Genesis 12 (BOECS)

1 Le Abram fofo ƒe ku megbe la, Yehowa gblɔ na Abram be,“Ʋu le mia de, gblẽ wò ƒometɔwo ɖi,eye nàyi anyigba si mafia wò la dzi. 2 Ne èwɔ esia la, mana nàzu dukɔ gã aɖe fofo.Mayra wò, eye mana nàxɔ ŋkɔ.Gawu la, àhe yayra vɛ na ame geɖewo. 3 Mayra ame siwo ayra wò la,eye maƒo fi ade ame sia ame si aƒo fi ade wò la.Woayra xexea me blibo la ɖe tawò.” 4 Ale Abram ʋu le wo de abe ale si Yehowa gblɔ nɛ ene. Ekplɔ Lot ɖe asi. Ɣe ma ɣi la, Abram xɔ ƒe blaadre-vɔ-atɔ̃ esi wòdzo le Haran. 5 Ekplɔ srɔ̃a, Sarai kple eƒe tɔgãyɔvi Lot ɖe asi, eye wòtsɔ kesinɔnu siwo katã wòkpɔ le Haran, nyiwo kple kluviwo siaa dzoe heyi Kanaan. 6 Esime wonɔ mɔ zɔm to Kanaanyigba dzi la, woɖo teƒe aɖe le Sikem gbɔ. Wotɔ ɖe ati gã aɖe te le More. Kanaantɔwo nɔ anyigba la dzi ɣe ma ɣi. 7 Yehowa ɖe eɖokui fia Abram, eye wògblɔ be, “Matsɔ anyigba sia ana wò dzidzimeviwo.” Abram ɖi vɔsamlekpui aɖe ɖe afi ma hena ŋkuɖoɖo ale si Yehowa ɖe eɖokui fiae le afi ma la dzi. 8 Le esia megbe la, Abram dzo le afi sia, eye wòɖo ta anyigbeme lɔƒo, heyi tonyigba si le Betel le ɣetoɖoƒe kple Ai le ɣedzeƒe la dome. Etu agbadɔ kple vɔsamlekpui ɖe afi sia, eye wòdo gbe ɖa na Yehowa. 9 Ale wòyi mɔzɔzɔ dzi ɖɔɖɔɖɔ henɔ anyigbeme yim, henɔ tɔtɔm ɖe teƒewo ɖo ta Negeb. 10 Dɔwuame sesẽ aɖe nɔ anyigba la dzi ɣe ma ɣi, ale Abram yi be yeanɔ Egipte. 11 Ke esi wògogo Egipte la, egblɔ na Sarai be wòagblɔ na ame sia ame be ye nɔvinyɔnue yenye! “Èdze tugbe ŋutɔ. 12 Ne Egiptetɔwo kpɔ wò la, woagblɔ be, ‘Srɔ̃ae nye nyɔnu sia, mina míawu ŋutsu la ekema míaxɔ nyɔnu la aɖe!’ 13 Ke ne ègblɔ be nɔvinyee yenye la, Egiptetɔwo axɔm nyuie le tawò, eye womawum o!” 14 Le nyateƒe me esi woɖo Egipte la, ame sia ame ɖi ɖase le eƒe tugbedzedze ŋu. 15 Esi fia ƒe subɔlawo kpɔe la, wokafu eƒe tugbedzedze na Fia Farao, eye wokplɔe yi ɖe Farao ƒe aƒe me. 16 Farao tsɔ nunana geɖewo, alẽwo, nyiwo, tedziwo, kluviwo, kosiwo kple kposɔwo na Abram ɖe srɔ̃a Sarai ta. 17 Ke Yehowa na dɔvɔ̃ sesẽ aɖe va ge ɖe Farao ƒe aƒe me le Abram srɔ̃ Sarai ƒe aƒea me nɔnɔ ta. 18 Ale Farao yɔ Abram va eɖokui gbɔ, eye wòka mo nɛ gblɔ be, “Nu kae nye esi nèwɔ ɖe ŋunye? Nu ka ta mègblɔ nam be ye srɔ̃e o ɖo? 19 Nu ka ta nèɖe mɔ nam be maɖee, eye nègblɔ nam be ye nɔvie ɖo? Kpɔ ɖa, kplɔ srɔ̃wò dzoe le afi sia enumake!” 20 Ale Farao nya wo, eye wòna asrafowo dzɔ Abram, srɔ̃a kple woƒe amewo kple woƒe kesinɔnuwo katã ŋu va se ɖe esime wodo go le eƒe anyigba dzi.

In Other Versions

Genesis 12 in the ANGEFD

Genesis 12 in the ANTPNG2D

Genesis 12 in the AS21

Genesis 12 in the BAGH

Genesis 12 in the BBPNG

Genesis 12 in the BBT1E

Genesis 12 in the BDS

Genesis 12 in the BEV

Genesis 12 in the BHAD

Genesis 12 in the BIB

Genesis 12 in the BLPT

Genesis 12 in the BNT

Genesis 12 in the BNTABOOT

Genesis 12 in the BNTLV

Genesis 12 in the BOATCB

Genesis 12 in the BOATCB2

Genesis 12 in the BOBCV

Genesis 12 in the BOCNT

Genesis 12 in the BOGWICC

Genesis 12 in the BOHCB

Genesis 12 in the BOHCV

Genesis 12 in the BOHLNT

Genesis 12 in the BOHNTLTAL

Genesis 12 in the BOICB

Genesis 12 in the BOILNTAP

Genesis 12 in the BOITCV

Genesis 12 in the BOKCV

Genesis 12 in the BOKCV2

Genesis 12 in the BOKHWOG

Genesis 12 in the BOKSSV

Genesis 12 in the BOLCB

Genesis 12 in the BOLCB2

Genesis 12 in the BOMCV

Genesis 12 in the BONAV

Genesis 12 in the BONCB

Genesis 12 in the BONLT

Genesis 12 in the BONUT2

Genesis 12 in the BOPLNT

Genesis 12 in the BOSCB

Genesis 12 in the BOSNC

Genesis 12 in the BOTLNT

Genesis 12 in the BOVCB

Genesis 12 in the BOYCB

Genesis 12 in the BPBB

Genesis 12 in the BPH

Genesis 12 in the BSB

Genesis 12 in the CCB

Genesis 12 in the CUV

Genesis 12 in the CUVS

Genesis 12 in the DBT

Genesis 12 in the DGDNT

Genesis 12 in the DHNT

Genesis 12 in the DNT

Genesis 12 in the ELBE

Genesis 12 in the EMTV

Genesis 12 in the ESV

Genesis 12 in the FBV

Genesis 12 in the FEB

Genesis 12 in the GGMNT

Genesis 12 in the GNT

Genesis 12 in the HARY

Genesis 12 in the HNT

Genesis 12 in the IRVA

Genesis 12 in the IRVB

Genesis 12 in the IRVG

Genesis 12 in the IRVH

Genesis 12 in the IRVK

Genesis 12 in the IRVM

Genesis 12 in the IRVM2

Genesis 12 in the IRVO

Genesis 12 in the IRVP

Genesis 12 in the IRVT

Genesis 12 in the IRVT2

Genesis 12 in the IRVU

Genesis 12 in the ISVN

Genesis 12 in the JSNT

Genesis 12 in the KAPI

Genesis 12 in the KBT1ETNIK

Genesis 12 in the KBV

Genesis 12 in the KJV

Genesis 12 in the KNFD

Genesis 12 in the LBA

Genesis 12 in the LBLA

Genesis 12 in the LNT

Genesis 12 in the LSV

Genesis 12 in the MAAL

Genesis 12 in the MBV

Genesis 12 in the MBV2

Genesis 12 in the MHNT

Genesis 12 in the MKNFD

Genesis 12 in the MNG

Genesis 12 in the MNT

Genesis 12 in the MNT2

Genesis 12 in the MRS1T

Genesis 12 in the NAA

Genesis 12 in the NASB

Genesis 12 in the NBLA

Genesis 12 in the NBS

Genesis 12 in the NBVTP

Genesis 12 in the NET2

Genesis 12 in the NIV11

Genesis 12 in the NNT

Genesis 12 in the NNT2

Genesis 12 in the NNT3

Genesis 12 in the PDDPT

Genesis 12 in the PFNT

Genesis 12 in the RMNT

Genesis 12 in the SBIAS

Genesis 12 in the SBIBS

Genesis 12 in the SBIBS2

Genesis 12 in the SBICS

Genesis 12 in the SBIDS

Genesis 12 in the SBIGS

Genesis 12 in the SBIHS

Genesis 12 in the SBIIS

Genesis 12 in the SBIIS2

Genesis 12 in the SBIIS3

Genesis 12 in the SBIKS

Genesis 12 in the SBIKS2

Genesis 12 in the SBIMS

Genesis 12 in the SBIOS

Genesis 12 in the SBIPS

Genesis 12 in the SBISS

Genesis 12 in the SBITS

Genesis 12 in the SBITS2

Genesis 12 in the SBITS3

Genesis 12 in the SBITS4

Genesis 12 in the SBIUS

Genesis 12 in the SBIVS

Genesis 12 in the SBT

Genesis 12 in the SBT1E

Genesis 12 in the SCHL

Genesis 12 in the SNT

Genesis 12 in the SUSU

Genesis 12 in the SUSU2

Genesis 12 in the SYNO

Genesis 12 in the TBIAOTANT

Genesis 12 in the TBT1E

Genesis 12 in the TBT1E2

Genesis 12 in the TFTIP

Genesis 12 in the TFTU

Genesis 12 in the TGNTATF3T

Genesis 12 in the THAI

Genesis 12 in the TNFD

Genesis 12 in the TNT

Genesis 12 in the TNTIK

Genesis 12 in the TNTIL

Genesis 12 in the TNTIN

Genesis 12 in the TNTIP

Genesis 12 in the TNTIZ

Genesis 12 in the TOMA

Genesis 12 in the TTENT

Genesis 12 in the UBG

Genesis 12 in the UGV

Genesis 12 in the UGV2

Genesis 12 in the UGV3

Genesis 12 in the VBL

Genesis 12 in the VDCC

Genesis 12 in the YALU

Genesis 12 in the YAPE

Genesis 12 in the YBVTP

Genesis 12 in the ZBP