Joshua 7 (BOECS)

1 Ke Israelviwo wɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu. Woda le eƒe se si wòde na wo be woatsrɔ̃ nu sia nu negbe nu siwo woatsɔ ada ɖe Yehowa ƒe nudzraɖoƒe la ko dzi. Akan, Karmi ƒe viŋutsu, si nye Zabdi ƒe tɔgbuiyɔvi, ame si ƒe tɔgbuigãe nye Zera tso Yuda ƒe ƒomea me la tsɔ nu siwo woha la ƒe ɖewo na eɖokui. Nu sia na Yehowa do dɔmedzoe ɖe Israel dukɔ blibo la ŋu. 2 Esi woxɔ Yeriko teti ko la, Yosua ɖo ame aɖewo ɖa be woatsa ŋku le Ai, si te ɖe Bet Aven le Betel ƒe ɣedzeƒe lɔƒo. 3 Ŋkutsalawo trɔ gbɔ va gblɔ na Yosua be, “Ai nye du sue aɖe ko, míaƒe aʋawɔla akpe eve alo akpe etɔ̃ gɔ̃ hã ate ŋu axɔ du la bɔbɔe, eya ta mehiã be mí katã míayi o.” 4 Ale woɖo aʋawɔla abe akpe etɔ̃ ene ko ɖa. Ke woɖu Israelviwo dzi bɔbɔe; 5 wowu Israelvi abe ame blaetɔ̃ vɔ ade ene le aʋakpekpe la me, eye ame bubu geɖewo ku esime futɔwo nya wo tso Ai va se ɖe kpegbãƒe la. Nyadzɔdzɔ sia de vɔvɔ̃ lãme na Israelviwo ŋutɔŋutɔ. 6 Yosua kple Israel ƒe ametsitsiwo dze woƒe awuwo; wotsyɔ mo anyi ɖe Yehowa ƒe nubablaɖaka la ŋgɔ, eye wolɔ ke kɔ ɖe ta me abe konyifafa ƒe dzesi ene va se ɖe fiẽ. 7 Yosua do ɣli na Yehowa be, “Oo, Yehowa, nu ka ta nèkplɔ mí va tso Yɔdan tɔsisi la be Amoritɔwo nawu mí? Nu ka ta míekpɔ ŋudzedze le nu si nɔ mía si la ŋu o? Nu ka ta míetsi tɔsisi la ƒe akpa kemɛ o? 8 Oo, Yehowa, nu ka mawɔ azɔ esi Israel si le eƒe futɔwo nu? 9 Ne Kanaantɔwo kple dukɔ bubu siwo le nuto sia me ase nya sia la, woaɖe to ɖe mí, akpe aʋa kpli mí, eye woatsrɔ̃ míaƒe ŋkɔ keŋkeŋ. Ekema nya kae adzɔ ɖe bubu kple ŋkɔ gã si le asiwò la dzi?” 10 Yehowa gblɔ na Yosua be, “Tsi tsitre! Nu ka ta nèmlɔ anyigba ale? 11 Israelviwo wɔ nu vɔ̃, wogbe nubabla si mewɔ kpli wo la dzi wɔwɔ. Wotsɔ nu siwo meɖe gbe be woatsrɔ̃ la dometɔ aɖewo, wofi wo, da alakpa, eye wotsɔ wo ɣla ɖe woƒe nuwo dome. 12 Esia ta wole Israelviwo dzi ɖum ɖo, eya ta wò aʋawɔlawo le sisim le woƒe futɔwo nu, elabena fiƒode le wo dzi. Nyemaganɔ mia dome azɔ o, negbe ɖeko miaɖe busunu si le mia dome la ɖa hafi. 13 “Tsi tsitre! Gblɔ na ameawo be, ‘Ele be mia dometɔ ɖe sia ɖe nawɔ nu vɔ̃ ɖeɖe ɖa ƒe kɔnu, adzra ɖo na etsɔ si gbɔna, elabena Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ be ame aɖe fi fi, eya ta miate ŋu aɖu miaƒe futɔwo dzi o va se ɖe esime miaɖe nu vɔ̃ sia ƒe busu ɖa le mia dome. 14 “ ‘Eya ta le ŋdi la, miava le ɖoɖo nu, to sia to nava, eye Yehowa afia asi to si me fɔɖila sia tso. To ma ƒe hlɔ̃wo ava ɖekaɖeka ekema Yehowa aɖe hlɔ̃ si me fɔɖila la le la afia, eye hlɔ̃ ma hã ƒe ƒomewo ava ɖekaɖeka. Le esia megbe la, ƒome si me fɔɖila la le la me tɔwo ava ɖekaɖeka. 15 Ekema woatɔ dzo ame si da le sea dzi la ƒe nuwo kple nu sia nu si nye etɔ la, elabena eda le Yehowa ƒe nubabla la dzi, eye wòhe dzɔgbevɔ̃e va Israel dukɔ la dzi.’ ” 16 Ale esi ŋu ke ŋdi kanya la, Yosua kplɔ Israelviwo ƒe towo va Yehowa ŋkume, eye wòtɔ asi Yuda ƒe to la dzi. 17 Yosua kplɔ Yuda ƒe hlɔ̃wo vɛ ɖekaɖeka, eye wòtɔ asi Zera ƒe hlɔ̃ la dzi. Wokplɔ ƒome siwo tso Zera ƒe hlɔ̃ me la va Yehowa ŋkume ɖekaɖekae, eye wòtɔ asi Zabdi ƒe ƒome la dzi. 18 Ale mlɔeba la, wokplɔ Zabdi ƒe ŋutsuwo vɛ ɖekaɖeka, eye wokpɔ be fiafitɔ lae nye Akan, Karmi ƒe vi. 19 Yosua gblɔ na Akan be, “Vinye, tsɔ bubu na Yehowa, Israel ƒe Mawu la, eye nàʋu nu vɔ̃ me; gblɔ nu si nèwɔ la nam.” 20 Akan ɖo eŋu be, “Mewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa, Israel ƒe Mawu la ŋu. 21 Mekpɔ awu nyui aɖe si woƒle tso Babilonia kple klosaloga home aɖe kpe ɖe sikakɔ aɖe ŋuti. Meɣla wo ɖe to me le nye agbadɔ me; klosalo la le nuawo te.” 22 Yosua ɖo ame aɖewo ɖa be woaɖadi nu fifiawo. Woƒu du yi Axan ƒe agbadɔ me, eye wokpɔ nu fifiawo le to me, klosalo la nɔ nu bubuawo te abe ale si Axan gblɔ ene. 23 Wolɔ nuawo katã va da ɖe anyigba le Yosua ƒe afɔ nu. 24 Yosua kple Israelviwo katã kplɔ Akan, Zera ƒe vi, wotsɔ klosalo la, awu la kple sikakɔ la, eye wokplɔ via ŋutsuwo, via nyɔnuwo, eƒe nyiwo, tedziwo kple alẽwo, eye wokɔ eƒe agbadɔ kple nu sia nu si nɔ esi la yi Axor balime. 25 Yosua gblɔ na Axan le afi ma be, “Nu ka ta nèhe dzɔgbevɔ̃e va mía dzi ɖo? Yehowa ahe dzɔgbevɔ̃e va wò hã dzi azɔ.”Ale Israelviwo ƒu kpe wo woku, wotɔ dzo wo, 26 eye wofɔ kpewo li kɔ ɖe wo dzi. Kpeawo gale afi ma va se ɖe egbe. Wogayɔa teƒe la be “Dzɔgbevɔ̃e Ƒe Balime” va se ɖe egbe. Ale Yehowa ƒe dɔmedzoe helĩhelĩ la nu tso.

In Other Versions

Joshua 7 in the ANGEFD

Joshua 7 in the ANTPNG2D

Joshua 7 in the AS21

Joshua 7 in the BAGH

Joshua 7 in the BBPNG

Joshua 7 in the BBT1E

Joshua 7 in the BDS

Joshua 7 in the BEV

Joshua 7 in the BHAD

Joshua 7 in the BIB

Joshua 7 in the BLPT

Joshua 7 in the BNT

Joshua 7 in the BNTABOOT

Joshua 7 in the BNTLV

Joshua 7 in the BOATCB

Joshua 7 in the BOATCB2

Joshua 7 in the BOBCV

Joshua 7 in the BOCNT

Joshua 7 in the BOGWICC

Joshua 7 in the BOHCB

Joshua 7 in the BOHCV

Joshua 7 in the BOHLNT

Joshua 7 in the BOHNTLTAL

Joshua 7 in the BOICB

Joshua 7 in the BOILNTAP

Joshua 7 in the BOITCV

Joshua 7 in the BOKCV

Joshua 7 in the BOKCV2

Joshua 7 in the BOKHWOG

Joshua 7 in the BOKSSV

Joshua 7 in the BOLCB

Joshua 7 in the BOLCB2

Joshua 7 in the BOMCV

Joshua 7 in the BONAV

Joshua 7 in the BONCB

Joshua 7 in the BONLT

Joshua 7 in the BONUT2

Joshua 7 in the BOPLNT

Joshua 7 in the BOSCB

Joshua 7 in the BOSNC

Joshua 7 in the BOTLNT

Joshua 7 in the BOVCB

Joshua 7 in the BOYCB

Joshua 7 in the BPBB

Joshua 7 in the BPH

Joshua 7 in the BSB

Joshua 7 in the CCB

Joshua 7 in the CUV

Joshua 7 in the CUVS

Joshua 7 in the DBT

Joshua 7 in the DGDNT

Joshua 7 in the DHNT

Joshua 7 in the DNT

Joshua 7 in the ELBE

Joshua 7 in the EMTV

Joshua 7 in the ESV

Joshua 7 in the FBV

Joshua 7 in the FEB

Joshua 7 in the GGMNT

Joshua 7 in the GNT

Joshua 7 in the HARY

Joshua 7 in the HNT

Joshua 7 in the IRVA

Joshua 7 in the IRVB

Joshua 7 in the IRVG

Joshua 7 in the IRVH

Joshua 7 in the IRVK

Joshua 7 in the IRVM

Joshua 7 in the IRVM2

Joshua 7 in the IRVO

Joshua 7 in the IRVP

Joshua 7 in the IRVT

Joshua 7 in the IRVT2

Joshua 7 in the IRVU

Joshua 7 in the ISVN

Joshua 7 in the JSNT

Joshua 7 in the KAPI

Joshua 7 in the KBT1ETNIK

Joshua 7 in the KBV

Joshua 7 in the KJV

Joshua 7 in the KNFD

Joshua 7 in the LBA

Joshua 7 in the LBLA

Joshua 7 in the LNT

Joshua 7 in the LSV

Joshua 7 in the MAAL

Joshua 7 in the MBV

Joshua 7 in the MBV2

Joshua 7 in the MHNT

Joshua 7 in the MKNFD

Joshua 7 in the MNG

Joshua 7 in the MNT

Joshua 7 in the MNT2

Joshua 7 in the MRS1T

Joshua 7 in the NAA

Joshua 7 in the NASB

Joshua 7 in the NBLA

Joshua 7 in the NBS

Joshua 7 in the NBVTP

Joshua 7 in the NET2

Joshua 7 in the NIV11

Joshua 7 in the NNT

Joshua 7 in the NNT2

Joshua 7 in the NNT3

Joshua 7 in the PDDPT

Joshua 7 in the PFNT

Joshua 7 in the RMNT

Joshua 7 in the SBIAS

Joshua 7 in the SBIBS

Joshua 7 in the SBIBS2

Joshua 7 in the SBICS

Joshua 7 in the SBIDS

Joshua 7 in the SBIGS

Joshua 7 in the SBIHS

Joshua 7 in the SBIIS

Joshua 7 in the SBIIS2

Joshua 7 in the SBIIS3

Joshua 7 in the SBIKS

Joshua 7 in the SBIKS2

Joshua 7 in the SBIMS

Joshua 7 in the SBIOS

Joshua 7 in the SBIPS

Joshua 7 in the SBISS

Joshua 7 in the SBITS

Joshua 7 in the SBITS2

Joshua 7 in the SBITS3

Joshua 7 in the SBITS4

Joshua 7 in the SBIUS

Joshua 7 in the SBIVS

Joshua 7 in the SBT

Joshua 7 in the SBT1E

Joshua 7 in the SCHL

Joshua 7 in the SNT

Joshua 7 in the SUSU

Joshua 7 in the SUSU2

Joshua 7 in the SYNO

Joshua 7 in the TBIAOTANT

Joshua 7 in the TBT1E

Joshua 7 in the TBT1E2

Joshua 7 in the TFTIP

Joshua 7 in the TFTU

Joshua 7 in the TGNTATF3T

Joshua 7 in the THAI

Joshua 7 in the TNFD

Joshua 7 in the TNT

Joshua 7 in the TNTIK

Joshua 7 in the TNTIL

Joshua 7 in the TNTIN

Joshua 7 in the TNTIP

Joshua 7 in the TNTIZ

Joshua 7 in the TOMA

Joshua 7 in the TTENT

Joshua 7 in the UBG

Joshua 7 in the UGV

Joshua 7 in the UGV2

Joshua 7 in the UGV3

Joshua 7 in the VBL

Joshua 7 in the VDCC

Joshua 7 in the YALU

Joshua 7 in the YAPE

Joshua 7 in the YBVTP

Joshua 7 in the ZBP