Genesis 7 (BOECS)
1 Yehowa gblɔ na Noa be, “Yi aɖakaʋu la me kple wò ƒometɔwo katã, elabena le anyigbadzinɔlawo katã dome la, wò koe nye ame dzɔdzɔe le nye ŋkume. 2 “Kplɔ lãwo hã de eme, atsu kple asi, negbe esiwo metia da ɖi be woaɖu kple esiwo woatsɔ asa vɔe ko. Tsɔ wo dome adre, atsu kple asi, 3 eye nàgatsɔ xevi ɖe sia ɖe ƒe atsu kple asi adre. Ale nu gbagbe ɖe sia ɖe agate ŋu adzi le tsiɖɔɖɔ la megbe. 4 Le kɔsiɖa ɖeka megbe tso egbe sia dzi la, mana tsi nadza ŋkeke blaene kple zã blaene, eye matsrɔ̃ nu gbagbe siwo katã mewɔ ɖe anyigba dzi la.” 5 Ale Noa wɔ nu sia nu si Yehowa di tso esi be wòawɔ la. 6 Noa xɔ ƒe alafa ade esi tsiɖɔɖɔ ɖe anyigba la. 7 Ege ɖe aɖakaʋu la me kple srɔ̃a, via ŋutsuwo kple wo srɔ̃wo be woasi le tsiɖɔɖɔ la nu. 8 Lã ɖuɖua kple lã maɖumaɖua ɖe sia ɖe ƒomevi eveve, xeviwo eveve kple lã siwo katã tana la, 9 atsu kple asi va Noa gbɔ, eye woge ɖe aɖakaʋu la me abe ale si Mawu ɖo na Noa ene. 10 Le ŋkeke adre megbe la, tsi dza ɖe anyigba la dzi. 11 Le ɣleti evelia ƒe ŋkeke wuiadrelia gbe le Noa ƒe ƒe alafa ade xɔxɔ me la, anyigba ƒe tumetsi gãwo katã ŋɔ, eye dziƒo nu ʋu gbe ma gbe. 12 Tsi de asi dzadza me sesĩe, eye tsi dzidziwo ŋɔ tso tome va anyigba dzi ŋkeke blaene kple zã blaene. 13 Ke Noa yi aɖakaʋu la me gbe ma gbe kple srɔ̃a kple viawo, Sem, Ham kple Yafet kple wo srɔ̃wo. 14 Lã wɔadã ɖe sia ɖe ƒomevi, aƒemelã ɖe sia ɖe ƒomevi, lã siwo tana ɖe sia ɖe ƒomevi kple xevi siwo dzona ɖe sia ɖe ƒomevi kple esiwo medzona o siaa yi kpli wo. 15 Nuwɔwɔ sia nuwɔwɔ si me agbegbɔgbɔ le la ƒomevi ɖe sia ɖe, atsu kple asi va Noa gbɔ, eye woge ɖe aɖakaʋu la me. 16 Woge ɖe aɖakaʋu la me eveve, atsu kple asi abe ale si Mawu ɖo na wo ene. Tete Yehowa tu ʋɔtru la ɖe wo nu. 17 Tsiɖɔɖɔ la nɔ edzi ŋkeke blaene sɔŋ. Exɔ anyigba dzi, eye wòtsɔ aɖakaʋu la do ɖe dzi. 18 Esi tsi la nɔ ɖɔɖɔm ɖe edzi, eye wònɔ aɖakaʋu la dom ɖe dzi ɣe sia ɣi wu tsã la, aɖakaʋu la nɔ dedie le tsi la dzi. 19 Mlɔeba la, tsi la ɖɔ kɔkɔ gbɔ to kɔkɔwo katã ŋu le lilikpo la te, 20 eye aɖakaʋu la ƒe nɔƒe kɔkɔ mita blaadre-vɔ-eve, alo wu nenema gɔ̃ hã. 21 Nu gbagbe siwo katã nɔ anyigba dzi, xeviwo, aƒemelãwo, gbemelãwo, nu gbagbe siwo katã tana kple amegbetɔƒome blibo la katã tsrɔ̃. 22 Nu sia nu si me agbe nɔ, eye wònɔ anyigba ƒuƒui dzi tsã la tsrɔ̃. 23 Anyigbadzinu gbagbewo katã, amegbetɔwo kple lãwo siaa, nu gbagbe siwo tana kple xeviwo katã ƒe agbe nu tso. Mawu tsrɔ̃ wo katã, negbe Noa kple ame siwo nɔ egbɔ le aɖakaʋu la me kple nu bubu siwo nɔ wo gbɔ le aɖakaʋu la me ko tsi agbe. 24 Tsiɖɔɖɔ la nɔ anyigba dzi ŋkeke alafa ɖeka blaatɔ̃.
In Other Versions
Genesis 7 in the ANGEFD
Genesis 7 in the ANTPNG2D
Genesis 7 in the AS21
Genesis 7 in the BAGH
Genesis 7 in the BBPNG
Genesis 7 in the BBT1E
Genesis 7 in the BDS
Genesis 7 in the BEV
Genesis 7 in the BHAD
Genesis 7 in the BIB
Genesis 7 in the BLPT
Genesis 7 in the BNT
Genesis 7 in the BNTABOOT
Genesis 7 in the BNTLV
Genesis 7 in the BOATCB
Genesis 7 in the BOATCB2
Genesis 7 in the BOBCV
Genesis 7 in the BOCNT
Genesis 7 in the BOGWICC
Genesis 7 in the BOHCB
Genesis 7 in the BOHCV
Genesis 7 in the BOHLNT
Genesis 7 in the BOHNTLTAL
Genesis 7 in the BOICB
Genesis 7 in the BOILNTAP
Genesis 7 in the BOITCV
Genesis 7 in the BOKCV
Genesis 7 in the BOKCV2
Genesis 7 in the BOKHWOG
Genesis 7 in the BOKSSV
Genesis 7 in the BOLCB
Genesis 7 in the BOLCB2
Genesis 7 in the BOMCV
Genesis 7 in the BONAV
Genesis 7 in the BONCB
Genesis 7 in the BONLT
Genesis 7 in the BONUT2
Genesis 7 in the BOPLNT
Genesis 7 in the BOSCB
Genesis 7 in the BOSNC
Genesis 7 in the BOTLNT
Genesis 7 in the BOVCB
Genesis 7 in the BOYCB
Genesis 7 in the BPBB
Genesis 7 in the BPH
Genesis 7 in the BSB
Genesis 7 in the CCB
Genesis 7 in the CUV
Genesis 7 in the CUVS
Genesis 7 in the DBT
Genesis 7 in the DGDNT
Genesis 7 in the DHNT
Genesis 7 in the DNT
Genesis 7 in the ELBE
Genesis 7 in the EMTV
Genesis 7 in the ESV
Genesis 7 in the FBV
Genesis 7 in the FEB
Genesis 7 in the GGMNT
Genesis 7 in the GNT
Genesis 7 in the HARY
Genesis 7 in the HNT
Genesis 7 in the IRVA
Genesis 7 in the IRVB
Genesis 7 in the IRVG
Genesis 7 in the IRVH
Genesis 7 in the IRVK
Genesis 7 in the IRVM
Genesis 7 in the IRVM2
Genesis 7 in the IRVO
Genesis 7 in the IRVP
Genesis 7 in the IRVT
Genesis 7 in the IRVT2
Genesis 7 in the IRVU
Genesis 7 in the ISVN
Genesis 7 in the JSNT
Genesis 7 in the KAPI
Genesis 7 in the KBT1ETNIK
Genesis 7 in the KBV
Genesis 7 in the KJV
Genesis 7 in the KNFD
Genesis 7 in the LBA
Genesis 7 in the LBLA
Genesis 7 in the LNT
Genesis 7 in the LSV
Genesis 7 in the MAAL
Genesis 7 in the MBV
Genesis 7 in the MBV2
Genesis 7 in the MHNT
Genesis 7 in the MKNFD
Genesis 7 in the MNG
Genesis 7 in the MNT
Genesis 7 in the MNT2
Genesis 7 in the MRS1T
Genesis 7 in the NAA
Genesis 7 in the NASB
Genesis 7 in the NBLA
Genesis 7 in the NBS
Genesis 7 in the NBVTP
Genesis 7 in the NET2
Genesis 7 in the NIV11
Genesis 7 in the NNT
Genesis 7 in the NNT2
Genesis 7 in the NNT3
Genesis 7 in the PDDPT
Genesis 7 in the PFNT
Genesis 7 in the RMNT
Genesis 7 in the SBIAS
Genesis 7 in the SBIBS
Genesis 7 in the SBIBS2
Genesis 7 in the SBICS
Genesis 7 in the SBIDS
Genesis 7 in the SBIGS
Genesis 7 in the SBIHS
Genesis 7 in the SBIIS
Genesis 7 in the SBIIS2
Genesis 7 in the SBIIS3
Genesis 7 in the SBIKS
Genesis 7 in the SBIKS2
Genesis 7 in the SBIMS
Genesis 7 in the SBIOS
Genesis 7 in the SBIPS
Genesis 7 in the SBISS
Genesis 7 in the SBITS
Genesis 7 in the SBITS2
Genesis 7 in the SBITS3
Genesis 7 in the SBITS4
Genesis 7 in the SBIUS
Genesis 7 in the SBIVS
Genesis 7 in the SBT
Genesis 7 in the SBT1E
Genesis 7 in the SCHL
Genesis 7 in the SNT
Genesis 7 in the SUSU
Genesis 7 in the SUSU2
Genesis 7 in the SYNO
Genesis 7 in the TBIAOTANT
Genesis 7 in the TBT1E
Genesis 7 in the TBT1E2
Genesis 7 in the TFTIP
Genesis 7 in the TFTU
Genesis 7 in the TGNTATF3T
Genesis 7 in the THAI
Genesis 7 in the TNFD
Genesis 7 in the TNT
Genesis 7 in the TNTIK
Genesis 7 in the TNTIL
Genesis 7 in the TNTIN
Genesis 7 in the TNTIP
Genesis 7 in the TNTIZ
Genesis 7 in the TOMA
Genesis 7 in the TTENT
Genesis 7 in the UBG
Genesis 7 in the UGV
Genesis 7 in the UGV2
Genesis 7 in the UGV3
Genesis 7 in the VBL
Genesis 7 in the VDCC
Genesis 7 in the YALU
Genesis 7 in the YAPE
Genesis 7 in the YBVTP
Genesis 7 in the ZBP