Judges 1 (BOECS)

1 Le Yosua ƒe ku megbe la, Israel dukɔ la yi Yehowa gbɔ be wòana eƒe ɖoɖowo yewo. Wobia Yehowa be, “Mía dometɔ kae anye ƒome gbãtɔ si aho aʋa ɖe Kanaantɔwo ŋu?” 2 Yehowa ɖo eŋu be, “Yuda ƒe to lae eye mana wòaɖu dzi.” 3 Yuda ƒe viwo gblɔ na Simeon ƒe viwo be, “Miva kpe ɖe mía ŋu míanya ame siwo le anyigba si woma na mí la dzi ɖa eye míawo hã míakpe ɖe mia ŋu mianya mia tɔwo ɖa.” Ale Simeon ƒe viwo ƒe aʋakɔ yi ɖakpe ɖe Yuda ƒe viwo ŋu. 4 Yehowa na woɖu Kanaantɔwo kple Perizitɔwo dzi, wowu ame akpe ewo le Bezek. 5 Wokpɔ Fia Adoni Bezek le afi ma eye wowɔ aʋa kplii, 6 ke Adoni Bezek si eye wokplɔe ɖo, lée eye wolã eƒe degblefetsu asitɔwo kple afɔtɔwo siaa. 7 Fia Adoni Bezek gblɔ be, “Mewɔ fia blaadre ƒe asiwo kple afɔwo nenema tututu eye mena wofɔa nu wuwlui siwo ge tso nye kplɔ̃ dzi la ɖuna. Azɔ la, Mawu ɖo nye nu vɔ̃ teƒe nam.” Wokplɔe yi Yerusalem eye wòku le afi ma. 8 Yuda ƒe viwo ɖu Yerusalem dzi, wowu ameawo katã eye wotɔ dzo dua. 9 Le esia megbe la, Yuda ƒe viwo wɔ aʋa kple Kanaantɔwo le Negeb ƒe tonyigba dzi kple gbadzaƒe si le ƒuta. 10 Yuda ƒe viwo zɔ ɖe Kanaantɔwo dzi le Hebron, afi si woyɔna tsã be Kiriat Arba eye wogbã du siawo: Sesai, Ahiman kple Talmai. 11 Emegbe wodze Debir, du si woyɔna tsã be Kiriat Sefer la dzi. 12 Kaleb gblɔ be yeatsɔ ye vinyɔnu Aksa na ŋutsu si awɔ aʋa aɖu Kiriat Sefer dua dzi. 13 Otniel, Kenaz ƒe vi, ame si nye Kaleb ƒe tɔɖiyɔvi la, ɖu dua dzi, ale Kaleb tsɔ via nyɔnu Aksa na Otniel wozu srɔ̃a. 14 Esi Otniel kple Ahsa dze mɔ yina woƒe nɔƒe la, Ahsa gblɔ na Otniel be yeabia anyigba ye fofo kpe ɖe esi wòna ye xoxo la ŋu. Ale wòɖi le eƒe tedzi dzi be yeaƒo nu kple ye fofo, Kaleb, tso eŋuti. Kaleb biae be, “Nu kae hiã wò?” 15 Ahsa ɖo eŋu be, “Ènyo dɔ me nam, eye nèna anyigbam le Negeb, ke meɖe kuku, na vudowo hãm.” Ale Kaleb tsɔ vudo si le to dzi kple balime la nɛ. 16 Esi Yuda ƒe viwo ʋu yi woƒe anyigba yeye la dzi le Negeb gbegbe, le Arad ƒe anyigbeme la, Mose toa ƒe dzidzimeviwo, ame siwo nye Kenitɔwo ƒe to la me tɔwo la yi kple wo. Wodzo le Yeriko, “Detiwo ƒe Du,” la me eye to eveawo nɔ teƒe ɖeka tso ɣe ma ɣi. 17 Emegbe la, Yuda ƒe viwo ƒe aʋakɔ kpe ɖe Simeon ƒe viwo ƒe aʋakɔ ŋu, wowɔ aʋa kple Kanaantɔwo le Zefat du la me eye wowu ameawo katã. Ale woyɔa Zefat du la azɔ be, “Horma” si gɔmee nye “Amewo tsrɔ̃ƒe.” 18 Yuda ƒe viwo xɔ Gaza, Askelon kple Ekron kple wo ŋu kɔƒewo. 19 Yehowa na Yuda ƒe viwo tsrɔ̃ woƒe futɔ siwo le tonyigba la dzi, ke womete ŋu ɖu ame siwo le balime la ya dzi o elabena gatasiaɖamwo nɔ woawo si. 20 Wotsɔ Hebron du la na Kaleb le Yehowa ƒe ŋugbedodo nu, ale Kaleb nya dua me tɔwo, ame siwo nye Anak ƒe vi etɔ̃awo ƒe dzidzimeviwo. 21 Benyamin ƒe viwo mete ŋu tsrɔ̃ Yebusitɔwo, ame siwo nɔ Yerusalem o eya ta wogale afi ma kple Israelviwo va se ɖe egbe. 22 Azɔ la Yosef ƒe aƒe la dze Betel dzi eye Yehowa nɔ kpli wo. 23 Esi woɖo amewo ɖa be woatsa ŋku le Betel si woyɔna tsã be Luz la, 24 ŋkutsalawo kpɔ ŋutsu aɖe wòdo tso dua me eye wogblɔ nɛ be, “Fia mɔ si míato age ɖe dua me la mí ekema míakpɔ egbɔ be womawɔ nuvevi aɖeke wò o.” 25 Efia mɔ wo. Ale wowu dua me tɔwo katã kple yi negbe ŋutsu la kple eƒe ƒome blibo la ko. 26 Ŋutsu la ʋu yi ɖe Hititɔwo ƒe anyigba dzi, afi si wòtso du ɖo hena ŋkɔe be Luz eye aleae woyɔnɛ va se ɖe egbe. 27 Ke Manase ƒe viwo menya ame siwo nɔ Bet Sean, Taanak, Dor alo Ibleam alo Megido kple ame siwo nɔ wo ŋu kɔƒewo me la o elabena Kanaantɔwo ɖoe kplikpaa be yewoanɔ anyigba ma dzi. 28 Esi Israelviwo va kpɔ ŋusẽ la, wote Kanaantɔ ɖe anyi be woawɔ dzizizidɔ na yewo, gake womenya wo keŋkeŋ o. 29 Nenema ke Efraim ƒe viwo hã menya Kanaantɔ siwo nɔ Gezer la o, ke boŋ Kanaantɔwo nɔ wo dome. 30 Zebulɔn ƒe viwo hã menya Kanaatɔ siwo nɔ Kitron alo Nahalol la o, ke boŋ wotsi wo dome eye Israelviwo na wowɔ dzizizidɔ na wo. 31 Aser ƒe viwo menya ame siwo nɔ Ako, Sidon, Ahlab, Akzib, Helba, Afek kple Rehob o. 32 Le esia ta la, Aser viwo nɔ Kanaantɔ siwo nɔ anyigba la dzi la dome elabena womenyã wo ɖa o. 33 Nenema ke Naftali ƒe viwo hã menya ame siwo nɔ Bet Semes alo Bet Anat o, ke boŋ Naftali ƒe viwo hã nɔ Kanaantɔ siwo nɔ anyigba la dzi la dome. Ke wona ame siwo nɔ Bet Semes kple Bet Anat la zu dzizizidɔwɔlawo na wo. 34 Amoritɔwo xe mɔ na Dan ƒe viwo ale be wona wotsi tonyigba la dzi eye womena mɔ wo kura be woaɖiɖi ava balime la o. 35 Amoritɔwo ɖoe kplikpaa hã be Heres tɔ, Aiyalon kple Saalbim nanɔ yewoƒe asi me, gake esi Yosef ƒe aƒe ƒe ŋusẽ dzi ɖe edzi la, woawo hã zi Amoritɔwo dzi be woawɔ dzizizidɔ na yewo. 36 Amoritɔwo ƒe liƒo tso Akrabim to dzi mɔ gã la gbɔ yi ɖe Sela kple egodo ke.

In Other Versions

Judges 1 in the ANGEFD

Judges 1 in the ANTPNG2D

Judges 1 in the AS21

Judges 1 in the BAGH

Judges 1 in the BBPNG

Judges 1 in the BBT1E

Judges 1 in the BDS

Judges 1 in the BEV

Judges 1 in the BHAD

Judges 1 in the BIB

Judges 1 in the BLPT

Judges 1 in the BNT

Judges 1 in the BNTABOOT

Judges 1 in the BNTLV

Judges 1 in the BOATCB

Judges 1 in the BOATCB2

Judges 1 in the BOBCV

Judges 1 in the BOCNT

Judges 1 in the BOGWICC

Judges 1 in the BOHCB

Judges 1 in the BOHCV

Judges 1 in the BOHLNT

Judges 1 in the BOHNTLTAL

Judges 1 in the BOICB

Judges 1 in the BOILNTAP

Judges 1 in the BOITCV

Judges 1 in the BOKCV

Judges 1 in the BOKCV2

Judges 1 in the BOKHWOG

Judges 1 in the BOKSSV

Judges 1 in the BOLCB

Judges 1 in the BOLCB2

Judges 1 in the BOMCV

Judges 1 in the BONAV

Judges 1 in the BONCB

Judges 1 in the BONLT

Judges 1 in the BONUT2

Judges 1 in the BOPLNT

Judges 1 in the BOSCB

Judges 1 in the BOSNC

Judges 1 in the BOTLNT

Judges 1 in the BOVCB

Judges 1 in the BOYCB

Judges 1 in the BPBB

Judges 1 in the BPH

Judges 1 in the BSB

Judges 1 in the CCB

Judges 1 in the CUV

Judges 1 in the CUVS

Judges 1 in the DBT

Judges 1 in the DGDNT

Judges 1 in the DHNT

Judges 1 in the DNT

Judges 1 in the ELBE

Judges 1 in the EMTV

Judges 1 in the ESV

Judges 1 in the FBV

Judges 1 in the FEB

Judges 1 in the GGMNT

Judges 1 in the GNT

Judges 1 in the HARY

Judges 1 in the HNT

Judges 1 in the IRVA

Judges 1 in the IRVB

Judges 1 in the IRVG

Judges 1 in the IRVH

Judges 1 in the IRVK

Judges 1 in the IRVM

Judges 1 in the IRVM2

Judges 1 in the IRVO

Judges 1 in the IRVP

Judges 1 in the IRVT

Judges 1 in the IRVT2

Judges 1 in the IRVU

Judges 1 in the ISVN

Judges 1 in the JSNT

Judges 1 in the KAPI

Judges 1 in the KBT1ETNIK

Judges 1 in the KBV

Judges 1 in the KJV

Judges 1 in the KNFD

Judges 1 in the LBA

Judges 1 in the LBLA

Judges 1 in the LNT

Judges 1 in the LSV

Judges 1 in the MAAL

Judges 1 in the MBV

Judges 1 in the MBV2

Judges 1 in the MHNT

Judges 1 in the MKNFD

Judges 1 in the MNG

Judges 1 in the MNT

Judges 1 in the MNT2

Judges 1 in the MRS1T

Judges 1 in the NAA

Judges 1 in the NASB

Judges 1 in the NBLA

Judges 1 in the NBS

Judges 1 in the NBVTP

Judges 1 in the NET2

Judges 1 in the NIV11

Judges 1 in the NNT

Judges 1 in the NNT2

Judges 1 in the NNT3

Judges 1 in the PDDPT

Judges 1 in the PFNT

Judges 1 in the RMNT

Judges 1 in the SBIAS

Judges 1 in the SBIBS

Judges 1 in the SBIBS2

Judges 1 in the SBICS

Judges 1 in the SBIDS

Judges 1 in the SBIGS

Judges 1 in the SBIHS

Judges 1 in the SBIIS

Judges 1 in the SBIIS2

Judges 1 in the SBIIS3

Judges 1 in the SBIKS

Judges 1 in the SBIKS2

Judges 1 in the SBIMS

Judges 1 in the SBIOS

Judges 1 in the SBIPS

Judges 1 in the SBISS

Judges 1 in the SBITS

Judges 1 in the SBITS2

Judges 1 in the SBITS3

Judges 1 in the SBITS4

Judges 1 in the SBIUS

Judges 1 in the SBIVS

Judges 1 in the SBT

Judges 1 in the SBT1E

Judges 1 in the SCHL

Judges 1 in the SNT

Judges 1 in the SUSU

Judges 1 in the SUSU2

Judges 1 in the SYNO

Judges 1 in the TBIAOTANT

Judges 1 in the TBT1E

Judges 1 in the TBT1E2

Judges 1 in the TFTIP

Judges 1 in the TFTU

Judges 1 in the TGNTATF3T

Judges 1 in the THAI

Judges 1 in the TNFD

Judges 1 in the TNT

Judges 1 in the TNTIK

Judges 1 in the TNTIL

Judges 1 in the TNTIN

Judges 1 in the TNTIP

Judges 1 in the TNTIZ

Judges 1 in the TOMA

Judges 1 in the TTENT

Judges 1 in the UBG

Judges 1 in the UGV

Judges 1 in the UGV2

Judges 1 in the UGV3

Judges 1 in the VBL

Judges 1 in the VDCC

Judges 1 in the YALU

Judges 1 in the YAPE

Judges 1 in the YBVTP

Judges 1 in the ZBP