Ezra 8 (BOECS)

1 Esiawoe nye ƒometatɔ siwo trɔ gbɔ kplim tso Babilonia le fia Artazerses ƒe fiaɖuɖu me la ƒe ŋkɔwo kple ƒometɔ siwo ŋlɔ ŋkɔ ɖe wo gbɔ la ƒe ŋkɔwo: 2 Ame siwo tso Finehas ƒe dzidzime me:Gersom;Ame siwo tso Itamar ƒe dzidzime me:Daniel;Ame siwo tso David ƒe dzidzime me:Hatus 3 si tso Sekania ƒe dzidzime me;Ame siwo tso Paros ƒe dzidzime me:Zekaria kple ŋutsu alafa ɖeka blaatɔ̃ (150) siwo ŋlɔ ŋkɔ ɖe egbɔ; 4 Ame siwo tso Pahat Moab ƒe dzidzime me:Zerahia ƒe vi, Eliehoenai kple ŋutsu alafa eve (200) siwo kpe ɖe eŋu la; 5 Ame siwo tso Zatu ƒe dzidzimeviwo dome:Sekania, Yahaziel ƒe vi kple ŋutsu alafa etɔ̃ (300) siwo le eŋu la; 6 Ame siwo tso Adin ƒe dzidzime me:Yonatan ƒe vi, Ebed kple ŋutsu blaatɔ̃ siwo nɔ eŋu la; 7 Ame siwo tso Elam ƒe dzidzime me:Atalia ƒe vi, Yesaya kple ŋutsu blaadre siwo le eŋu la; 8 Ame siwo tso Sefatia ƒe dzidzime me:Mikael ƒe vi, Zebadia kple ŋutsu blaenyi siwo dze eyome la; 9 Ame siwo tso Yoab ƒe dzidzime me:Yehiel ƒe vi, Obadia kple ŋutsu alafa eve kple wuienyi (218) siwo nɔ eŋu la; 10 Ame siwo tso Bani ƒe dzidzime me:Yosifia ƒe vi, Selomit kple ŋutsu alafa ɖeka kple blaade (160) siwo nɔ eŋu la; 11 Ame siwo tso Bebai ƒe dzidzime me:Bebai ƒe vi, Zekaria kple ŋutsu blaeve-vɔ-enyi siwo nɔ eŋu la; 12 Ame siwo tso Azgad ƒe dzidzime me:Hakatan ƒe vi, Yohanan kple ŋutsu alafa ɖeka kple ewo (110) siwo nɔ eŋu la; 13 Ame siwo tso Adonikam ƒe dzidzime me:Ame mamlɛ siwo ƒe ŋkɔwoe nye Elifelet, Yeuel kple Semaya kple ŋutsu blaade siwo nɔ wo ŋu la; 14 Ame siwo tso Bigvai ƒe dzidzime me:Utai kple Zakur kple ŋutsu blaadre siwo nɔ wo ŋu la. 15 Tete meƒo wo nu ƒu ɖe tɔsisi si si ɖo ta Ahava la to eye míeƒu asaɖa anyi ɖe afi ma ŋkeke etɔ̃. Esi metsa le ameawo kple nunɔlaawo dome la, nyemekpɔ Levitɔ aɖeke o. 16 Ale meyɔ Eliezer, Ariel, Semaya, Elnatan, Yarib, Elnatan, Natan, Zekaria kple Mesulam, ame siwo nye kplɔlawo, kpe ɖe Yoyarib kple Elnatan ŋu, ame siwo nye agbalẽnyala gãwo, 17 eye medɔ wo ɖo ɖe dudzikpɔla Ido gbɔ le Kasifia. Megblɔ nya si wòle be woagblɔ na Ido kple nɔvia siwo nye dɔlawo le gbedoxɔ me le Kasifia, ale be woaɖo dɔwɔlawo ɖe mí hena dɔwo wɔwɔ le míaƒe Mawu la ƒe aƒe me. 18 Esi wònye be míaƒe Mawu la ƒe amenuvevesie nɔ mía dzi ta la, wokplɔ Serebia, ŋutsu si ŋu ŋutete geɖe nɔ la vɛ na mí, ame si nye Mahli, Levi ƒe dzidzimevi. Ke Mahli nye Levi ƒe vi, eye Levi nye Israel ƒe vi, kpe ɖe Serebia ƒe viŋutsuwo kple nɔvia ŋutsuwo ŋu, eye wo katã wole ame wuienyi. 19 Woawo kple Hasabia, kpe ɖe Yesaya si tso Merari ƒe dzidzimeviwo dome la ŋuti kple nɔvia ŋutsuwo kple woƒe ƒometɔ bubuwo, ale wo katã wole ŋutsu blaeve. 20 Woawo hã kplɔ gbedoxɔmedɔwɔla alafa eve kple blaeve (220) ɖe asi, ame siwo David kple eƒe dɔnunɔlawo ɖo be woakpe ɖe Levitɔwo ŋu. Woŋlɔ wo katã ƒe ŋkɔwo ɖi. 21 Le Ahava tɔsisi la to, le afi ma meɖe gbeƒã nutsitsidɔ, ale be míabɔbɔ mía ɖokuiwo le míaƒe Mawu la ŋkume be míabia dedinɔnɔ na míawo ŋutɔ kple mía viwo kple míaƒe nunɔamesiwo ƒe dedinɔnɔ. 22 Ŋu le kpeyem be mabia fia la be wòana asrafowo kple sɔdolawo mí, woadzɔ mía ŋu le mɔa dzi le míaƒe futɔwo ta, elabena megblɔ na fia la be, “Míaƒe Mawu la ƒe amenuvevesi nɔa ame sia ame si ɖoa dzi ɖe eŋu la dzi, ke eƒe dziku gã la nɔa ame siwo katã gbee la dzi.” 23 Ale míetsi nu dɔ, ƒo koko na míaƒe Mawu la tso nu sia ŋuti, eye wòɖo míaƒe gbedodoɖa ŋu. 24 Tete meɖe nunɔla siwo bi ɖe dɔa me nyuie la dometɔ wuieve ɖe aga kpe ɖe Serebia, Hasabia kple wo nɔviŋutsu ewo bubuwo ŋu. 25 Meda sika, klosalo kple nu bubu siwo fia la, eƒe aɖaŋuɖolawo, eƒe dɔnunɔlawo kple Israel blibo si nɔ afi ma la na hena míaƒe Mawu ƒe aƒe la. 26 Meda klosalo tɔn blaeve-vɔ-eve na wo kple klosalonu bubu siwo ƒe kpekpeme nɔ tɔn etɔ̃ kple afã la na wo, kpe ɖe sika tɔn etɔ̃ kple afã 27 kple sikagba blaeve siwo ƒe home anɔ sikaga kilogram enyi kple afã, kpe ɖe akɔblinu vevi eve siwo ŋu wozrɔ̃ wole dzo dam abe sika adodea ene la ŋu. 28 Eye megblɔ na wo be, “Wokɔ miawo ŋutɔ kple nu siawo katã ŋuti na Yehowa. Klosalo kple sika nye lɔlɔ̃nununanawo na Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu la. 29 Midzɔ wo ŋu nyuie eye midzra wo ɖo va se ɖe esime miada wo ɖe Yehowa ƒe aƒe la ƒe xɔwo me le Yerusalem le nunɔla tsitsiawo, Levitɔwo kple Israel ƒe ƒometatɔwo ŋkume.” 30 Ale nunɔlaawo kple Levitɔwo xɔ klosalo, sika kple nu kɔkɔe bubu siwo woda be woatsɔ ayi ɖe míaƒe Mawu ƒe aƒe la mee le Yerusalem. 31 Le dzinu gbãtɔ ƒe ŋkeke wuievelia dzi la, míedze mɔ tso Ahava tɔsisi la to ɖo ta Yerusalem. Míaƒe Mawu la ƒe asi nɔ mía dzi, eye wòɖe mí tso futɔwo kple adzohawo ƒe asime le mɔa dzi. 32 Ale míeva ɖo Yerusalem, eye míedzudzɔ ŋkeke etɔ̃. 33 Le ŋkeke enelia dzi, le míaƒe Mawu la ƒe aƒe me, míeda sika, klosalo kple nu kɔkɔe bubuawo de asi na Uria ƒe vi, nunɔla Meremot. Eleazar, Finehas ƒe vi, nɔ egbɔ hekpe ɖe Levitɔwo, Yozabad, Yesua ƒe vi kple Noadia, Binui ƒe vi ŋuti. 34 Míena akɔnta tso nu sia nu ŋuti, le woƒe xexlẽme kple kpekpeme nu, eye woŋlɔ kpekpeme ɖe sia ɖe da ɖi le ɣe ma ɣi me. 35 Tete ame siwo gbɔ tso aboyo me la sa numevɔ na Israel ƒe Mawu la kple nu siawo: Nyitsu wuieve, ɖe Israel ƒe toawo nu, agbo blaasiekɛ-vɔ-ade, alẽvi blaadre-vɔ-adre kple gbɔ̃tsu wuieve abe nu vɔ̃ vɔsa ene. Wotsɔ esiawo katã wɔ numevɔsae na Yehowa. 36 Wotsɔ fia la ƒe sededewo hã na fiateƒenɔlawo kple mɔmefia siwo le Frat tɔsisi la godo, ame siwo na kpekpeɖeŋu dukɔ la kple Mawu ƒe aƒe la.

In Other Versions

Ezra 8 in the ANGEFD

Ezra 8 in the ANTPNG2D

Ezra 8 in the AS21

Ezra 8 in the BAGH

Ezra 8 in the BBPNG

Ezra 8 in the BBT1E

Ezra 8 in the BDS

Ezra 8 in the BEV

Ezra 8 in the BHAD

Ezra 8 in the BIB

Ezra 8 in the BLPT

Ezra 8 in the BNT

Ezra 8 in the BNTABOOT

Ezra 8 in the BNTLV

Ezra 8 in the BOATCB

Ezra 8 in the BOATCB2

Ezra 8 in the BOBCV

Ezra 8 in the BOCNT

Ezra 8 in the BOGWICC

Ezra 8 in the BOHCB

Ezra 8 in the BOHCV

Ezra 8 in the BOHLNT

Ezra 8 in the BOHNTLTAL

Ezra 8 in the BOICB

Ezra 8 in the BOILNTAP

Ezra 8 in the BOITCV

Ezra 8 in the BOKCV

Ezra 8 in the BOKCV2

Ezra 8 in the BOKHWOG

Ezra 8 in the BOKSSV

Ezra 8 in the BOLCB

Ezra 8 in the BOLCB2

Ezra 8 in the BOMCV

Ezra 8 in the BONAV

Ezra 8 in the BONCB

Ezra 8 in the BONLT

Ezra 8 in the BONUT2

Ezra 8 in the BOPLNT

Ezra 8 in the BOSCB

Ezra 8 in the BOSNC

Ezra 8 in the BOTLNT

Ezra 8 in the BOVCB

Ezra 8 in the BOYCB

Ezra 8 in the BPBB

Ezra 8 in the BPH

Ezra 8 in the BSB

Ezra 8 in the CCB

Ezra 8 in the CUV

Ezra 8 in the CUVS

Ezra 8 in the DBT

Ezra 8 in the DGDNT

Ezra 8 in the DHNT

Ezra 8 in the DNT

Ezra 8 in the ELBE

Ezra 8 in the EMTV

Ezra 8 in the ESV

Ezra 8 in the FBV

Ezra 8 in the FEB

Ezra 8 in the GGMNT

Ezra 8 in the GNT

Ezra 8 in the HARY

Ezra 8 in the HNT

Ezra 8 in the IRVA

Ezra 8 in the IRVB

Ezra 8 in the IRVG

Ezra 8 in the IRVH

Ezra 8 in the IRVK

Ezra 8 in the IRVM

Ezra 8 in the IRVM2

Ezra 8 in the IRVO

Ezra 8 in the IRVP

Ezra 8 in the IRVT

Ezra 8 in the IRVT2

Ezra 8 in the IRVU

Ezra 8 in the ISVN

Ezra 8 in the JSNT

Ezra 8 in the KAPI

Ezra 8 in the KBT1ETNIK

Ezra 8 in the KBV

Ezra 8 in the KJV

Ezra 8 in the KNFD

Ezra 8 in the LBA

Ezra 8 in the LBLA

Ezra 8 in the LNT

Ezra 8 in the LSV

Ezra 8 in the MAAL

Ezra 8 in the MBV

Ezra 8 in the MBV2

Ezra 8 in the MHNT

Ezra 8 in the MKNFD

Ezra 8 in the MNG

Ezra 8 in the MNT

Ezra 8 in the MNT2

Ezra 8 in the MRS1T

Ezra 8 in the NAA

Ezra 8 in the NASB

Ezra 8 in the NBLA

Ezra 8 in the NBS

Ezra 8 in the NBVTP

Ezra 8 in the NET2

Ezra 8 in the NIV11

Ezra 8 in the NNT

Ezra 8 in the NNT2

Ezra 8 in the NNT3

Ezra 8 in the PDDPT

Ezra 8 in the PFNT

Ezra 8 in the RMNT

Ezra 8 in the SBIAS

Ezra 8 in the SBIBS

Ezra 8 in the SBIBS2

Ezra 8 in the SBICS

Ezra 8 in the SBIDS

Ezra 8 in the SBIGS

Ezra 8 in the SBIHS

Ezra 8 in the SBIIS

Ezra 8 in the SBIIS2

Ezra 8 in the SBIIS3

Ezra 8 in the SBIKS

Ezra 8 in the SBIKS2

Ezra 8 in the SBIMS

Ezra 8 in the SBIOS

Ezra 8 in the SBIPS

Ezra 8 in the SBISS

Ezra 8 in the SBITS

Ezra 8 in the SBITS2

Ezra 8 in the SBITS3

Ezra 8 in the SBITS4

Ezra 8 in the SBIUS

Ezra 8 in the SBIVS

Ezra 8 in the SBT

Ezra 8 in the SBT1E

Ezra 8 in the SCHL

Ezra 8 in the SNT

Ezra 8 in the SUSU

Ezra 8 in the SUSU2

Ezra 8 in the SYNO

Ezra 8 in the TBIAOTANT

Ezra 8 in the TBT1E

Ezra 8 in the TBT1E2

Ezra 8 in the TFTIP

Ezra 8 in the TFTU

Ezra 8 in the TGNTATF3T

Ezra 8 in the THAI

Ezra 8 in the TNFD

Ezra 8 in the TNT

Ezra 8 in the TNTIK

Ezra 8 in the TNTIL

Ezra 8 in the TNTIN

Ezra 8 in the TNTIP

Ezra 8 in the TNTIZ

Ezra 8 in the TOMA

Ezra 8 in the TTENT

Ezra 8 in the UBG

Ezra 8 in the UGV

Ezra 8 in the UGV2

Ezra 8 in the UGV3

Ezra 8 in the VBL

Ezra 8 in the VDCC

Ezra 8 in the YALU

Ezra 8 in the YAPE

Ezra 8 in the YBVTP

Ezra 8 in the ZBP