Exodus 34 (BOECS)

1 Yehowa gblɔ na Mose be, “Kpa kpe gbadzɛ eve abe gbãtɔwo ene, eye maŋlɔ Se siwo nɔ kpe siwo nègba la dzi la ɖe wo dzi. 2 Dzra ɖo etsɔ ŋdi nàva kpɔm le Sinai to la dzi. 3 Mègana ame aɖeke nava kpli wò o, eye ame aɖeke manɔ teƒe aɖeke le to sia dzi hã o. Mègana miaƒe alẽwo kple nyiwo naɖu gbe le teƒe si te ɖe to la ŋu o.” 4 Ale Mose tsɔ kpe kpakpɛ eveawo abe gbãtɔwo ene, eye wòlia Sinai to la ŋdi kanya, abe ale si Yehowa ɖo nɛ be wòawɔ ene. 5 Yehowa ɖi ɖe to la dzi le lilikpo dodo aɖe me, eye wòtsi tsitre ɖe egbɔ le afi ma ɖe gbeƒã eƒe ŋkɔ Yehowa nɛ. 6 Yehowa to Mose ŋkume, eye wòɖe gbeƒã eƒe ŋkɔ be, “Yehowa, Yehowa, Mawu nublanuikpɔla kple amenuvela, ame si gbɔa dzi ɖi blewu, eye eƒe lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ nu metsina o; 7 ame si ɖea lɔlɔ̃ fiaa ame akpe nanewo, eye wòtsɔa ame vɔ̃ɖiwo kple aglãdzelawo ƒe nu vɔ̃wo kea wo, ke megbea tohehe na vodalawo o, eye wòhea to na ɖeviwo ɖe wo fofowo ƒe vodadawo ta tso dzidzime etɔ̃lia va se ɖe enelia dzi.” 8 Mose tsyɔ mo anyi enumake ɖe Yehowa ŋkume, eye wòsubɔe. 9 Egblɔ be, “Nenye nyateƒe be nève nunye la, ekema O Yehowa, meɖe kuku kplɔ mí yi Ŋugbedodonyigba la dzi. Eme kɔ ƒãa be míenye dukɔ dzeaglã kple kɔlialiatɔwo, gake meɖe kuku, tsɔ míaƒe vodadawo kple nu vɔ̃wo ke mí, eye nàgaxɔ mí abe wò ŋutɔ tɔwòwo ene.” 10 Yehowa ɖo eŋu be, “Enyo. Esiae nye nubabla si mawɔ kple wò. Mawɔ nukunu siwo tɔgbi ame aɖeke mewɔ le xexea me blibo la ƒe akpa aɖeke kpɔ o. Israelviwo katã akpɔ Yehowa ƒe ŋusẽ. Woakpɔ ŋusẽ triakɔ si maɖe afia to dziwò.” 11 Nu si nàwɔ le nubabla sia me lae nye be nàlé nye seawo katã me ɖe asi. Ekema manya Amoritɔwo, Kanaantɔwo, Hititɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo katã le ŋgɔwò le anyigba la dzi. 12 Kpɔ nyuie be màbla nu kple ame siwo le anyigba si dzi yim miele la gbeɖegbeɖe o, elabena ne miebla nu kpli wo la, miade asi woƒe nu vɔ̃ɖiwo wɔwɔ me kaba. 13 Ke boŋ migbã woƒe vɔsamlekpuiwo kple woƒe legbawo eye miho woƒe aƒeliwo ƒu anyi, 14 elabena mele be miasubɔ mawu bubu aɖeke o, ke boŋ Yehowa ko, elabena Yehowa nye Mawu si dina be woasubɔ ye ɖeka ko. 15 “Miɖɔ ŋu ɖo be miagawɔ nubabla aɖeke tɔgbi kple ame siwo le anyigba la dzi o. Mawu geɖewo subɔlawo wonye, eya ta ne miewɔ ɖeka kpli wo la, woakpe mi ayi woƒe legbawo subɔƒe, eye míaɖu woƒe vɔsanuwo. 16 Eye ne míeɖe wo vinyɔnuwo na mia viŋutsuwo la, wo srɔ̃wo akplɔ wo ayi woƒe legbawo subɔƒewo, eye mia viŋutsuawo hã ada vo ɖe ŋunye to wo srɔ̃wo ƒe mawuawo subɔsubɔ me. 17 “Mele be miawɔ legba aɖeke na mia ɖokuiwo o. 18 “Ɖo ŋku edzi miaɖu Abolo Maʋamaʋã Ŋkekenyui ŋkeke adre abe ale si megblɔe na wò ene le ŋkeke ɖoɖoawo dzi, le Tedoxe me ƒe sia ƒe. Ɣleti sia mee miedzo le Egipte. 19 “Nyitsu, agbo kple gbɔ̃tsu ɖe sia ɖe si ʋu dɔ nu na dadaa la nye tɔnye. 20 Àte ŋu atsɔ alẽvi aɖɔli tedzi ƒe ŋgɔgbevi. Ne mèdi be yeaɖɔlii o la, ekema ele be nàŋe kɔe. Ke ele be miaƒle miaƒe ŋgɔgbevi ŋutsuwo katã ta. Ame aɖeke megava nye ŋkume asi gbɔlo o. 21 “Le nuƒãɣi kple nuŋeɣi gɔ̃ hã la, miawɔ dɔ ŋkeke ade ko, eye miadzudzɔ le ŋkeke adrea gbe. 22 “Ɖo ŋku edzi miaɖu Kɔsiɖawo ƒe Ŋkekenyui, si nye lu gbãtɔwo ŋeŋe ƒe ŋkekenyuie la; emegbe la miaɖu Avaɖoɖo ƒe Ŋkekenyui le ƒea ƒe nuwuwu. 23 Le ŋkekenyui siawo dometɔ ɖe sia ɖe dzi la, ele be Israel ŋutsuwo kple ŋutsuviwo katã nado ɖe Aƒetɔ Yehowa, Israel ƒe Mawu ŋkume. 24 Futɔ aɖeke madze miaƒe anyigba dzi, aɖu mia dzi ne mieyi toa dzi be miado ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la ŋkume le azã etɔ̃ mawo dzi ƒe sia ƒe o, elabena manya dukɔawo ɖa le mia ŋgɔ, eye makeke miaƒe liƒowo ɖe enu. 25 “Megakpe nye vɔsalãwo ƒe ʋu ɖe abolo si woƒo kple amɔ ʋaʋã la ŋu o. Mele be Ŋutitotoŋkekenyui ƒe vɔsalã lã ƒe akpa aɖeke natsi anyi ŋu nake ɖe edzi o. 26 “Ne èxa wò agblemenukuwo la, ele be nàtsɔ wò ŋkeke gbãtɔ ƒe nuku nyuitɔwo ƒe ɖe va Yehowa, wò Mawu ƒe aƒe me.“Mègaɖa gbɔ̃vi le dadaa ƒe notsi me o.” 27 Yehowa yi edzi gblɔ na Mose be, “Ŋlɔ se siwo mede na wò egbe la da ɖi, elabena woawoe nye ɖoɖo siwo ku ɖe nye nubabla si mewɔ kple wò kple Israel la ŋu.” 28 Mose yi ɖanɔ toa dzi kple Yehowa ŋkeke blaene kple zã blaene. Meɖu naneke alo no naneke le ŋkeke siawo me o. Le ɣeyiɣi sia me la, Mawu ŋlɔ nubabla la me nya siwo nye Se Ewoawo la ɖe kpe kpakpɛ eveawo dzi. 29 Esi Mose ɖi tso Sinai toa dzi gbɔna kple kpe kpakpɛawo la, menya be yeƒe mo nɔ keklẽm le yeƒe Mawu gbɔ nɔnɔ ta o. 30 Le keklẽ si nɔ mo nɛ ta la, Aron kple Israelviwo vɔ̃ be yewoate ɖe eŋu. 31 Ke Mose yɔ wo. Aron kple ameha la ƒe kplɔlawo te ɖe eŋu, eye woƒo nu kplii. 32 Le esia megbe la, Israelviwo katã va egbɔ, eye wòtsɔ se siwo Yehowa tsɔ nɛ le Sinai toa dzi la na wo. 33 Esime Mose wu eƒe nuƒoa nu la, etsɔ motsyɔvɔ tsyɔ ŋkume. 34 Ne eyina agbadɔ la me be yeaƒo nu kple Yehowa la, eɖea motsyɔvɔ la ɖa va se ɖe esime wòado go. Ekema agblɔ se siwo katã Mawu de nɛ la na Israelviwo, 35 eye woakpɔ eƒe mo wòanɔ keklẽm. Le esia megbe la, egatsɔa motsyɔvɔ la tsyɔa mo va se ɖe esime wòagatrɔ ayi be yeaƒo nu kple Yehowa.

In Other Versions

Exodus 34 in the ANGEFD

Exodus 34 in the ANTPNG2D

Exodus 34 in the AS21

Exodus 34 in the BAGH

Exodus 34 in the BBPNG

Exodus 34 in the BBT1E

Exodus 34 in the BDS

Exodus 34 in the BEV

Exodus 34 in the BHAD

Exodus 34 in the BIB

Exodus 34 in the BLPT

Exodus 34 in the BNT

Exodus 34 in the BNTABOOT

Exodus 34 in the BNTLV

Exodus 34 in the BOATCB

Exodus 34 in the BOATCB2

Exodus 34 in the BOBCV

Exodus 34 in the BOCNT

Exodus 34 in the BOGWICC

Exodus 34 in the BOHCB

Exodus 34 in the BOHCV

Exodus 34 in the BOHLNT

Exodus 34 in the BOHNTLTAL

Exodus 34 in the BOICB

Exodus 34 in the BOILNTAP

Exodus 34 in the BOITCV

Exodus 34 in the BOKCV

Exodus 34 in the BOKCV2

Exodus 34 in the BOKHWOG

Exodus 34 in the BOKSSV

Exodus 34 in the BOLCB

Exodus 34 in the BOLCB2

Exodus 34 in the BOMCV

Exodus 34 in the BONAV

Exodus 34 in the BONCB

Exodus 34 in the BONLT

Exodus 34 in the BONUT2

Exodus 34 in the BOPLNT

Exodus 34 in the BOSCB

Exodus 34 in the BOSNC

Exodus 34 in the BOTLNT

Exodus 34 in the BOVCB

Exodus 34 in the BOYCB

Exodus 34 in the BPBB

Exodus 34 in the BPH

Exodus 34 in the BSB

Exodus 34 in the CCB

Exodus 34 in the CUV

Exodus 34 in the CUVS

Exodus 34 in the DBT

Exodus 34 in the DGDNT

Exodus 34 in the DHNT

Exodus 34 in the DNT

Exodus 34 in the ELBE

Exodus 34 in the EMTV

Exodus 34 in the ESV

Exodus 34 in the FBV

Exodus 34 in the FEB

Exodus 34 in the GGMNT

Exodus 34 in the GNT

Exodus 34 in the HARY

Exodus 34 in the HNT

Exodus 34 in the IRVA

Exodus 34 in the IRVB

Exodus 34 in the IRVG

Exodus 34 in the IRVH

Exodus 34 in the IRVK

Exodus 34 in the IRVM

Exodus 34 in the IRVM2

Exodus 34 in the IRVO

Exodus 34 in the IRVP

Exodus 34 in the IRVT

Exodus 34 in the IRVT2

Exodus 34 in the IRVU

Exodus 34 in the ISVN

Exodus 34 in the JSNT

Exodus 34 in the KAPI

Exodus 34 in the KBT1ETNIK

Exodus 34 in the KBV

Exodus 34 in the KJV

Exodus 34 in the KNFD

Exodus 34 in the LBA

Exodus 34 in the LBLA

Exodus 34 in the LNT

Exodus 34 in the LSV

Exodus 34 in the MAAL

Exodus 34 in the MBV

Exodus 34 in the MBV2

Exodus 34 in the MHNT

Exodus 34 in the MKNFD

Exodus 34 in the MNG

Exodus 34 in the MNT

Exodus 34 in the MNT2

Exodus 34 in the MRS1T

Exodus 34 in the NAA

Exodus 34 in the NASB

Exodus 34 in the NBLA

Exodus 34 in the NBS

Exodus 34 in the NBVTP

Exodus 34 in the NET2

Exodus 34 in the NIV11

Exodus 34 in the NNT

Exodus 34 in the NNT2

Exodus 34 in the NNT3

Exodus 34 in the PDDPT

Exodus 34 in the PFNT

Exodus 34 in the RMNT

Exodus 34 in the SBIAS

Exodus 34 in the SBIBS

Exodus 34 in the SBIBS2

Exodus 34 in the SBICS

Exodus 34 in the SBIDS

Exodus 34 in the SBIGS

Exodus 34 in the SBIHS

Exodus 34 in the SBIIS

Exodus 34 in the SBIIS2

Exodus 34 in the SBIIS3

Exodus 34 in the SBIKS

Exodus 34 in the SBIKS2

Exodus 34 in the SBIMS

Exodus 34 in the SBIOS

Exodus 34 in the SBIPS

Exodus 34 in the SBISS

Exodus 34 in the SBITS

Exodus 34 in the SBITS2

Exodus 34 in the SBITS3

Exodus 34 in the SBITS4

Exodus 34 in the SBIUS

Exodus 34 in the SBIVS

Exodus 34 in the SBT

Exodus 34 in the SBT1E

Exodus 34 in the SCHL

Exodus 34 in the SNT

Exodus 34 in the SUSU

Exodus 34 in the SUSU2

Exodus 34 in the SYNO

Exodus 34 in the TBIAOTANT

Exodus 34 in the TBT1E

Exodus 34 in the TBT1E2

Exodus 34 in the TFTIP

Exodus 34 in the TFTU

Exodus 34 in the TGNTATF3T

Exodus 34 in the THAI

Exodus 34 in the TNFD

Exodus 34 in the TNT

Exodus 34 in the TNTIK

Exodus 34 in the TNTIL

Exodus 34 in the TNTIN

Exodus 34 in the TNTIP

Exodus 34 in the TNTIZ

Exodus 34 in the TOMA

Exodus 34 in the TTENT

Exodus 34 in the UBG

Exodus 34 in the UGV

Exodus 34 in the UGV2

Exodus 34 in the UGV3

Exodus 34 in the VBL

Exodus 34 in the VDCC

Exodus 34 in the YALU

Exodus 34 in the YAPE

Exodus 34 in the YBVTP

Exodus 34 in the ZBP