptetɔwo ƒe asi me. Israelviwo kpɔ Egiptetɔwo woku, eye atsiaƒu la ɖe woƒe kukuawo ƒu gbe ɖe gota. 31 Esime Israelviwo kpɔ nukunu triakɔ si Yehowa wɔ na wo ɖe Egiptetɔwo ŋu la, wovɔ̃, wode bubu Yehowa ŋu, eye woxɔ eya kple eƒe dɔla Mose dzi se.

In Other Versions

Exodus 14 in the ANGEFD

Exodus 14 in the ANTPNG2D

Exodus 14 in the AS21

Exodus 14 in the BAGH

Exodus 14 in the BBPNG

Exodus 14 in the BBT1E

Exodus 14 in the BDS

Exodus 14 in the BEV

Exodus 14 in the BHAD

Exodus 14 in the BIB

Exodus 14 in the BLPT

Exodus 14 in the BNT

Exodus 14 in the BNTABOOT

Exodus 14 in the BNTLV

Exodus 14 in the BOATCB

Exodus 14 in the BOATCB2

Exodus 14 in the BOBCV

Exodus 14 in the BOCNT

Exodus 14 in the BOGWICC

Exodus 14 in the BOHCB

Exodus 14 in the BOHCV

Exodus 14 in the BOHLNT

Exodus 14 in the BOHNTLTAL

Exodus 14 in the BOICB

Exodus 14 in the BOILNTAP

Exodus 14 in the BOITCV

Exodus 14 in the BOKCV

Exodus 14 in the BOKCV2

Exodus 14 in the BOKHWOG

Exodus 14 in the BOKSSV

Exodus 14 in the BOLCB

Exodus 14 in the BOLCB2

Exodus 14 in the BOMCV

Exodus 14 in the BONAV

Exodus 14 in the BONCB

Exodus 14 in the BONLT

Exodus 14 in the BONUT2

Exodus 14 in the BOPLNT

Exodus 14 in the BOSCB

Exodus 14 in the BOSNC

Exodus 14 in the BOTLNT

Exodus 14 in the BOVCB

Exodus 14 in the BOYCB

Exodus 14 in the BPBB

Exodus 14 in the BPH

Exodus 14 in the BSB

Exodus 14 in the CCB

Exodus 14 in the CUV

Exodus 14 in the CUVS

Exodus 14 in the DBT

Exodus 14 in the DGDNT

Exodus 14 in the DHNT

Exodus 14 in the DNT

Exodus 14 in the ELBE

Exodus 14 in the EMTV

Exodus 14 in the ESV

Exodus 14 in the FBV

Exodus 14 in the FEB

Exodus 14 in the GGMNT

Exodus 14 in the GNT

Exodus 14 in the HARY

Exodus 14 in the HNT

Exodus 14 in the IRVA

Exodus 14 in the IRVB

Exodus 14 in the IRVG

Exodus 14 in the IRVH

Exodus 14 in the IRVK

Exodus 14 in the IRVM

Exodus 14 in the IRVM2

Exodus 14 in the IRVO

Exodus 14 in the IRVP

Exodus 14 in the IRVT

Exodus 14 in the IRVT2

Exodus 14 in the IRVU

Exodus 14 in the ISVN

Exodus 14 in the JSNT

Exodus 14 in the KAPI

Exodus 14 in the KBT1ETNIK

Exodus 14 in the KBV

Exodus 14 in the KJV

Exodus 14 in the KNFD

Exodus 14 in the LBA

Exodus 14 in the LBLA

Exodus 14 in the LNT

Exodus 14 in the LSV

Exodus 14 in the MAAL

Exodus 14 in the MBV

Exodus 14 in the MBV2

Exodus 14 in the MHNT

Exodus 14 in the MKNFD

Exodus 14 in the MNG

Exodus 14 in the MNT

Exodus 14 in the MNT2

Exodus 14 in the MRS1T

Exodus 14 in the NAA

Exodus 14 in the NASB

Exodus 14 in the NBLA

Exodus 14 in the NBS

Exodus 14 in the NBVTP

Exodus 14 in the NET2

Exodus 14 in the NIV11

Exodus 14 in the NNT

Exodus 14 in the NNT2

Exodus 14 in the NNT3

Exodus 14 in the PDDPT

Exodus 14 in the PFNT

Exodus 14 in the RMNT

Exodus 14 in the SBIAS

Exodus 14 in the SBIBS

Exodus 14 in the SBIBS2

Exodus 14 in the SBICS

Exodus 14 in the SBIDS

Exodus 14 in the SBIGS

Exodus 14 in the SBIHS

Exodus 14 in the SBIIS

Exodus 14 in the SBIIS2

Exodus 14 in the SBIIS3

Exodus 14 in the SBIKS

Exodus 14 in the SBIKS2

Exodus 14 in the SBIMS

Exodus 14 in the SBIOS

Exodus 14 in the SBIPS

Exodus 14 in the SBISS

Exodus 14 in the SBITS

Exodus 14 in the SBITS2

Exodus 14 in the SBITS3

Exodus 14 in the SBITS4

Exodus 14 in the SBIUS

Exodus 14 in the SBIVS

Exodus 14 in the SBT

Exodus 14 in the SBT1E

Exodus 14 in the SCHL

Exodus 14 in the SNT

Exodus 14 in the SUSU

Exodus 14 in the SUSU2

Exodus 14 in the SYNO

Exodus 14 in the TBIAOTANT

Exodus 14 in the TBT1E

Exodus 14 in the TBT1E2

Exodus 14 in the TFTIP

Exodus 14 in the TFTU

Exodus 14 in the TGNTATF3T

Exodus 14 in the THAI

Exodus 14 in the TNFD

Exodus 14 in the TNT

Exodus 14 in the TNTIK

Exodus 14 in the TNTIL

Exodus 14 in the TNTIN

Exodus 14 in the TNTIP

Exodus 14 in the TNTIZ

Exodus 14 in the TOMA

Exodus 14 in the TTENT

Exodus 14 in the UBG

Exodus 14 in the UGV

Exodus 14 in the UGV2

Exodus 14 in the UGV3

Exodus 14 in the VBL

Exodus 14 in the VDCC

Exodus 14 in the YALU

Exodus 14 in the YAPE

Exodus 14 in the YBVTP

Exodus 14 in the ZBP