Ezekiel 36 (BOECS)

1 “Ame vi, gblɔ nya ɖi ɖe Israel towo ŋu, eye nàgblɔ be, ‘O! Israel towo, mise Yehowa ƒe nya. 2 Aƒetɔ Yehowa be, futɔ la gblɔ tso ŋuwò be, “Ahã! Gbe aɖe gbe ƒe towo zu mía tɔ.” ’ 3 Eya ta gblɔ nya ɖi be, ‘Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye be, esi wogblẽ mi, eye woɖe aɖutame ɖe mia ŋu le goawo katã me be miazu dukɔ mamlɛawo tɔ kple woƒe alɔmeɖenu kple ɖiŋudonu ta la, 4 eya ta, O! Israel towo, mise Aƒetɔ Yehowa ƒe nyawo. Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔ na towo kple togbɛwo, gbadzaƒewo kple balimewo, gbegbewo kple aƒedo duwo, teƒe siwo dukɔ siwo ƒo xlã mi ha, eye wodo vlo mi la,’ 5 Aƒetɔ Yehowa be, ‘Metsɔ nye ŋuʋaʋã ƒe dzo bibi ƒo nu ɖe dukɔ mamlɛawo kple Edom ŋu, elabena wotsɔ dzidzɔ kple ta me vɔ̃ ɖoɖo wɔ nye anyigba wo tɔe, ale be woaha eƒe lãnyiƒewo. 6 Eya ta gblɔ nya ɖi tso Israelnyigba ŋuti, eye nàgblɔ na towo kple togbɛwo, gbadzaƒewo kple balimewo be, “Aƒetɔ Yehowa be, mele nu ƒom le nye ŋuʋaʋã ƒe dziku me, elabena miekpe fu le dukɔwo ƒe fewuɖuɖu me. 7 Eya ta aleae Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si. Mekɔ nye asi dzi heka atam be woaɖu fewu le dukɔ siwo ƒo xlã mi la hã ŋu.” ’ 8 “Ke miawo, O! Israel towo, miatse ku geɖewo na nye dukɔ Israel, elabena woƒe gbɔgbɔɣi tu aƒe. 9 Metsi dzi ɖe mia ŋu, eye makpɔ nublanui na mi. Woaŋlɔ mi, woaƒã nukuwo ɖe mia dzi, 10 eye mana amewo nasɔ gbɔ ɖe mia dzi, Israel ƒe aƒe blibo la gɔ̃ hã. Amewo anɔ duawo me, eye woagbugbɔ du gbagbãwo atu. 11 Madzi amewo kple lãwo ƒe agbɔsɔsɔ ɖe edzi le mia dzi, woadzi, eye woasɔ gbɔ. Mana amewo nanɔ mia dzi abe tsã ene, eye nuwo anyo na mi wu tsã. Ekema mianya be, nyee nye Yehowa. 12 Mana nye dukɔ, nye dukɔ, Israel, nazɔ le dziwò. Woaxɔ wò, eye nànye woƒe domenyinu; miagaxɔ wò viwo le wo si azɔ o. 13 “Aleae Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi, ‘Esi amewo gblɔna na mi be mieɖua amelã, eye mieɖea vi ɖa le miaƒe dukɔ ŋuti ta la, 14 miagaɖu amelã azɔ o, eye miagatsrɔ̃ ɖeviwo na dukɔa azɔ o. Aƒetɔ Yehowae gblɔe. 15 Nyemagana miase dukɔwo ƒe fewuɖuɖu le mia ŋu o, eye dukɔwo magado vlo mi alo ana miaƒe dukɔ la nadze anyi o. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.’ ” 16 Aƒetɔ Yehowa ƒe nya gava nam be, 17 “Ame vi, esime Israelviwo nɔ woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi la, wodo gui to woƒe nɔnɔme kple wɔnawo me. Woƒe nɔnɔme le abe nyɔnu ƒe dzinukpɔkpɔ ene le nye ŋkume. 18 Eya ta metrɔ nye dziku kɔ ɖe wo dzi, elabena wokɔ ʋu ɖe anyigba la dzi, eye wogblẽ kɔ ɖo nɛ kple woƒe legbawo. 19 Mekaka wo ɖe dukɔwo dome, eye wokaka wo hlẽ ɖe anyigbawo dzi. Medrɔ̃ ʋɔnu wo ɖe woƒe nɔnɔme kple wɔnawo nu. 20 Eye afi sia afi si woyi le dukɔwo dome la, wodoa gu nye ŋkɔ kɔkɔe la, elabena wogblɔ tso wo ŋu be, ‘Ame siawo nye Yehowa ƒe amewo, ke ele na wo be woadzo le anyigba la dzi.’ 21 Metsi dzi ɖe nye ŋkɔ kɔkɔe la ŋu, ŋkɔ si Israel ƒe aƒe la do gui le dukɔ siwo me woyi la ŋkume.” 22 Eya ta gblɔ na Israel ƒe aƒe la be, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi, “O! Israel ƒe aƒe, menye miawo tae mele nu siawo wɔ ge o, ke nye ŋkɔ kɔkɔe si miedo gui le dukɔ siwo me mieyi la tae. 23 Mafia nye ŋkɔ gã la ƒe kɔkɔenyenye si wodo gui le dukɔwo dome, ŋkɔ si miedo gui le wo dome. Ekema dukɔawo anya be nyee nye Yehowa, Aƒetɔ Yehowae gblɔe, ne mefia ɖokuinye kɔkɔe to mia dzi le woƒe ŋkume. 24 “Elabena maɖe mi le dukɔawo dome, maƒo mia nu ƒu tso anyigbawo katã dzi, eye makplɔ mi ava miawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi. 25 Mahlẽ tsi kɔkɔe ɖe mia ŋu, eye mia ŋuti akɔ. Makɔ mia ŋuti tso miaƒe makɔmakɔnyenye katã me, eye maɖe miaƒe legbawo katã ɖa le mia dome. 26 Mana dzi yeye mi, eye made gbɔgbɔ yeye mia me; maɖe miaƒe kpedzi ɖa le mia me, eye mana lãkusidzi mi. 27 Made nye Gbɔgbɔ mia me, mana miawɔ nye ɖoɖowo dzi, eye mialé nye seawo me ɖe asi. 28 Mianɔ anyigba si metsɔ na mia tɔgbuiwo la dzi; mianye nye amewo, eye manye miaƒe Mawu. 29 Maɖe mi tso miaƒe nu makɔmakɔwo katã me. Mana bli nasɔ gbɔ na mi, eye nyemana dɔwuame nava mia dzi o. 30 Madzi atikutsetsewo kple miaƒe agblemenukuwo ɖe edzi, ale be miagaɖu ŋukpe le dukɔwo dome le dɔwuame ta o. 31 Ekema miaɖo ŋku miaƒe mɔ vɔ̃wo kple miaƒe ŋutasẽnuwɔwɔwo dzi, eye miaƒe nu anyɔ ŋu na miawo ŋutɔ le miaƒe nu vɔ̃wo kple nuwɔna vlowo ta. 32 Medi be mianya be nyemele nu siawo wɔm le mia ta o; Aƒetɔ Yehowae gblɔe. Mina ŋu nakpe mi, eye miaɖi gbɔ̃ mia ɖokui le miaƒe wɔnawo ta, O! Israel ƒe aƒe.” 33 Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “Le gbe si gbe maklɔ miaƒe nu vɔ̃wo katã ɖa le mia ŋuti la, mana amewo naganɔ miaƒe duwo me, eye woagbugbɔ gli gbagbãwo aɖo. 34 Woade agble ɖe gbegbewo, eye womaganye gbegbe le emetsolawo ŋkume o. 35 Woagblɔ be anyigba si nye gbegbe tsã la, va ɖi Edenbɔ azɔ. Du siwo gbã, eye wozu aƒedo tsã la, woglã wo, eye amewo le wo me. 36 Ekema dukɔ siwo susɔ ƒo xlã mi la anya be, nye Yehowae gbugbɔ du siwo wogbã la tu, eye medo nukuwo ɖe gbegbewo. Nye Yehowae gblɔe, eye mawɔe hã.” 37 “Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Magaɖo to Israel ƒe aƒe ƒe kokoƒoƒo, eye mawɔ nu sia na wo. Mana eƒe amewo nasɔ gbɔ abe alẽwo ene, 38 abe alẽ siwo woatsɔ asa vɔwoe le Yerusalem le ŋkekenyuiɖuɣiwo ene. Nenemae amewo ayɔ du siwo gbã la me. Ekema woanya be, nyee nye Yehowa.’ ”

In Other Versions

Ezekiel 36 in the ANGEFD

Ezekiel 36 in the ANTPNG2D

Ezekiel 36 in the AS21

Ezekiel 36 in the BAGH

Ezekiel 36 in the BBPNG

Ezekiel 36 in the BBT1E

Ezekiel 36 in the BDS

Ezekiel 36 in the BEV

Ezekiel 36 in the BHAD

Ezekiel 36 in the BIB

Ezekiel 36 in the BLPT

Ezekiel 36 in the BNT

Ezekiel 36 in the BNTABOOT

Ezekiel 36 in the BNTLV

Ezekiel 36 in the BOATCB

Ezekiel 36 in the BOATCB2

Ezekiel 36 in the BOBCV

Ezekiel 36 in the BOCNT

Ezekiel 36 in the BOGWICC

Ezekiel 36 in the BOHCB

Ezekiel 36 in the BOHCV

Ezekiel 36 in the BOHLNT

Ezekiel 36 in the BOHNTLTAL

Ezekiel 36 in the BOICB

Ezekiel 36 in the BOILNTAP

Ezekiel 36 in the BOITCV

Ezekiel 36 in the BOKCV

Ezekiel 36 in the BOKCV2

Ezekiel 36 in the BOKHWOG

Ezekiel 36 in the BOKSSV

Ezekiel 36 in the BOLCB

Ezekiel 36 in the BOLCB2

Ezekiel 36 in the BOMCV

Ezekiel 36 in the BONAV

Ezekiel 36 in the BONCB

Ezekiel 36 in the BONLT

Ezekiel 36 in the BONUT2

Ezekiel 36 in the BOPLNT

Ezekiel 36 in the BOSCB

Ezekiel 36 in the BOSNC

Ezekiel 36 in the BOTLNT

Ezekiel 36 in the BOVCB

Ezekiel 36 in the BOYCB

Ezekiel 36 in the BPBB

Ezekiel 36 in the BPH

Ezekiel 36 in the BSB

Ezekiel 36 in the CCB

Ezekiel 36 in the CUV

Ezekiel 36 in the CUVS

Ezekiel 36 in the DBT

Ezekiel 36 in the DGDNT

Ezekiel 36 in the DHNT

Ezekiel 36 in the DNT

Ezekiel 36 in the ELBE

Ezekiel 36 in the EMTV

Ezekiel 36 in the ESV

Ezekiel 36 in the FBV

Ezekiel 36 in the FEB

Ezekiel 36 in the GGMNT

Ezekiel 36 in the GNT

Ezekiel 36 in the HARY

Ezekiel 36 in the HNT

Ezekiel 36 in the IRVA

Ezekiel 36 in the IRVB

Ezekiel 36 in the IRVG

Ezekiel 36 in the IRVH

Ezekiel 36 in the IRVK

Ezekiel 36 in the IRVM

Ezekiel 36 in the IRVM2

Ezekiel 36 in the IRVO

Ezekiel 36 in the IRVP

Ezekiel 36 in the IRVT

Ezekiel 36 in the IRVT2

Ezekiel 36 in the IRVU

Ezekiel 36 in the ISVN

Ezekiel 36 in the JSNT

Ezekiel 36 in the KAPI

Ezekiel 36 in the KBT1ETNIK

Ezekiel 36 in the KBV

Ezekiel 36 in the KJV

Ezekiel 36 in the KNFD

Ezekiel 36 in the LBA

Ezekiel 36 in the LBLA

Ezekiel 36 in the LNT

Ezekiel 36 in the LSV

Ezekiel 36 in the MAAL

Ezekiel 36 in the MBV

Ezekiel 36 in the MBV2

Ezekiel 36 in the MHNT

Ezekiel 36 in the MKNFD

Ezekiel 36 in the MNG

Ezekiel 36 in the MNT

Ezekiel 36 in the MNT2

Ezekiel 36 in the MRS1T

Ezekiel 36 in the NAA

Ezekiel 36 in the NASB

Ezekiel 36 in the NBLA

Ezekiel 36 in the NBS

Ezekiel 36 in the NBVTP

Ezekiel 36 in the NET2

Ezekiel 36 in the NIV11

Ezekiel 36 in the NNT

Ezekiel 36 in the NNT2

Ezekiel 36 in the NNT3

Ezekiel 36 in the PDDPT

Ezekiel 36 in the PFNT

Ezekiel 36 in the RMNT

Ezekiel 36 in the SBIAS

Ezekiel 36 in the SBIBS

Ezekiel 36 in the SBIBS2

Ezekiel 36 in the SBICS

Ezekiel 36 in the SBIDS

Ezekiel 36 in the SBIGS

Ezekiel 36 in the SBIHS

Ezekiel 36 in the SBIIS

Ezekiel 36 in the SBIIS2

Ezekiel 36 in the SBIIS3

Ezekiel 36 in the SBIKS

Ezekiel 36 in the SBIKS2

Ezekiel 36 in the SBIMS

Ezekiel 36 in the SBIOS

Ezekiel 36 in the SBIPS

Ezekiel 36 in the SBISS

Ezekiel 36 in the SBITS

Ezekiel 36 in the SBITS2

Ezekiel 36 in the SBITS3

Ezekiel 36 in the SBITS4

Ezekiel 36 in the SBIUS

Ezekiel 36 in the SBIVS

Ezekiel 36 in the SBT

Ezekiel 36 in the SBT1E

Ezekiel 36 in the SCHL

Ezekiel 36 in the SNT

Ezekiel 36 in the SUSU

Ezekiel 36 in the SUSU2

Ezekiel 36 in the SYNO

Ezekiel 36 in the TBIAOTANT

Ezekiel 36 in the TBT1E

Ezekiel 36 in the TBT1E2

Ezekiel 36 in the TFTIP

Ezekiel 36 in the TFTU

Ezekiel 36 in the TGNTATF3T

Ezekiel 36 in the THAI

Ezekiel 36 in the TNFD

Ezekiel 36 in the TNT

Ezekiel 36 in the TNTIK

Ezekiel 36 in the TNTIL

Ezekiel 36 in the TNTIN

Ezekiel 36 in the TNTIP

Ezekiel 36 in the TNTIZ

Ezekiel 36 in the TOMA

Ezekiel 36 in the TTENT

Ezekiel 36 in the UBG

Ezekiel 36 in the UGV

Ezekiel 36 in the UGV2

Ezekiel 36 in the UGV3

Ezekiel 36 in the VBL

Ezekiel 36 in the VDCC

Ezekiel 36 in the YALU

Ezekiel 36 in the YAPE

Ezekiel 36 in the YBVTP

Ezekiel 36 in the ZBP