Exodus 4 (BOECS)

1 Ke Mose gblɔ be, “Womaxɔ dzinye ase o! Womawɔ nu si magblɔ na wo be woawɔ o. Woagblɔ be, ‘Yehowa meɖe eɖokui fia wò o!’ ” 2 Yehowa biae be, “Nu kae nye ema le asiwò?”Mose ɖo eŋu be, “Alẽkplɔla ƒe atikplɔe.” 3 Yehowa gblɔ nɛ be, “Ɖe asi le eŋu da ɖe anyigba.”Mose ɖe asi le eŋu da ɖe anyigba, eye wòtrɔ zu da; tete Mose si le egbɔ. 4 Yehowa gblɔ nɛ be, “Lé eƒe asike!” Mose lé da la ƒe asike, eye wògazu atikplɔ ɖe esi! 5 Yehowa gblɔ nɛ be, “Wɔ esia ekema woaxɔ dziwò ase, ekema woadze sii be Yehowa, wo fofowo, Abraham, Isak kple Yakob ƒe Mawue ɖe eɖokui fia wò nyateƒe.” 6 Azɔ Yehowa gblɔ be, “Tsɔ wò asi de wò axatome.” Eye Mose tsɔ eƒe asi de axatome. Esi wòɖe asi ɖa la, eƒe asi dze kpodɔ hefu kpĩi. 7 Yehowa gagblɔ nɛ be, “Gatsɔ wò asi de wò axatome.” Esi wògawɔ esia, eye wògaɖe asi ɖa la, dɔvɔ̃ɖi la bu le eŋu; eƒe asi ganɔ abe tsã ene! 8 Yehowa gblɔ be, “Ne womexɔ nukunu gbãtɔ dzi se o la, woaxɔ evelia dzi ase. 9 Ne womeɖo to wò le dzesi eve siawo megbe o la, ekema ku tsi tso Nil tɔsisi la me kɔ ɖe anyigba ƒuƒui dzi, eye wòatrɔ azu ʋu.” 10 Ke Mose ɖe kuku na Yehowa be, “O, nye Aƒetɔ, nyemeƒoa nu nyuie o. Nyemeƒo nu nyuie kpɔ o; nyemenye nuƒola nyui aɖeke fifia hã o, togbɔ be èƒo nu nam gɔ̃ hã, elabena nye aɖe metrɔna ɖe nya ŋu tututu o.” 11 Yehowa biae be, “Ame kae wɔ nuwo na amewo? Menye nye, Yehowae oa? Ame kae wɔ aɖetututɔ alo tokunɔ, alo nukpɔla, alo ŋkuagbãtɔ? Alo menye nye Yehowae oa? 12 Azɔ la, yii, elabena makpe ɖe ŋuwò be nàƒo nu nyuie, eye magblɔ nu si nàgblɔ la na wò.” 13 Ke Mose gagblɔ be, “Aƒetɔ, meɖe kuku, ɖo ame bubu aɖe ɖa.” 14 Tete Yehowa do dɔmedzoe ɖe Mose ŋu, eye wògblɔ nɛ be, “Enyo, nɔviwò Aron, Levitɔ la, ƒoa nu nyuie, egbɔna ava di wò le afi sia. Akpɔ dzidzɔ ŋutɔ ne ekpɔ wò, 15 eya ta magblɔ nu si nàgblɔ nɛ la na wò. Makpe ɖe mi ame evea ŋu be miaƒo nu nyuie, eye magblɔ nu si miagblɔ la na mi. 16 Eyae anɔ tewòƒe, eye wòaƒo nu na ameawo. Wò la, ànɔ nɛ abe Mawu ene, 17 gake tsɔ wò atikplɔ la ɖe asi ale be nàte ŋu awɔ nukunu siwo mefia wò la kplii.” 18 Mose trɔ yi aƒe me; edzro nya la me kple toa, Yetro, hegblɔ nɛ be, “Meɖe kuku, ɖe mɔ nam matrɔ ayi nye ƒometɔwo gbɔ le Egipte ne makpɔe ɖa be wogale agbe mahã?”Yetro ɖo eŋu be, “Yi faa, nye yayrawo le yowòme.” 19 Hafi Mose nadzo le Midian la, Yehowa gblɔ nɛ be, “Trɔ nàyi Egipte, elabena ame siwo katã di be yewoawu wò la, ku xoxo.” 20 Ale Mose kplɔ srɔ̃a kple via ŋutsuviwo da ɖe tedzi dzi, eye wòdze mɔ yina ɖe Egipte. Elé “Mawu ƒe atikplɔ” la ɖe asi goŋgoŋgoŋ! 21 Yehowa gblɔ nɛ be, “Ne èɖo Egipte la, ele na wò be nàdo ɖe Farao ŋkume, eye nàwɔ nukunu siwo mena ŋusẽ wò be nàwɔ. Ke mana wòasẽ dzi me: maɖe asi le ameawo ŋu be woadzo o. 22 Ekema, ele na wò be nàgblɔ na Farao be, ‘Yehowa be, Israel dukɔ lae nye nye ŋutsu ŋgɔgbevi. 23 Meɖoe na wò be nàna wòadzo aɖasubɔm, ke ègbe toɖoɖo. Kpɔ ɖa, mawu wò ŋgɔgbevi.’ ” 24 Esi Mose kple srɔ̃a kpakple wo viwo nɔ mɔa zɔm la, wotsi teƒe aɖe dɔ. Yehowa ɖe eɖokui fia Mose, eye wòdo ŋɔdzi nɛ be yeawui. 25 Ke Zipora tsɔ kpe ɖaɖɛ aɖe lã via ƒe aʋanuyi, eye wòtsɔe ka Mose ƒe afɔwo ŋu hegblɔ be, “Nyateƒee, ènye ʋuŋugbetɔsrɔ̃ nam.” 26 Ale Yehowa ɖe asi le eŋu. (Ɣe ma ɣie Zipora gblɔ be, “Ʋuŋugbetɔsrɔ̃,” eye nu si gblɔm wòle lae nye aʋatsotso.) 27 Azɔ la, Yehowa gblɔ na Aron be, “Yi gbedzi ne nàkpe Mose.” Ale Aron zɔ mɔ yi Mawu ƒe to, Horeb gbɔ ɖado go Mose le afi ma, eye wògbugbɔ nu nɛ. 28 Mose gblɔ nu siwo Yehowa ɖo na wo be woawɔ kple nya siwo woagblɔ la na Aron. Eƒo nu tso nukunu siwo woawɔ le Farao ŋkume la hã ŋu nɛ. 29 Ale Mose kple Aron wotrɔ va Egipte. Wowɔ takpekpe kple Israel ƒe dumegãwo. 30 Aron gblɔ nu siwo Yehowa gblɔ na Mose la na wo, eye Mose wɔ nukunuawo wokpɔ. 31 Dumegãwo xɔe se be Yehowae ɖo wo ɖa nyateƒe. Esi wose be Yehowa va kpɔ wo ɖa, kpɔ woƒe nublanuitɔnyenye, eye wòɖo ta me be yeaɖe wo la, wode ta agu, eye wosubɔe.

In Other Versions

Exodus 4 in the ANGEFD

Exodus 4 in the ANTPNG2D

Exodus 4 in the AS21

Exodus 4 in the BAGH

Exodus 4 in the BBPNG

Exodus 4 in the BBT1E

Exodus 4 in the BDS

Exodus 4 in the BEV

Exodus 4 in the BHAD

Exodus 4 in the BIB

Exodus 4 in the BLPT

Exodus 4 in the BNT

Exodus 4 in the BNTABOOT

Exodus 4 in the BNTLV

Exodus 4 in the BOATCB

Exodus 4 in the BOATCB2

Exodus 4 in the BOBCV

Exodus 4 in the BOCNT

Exodus 4 in the BOGWICC

Exodus 4 in the BOHCB

Exodus 4 in the BOHCV

Exodus 4 in the BOHLNT

Exodus 4 in the BOHNTLTAL

Exodus 4 in the BOICB

Exodus 4 in the BOILNTAP

Exodus 4 in the BOITCV

Exodus 4 in the BOKCV

Exodus 4 in the BOKCV2

Exodus 4 in the BOKHWOG

Exodus 4 in the BOKSSV

Exodus 4 in the BOLCB

Exodus 4 in the BOLCB2

Exodus 4 in the BOMCV

Exodus 4 in the BONAV

Exodus 4 in the BONCB

Exodus 4 in the BONLT

Exodus 4 in the BONUT2

Exodus 4 in the BOPLNT

Exodus 4 in the BOSCB

Exodus 4 in the BOSNC

Exodus 4 in the BOTLNT

Exodus 4 in the BOVCB

Exodus 4 in the BOYCB

Exodus 4 in the BPBB

Exodus 4 in the BPH

Exodus 4 in the BSB

Exodus 4 in the CCB

Exodus 4 in the CUV

Exodus 4 in the CUVS

Exodus 4 in the DBT

Exodus 4 in the DGDNT

Exodus 4 in the DHNT

Exodus 4 in the DNT

Exodus 4 in the ELBE

Exodus 4 in the EMTV

Exodus 4 in the ESV

Exodus 4 in the FBV

Exodus 4 in the FEB

Exodus 4 in the GGMNT

Exodus 4 in the GNT

Exodus 4 in the HARY

Exodus 4 in the HNT

Exodus 4 in the IRVA

Exodus 4 in the IRVB

Exodus 4 in the IRVG

Exodus 4 in the IRVH

Exodus 4 in the IRVK

Exodus 4 in the IRVM

Exodus 4 in the IRVM2

Exodus 4 in the IRVO

Exodus 4 in the IRVP

Exodus 4 in the IRVT

Exodus 4 in the IRVT2

Exodus 4 in the IRVU

Exodus 4 in the ISVN

Exodus 4 in the JSNT

Exodus 4 in the KAPI

Exodus 4 in the KBT1ETNIK

Exodus 4 in the KBV

Exodus 4 in the KJV

Exodus 4 in the KNFD

Exodus 4 in the LBA

Exodus 4 in the LBLA

Exodus 4 in the LNT

Exodus 4 in the LSV

Exodus 4 in the MAAL

Exodus 4 in the MBV

Exodus 4 in the MBV2

Exodus 4 in the MHNT

Exodus 4 in the MKNFD

Exodus 4 in the MNG

Exodus 4 in the MNT

Exodus 4 in the MNT2

Exodus 4 in the MRS1T

Exodus 4 in the NAA

Exodus 4 in the NASB

Exodus 4 in the NBLA

Exodus 4 in the NBS

Exodus 4 in the NBVTP

Exodus 4 in the NET2

Exodus 4 in the NIV11

Exodus 4 in the NNT

Exodus 4 in the NNT2

Exodus 4 in the NNT3

Exodus 4 in the PDDPT

Exodus 4 in the PFNT

Exodus 4 in the RMNT

Exodus 4 in the SBIAS

Exodus 4 in the SBIBS

Exodus 4 in the SBIBS2

Exodus 4 in the SBICS

Exodus 4 in the SBIDS

Exodus 4 in the SBIGS

Exodus 4 in the SBIHS

Exodus 4 in the SBIIS

Exodus 4 in the SBIIS2

Exodus 4 in the SBIIS3

Exodus 4 in the SBIKS

Exodus 4 in the SBIKS2

Exodus 4 in the SBIMS

Exodus 4 in the SBIOS

Exodus 4 in the SBIPS

Exodus 4 in the SBISS

Exodus 4 in the SBITS

Exodus 4 in the SBITS2

Exodus 4 in the SBITS3

Exodus 4 in the SBITS4

Exodus 4 in the SBIUS

Exodus 4 in the SBIVS

Exodus 4 in the SBT

Exodus 4 in the SBT1E

Exodus 4 in the SCHL

Exodus 4 in the SNT

Exodus 4 in the SUSU

Exodus 4 in the SUSU2

Exodus 4 in the SYNO

Exodus 4 in the TBIAOTANT

Exodus 4 in the TBT1E

Exodus 4 in the TBT1E2

Exodus 4 in the TFTIP

Exodus 4 in the TFTU

Exodus 4 in the TGNTATF3T

Exodus 4 in the THAI

Exodus 4 in the TNFD

Exodus 4 in the TNT

Exodus 4 in the TNTIK

Exodus 4 in the TNTIL

Exodus 4 in the TNTIN

Exodus 4 in the TNTIP

Exodus 4 in the TNTIZ

Exodus 4 in the TOMA

Exodus 4 in the TTENT

Exodus 4 in the UBG

Exodus 4 in the UGV

Exodus 4 in the UGV2

Exodus 4 in the UGV3

Exodus 4 in the VBL

Exodus 4 in the VDCC

Exodus 4 in the YALU

Exodus 4 in the YAPE

Exodus 4 in the YBVTP

Exodus 4 in the ZBP