Ezekiel 44 (BOECS)

1 Azɔ la, ŋutsu la gbugbɔm va kɔkɔeƒe la ƒe agbo si dze ŋgɔ ɣedzeƒe la gbɔ. Wotui. 2 Yehowa gblɔ nam be, “Ele be agbo sia nanɔ tutu ɣe sia ɣi. Mele be woaʋui o, eye ame aɖeke mato eme age ɖe eme o. Ele be wòanɔ tutu, elabena Yehowa, Israel ƒe Mawu la to eme ge ɖe eme. 3 Fiaviŋutsu la ŋutɔ koe nye ame si anɔ agbo la nu be wòaɖu nu le Yehowa ŋkume. Ele nɛ be wòage ɖe eme to akpata la me, eye wòado go to afi ma ke.” 4 Tete ŋutsu la kplɔm to anyiehegbo la me yi gbedoxɔ la ŋgɔ. Metsa ŋku, eye mekpɔ Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe wòyɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ la, eye metsyɔ mo anyi. 5 Eye Yehowa gblɔ nam be, “Ame vi, lé ŋku ɖe nu ŋu nyuie, ɖo to nyuie, eye nàlé fɔ ɖe nu sia nu si magblɔ na wò tso Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe ɖoɖowo ŋuti kple afi siwo woato ado go le Kɔkɔeƒe la ŋuti. 6 Gblɔ na Israel ƒe aƒe dzeaglã la be, ‘Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi. Miaƒe ŋukpenanuwɔnawo sɔ gbɔ, O! Israel ƒe aƒe! 7 Kpe ɖe miaƒe ŋukpenanuwɔna bubuawo ŋu la, miekplɔ amedzro, ame siwo wometso aʋa na le dzi me alo le ŋutilã me o la, va nye kɔkɔeƒe la, eye miegblẽ kɔ ɖo na nye gbedoxɔ la le esime miena nuɖuɖum, lãmi kple ʋu, eye mietu nye nubabla la. 8 Le esime miawɔ miaƒe dɔdeasiwo le nye nu kɔkɔewo ŋuti la, mietsɔ ame bubuwo be woakpɔ nye kɔkɔeƒe la dzi.’ 9 Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye, ‘Amedzro aɖeke, ame si wometso aʋa na le dzi me kple ŋutilã me o la, mekpɔ mɔ age ɖe nye Kɔkɔeƒe la o, amedzro siwo le Israelviwo dome gɔ̃ hã mekpɔ mɔ o. 10 “ ‘Levitɔ siwo de megbe le ŋunye, esime Israel tra mɔ, eye wòdzo le gbɔnye hedze legbawo yome la, axɔ woƒe nu vɔ̃ ƒe yomedzenu. 11 Woate ŋu asubɔ le nye kɔkɔeƒe la, adzɔ gbedoxɔ la ƒe agbowo ŋu, eye woasubɔ le afi ma; woate ŋu awu numevɔsawo ƒe lãwo kple ameawo tɔwo, woatsi tsitre ɖe ameawo ŋkume, eye woasubɔ wo. 12 Ke, le esime wosubɔ ameawo le woƒe legbawo ŋkume, eye wona Israel ƒe aƒe la dze nu vɔ̃ me ta la, meka atam le esime mekɔ asi dzi be woaxɔ woƒe nu vɔ̃ ƒe yomedzenuwo. Aƒetɔ Yehowae gblɔe. 13 Mele be woate ɖe ŋunye be yewoasubɔm abe nunɔlawo ene alo ate ɖe nye nu kɔkɔewo alo nye vɔsa kɔkɔewo ŋu o. Ele na wo be woatsɔ woƒe ŋukpenanuwɔnawo ƒe ŋukpe. 14 Ke matsɔ wo ada ɖe gbedoxɔ la ƒe dɔdeasiwo kple dɔ sia dɔ si woawɔ le eme la nu. 15 “ ‘Ke nunɔlaawo, ame siwo nye Levitɔwo kple Zadok ƒe dzidzimeviwo, eye wowɔ woƒe dɔdeasiwo le nye kɔkɔeƒe la kple nuteƒewɔwɔ esime Israelviwo tra mɔ tso gbɔnye la, ate va, eye woasubɔ le nye ŋkume. Woatsi tsitre ɖe nye ŋkume be woasa vɔ kple lãmi kple ʋu. Aƒetɔ Yehowae gblɔe. 16 Woawo koe age ɖe nye Kɔkɔeƒe la. Woawo koe ate ɖe nye kplɔ̃ la ŋu be woasubɔ le nye ŋkume, eye woawɔ nye dɔdeasi.’ 17 “ ‘Ne woge ɖe xɔxɔnu emetɔ ƒe agbowo me la, woado aklalawuwo, womado lãfuwu aɖeke esime wole subɔsubɔdɔ wɔm le xɔxɔnu emetɔ me alo le gbedoxɔ la me o. 18 Woabla ta kple tablanu aklalatɔwo, eye woado aklalawutewuiwo ɖe ali. Womado naneke si ana woate fifia o. 19 Ne woyi xɔxɔnu egodotɔ, afi si amewo le la, woaɖe awu siwo wodo hesubɔ la da ɖe xɔ kɔkɔeawo me, eye woado woawo ŋutɔ ƒe awuwo ale be womakɔ ameawo ŋu kple woƒe awuwo o. 20 “ ‘Womaƒlɔ ta o, eye womana woƒe ɖa nato ʋutuu hã o, ke woafɔ woƒe taɖa dzi. 21 Nunɔla aɖeke mano wain ne wòge ɖe xɔxɔnu emetɔ o. 22 Womaɖe ahosiwo alo nyɔnu siwo ƒe srɔ̃ɖeɖe me gblẽ o. Ame siwo woate ŋu aɖe ko la woe nye Israel ɖetugbiwo alo nunɔlawo ƒe ahosiwo. 23 Ele na wo be woafia nye amewo vovototo si le nu kɔkɔe kple nu makɔmakɔ dome, eye woafia ameawo be woanya vovototo si le nu kɔkɔewo kple nu makɔmakɔwo dome. 24 “ ‘Ne dzrenya aɖe dzɔ la, nunɔlaawo awɔ dɔ abe ʋɔnudrɔ̃lawo ene, eye woatso nya me le nye sewo nu. Woalé nye sewo kple ɖoɖowo na ŋkekenyui ɖoɖiwo me ɖe asi, eye woawɔ nye Dzudzɔgbe la kɔkɔe. 25 “ ‘Nunɔla aɖeke magblẽ kɔ ɖo na eɖokui to tete ɖe ame kuku aɖeke ŋu me o, ke ne ame kuku la nye fofoa alo dadaa, Via ŋutsu alo via nyɔnu, nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu srɔ̃manɔsitɔ la, ekema ate ŋu agblẽ kɔ ɖo na eɖokui. 26 Ne wokɔ eŋuti la, alala ŋkeke adre. 27 Gbe si gbe wòaɖo afɔ kɔkɔeƒe la ƒe xɔxɔnu emetɔ be wòasubɔ le kɔkɔeƒe la la, ele be wòana nu hena nuvɔ̃ŋutivɔsa ɖe eɖokui ta. Aƒetɔ Yehowae gblɔe. 28 “ ‘Nye koe anye domenyinu si anɔ nunɔlawo si. Mele be miana nunɔamesi aɖeke wo le Israel o. Nyee anye woƒe nunɔamesi. 29 Woaɖu nuɖuvɔsawo, nu vɔ̃ ŋuti vɔsawo kple fɔɖivɔsawo, eye nu sia nu si le Israel si wotsɔ na Yehowa la, anye wo tɔ. 30 Kutsetse gbãtɔwo ƒe nyuitɔwo kple miaƒe nunana tɔxɛwo katã anye nunɔlawo tɔ. Ele be miatsɔ miaƒe agblemenuku gbãtɔwo ana wo, ale be yayra nanɔ wò aƒemetɔwo dzi. 31 Nunɔlawo maɖu xevi alo lã aɖe si ku loo alo lã si lã wɔadã aɖe vuvu la o.

In Other Versions

Ezekiel 44 in the ANGEFD

Ezekiel 44 in the ANTPNG2D

Ezekiel 44 in the AS21

Ezekiel 44 in the BAGH

Ezekiel 44 in the BBPNG

Ezekiel 44 in the BBT1E

Ezekiel 44 in the BDS

Ezekiel 44 in the BEV

Ezekiel 44 in the BHAD

Ezekiel 44 in the BIB

Ezekiel 44 in the BLPT

Ezekiel 44 in the BNT

Ezekiel 44 in the BNTABOOT

Ezekiel 44 in the BNTLV

Ezekiel 44 in the BOATCB

Ezekiel 44 in the BOATCB2

Ezekiel 44 in the BOBCV

Ezekiel 44 in the BOCNT

Ezekiel 44 in the BOGWICC

Ezekiel 44 in the BOHCB

Ezekiel 44 in the BOHCV

Ezekiel 44 in the BOHLNT

Ezekiel 44 in the BOHNTLTAL

Ezekiel 44 in the BOICB

Ezekiel 44 in the BOILNTAP

Ezekiel 44 in the BOITCV

Ezekiel 44 in the BOKCV

Ezekiel 44 in the BOKCV2

Ezekiel 44 in the BOKHWOG

Ezekiel 44 in the BOKSSV

Ezekiel 44 in the BOLCB

Ezekiel 44 in the BOLCB2

Ezekiel 44 in the BOMCV

Ezekiel 44 in the BONAV

Ezekiel 44 in the BONCB

Ezekiel 44 in the BONLT

Ezekiel 44 in the BONUT2

Ezekiel 44 in the BOPLNT

Ezekiel 44 in the BOSCB

Ezekiel 44 in the BOSNC

Ezekiel 44 in the BOTLNT

Ezekiel 44 in the BOVCB

Ezekiel 44 in the BOYCB

Ezekiel 44 in the BPBB

Ezekiel 44 in the BPH

Ezekiel 44 in the BSB

Ezekiel 44 in the CCB

Ezekiel 44 in the CUV

Ezekiel 44 in the CUVS

Ezekiel 44 in the DBT

Ezekiel 44 in the DGDNT

Ezekiel 44 in the DHNT

Ezekiel 44 in the DNT

Ezekiel 44 in the ELBE

Ezekiel 44 in the EMTV

Ezekiel 44 in the ESV

Ezekiel 44 in the FBV

Ezekiel 44 in the FEB

Ezekiel 44 in the GGMNT

Ezekiel 44 in the GNT

Ezekiel 44 in the HARY

Ezekiel 44 in the HNT

Ezekiel 44 in the IRVA

Ezekiel 44 in the IRVB

Ezekiel 44 in the IRVG

Ezekiel 44 in the IRVH

Ezekiel 44 in the IRVK

Ezekiel 44 in the IRVM

Ezekiel 44 in the IRVM2

Ezekiel 44 in the IRVO

Ezekiel 44 in the IRVP

Ezekiel 44 in the IRVT

Ezekiel 44 in the IRVT2

Ezekiel 44 in the IRVU

Ezekiel 44 in the ISVN

Ezekiel 44 in the JSNT

Ezekiel 44 in the KAPI

Ezekiel 44 in the KBT1ETNIK

Ezekiel 44 in the KBV

Ezekiel 44 in the KJV

Ezekiel 44 in the KNFD

Ezekiel 44 in the LBA

Ezekiel 44 in the LBLA

Ezekiel 44 in the LNT

Ezekiel 44 in the LSV

Ezekiel 44 in the MAAL

Ezekiel 44 in the MBV

Ezekiel 44 in the MBV2

Ezekiel 44 in the MHNT

Ezekiel 44 in the MKNFD

Ezekiel 44 in the MNG

Ezekiel 44 in the MNT

Ezekiel 44 in the MNT2

Ezekiel 44 in the MRS1T

Ezekiel 44 in the NAA

Ezekiel 44 in the NASB

Ezekiel 44 in the NBLA

Ezekiel 44 in the NBS

Ezekiel 44 in the NBVTP

Ezekiel 44 in the NET2

Ezekiel 44 in the NIV11

Ezekiel 44 in the NNT

Ezekiel 44 in the NNT2

Ezekiel 44 in the NNT3

Ezekiel 44 in the PDDPT

Ezekiel 44 in the PFNT

Ezekiel 44 in the RMNT

Ezekiel 44 in the SBIAS

Ezekiel 44 in the SBIBS

Ezekiel 44 in the SBIBS2

Ezekiel 44 in the SBICS

Ezekiel 44 in the SBIDS

Ezekiel 44 in the SBIGS

Ezekiel 44 in the SBIHS

Ezekiel 44 in the SBIIS

Ezekiel 44 in the SBIIS2

Ezekiel 44 in the SBIIS3

Ezekiel 44 in the SBIKS

Ezekiel 44 in the SBIKS2

Ezekiel 44 in the SBIMS

Ezekiel 44 in the SBIOS

Ezekiel 44 in the SBIPS

Ezekiel 44 in the SBISS

Ezekiel 44 in the SBITS

Ezekiel 44 in the SBITS2

Ezekiel 44 in the SBITS3

Ezekiel 44 in the SBITS4

Ezekiel 44 in the SBIUS

Ezekiel 44 in the SBIVS

Ezekiel 44 in the SBT

Ezekiel 44 in the SBT1E

Ezekiel 44 in the SCHL

Ezekiel 44 in the SNT

Ezekiel 44 in the SUSU

Ezekiel 44 in the SUSU2

Ezekiel 44 in the SYNO

Ezekiel 44 in the TBIAOTANT

Ezekiel 44 in the TBT1E

Ezekiel 44 in the TBT1E2

Ezekiel 44 in the TFTIP

Ezekiel 44 in the TFTU

Ezekiel 44 in the TGNTATF3T

Ezekiel 44 in the THAI

Ezekiel 44 in the TNFD

Ezekiel 44 in the TNT

Ezekiel 44 in the TNTIK

Ezekiel 44 in the TNTIL

Ezekiel 44 in the TNTIN

Ezekiel 44 in the TNTIP

Ezekiel 44 in the TNTIZ

Ezekiel 44 in the TOMA

Ezekiel 44 in the TTENT

Ezekiel 44 in the UBG

Ezekiel 44 in the UGV

Ezekiel 44 in the UGV2

Ezekiel 44 in the UGV3

Ezekiel 44 in the VBL

Ezekiel 44 in the VDCC

Ezekiel 44 in the YALU

Ezekiel 44 in the YAPE

Ezekiel 44 in the YBVTP

Ezekiel 44 in the ZBP