Ezekiel 40 (BOECS)

1 Le míaƒe aboyomenɔnɔ ƒe ƒe blaeve-vɔ-atɔ̃lia me, le ƒea ƒe gɔmedzedze, le ɣletia ƒe ŋkeke ewolia gbe, le du la ƒe gbagbã ƒe ƒe wuienelia megbe, le ŋkeke ma tututu dzi la, Yehowa ƒe asi nɔ dzinye, eye wòkplɔm yi afi mae. 2 Le Mawu ƒe ŋutegawo me la, ekplɔm yi Israelnyigba dzi, eye wòdam ɖe to kɔkɔ aɖe ŋutɔ dzi. Xɔ aɖewo le to kɔkɔ sia ƒe dziehe lɔƒo, eye wòdze abe du gã aɖee ene. 3 Ekplɔm yi afi ma, eye mekpɔ ame aɖe si ƒe dzedzeme ɖi akɔbli. Etsi tsitre ɖe agboa nu. Elé dzidzeka kple nudzidzeti ɖe asi. 4 Amea gblɔ nam be, “Ame vi, kpɔ nu kple wò ŋkuwo, nàse nu kple wò towo, eye nàlé fɔ ɖe nu sia nu si mafia wò la ŋu, elabena eya tae wokplɔ wò va afi sia ɖo. Gblɔ nu sia nu si nàkpɔ la na Israel ƒe aƒe la.” 5 Mekpɔ gli aɖe si ƒo xlã gbedoxɔ la ƒe teƒe kpe ɖo. Dzidzeti si le ŋutsu la si la didi mita etɔ̃. Edzidze gli la; gli la tri dzidzeti ɖeka, eye wòkeke dzidzeti ɖeka. 6 Tete wòyi agbo si dze ŋgɔ ɣedzeƒe la gbɔ. Elia eƒe atrakpuiwo, eye wòdzidze agbo la ƒe agbalinu wòkeke dzidzeti ɖeka. 7 Dzɔlawo ƒe nɔƒe didi dzidzeti ɖeka hekeke dzidzeti ɖeka. Gli siwo do ɖa ɖe nɔƒeawo dome la tri mita eve kple afã, eye teƒe si le agboa nu yi yaxɔƒe si dze ŋgɔ gbedoxɔa la keke dzidzeti ɖeka. 8 Edzidze agbo la ƒe akpata wòkeke dzidzeti ɖeka, 9 eye wòdidi mita ene. Yaxɔƒe si le agboa nu la dze ŋgɔ gbedoxɔ la. 10 Xɔvi etɔ̃ le ɣedzeƒegbo la nu ƒe akpa ɖe sia ɖe; dzidzeme ɖeka li na wo ame etɔ̃awo, eye gli ɖe sia ɖe si do ɖe ŋgɔ la ƒe ŋkume nye didime ma ke. 11 Edzidze agbo la ƒe mɔnu wòkeke mita atɔ̃ eye wòdidi mita ade kple afã. 12 Gli si kɔ mita afã la le xɔvi ɖe sia ɖe nu, eye xɔviawo ƒe didime kple kekeme siaa nye mita etɔ̃. 13 Emegbe la, edzidze agbo la ƒe mɔnu tso xɔvi ɖeka ƒe gli megbetɔ ŋu yi xɔvi si dze ŋgɔe la ƒe gli gbɔ va se ɖe evelia megbe, wòdidi mita wuieve kple afã tso mɔnu yi mɔnu si dze ŋgɔ nɔvia. 14 Edzidze gli siwo do ɖe ŋgɔ la ŋkume ƒo xlã agbo la nu wòde mita blaetɔ̃ va se ɖe agbo la ƒe akpata gbɔ le goawo katã me. 15 Tso agboa nu yi akpata la ƒe seƒe la le mita blaeve vɔ atɔ̃. 16 Xɔviawo kple gli siwo do ɖe ŋgɔ le agbo la ƒe mɔnu la, mɔnu suesuewo ƒo xlã wo abe yaxɔƒe la ene, eye wo katã wotrɔ mo ɖo ɖe eme lɔƒo. Wota detiwo ɖe domegliawo ŋu. 17 Emegbe la, ekplɔm yi xɔxɔnu si le egodo afi si xɔviwo le. Woɖo kpe ɖe anyigba godoo kpe ɖo. Xɔviawo le blaetɔ̃, eye wotsɔ kpe ɖo atsyɔ̃ na wo nu. 18 Kpenyigba le agbo la ƒe axawo dzi ɖe agbo la ƒe didime nu. Esiae nye kpenyigba si le anyigbeme lɔƒo. 19 Edzidze didime si le agbo etetɔ kple xɔxɔnu emetɔ dome. Edidi mita blaatɔ̃ le ɣedzeƒe kple anyiehe siaa. 20 Emegbe la, edzidze anyiehegbo la ƒe didime kple kekeme siaa yi ɖe xɔxɔnu egodotɔ gbɔ. 21 Xɔvi etɔ̃ le axa ɖe sia ɖe dzi. Eƒe domegliwo kple akpata la ƒe didime kple woƒe kekeme sɔ kple agbo gbãtɔ tɔwo. Edidi mita blaeve vɔ atɔ̃, eye wòkeke mita wuieve kple afã. 22 Eƒe mɔnuwo, akpata la kple eƒe detitatawo ƒe dzidzemewo le abe ɣedzeƒegbo la tɔwo ene. Atrakpui adre le eŋu, eye eƒe akpata le atrakpuiawo xa. 23 Agbo aɖe le xɔxɔnu egodotɔ ŋu dze ŋgɔ anyiehegbo la abe ale si ɖeka nɔ ɣedzeƒe ene. Edzidze nu tso agbo ɖeka nu yi esi le eƒe axadzi gbɔ, wòle mita blaatɔ̃. 24 Tete wòkplɔm yi dziehe lɔƒo, eye mekpɔ agbo aɖe si dze ŋgɔ dziehe lɔƒo. Edzidze eƒe gliwo kple eƒe akpata wole abe bubuawo tɔwo ene. 25 Fesrewo nɔ agbo la kple eƒe akpata ŋu abe bubuawo ƒe fesrewo ene. Edidi mita blaeve vɔ atɔ̃, eye wòkeke mita wuieve kple afã. 26 Atrakpui adre nɔ ete, eye eƒe akpata nɔ woƒe akpa eveawo. Wota detiwo ɖe domegliawo ŋu le akpa ɖe sia ɖe me. 27 Agbo aɖe le xɔxɔnu emetɔ hã ŋu, eye wòdze ŋgɔ dziehe. Edzidze nu tso agbo sia nu yi agbo egodotɔ si nɔ dziehe lɔƒo wòde mita blaatɔ̃. 28 Emegbe la, ekplɔm yi xɔxɔnu emetɔ to dziehegbo la nu; edzidze dziehegbo la, eye wònɔ abe bubuawo ene. 29 Eƒe xɔviwo, domegliwo kple eƒe akpata ƒe dzidzeme nɔ abe bubuawo tɔwo ene. Fesrewo nɔ agbo la nu kple eƒe akpata la ŋu godoo va kpe. Edidi mita blaeve vɔ atɔ̃, eye wòkeke mita wuieve kple afã. 30 Akpata siwo ƒo xlã xɔxɔnu emetɔ la keke mita wuieve kple afã, eye wode eme mita eve kple afã. 31 Eƒe akpata dze ŋgɔ xɔxɔnu egodotɔ; detiwo ɖo atsyɔ̃ na eƒe sɔtiwo, eye atrakpui enyi nɔ ete. 32 Tete wòkplɔm yi xɔxɔnu emetɔ si le ɣedzeƒe lɔƒo, eye wòdzidze agbo la; eƒe dzidzeme nɔ abe bubuawo tɔwo ene. 33 Eƒe xɔviwo, domegliwo kple eƒe akpata ƒe dzidzemewo nɔ abe bubuawo tɔwo ene. Fesrewo nɔ agbo la kple eƒe akpata ŋu ƒo xlã kpe ɖo. Edidi mita blaeve vɔ atɔ̃, eye wòkeke mita wuieve kple afã. 34 Eƒe akpata dze ŋgɔ xɔxɔnu egodotɔ, detiwo ɖo atsyɔ̃ na eƒe sɔtiwo le eƒe axa eveawo dzi, eye atrakpui enyi nɔ ete. 35 Le esia megbe la, ekplɔm yi anyiehegbo la gbɔ, eye wòdzidzee. Eƒe dzidzemewo nɔ abe bubuawo tɔwo ene, 36 abe eƒe xɔviwo, domegliwo kple eƒe akpata ene, eye fesrewo nɔ eŋu godoo va kpe. Edidi mita blaeve vɔ atɔ̃, eye wòkeke mita wuieve kple afã. 37 Eƒe akpata dze ŋgɔ xɔxɔnu egodotɔ, detiwo ɖo atsyɔ̃ na sɔtiawo le akpa eveawo, eye atrakpui enyi le ete. 38 Xɔ aɖe li si ƒe mɔnu le akpata la ŋu le agbo emetɔ ɖe sia ɖe ŋu, afi siae wokpalaa numevɔsawo le. 39 Le akpata si le agbo la nu me la, kplɔ̃ eve le axa ɖe sia ɖe dzi. Kplɔ̃ siawo dzi wowua numevɔsalãwo, nu vɔ̃ ŋuti vɔsalãwo kple fɔɖivɔsalãwo le. 40 Le akpata la ƒe gli egodotɔ, te ɖe agbo la nu kple atrakpuiawo ŋu le anyiehegbo la nu la, kplɔ̃ eve li, eye eve bubu hã gale atrakpuiawo ƒe akpa kemɛ. 41 Ale kplɔ̃ ene le agbo la ƒe akpa ɖeka, eye kplɔ̃ ene bubu gale agbo la ƒe akpa kemɛ hã; wonye kplɔ̃ enyi siwo dzi wowua vɔsalãwo le. 42 Kplɔ̃ ene bubu hã gali siwo wowɔ kple kpe fufuwo hena numevɔsawo; ɖe sia ɖe didi mita ɖeka, keke mita ɖeka, eye wòkɔ mita afã. Woawo dzie wodaa gagbawo ɖo hena numevɔsalãwo kple vɔsa bubuwo ƒe lãwo wuwu. 43 Woklã nu siwo woatsɔ nuwo akui, eye nu eve li na ɖe sia ɖe la ɖe gliawo ŋu kpe ɖo. Ɖe sia ɖe didi abe asi ɖeka ene. Kplɔ̃awo li na vɔsawo ƒe lãwo. 44 Le agbo egodotɔ godo, le xɔxɔnu emetɔ me la, xɔ eve li, ɖeka le anyiehegbo la xa, eye wòdze ŋgɔ dziehe; evelia le agbo si le dziehe gome la xa, eye wòdze ŋgɔ anyiehe. 45 Egblɔ nam be, “Xɔ si dze ŋgɔ dziehe gome lae nye nunɔla siwo kpɔa gbedoxɔ la dzi la tɔ, 46 eye esi dze ŋgɔ anyiehe lae nye nunɔla siwo kpɔa vɔsamlekpui la dzi tɔ. Ame siawoe nye Zadok ƒe viwo, ame siawo koe nye Levitɔ siwo ate ɖe Yehowa ŋu be woasubɔ le eŋkume.” 47 Edzidze xɔxɔnu la; eƒe didime sɔ kple eƒe kekeme si nye mita blaatɔ̃. Vɔsamlekpui la le gbedoxɔ la ŋgɔ. 48 Ekplɔm va gbedoxɔ la ƒe akpata me, eye wòdzidze akpata la ƒe domegliwo; wokeke mita eve kple afã le akpa ɖe sia ɖe. Eƒe mɔnu keke mita adre, eye eƒe gliwo keke mita ɖeka kple afã le akpa ɖe sia ɖe. 49 Akpata la keke mita ewo, eye wòdidi mita ade tso ŋgɔ yi megbe. Atrakpuiwo le ete, eye sɔtiwo le domegliawo ƒe akpa ɖe sia ɖe.

In Other Versions

Ezekiel 40 in the ANGEFD

Ezekiel 40 in the ANTPNG2D

Ezekiel 40 in the AS21

Ezekiel 40 in the BAGH

Ezekiel 40 in the BBPNG

Ezekiel 40 in the BBT1E

Ezekiel 40 in the BDS

Ezekiel 40 in the BEV

Ezekiel 40 in the BHAD

Ezekiel 40 in the BIB

Ezekiel 40 in the BLPT

Ezekiel 40 in the BNT

Ezekiel 40 in the BNTABOOT

Ezekiel 40 in the BNTLV

Ezekiel 40 in the BOATCB

Ezekiel 40 in the BOATCB2

Ezekiel 40 in the BOBCV

Ezekiel 40 in the BOCNT

Ezekiel 40 in the BOGWICC

Ezekiel 40 in the BOHCB

Ezekiel 40 in the BOHCV

Ezekiel 40 in the BOHLNT

Ezekiel 40 in the BOHNTLTAL

Ezekiel 40 in the BOICB

Ezekiel 40 in the BOILNTAP

Ezekiel 40 in the BOITCV

Ezekiel 40 in the BOKCV

Ezekiel 40 in the BOKCV2

Ezekiel 40 in the BOKHWOG

Ezekiel 40 in the BOKSSV

Ezekiel 40 in the BOLCB

Ezekiel 40 in the BOLCB2

Ezekiel 40 in the BOMCV

Ezekiel 40 in the BONAV

Ezekiel 40 in the BONCB

Ezekiel 40 in the BONLT

Ezekiel 40 in the BONUT2

Ezekiel 40 in the BOPLNT

Ezekiel 40 in the BOSCB

Ezekiel 40 in the BOSNC

Ezekiel 40 in the BOTLNT

Ezekiel 40 in the BOVCB

Ezekiel 40 in the BOYCB

Ezekiel 40 in the BPBB

Ezekiel 40 in the BPH

Ezekiel 40 in the BSB

Ezekiel 40 in the CCB

Ezekiel 40 in the CUV

Ezekiel 40 in the CUVS

Ezekiel 40 in the DBT

Ezekiel 40 in the DGDNT

Ezekiel 40 in the DHNT

Ezekiel 40 in the DNT

Ezekiel 40 in the ELBE

Ezekiel 40 in the EMTV

Ezekiel 40 in the ESV

Ezekiel 40 in the FBV

Ezekiel 40 in the FEB

Ezekiel 40 in the GGMNT

Ezekiel 40 in the GNT

Ezekiel 40 in the HARY

Ezekiel 40 in the HNT

Ezekiel 40 in the IRVA

Ezekiel 40 in the IRVB

Ezekiel 40 in the IRVG

Ezekiel 40 in the IRVH

Ezekiel 40 in the IRVK

Ezekiel 40 in the IRVM

Ezekiel 40 in the IRVM2

Ezekiel 40 in the IRVO

Ezekiel 40 in the IRVP

Ezekiel 40 in the IRVT

Ezekiel 40 in the IRVT2

Ezekiel 40 in the IRVU

Ezekiel 40 in the ISVN

Ezekiel 40 in the JSNT

Ezekiel 40 in the KAPI

Ezekiel 40 in the KBT1ETNIK

Ezekiel 40 in the KBV

Ezekiel 40 in the KJV

Ezekiel 40 in the KNFD

Ezekiel 40 in the LBA

Ezekiel 40 in the LBLA

Ezekiel 40 in the LNT

Ezekiel 40 in the LSV

Ezekiel 40 in the MAAL

Ezekiel 40 in the MBV

Ezekiel 40 in the MBV2

Ezekiel 40 in the MHNT

Ezekiel 40 in the MKNFD

Ezekiel 40 in the MNG

Ezekiel 40 in the MNT

Ezekiel 40 in the MNT2

Ezekiel 40 in the MRS1T

Ezekiel 40 in the NAA

Ezekiel 40 in the NASB

Ezekiel 40 in the NBLA

Ezekiel 40 in the NBS

Ezekiel 40 in the NBVTP

Ezekiel 40 in the NET2

Ezekiel 40 in the NIV11

Ezekiel 40 in the NNT

Ezekiel 40 in the NNT2

Ezekiel 40 in the NNT3

Ezekiel 40 in the PDDPT

Ezekiel 40 in the PFNT

Ezekiel 40 in the RMNT

Ezekiel 40 in the SBIAS

Ezekiel 40 in the SBIBS

Ezekiel 40 in the SBIBS2

Ezekiel 40 in the SBICS

Ezekiel 40 in the SBIDS

Ezekiel 40 in the SBIGS

Ezekiel 40 in the SBIHS

Ezekiel 40 in the SBIIS

Ezekiel 40 in the SBIIS2

Ezekiel 40 in the SBIIS3

Ezekiel 40 in the SBIKS

Ezekiel 40 in the SBIKS2

Ezekiel 40 in the SBIMS

Ezekiel 40 in the SBIOS

Ezekiel 40 in the SBIPS

Ezekiel 40 in the SBISS

Ezekiel 40 in the SBITS

Ezekiel 40 in the SBITS2

Ezekiel 40 in the SBITS3

Ezekiel 40 in the SBITS4

Ezekiel 40 in the SBIUS

Ezekiel 40 in the SBIVS

Ezekiel 40 in the SBT

Ezekiel 40 in the SBT1E

Ezekiel 40 in the SCHL

Ezekiel 40 in the SNT

Ezekiel 40 in the SUSU

Ezekiel 40 in the SUSU2

Ezekiel 40 in the SYNO

Ezekiel 40 in the TBIAOTANT

Ezekiel 40 in the TBT1E

Ezekiel 40 in the TBT1E2

Ezekiel 40 in the TFTIP

Ezekiel 40 in the TFTU

Ezekiel 40 in the TGNTATF3T

Ezekiel 40 in the THAI

Ezekiel 40 in the TNFD

Ezekiel 40 in the TNT

Ezekiel 40 in the TNTIK

Ezekiel 40 in the TNTIL

Ezekiel 40 in the TNTIN

Ezekiel 40 in the TNTIP

Ezekiel 40 in the TNTIZ

Ezekiel 40 in the TOMA

Ezekiel 40 in the TTENT

Ezekiel 40 in the UBG

Ezekiel 40 in the UGV

Ezekiel 40 in the UGV2

Ezekiel 40 in the UGV3

Ezekiel 40 in the VBL

Ezekiel 40 in the VDCC

Ezekiel 40 in the YALU

Ezekiel 40 in the YAPE

Ezekiel 40 in the YBVTP

Ezekiel 40 in the ZBP