Judges 4 (BOECS)

1 Israelviwo gawɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume, le Ehud ƒe ku megbe 2 eya ta Yehowa tsɔ wo de asi na Yabin, Kanaan fia, ame si ɖu fia le Hazor. Eƒe aʋafia ŋkɔe nye Sisera eye wònɔ Haroset Hagoyim. 3 Esi gatasiaɖam alafa asiekɛ nɔ esi, eye wòwɔ funyafunya Israelviwo ƒe blaeve sɔŋ ta la, Israelviwo do ɣli na Yehowa hebia eƒe kpekpeɖeŋu be wòaɖe yewo. 4 Ame si nɔ ʋɔnu drɔ̃m na Israel ɣe ma ɣie nye nyɔnu Nyagblɔɖila Debora, Lapidot srɔ̃. 5 Edrɔ̃a ʋɔnu le teƒe aɖe si woyɔna fifia be, “Debora ƒe Deti,” le Rama kple Betel dome, le Efraim ƒe tonyigba dzi. Israelviwo yia egbɔ le afi ma be wòadrɔ̃ ʋɔnu na yewo. 6 Gbe ɖeka la, Debora yɔ Barak, Abinoam ƒe vi, ame si nɔ Kedes le Naftalinyigba dzi eye wògblɔ nɛ be, “Yehowa, Israel ƒe Mawu la de se na wò be, ‘Yi, nàƒo ƒu aʋawɔla akpe ewo (10,000) tso Naftali ƒe viwo kple Zebulon ƒe viwo dome eye nàkplɔ wo ayi Tabɔr to la dzi. 7 Mable Sisera, Yabin ƒe aʋakplɔla, eƒe tasiaɖamwo kple eƒe aʋakɔ blibo la nu ayi Kison tɔsisi la toe eye matsɔ wo ade asi na wò le afi ma.’ ” 8 Barak ɖo eŋu nɛ be, “Nenye be wò ŋutɔ àyi kplim la, ekema mayi gake ne màyi kplim o la, nyemayi o.” 9 Debora ɖo eŋu nɛ be, “Enyo ŋutɔ, mayi kpli wò gake ɖe ale si nèle nya la ŋuti dɔ wɔmii ta la, bubu la manye tɔwò o elabena Yehowa atsɔ Sisera ade asi na nyɔnu.” Ale Debora yi Kedes kple Barak, 10 afi si wòyɔ Zebulon kple Naftali ƒe toawo ƒo ƒu ɖo. Ŋutsu akpe ewo (10,000) dze eyome eye Debora hã yi kplii. 11 Azɔ Kenitɔ, Heber, dzo le Kenitɔ bubuawo dome, ame siwo nye Mose toa, Hobab ƒe dzidzimeviwo eye wòtu eƒe agbadɔ ɖe ati gã si le Zaananim, esi te ɖe Kedes ŋu la gbɔ. 12 Esi wogblɔ na Sisera be Barak, Abinoam ƒe vi, yi Tabɔr toa dzi la 13 eƒo aʋakɔ gã aɖe nu ƒu, si si gatasiaɖam alafa asiekɛ (900) nɔ, eye woɖe zɔ tso Haroset Hagoyim yi Kison tɔsisi la to. 14 Debora gblɔ na Barak be, “Yi! Le egbeŋkeke sia dzi, Yehowa tsɔ Sisera de asiwò me. Ɖe Yehowa medze ŋgɔ na wò oa?” Ale Barak ɖi tso Tabɔr to la dzi eye ŋutsu akpe ewoawo nɔ eyome. 15 Esi Barak zɔ gbɔna la, Yehowa de tɔtɔ Sisera, eƒe tasiaɖamwo kple aʋakɔ la dome kple yi eye Sisera ŋutɔ ɖi le eƒe tasiaɖam me heto afɔ si. 16 Ke Barak ti tasiaɖamwo kple aʋakɔ la yome va se ɖe Haroset Hagoyim ke. Ale Sisera ƒe aʋakɔ la katã tsi yi nu, ame ɖeka pɛ gɔ̃ hã mesusɔ o. 17 Sisera si yi ɖaɣla eɖokui ɖe Yael, ame si nye Heber, Kenitɔ la, srɔ̃ ƒe agbadɔ me elabena nusɔsɔe nɔ Fia Yabin, Hazor fia kple Heber ƒe hlɔ̃ la dome. 18 Yael do go yi ɖakpe Sisera eye wògblɔ nɛ be, “Amegã, va nye agbadɔ me, makpɔ tawò eye ànɔ dedie eya ta mègavɔ̃ o.” Ale Sisera yi ɖamlɔ agbadɔ la me eye Yael tsyɔ kundru nɛ. 19 Sisera gblɔ na Yael be, “Meɖe kuku, tsikɔ le wuyem, na tsim mano.” Yael na notsii wòno eye wògatsyɔ kundru la nɛ. 20 Sisera gblɔ na Yael be, “Tsi tre ɖe wò agbadɔ la ƒe mɔnu eye ne ame aɖe va le diyem la, gblɔ nɛ be, ame aɖeke mele afi sia o.” 21 Yael tsɔ agbadɔ la ƒe tsyoti tsutsɔe aɖe kple zu, te ɖe Sisera ŋu dzaa esi wònɔ alɔ̃ me, eye wòƒo tsyoti la ɖe eƒe to me wòdo to to evelia me hemimi eƒe ta ɖe anyigba. Ale Sisera ku, elabena ɖeɖiteameŋu na wòdɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi. 22 Esi Barak va nɔ Sisera dim yina la, Yael yi ɖado goe hegblɔ nɛ be, “Va mafia ame si dim nèle la wò.” Ale Barak dze eyome yi agbadɔ la me. Ekpɔ Sisera wòku ɖe afi ma eye tsyoti la nɔ to me nɛ. 23 Ale Mawu wɔ Israel ŋu dɔ hebɔbɔ Kanaan fia Yabin ɖe anyi le Israelviwo ŋkume. 24 Tso gbe ma gbe dzi la, Israelviwo nɔ ŋusẽ kpɔm ɖe edzi ɖe Yabin, Kanaan fia ŋu va se ɖe esime wotsrɔ̃ eƒe amewo vɔ keŋkeŋ.

In Other Versions

Judges 4 in the ANGEFD

Judges 4 in the ANTPNG2D

Judges 4 in the AS21

Judges 4 in the BAGH

Judges 4 in the BBPNG

Judges 4 in the BBT1E

Judges 4 in the BDS

Judges 4 in the BEV

Judges 4 in the BHAD

Judges 4 in the BIB

Judges 4 in the BLPT

Judges 4 in the BNT

Judges 4 in the BNTABOOT

Judges 4 in the BNTLV

Judges 4 in the BOATCB

Judges 4 in the BOATCB2

Judges 4 in the BOBCV

Judges 4 in the BOCNT

Judges 4 in the BOGWICC

Judges 4 in the BOHCB

Judges 4 in the BOHCV

Judges 4 in the BOHLNT

Judges 4 in the BOHNTLTAL

Judges 4 in the BOICB

Judges 4 in the BOILNTAP

Judges 4 in the BOITCV

Judges 4 in the BOKCV

Judges 4 in the BOKCV2

Judges 4 in the BOKHWOG

Judges 4 in the BOKSSV

Judges 4 in the BOLCB

Judges 4 in the BOLCB2

Judges 4 in the BOMCV

Judges 4 in the BONAV

Judges 4 in the BONCB

Judges 4 in the BONLT

Judges 4 in the BONUT2

Judges 4 in the BOPLNT

Judges 4 in the BOSCB

Judges 4 in the BOSNC

Judges 4 in the BOTLNT

Judges 4 in the BOVCB

Judges 4 in the BOYCB

Judges 4 in the BPBB

Judges 4 in the BPH

Judges 4 in the BSB

Judges 4 in the CCB

Judges 4 in the CUV

Judges 4 in the CUVS

Judges 4 in the DBT

Judges 4 in the DGDNT

Judges 4 in the DHNT

Judges 4 in the DNT

Judges 4 in the ELBE

Judges 4 in the EMTV

Judges 4 in the ESV

Judges 4 in the FBV

Judges 4 in the FEB

Judges 4 in the GGMNT

Judges 4 in the GNT

Judges 4 in the HARY

Judges 4 in the HNT

Judges 4 in the IRVA

Judges 4 in the IRVB

Judges 4 in the IRVG

Judges 4 in the IRVH

Judges 4 in the IRVK

Judges 4 in the IRVM

Judges 4 in the IRVM2

Judges 4 in the IRVO

Judges 4 in the IRVP

Judges 4 in the IRVT

Judges 4 in the IRVT2

Judges 4 in the IRVU

Judges 4 in the ISVN

Judges 4 in the JSNT

Judges 4 in the KAPI

Judges 4 in the KBT1ETNIK

Judges 4 in the KBV

Judges 4 in the KJV

Judges 4 in the KNFD

Judges 4 in the LBA

Judges 4 in the LBLA

Judges 4 in the LNT

Judges 4 in the LSV

Judges 4 in the MAAL

Judges 4 in the MBV

Judges 4 in the MBV2

Judges 4 in the MHNT

Judges 4 in the MKNFD

Judges 4 in the MNG

Judges 4 in the MNT

Judges 4 in the MNT2

Judges 4 in the MRS1T

Judges 4 in the NAA

Judges 4 in the NASB

Judges 4 in the NBLA

Judges 4 in the NBS

Judges 4 in the NBVTP

Judges 4 in the NET2

Judges 4 in the NIV11

Judges 4 in the NNT

Judges 4 in the NNT2

Judges 4 in the NNT3

Judges 4 in the PDDPT

Judges 4 in the PFNT

Judges 4 in the RMNT

Judges 4 in the SBIAS

Judges 4 in the SBIBS

Judges 4 in the SBIBS2

Judges 4 in the SBICS

Judges 4 in the SBIDS

Judges 4 in the SBIGS

Judges 4 in the SBIHS

Judges 4 in the SBIIS

Judges 4 in the SBIIS2

Judges 4 in the SBIIS3

Judges 4 in the SBIKS

Judges 4 in the SBIKS2

Judges 4 in the SBIMS

Judges 4 in the SBIOS

Judges 4 in the SBIPS

Judges 4 in the SBISS

Judges 4 in the SBITS

Judges 4 in the SBITS2

Judges 4 in the SBITS3

Judges 4 in the SBITS4

Judges 4 in the SBIUS

Judges 4 in the SBIVS

Judges 4 in the SBT

Judges 4 in the SBT1E

Judges 4 in the SCHL

Judges 4 in the SNT

Judges 4 in the SUSU

Judges 4 in the SUSU2

Judges 4 in the SYNO

Judges 4 in the TBIAOTANT

Judges 4 in the TBT1E

Judges 4 in the TBT1E2

Judges 4 in the TFTIP

Judges 4 in the TFTU

Judges 4 in the TGNTATF3T

Judges 4 in the THAI

Judges 4 in the TNFD

Judges 4 in the TNT

Judges 4 in the TNTIK

Judges 4 in the TNTIL

Judges 4 in the TNTIN

Judges 4 in the TNTIP

Judges 4 in the TNTIZ

Judges 4 in the TOMA

Judges 4 in the TTENT

Judges 4 in the UBG

Judges 4 in the UGV

Judges 4 in the UGV2

Judges 4 in the UGV3

Judges 4 in the VBL

Judges 4 in the VDCC

Judges 4 in the YALU

Judges 4 in the YAPE

Judges 4 in the YBVTP

Judges 4 in the ZBP