Exodus 21 (BOECS)

1 “Se bubu siwo dzi miawɔ la woe nye: 2 “Ne Hebri ŋutsu aɖe nyi fe le asiwò, mete ŋu xee o, eye wòto esia me zu wò kluvi la, ekema ele be wòasubɔ wò ƒe ade ko. Magaxe fe aɖeke o, ke boŋ azu ablɔɖeme le ƒe adrelia me. 3 “Ne ezu wò kluvi hafi va ɖe srɔ̃ la, ekema eya ɖeka koe azu ablɔɖeme. Ke ne eɖe srɔ̃ hafi va zu wò kluvi la, ekema eya ŋutɔ kple srɔ̃a siaa azu ablɔɖemewo le ŋkeke ɖeka ma dzi. 4 Ke ne aƒetɔ aɖe ɖe srɔ̃ na eƒe kluvi, eye wodzi viŋutsuwo kple vinyɔnuwo la, ekema srɔ̃nyɔnu la kple wo viwo aganye aƒetɔ la tɔ, le esime kluvi la ya azu ablɔɖeme. 5 “Ke ne kluvi la ɖe gbeƒã be, ‘Melɔ̃ nye aƒetɔ, srɔ̃nye kple vinyewo, eya ta nyemedi be mazu ablɔɖeme o’ la, 6 ekema ele be aƒetɔ la nakplɔe va ʋɔnudrɔ̃lawo ŋkume, aŋɔ to nɛ kple nuŋɔnui le amewo ŋkume, ekema azu kluvi azɔ tegbetegbe. 7 “Ne fofo aɖe dzra via nyɔnu wòzu kosi la, mazu ablɔɖeme le ƒe ade megbe abe ŋutsuwo ene o. 8 Ne kosi la ƒe nu meganyo eƒe aƒetɔ ŋu o la, ekema aƒetɔ la ate ŋu ana ame bubu naƒlee. Ke aƒetɔ la mekpɔ mɔ adzra kosi la na dukɔ bubu me tɔwo o, elabena eda vo ɖe kosi la ŋu le esime megadi be wòaganye ye srɔ̃ o ta. 9 Ne aƒetɔ la na eya ŋutɔ Via ŋutsu ɖe Hebri kosi aɖe la, ekema magabu nyɔnu la abe kosi ene o, ke boŋ alé be nɛ azɔ abe eya ŋutɔ via nyɔnu ene. 10 Ne aƒetɔ la ŋutɔ ɖe kosi la, eye wògaɖe nyɔnu bubu kpe ɖe eŋu la, mele be wòaɖe kosi la ƒe nuɖuɖu alo nutata dzi akpɔtɔ loo alo agbe egbɔdɔdɔ abe srɔ̃a ene o. 11 Ne ŋutsu la gbe nu etɔ̃ siawo dometɔ ɖeka wɔwɔ la, ekema kosi la kpɔ mɔ adzo, eye maxe fe aɖeke o.” 12 “Ne ame aɖe ƒo ame aɖe sesĩe ale gbegbe be wòku la, ekema ele be woawui. 13 Ke ne amea meɖo be yeawu ame o, gake Mawu ɖe mɔ wòva eme la, ekema mafia teƒe aɖe wòasi ayi, eye wòakpɔ sitsoƒe. 14 Gake ne ame aɖe dze nɔvia dzi kple tameɖoɖo be yeawui la, ekema ne ele nye vɔsamlekpui ŋgɔ gɔ̃ hã la, ele be miahee ado goe, awui. 15 “Ele be woawu ame sia ame si aƒo fofoa alo dadaa. 16 “Ne ame aɖe fi ame la, ele be woawui ne wokpɔ ame si wòfi la le egbɔ loo alo ne edzrae abe kluvi ene xoxo. 17 “Ele be woawu ame sia ame si ado vlo dadaa alo fofoa alo aƒo fi ade wo dometɔ aɖe. 18 “Ne ame eve le avu wɔm, eye ɖeka ƒu kpe nɔvia alo tu kɔe, eye wòwɔ nuvevii wòle be wòatsi aba dzi, gake meku o, 19 ne egate ŋu zɔ emegbe kple atizɔti gɔ̃ hã la, womahe to aɖeke na ame si ƒoe la o, ɖeko woana wòaxe fe ɖe ɣeyiɣi si wògblẽ la ta va se ɖe esime eƒe lãme nasẽ nyuie; ele be wòaxe eƒe dɔdaƒe hã. 20 “Ne ame aɖe ƒo eƒe kluvi alo kosivi wòku ɖe eƒe asi me la, woahe to nɛ kokoko. 21 Ke ne kluvi la alo kosivi la meku le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe o la, ekema mele be woahe to aɖeke na aƒetɔ la o, elabena eya ŋutɔ tɔe nye kluvi la alo kosi la. 22 “Ne ŋutsu eve le avu wɔm, eye le avu la wɔwɔ me la, avuwɔla ɖeka wɔ nuvevi funɔ aɖe, eye fua gblẽ nɛ, gake meku o la, ekema woana ŋutsu la naxe fe sia fe si funɔ la srɔ̃ abla nɛ, eye ʋɔnudrɔ̃lawo alɔ̃ ɖe edzi nɛ. 23 Ke ne nuveviwɔame aɖe ana funɔ la naku la, woawu ame si wɔ nuvevi lae. 24 “Ŋku ɖe ŋku teƒe, aɖu ɖe aɖu teƒe, asi ɖe asi teƒe, afɔ ɖe afɔ teƒe, 25 dzobi ɖe dzobi teƒe, abi ɖe abi teƒe, kabi ɖe kabi teƒe. 26 “Ne ame aɖe ƒo ŋku na eƒe kluvi alo kosi, eye ŋku la tsi la, ekema kluvi la alo kosi la azu ablɔɖeme le eƒe ŋku la ta. 27 Ne aƒetɔ aɖe ŋe aɖu na eƒe kluvi la, ele be wòaɖe asi le kluvi la ŋu le eƒe aɖu si ŋe la ta. 28 “Ne nyi aɖe tu dzo ŋutsu aɖe alo nyɔnu aɖe wòku la, woaƒu kpe nyi la wòaku; womaɖu eƒe lã o, eye womabia nya aɖeke ame si ƒe nyi wònye o. 29 Ke ne amewo nya be nyi la nɔa dzo tum ame, eye wona nyanya nyitɔ la, gake mekpɔ nyi la dzi nyuie o la, ekema ne nyi la wu ame aɖe la, woaƒu kpe nyi la wòaku, eye woawu nyitɔ la hã. 30 Ke ne ƒometɔwo lɔ̃ la, woaxe fe si dzi ʋɔnudrɔ̃lawo alɔ̃ ɖo, ekema womagawu nyitɔ la o. 31 “Woazɔ ɖe se sia ke dzi ne nyi aɖe wu ŋutsuvi alo nyɔnuvi. 32 Ke ne nyi la wu kluvi alo kosivi la, ekema woaxe klosalo blaetɔ̃ na kluvi la alo kosi la ƒe aƒetɔ, eye woaƒu kpe nyi la wòaku. 33 “Ne ame aɖe ɖe vudo, metu nu enu o, eye ame aɖe ƒe nyi alo tedzi ge ɖe eme la, 34 ekema ame si ƒe vudo wònye la axe fe na nyitɔ ɖe lã la ta, eye lã kuku la azu vudotɔ tɔ. 35 “Ne ame aɖe ƒe nyitsu tu dzo ame bubu ƒe nyitsu wòku la, ekema nyitɔ eveawo adzra nyi gbagbe la, ama ga la, eye woama nyi kuku la hã ƒe lã sɔsɔe. 36 Ke ne amewo nya be nyi la tua dzo nyi bubuwo, eye wona nyitɔ la nya, gake mekpɔ nyi la dzi nyuie o la, ekema nyitɔ la maxɔ ga si wokpɔ tso nyi gbagbe la dzadzra me ƒe ɖeke o, ke boŋ axe fe ɖe nyi kuku la ta, eye wòazu etɔ.”

In Other Versions

Exodus 21 in the ANGEFD

Exodus 21 in the ANTPNG2D

Exodus 21 in the AS21

Exodus 21 in the BAGH

Exodus 21 in the BBPNG

Exodus 21 in the BBT1E

Exodus 21 in the BDS

Exodus 21 in the BEV

Exodus 21 in the BHAD

Exodus 21 in the BIB

Exodus 21 in the BLPT

Exodus 21 in the BNT

Exodus 21 in the BNTABOOT

Exodus 21 in the BNTLV

Exodus 21 in the BOATCB

Exodus 21 in the BOATCB2

Exodus 21 in the BOBCV

Exodus 21 in the BOCNT

Exodus 21 in the BOGWICC

Exodus 21 in the BOHCB

Exodus 21 in the BOHCV

Exodus 21 in the BOHLNT

Exodus 21 in the BOHNTLTAL

Exodus 21 in the BOICB

Exodus 21 in the BOILNTAP

Exodus 21 in the BOITCV

Exodus 21 in the BOKCV

Exodus 21 in the BOKCV2

Exodus 21 in the BOKHWOG

Exodus 21 in the BOKSSV

Exodus 21 in the BOLCB

Exodus 21 in the BOLCB2

Exodus 21 in the BOMCV

Exodus 21 in the BONAV

Exodus 21 in the BONCB

Exodus 21 in the BONLT

Exodus 21 in the BONUT2

Exodus 21 in the BOPLNT

Exodus 21 in the BOSCB

Exodus 21 in the BOSNC

Exodus 21 in the BOTLNT

Exodus 21 in the BOVCB

Exodus 21 in the BOYCB

Exodus 21 in the BPBB

Exodus 21 in the BPH

Exodus 21 in the BSB

Exodus 21 in the CCB

Exodus 21 in the CUV

Exodus 21 in the CUVS

Exodus 21 in the DBT

Exodus 21 in the DGDNT

Exodus 21 in the DHNT

Exodus 21 in the DNT

Exodus 21 in the ELBE

Exodus 21 in the EMTV

Exodus 21 in the ESV

Exodus 21 in the FBV

Exodus 21 in the FEB

Exodus 21 in the GGMNT

Exodus 21 in the GNT

Exodus 21 in the HARY

Exodus 21 in the HNT

Exodus 21 in the IRVA

Exodus 21 in the IRVB

Exodus 21 in the IRVG

Exodus 21 in the IRVH

Exodus 21 in the IRVK

Exodus 21 in the IRVM

Exodus 21 in the IRVM2

Exodus 21 in the IRVO

Exodus 21 in the IRVP

Exodus 21 in the IRVT

Exodus 21 in the IRVT2

Exodus 21 in the IRVU

Exodus 21 in the ISVN

Exodus 21 in the JSNT

Exodus 21 in the KAPI

Exodus 21 in the KBT1ETNIK

Exodus 21 in the KBV

Exodus 21 in the KJV

Exodus 21 in the KNFD

Exodus 21 in the LBA

Exodus 21 in the LBLA

Exodus 21 in the LNT

Exodus 21 in the LSV

Exodus 21 in the MAAL

Exodus 21 in the MBV

Exodus 21 in the MBV2

Exodus 21 in the MHNT

Exodus 21 in the MKNFD

Exodus 21 in the MNG

Exodus 21 in the MNT

Exodus 21 in the MNT2

Exodus 21 in the MRS1T

Exodus 21 in the NAA

Exodus 21 in the NASB

Exodus 21 in the NBLA

Exodus 21 in the NBS

Exodus 21 in the NBVTP

Exodus 21 in the NET2

Exodus 21 in the NIV11

Exodus 21 in the NNT

Exodus 21 in the NNT2

Exodus 21 in the NNT3

Exodus 21 in the PDDPT

Exodus 21 in the PFNT

Exodus 21 in the RMNT

Exodus 21 in the SBIAS

Exodus 21 in the SBIBS

Exodus 21 in the SBIBS2

Exodus 21 in the SBICS

Exodus 21 in the SBIDS

Exodus 21 in the SBIGS

Exodus 21 in the SBIHS

Exodus 21 in the SBIIS

Exodus 21 in the SBIIS2

Exodus 21 in the SBIIS3

Exodus 21 in the SBIKS

Exodus 21 in the SBIKS2

Exodus 21 in the SBIMS

Exodus 21 in the SBIOS

Exodus 21 in the SBIPS

Exodus 21 in the SBISS

Exodus 21 in the SBITS

Exodus 21 in the SBITS2

Exodus 21 in the SBITS3

Exodus 21 in the SBITS4

Exodus 21 in the SBIUS

Exodus 21 in the SBIVS

Exodus 21 in the SBT

Exodus 21 in the SBT1E

Exodus 21 in the SCHL

Exodus 21 in the SNT

Exodus 21 in the SUSU

Exodus 21 in the SUSU2

Exodus 21 in the SYNO

Exodus 21 in the TBIAOTANT

Exodus 21 in the TBT1E

Exodus 21 in the TBT1E2

Exodus 21 in the TFTIP

Exodus 21 in the TFTU

Exodus 21 in the TGNTATF3T

Exodus 21 in the THAI

Exodus 21 in the TNFD

Exodus 21 in the TNT

Exodus 21 in the TNTIK

Exodus 21 in the TNTIL

Exodus 21 in the TNTIN

Exodus 21 in the TNTIP

Exodus 21 in the TNTIZ

Exodus 21 in the TOMA

Exodus 21 in the TTENT

Exodus 21 in the UBG

Exodus 21 in the UGV

Exodus 21 in the UGV2

Exodus 21 in the UGV3

Exodus 21 in the VBL

Exodus 21 in the VDCC

Exodus 21 in the YALU

Exodus 21 in the YAPE

Exodus 21 in the YBVTP

Exodus 21 in the ZBP