Judges 6 (BOECS)

1 Israelviwo gawɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume eye ƒe adre sɔŋ wòtsɔ wo de asi na Midiantɔwo. 2 Midiantɔwo ƒe asi sẽ ɖe Israelviwo dzi ale gbegbe be Israelviwo wɔ bebeƒewo na wo ɖokuiwo ɖe towo tome, agadowo me kple sitsoƒewo. 3 Ne Israelviwo ƒã nukuwo la, Midiantɔwo, Amalekitɔwo kple ɣedzeƒetɔ bubuwo vana dzea Israelviwo dzi. 4 Woƒua asaɖa anyi ɖe anyigba la dzi, gblẽa nukuawo yi keke Gaza ke eye womegblẽa nu gbagbe aɖeke ɖi na Israelviwo o, alẽwo loo, nyiwo loo alo tedziwo o. 5 Wovana kple woƒe lãhawo kple woƒe agbadɔwo abe ʋetsuviwo ene. Mele bɔbɔe be woaxlẽ ŋutsuawo kple woƒe kposɔwo o. Wovana dzea anyigba la dzi be woagblẽe keŋkeŋ. 6 Midiantɔwo na Israelviwo da ahe ale gbegbe be wodo ɣli na Yehowa be wòaxɔ na yewo. 7 Esi Israelviwo do ɣli na Yehowa le Midiantɔwo ta la, 8 edɔ Nyagblɔɖila aɖe ɖa, ame si gblɔ be, “Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye si, ‘Mekplɔ mi do goe tso Egipte le kluvinyenyenyigba dzi. 9 Meɖe mi le Egipte ƒe ŋusẽ te kple ame siwo katã te mi ɖe anyi la ƒe asi me. Menya wo ɖa le mia ŋgɔ eye metsɔ woƒe anyigba na mi. 10 Megblɔ na mi be nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu, migasubɔ Amoritɔwo ƒe mawuwo, ame siwo ƒe anyigba dzi miele la o, gake mieɖo tom o.’ ” 11 Gbe ɖeka la, Yehowa ƒe dɔla aɖe va nɔ anyi ɖe oɖumti la te le Ofra, le Yoas, Abiezritɔ la ƒe agble me. Yoaz ƒe vi, Gideon, ɣla eɖokui ɖe wainfiaƒe aɖe le vɔvɔ̃ na Midiantɔwo ta eye wònɔ lu klẽm kple asi. 12 Yehowa ƒe dɔla la ɖe eɖokui fiae eye wògblɔ nɛ be, “Yehowa li kpli wò, wò ŋutsu kalẽtɔ!” 13 Gideon ɖo eŋu be, “Nye aƒetɔ, ne Yehowa la li kplim la, ekema nu ka ta nu siawo katã dzɔ ɖe mía dzi? Gawu la, afi ka eƒe nukunu siwo katã ŋu mía fofowo ƒo nu na mí tsoe esi wogblɔ be, ‘Ɖe Yehowa mekplɔ mí do goe tso Egipte oa?’ la le? Ke azɔ la Yehowa gblẽ mí ɖi.” 14 Yehowa trɔ ɖe eŋu gblɔ nɛ be, “Yi le wò ŋusẽ me eye nàɖe Israel tso Midiantɔwo ƒe asi me. Ɖe nyemele dɔwòm oa?” 15 Ke Gideon ɖo eŋu be, “Aƒetɔ, aleke nye ame gblɔe sia mate ŋu aɖe Israel? Nye hlɔ̃e nye hlɔ̃ gblɔetɔ le Manase ƒe to blibo la me eye nyee nye ame gblɔetɔ kekeake le nye ƒome blibo la me!” 16 Yehowa ɖo eŋu nɛ be, “Manɔ kpli wò eye nàtsrɔ̃ Midiantɔwo katã abe ame ɖekae wonye ene!” 17 Gideon ɖo eŋu be, “Ke azɔ la, ne mekpɔ amenuveve le wò ŋkume la, na dzesim ne manyae be wòe le nu ƒom nam vavã. 18 Taflatse, mègadzo o va se ɖe esime maɖatsɔ nye nuɖuɖu ava ɖo wò ŋkume.” Eye Yehowa ɖo eŋu be, “Malala wò va se ɖe esime nàtrɔ agbɔ.” 19 Gideon ɖe abla yi aƒe me, wu gbɔ̃vi aɖe, mee eye wòtsɔ wɔ lita blaeve-vɔ-eve ƒo abolo maʋamaʋãe; etsɔ lã la ɖe kusi me eye wòtsɔ detsia ɖe ze me heyi na Mawudɔla la le oɖumti la te. 20 Mawudɔla la gblɔ nɛ be, “Tsɔ lã la kple abolo maʋamaʋã la da ɖe agakpe ma dzi eye nàtrɔ detsi la kɔ ɖe edzi.” Esi Gideon wɔ alea la, 21 Mawudɔla la tsɔ eƒe atikplɔ ƒe nugbɔ ka lã la kple abolo maʋamaʋã la ŋu. Kasia dzo bi tso agakpe la me eye wòfia lã la kple abolo la! Tete Yehowa ƒe dɔla la bu vĩi. 22 Esi Gideon dze sii be Yehowa ƒe dɔlae yekpɔ la, edo ɣli be, “Oo, Aƒetɔ Yehowa! Mekpɔ Yehowa ƒe dɔla ŋkume kple ŋkume!” 23 Ke Yehowa gblɔ nɛ be, “Ŋutifafa na wò! Mègavɔ̃ o. Mèle kuku ge o.” 24 Ale Gideon ɖi vɔsamlekpui aɖe na Yehowa ɖe afi ma eye wòna ŋkɔe be, “Yehowae nye Ŋutifafa” Vɔsamlekpui sia gale afi ma, le Ofra, le Abiezritɔwo ƒe anyigba dzi. 25 Le gbe ma gbe ƒe zã me la, Yehowa gblɔ na Gideon be, “Lé fofowò ƒe nyitsu gã ɖeka kple nyitsu bubu si xɔ ƒe adre. Gbã fofowò ƒe vɔsamlekpui si wòɖi na Baal eye nàho aƒeli si le exa la ƒu anyi 26 Azɔ la ɖi vɔsamlekpui bubu na Yehowa, wò Mawu la ɖe togbɛ sia dzi. Tsɔ nyitsu evelia wɔ numevɔsae eye nàtsɔ aƒeli si nèho la wɔ nakee na vɔsa la.” 27 Gideon kplɔ eƒe subɔla ewo ɖe asi eye wòwɔ nu si Yehowa ɖo nɛ. Ewɔ nu siawo le zã me elabena enɔ fofoa ƒe aƒemetɔwo kple dua me tɔwo siaa vɔ̃m elabena enya nu si woawɔ ne wonya ame si wɔ nu siawo. 28 Le ŋdi esime dua me ŋutsuwo fɔ la, wokpɔ be wogbã Baal ƒe vɔsamlekpui, heho aƒeli si le exa la ƒu anyi eye wokpɔ be wotsɔ nyitsu bubu sa vɔe le vɔsamlekpui yeye la dzi! 29 Amewo de asi biabia me be, “Ame kae wɔ nu sia?”Esi woku nya la gɔme nyuie la, wogblɔ na wo be, “Yoas ƒe viŋutsu, Gideon ye wɔe.” 30 Dua me ŋutsuwo bia tso Yoas si be, “Kplɔ viwò ŋutsu la do goe; edze na ku elabena egbã Baal ƒe vɔsamlekpui eye wòho aƒeli si le exa la ƒu anyi.” 31 Yoas ɖo eŋu na ameha si ƒo xlãe le adã fiam la be, “Miawoe awɔ aʋa ɖe Baal nua? Ɖe miele agbagba dzem be miaxɔ nɛa? Woawu ame si awɔ avu ɖe enu le ŋdi! Ne Baal nye mawu tututu la, aʋli eɖokui ta ne ame aɖe gbã eƒe vɔsamlekpui.” 32 Tso gbe ma gbe dzi la, wona ŋkɔ Gideon be, “Yerubaal” si gɔmee nye “Baal newɔ avu kplii.” Elabena egbã Baal ƒe vɔsamlekpui. 33 Azɔ la, Midiantɔwo katã, Amalekitɔwo kple ɣedzeƒe dukɔ bubuwo wɔ ɖeka eye wotso Yɔdan tɔsisi la va ƒu asaɖa anyi ɖe Yezreel balime. 34 Tete Yehowa ƒe Gbɔgbɔ ɖiɖi ɖe Gideon dzi. Eku kpẽ yɔ Abiezeritɔwo be woadze ye yome. 35 Edɔ dɔlawo wotsa le Manase, yɔ ameawo be woabla akpa eye wòɖe Aser, Zebulon kple Naftali hã be woawo hã nayi aɖado go wo. 36 Gideon gblɔ na Mawu be, “Ne àto nye asi dzi aɖe Israel abe ale si nèdo ŋugbe ene la 37 kpɔ ɖa, matsɔ alẽgbalẽ sia ada ɖe lugbɔƒe la; nenye be zãmu dza ɖe alẽgbalẽ la ko dzi le esime anyigba la le ƒuƒui la, ekema manyae be àɖe Israel to nye asi dzi abe ale si nègblɔ ene.” 38 Eva eme nenema tututu! Esi Gideon fɔ ŋdi la, etsɔ alẽgbalẽ la, fiae eye zãmu si dza ɖe edzi la yɔ gagbɛ ɖeka. 39 Gideon gagblɔ na Mawu be, “Mègado dɔmedzoe ɖe ŋunye o, ke boŋ ɖe mɔ nam magabia nu bubu ɖeka ko. Ɖe mɔ nam be magatsɔ alẽgbalẽ la awɔ dodokpɔ ɖekae. Fifia la, na alẽgbalẽ la nanɔ ƒuƒuie eye zãmu nadza ɖe anyigba dzi aƒo xlãe.” 40 Le zã ma me la, Mawu wɔ nenema tututu. Alẽgbalẽ la ɖeɖe nɔ ƒuƒuie, ke zãmu dza ɖe anyigba si ƒo xlãe la ya dzi.

In Other Versions

Judges 6 in the ANGEFD

Judges 6 in the ANTPNG2D

Judges 6 in the AS21

Judges 6 in the BAGH

Judges 6 in the BBPNG

Judges 6 in the BBT1E

Judges 6 in the BDS

Judges 6 in the BEV

Judges 6 in the BHAD

Judges 6 in the BIB

Judges 6 in the BLPT

Judges 6 in the BNT

Judges 6 in the BNTABOOT

Judges 6 in the BNTLV

Judges 6 in the BOATCB

Judges 6 in the BOATCB2

Judges 6 in the BOBCV

Judges 6 in the BOCNT

Judges 6 in the BOGWICC

Judges 6 in the BOHCB

Judges 6 in the BOHCV

Judges 6 in the BOHLNT

Judges 6 in the BOHNTLTAL

Judges 6 in the BOICB

Judges 6 in the BOILNTAP

Judges 6 in the BOITCV

Judges 6 in the BOKCV

Judges 6 in the BOKCV2

Judges 6 in the BOKHWOG

Judges 6 in the BOKSSV

Judges 6 in the BOLCB

Judges 6 in the BOLCB2

Judges 6 in the BOMCV

Judges 6 in the BONAV

Judges 6 in the BONCB

Judges 6 in the BONLT

Judges 6 in the BONUT2

Judges 6 in the BOPLNT

Judges 6 in the BOSCB

Judges 6 in the BOSNC

Judges 6 in the BOTLNT

Judges 6 in the BOVCB

Judges 6 in the BOYCB

Judges 6 in the BPBB

Judges 6 in the BPH

Judges 6 in the BSB

Judges 6 in the CCB

Judges 6 in the CUV

Judges 6 in the CUVS

Judges 6 in the DBT

Judges 6 in the DGDNT

Judges 6 in the DHNT

Judges 6 in the DNT

Judges 6 in the ELBE

Judges 6 in the EMTV

Judges 6 in the ESV

Judges 6 in the FBV

Judges 6 in the FEB

Judges 6 in the GGMNT

Judges 6 in the GNT

Judges 6 in the HARY

Judges 6 in the HNT

Judges 6 in the IRVA

Judges 6 in the IRVB

Judges 6 in the IRVG

Judges 6 in the IRVH

Judges 6 in the IRVK

Judges 6 in the IRVM

Judges 6 in the IRVM2

Judges 6 in the IRVO

Judges 6 in the IRVP

Judges 6 in the IRVT

Judges 6 in the IRVT2

Judges 6 in the IRVU

Judges 6 in the ISVN

Judges 6 in the JSNT

Judges 6 in the KAPI

Judges 6 in the KBT1ETNIK

Judges 6 in the KBV

Judges 6 in the KJV

Judges 6 in the KNFD

Judges 6 in the LBA

Judges 6 in the LBLA

Judges 6 in the LNT

Judges 6 in the LSV

Judges 6 in the MAAL

Judges 6 in the MBV

Judges 6 in the MBV2

Judges 6 in the MHNT

Judges 6 in the MKNFD

Judges 6 in the MNG

Judges 6 in the MNT

Judges 6 in the MNT2

Judges 6 in the MRS1T

Judges 6 in the NAA

Judges 6 in the NASB

Judges 6 in the NBLA

Judges 6 in the NBS

Judges 6 in the NBVTP

Judges 6 in the NET2

Judges 6 in the NIV11

Judges 6 in the NNT

Judges 6 in the NNT2

Judges 6 in the NNT3

Judges 6 in the PDDPT

Judges 6 in the PFNT

Judges 6 in the RMNT

Judges 6 in the SBIAS

Judges 6 in the SBIBS

Judges 6 in the SBIBS2

Judges 6 in the SBICS

Judges 6 in the SBIDS

Judges 6 in the SBIGS

Judges 6 in the SBIHS

Judges 6 in the SBIIS

Judges 6 in the SBIIS2

Judges 6 in the SBIIS3

Judges 6 in the SBIKS

Judges 6 in the SBIKS2

Judges 6 in the SBIMS

Judges 6 in the SBIOS

Judges 6 in the SBIPS

Judges 6 in the SBISS

Judges 6 in the SBITS

Judges 6 in the SBITS2

Judges 6 in the SBITS3

Judges 6 in the SBITS4

Judges 6 in the SBIUS

Judges 6 in the SBIVS

Judges 6 in the SBT

Judges 6 in the SBT1E

Judges 6 in the SCHL

Judges 6 in the SNT

Judges 6 in the SUSU

Judges 6 in the SUSU2

Judges 6 in the SYNO

Judges 6 in the TBIAOTANT

Judges 6 in the TBT1E

Judges 6 in the TBT1E2

Judges 6 in the TFTIP

Judges 6 in the TFTU

Judges 6 in the TGNTATF3T

Judges 6 in the THAI

Judges 6 in the TNFD

Judges 6 in the TNT

Judges 6 in the TNTIK

Judges 6 in the TNTIL

Judges 6 in the TNTIN

Judges 6 in the TNTIP

Judges 6 in the TNTIZ

Judges 6 in the TOMA

Judges 6 in the TTENT

Judges 6 in the UBG

Judges 6 in the UGV

Judges 6 in the UGV2

Judges 6 in the UGV3

Judges 6 in the VBL

Judges 6 in the VDCC

Judges 6 in the YALU

Judges 6 in the YAPE

Judges 6 in the YBVTP

Judges 6 in the ZBP