Genesis 47 (BOECS)

1 Esi wova ɖo la, Yosef yi Farao gbɔ, eye wògblɔ nɛ be, “Fofonye kple nɔvinyewo tso Kanaan va ɖo afii kple woƒe lãwo kpakple woƒe nuwo katã. Wodi be yewoanɔ Gosenyigba dzi.” 2 Ekplɔ nɔvia ŋutsu atɔ̃ ɖe asi, eye wòɖe wo fia Farao. 3 Farao bia wo be, “Dɔ ka miewɔna?”Woɖo eŋu be, “Míenye alẽkplɔlawo abe mía tɔgbuiwo kple mía fofowo ene. 4 Míeva be míanɔ Egipte, elabena gbeɖuƒe mele Kanaanyigba dzi na míaƒe lãwo o; dɔwuame la nu sesẽ le afi ma ŋutɔ. Míele mɔ biam be nàna míanɔ Gosenyigba dzi.” 5 Farao gblɔ na Yosef be, “Fofowò kple nɔviwò ŋutsuwo va gbɔwò, 6 eye Egiptenyigba le ŋkuwò me. Na fofowò kple nɔviwò ŋutsuwo nanɔ anyigba la ƒe akpa nyuitɔ dzi. Na woanɔ Gosen. Ne ènya wo dometɔ aɖe si ŋu ŋutete tɔxɛ aɖe le la, nàna wòakpɔ nye ŋutɔ nye lãhawo dzi.” 7 Emegbe la, Yosef kplɔ fofoa, Yakob va Farao gbɔ, eye Yakob yra Farao. 8 Farao bia Yakob be, “Ƒe neni nèxɔ?” 9 Yakob ɖo eŋu be, “Mexɔ ƒe alafa ɖeka blaetɔ̃, meto nu sesẽ geɖewo me, eye nyemetsi abe fofonyewo ene haɖe o.” 10 Yakob gayra Farao hafi dzo. 11 Ale Yosef tsɔ anyigba nyuitɔ le Egipte, afi si nye Ramesesnyigba la na fofoa kple nɔviawo abe ale si Farao gblɔe ene. 12 Yosef na nuɖuɖu wo ɖe ame siwo dzi kpɔm wole la ƒe xexlẽme nu. 13 Dɔwuame la nu ganɔ sesẽm ɖe edzi kokoko le Egipte kple Kanaan siaa. 14 Yosef xɔ ga siwo katã le ame siwo le Egipte kple Kanaan la si, eye wòna nuɖuɖu wo ɖe woƒe ga teƒe. Etsɔ ga la de Farao ƒe gadzraɖoƒe. 15 Azɔ ga vɔ keŋkeŋ le ameawo si, gake wogava Yosef gbɔ kple kukuɖeɖe be wòagana nuɖuɖu yewo.Wogblɔ nɛ be, “Míaƒe ga vɔ keŋkeŋ, gake na nuɖuɖu mí, elabena mele be míaku o.” 16 Yosef ɖo eŋu na wo be, “Enyo, mitsɔ miaƒe lãwo nam ne miaxɔ nuɖuɖu ɖe wo teƒe.” 17 Ale wotsɔ woƒe nyiwo vɛ na Yosef, eye woxɔ nuɖuɖu ɖe wo teƒe. Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, Egiptetɔwo ƒe sɔwo, alẽwo, nyiwo kple tedziwo katã zu Farao tɔ. 18 Esi ƒe trɔ la, wogayi Yosef gbɔ, eye wogblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, míate ŋu aɣla nya aɖeke ɖe wò o. Míaƒe ga vɔ, eye míaƒe lãhawo zu tɔwò; míaƒe nu siwo susɔ la koe nye míaƒe ŋutilãwo kple míaƒe agblenyigbawo. 19 Nu ka ta míaku ɖo? Ƒle mí kple míaƒe agblenyigbawo, eye míawo kple míaƒe agblenyigbawo siaa míazu Farao tɔ. Míadzra mía ɖokuiwo na wò axɔ nuɖuɖu, ekema míatsi agbe, eye anyigba la matsi yame o.” 20 Ale Yosef ƒle Egiptetɔwo ƒe agblenyigbawo katã na Farao. Egiptetɔwo katã dzra woƒe anyigbawo, elabena dɔwuame la nu sesẽ ŋutɔ. Ale anyigba la zu Farao tɔ. 21 Ale Egiptetɔwo katã zu awɔbamewo na Farao. 22 Anyigba si meƒle o la koe nye esi nye nunɔlawo tɔ, elabena Farao naa nuɖuɖu wo, eye mehiã be woadzra woƒe anyigba o. 23 Yosef gblɔ na ameawo be, “Meƒle miawo ŋutɔ kple miaƒe anyigbawo na Farao. Blie nye esi, miyi miade agble. 24 Mima nu sia nu si miaxa la ɖe akpa atɔ̃ me; ɖeka nanye Farao tɔ. Akpa ene nanye mia tɔ, wòanye nuƒaƒã le ƒe si gbɔna la me kple nuɖuɖu na miawo ŋutɔ miaƒe aƒemetɔwo kple mia viwo.” 25 Ameawo gblɔ be “Èɖe míaƒe agbe! Aƒetɔ, ne àlɔ̃ la, míanye awɔbamewo na Farao.” 26 Eya ta Yosef wɔe wòzu se le Egiptenyigba blibo la dzi va se ɖe egbegbe be woadzɔ agblemenukuwo katã ƒe akpa atɔ̃lia na Farao. Nuku siwo woƒã ɖe nunɔlawo ƒe anyigba dzi la koe mele eme o. 27 Ale Israel nɔ Gosenyigba dzi le Egipte. Nuwo de asi nyonyo me na Israelviwo kabakaba, eye wodzi sɔ gbɔ fũu. 28 Yakob ganɔ agbe ƒe wuiadre esime wòva ɖo Gosen, ale exɔ ƒe alafa ɖeka blaene-vɔ-adre hafi ku. 29 Esi Israel ƒe kuɣi gogo la, eyɔ via Yosef gblɔ nɛ be, “Ka atam nam be yeawɔ nye didi mamlɛtɔ dzi nam: Mègaɖim ɖe Egipte o. 30 Ne meku la, tsɔm dzoe le Egipte, eye nàɖim ɖe tɔgbuinyewo xa.” Yosef ka atam sia. 31 Israel ƒoe ɖe enu be, “Ka atam nam be yeawɔe.” Yosef ka atam la. Tete Israel gamlɔ eƒe aba dzi.

In Other Versions

Genesis 47 in the ANGEFD

Genesis 47 in the ANTPNG2D

Genesis 47 in the AS21

Genesis 47 in the BAGH

Genesis 47 in the BBPNG

Genesis 47 in the BBT1E

Genesis 47 in the BDS

Genesis 47 in the BEV

Genesis 47 in the BHAD

Genesis 47 in the BIB

Genesis 47 in the BLPT

Genesis 47 in the BNT

Genesis 47 in the BNTABOOT

Genesis 47 in the BNTLV

Genesis 47 in the BOATCB

Genesis 47 in the BOATCB2

Genesis 47 in the BOBCV

Genesis 47 in the BOCNT

Genesis 47 in the BOGWICC

Genesis 47 in the BOHCB

Genesis 47 in the BOHCV

Genesis 47 in the BOHLNT

Genesis 47 in the BOHNTLTAL

Genesis 47 in the BOICB

Genesis 47 in the BOILNTAP

Genesis 47 in the BOITCV

Genesis 47 in the BOKCV

Genesis 47 in the BOKCV2

Genesis 47 in the BOKHWOG

Genesis 47 in the BOKSSV

Genesis 47 in the BOLCB

Genesis 47 in the BOLCB2

Genesis 47 in the BOMCV

Genesis 47 in the BONAV

Genesis 47 in the BONCB

Genesis 47 in the BONLT

Genesis 47 in the BONUT2

Genesis 47 in the BOPLNT

Genesis 47 in the BOSCB

Genesis 47 in the BOSNC

Genesis 47 in the BOTLNT

Genesis 47 in the BOVCB

Genesis 47 in the BOYCB

Genesis 47 in the BPBB

Genesis 47 in the BPH

Genesis 47 in the BSB

Genesis 47 in the CCB

Genesis 47 in the CUV

Genesis 47 in the CUVS

Genesis 47 in the DBT

Genesis 47 in the DGDNT

Genesis 47 in the DHNT

Genesis 47 in the DNT

Genesis 47 in the ELBE

Genesis 47 in the EMTV

Genesis 47 in the ESV

Genesis 47 in the FBV

Genesis 47 in the FEB

Genesis 47 in the GGMNT

Genesis 47 in the GNT

Genesis 47 in the HARY

Genesis 47 in the HNT

Genesis 47 in the IRVA

Genesis 47 in the IRVB

Genesis 47 in the IRVG

Genesis 47 in the IRVH

Genesis 47 in the IRVK

Genesis 47 in the IRVM

Genesis 47 in the IRVM2

Genesis 47 in the IRVO

Genesis 47 in the IRVP

Genesis 47 in the IRVT

Genesis 47 in the IRVT2

Genesis 47 in the IRVU

Genesis 47 in the ISVN

Genesis 47 in the JSNT

Genesis 47 in the KAPI

Genesis 47 in the KBT1ETNIK

Genesis 47 in the KBV

Genesis 47 in the KJV

Genesis 47 in the KNFD

Genesis 47 in the LBA

Genesis 47 in the LBLA

Genesis 47 in the LNT

Genesis 47 in the LSV

Genesis 47 in the MAAL

Genesis 47 in the MBV

Genesis 47 in the MBV2

Genesis 47 in the MHNT

Genesis 47 in the MKNFD

Genesis 47 in the MNG

Genesis 47 in the MNT

Genesis 47 in the MNT2

Genesis 47 in the MRS1T

Genesis 47 in the NAA

Genesis 47 in the NASB

Genesis 47 in the NBLA

Genesis 47 in the NBS

Genesis 47 in the NBVTP

Genesis 47 in the NET2

Genesis 47 in the NIV11

Genesis 47 in the NNT

Genesis 47 in the NNT2

Genesis 47 in the NNT3

Genesis 47 in the PDDPT

Genesis 47 in the PFNT

Genesis 47 in the RMNT

Genesis 47 in the SBIAS

Genesis 47 in the SBIBS

Genesis 47 in the SBIBS2

Genesis 47 in the SBICS

Genesis 47 in the SBIDS

Genesis 47 in the SBIGS

Genesis 47 in the SBIHS

Genesis 47 in the SBIIS

Genesis 47 in the SBIIS2

Genesis 47 in the SBIIS3

Genesis 47 in the SBIKS

Genesis 47 in the SBIKS2

Genesis 47 in the SBIMS

Genesis 47 in the SBIOS

Genesis 47 in the SBIPS

Genesis 47 in the SBISS

Genesis 47 in the SBITS

Genesis 47 in the SBITS2

Genesis 47 in the SBITS3

Genesis 47 in the SBITS4

Genesis 47 in the SBIUS

Genesis 47 in the SBIVS

Genesis 47 in the SBT

Genesis 47 in the SBT1E

Genesis 47 in the SCHL

Genesis 47 in the SNT

Genesis 47 in the SUSU

Genesis 47 in the SUSU2

Genesis 47 in the SYNO

Genesis 47 in the TBIAOTANT

Genesis 47 in the TBT1E

Genesis 47 in the TBT1E2

Genesis 47 in the TFTIP

Genesis 47 in the TFTU

Genesis 47 in the TGNTATF3T

Genesis 47 in the THAI

Genesis 47 in the TNFD

Genesis 47 in the TNT

Genesis 47 in the TNTIK

Genesis 47 in the TNTIL

Genesis 47 in the TNTIN

Genesis 47 in the TNTIP

Genesis 47 in the TNTIZ

Genesis 47 in the TOMA

Genesis 47 in the TTENT

Genesis 47 in the UBG

Genesis 47 in the UGV

Genesis 47 in the UGV2

Genesis 47 in the UGV3

Genesis 47 in the VBL

Genesis 47 in the VDCC

Genesis 47 in the YALU

Genesis 47 in the YAPE

Genesis 47 in the YBVTP

Genesis 47 in the ZBP