Leviticus 7 (BOECS)

1 “Esiawoe nye se siwo ku ɖe fɔɖivɔsa ŋu. Nu kɔkɔe ƒe nu kɔkɔe wònye. 2 “Woawu fɔɖivɔsalã la le afi si wowua numevɔsalãwo le, eye woatsɔ eƒe ʋu ahlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu godoo akpe ɖo. 3 Nunɔla la atsɔ lã la ƒe amiwo katã, eƒe asike, ami si le dɔmenuwo ŋu, 4 ayiku eveawo kple ami si le wo ŋu kple eƒe aklã asa vɔe ɖe vɔsamlekpui la dzi. 5 Nunɔla la atɔ dzo nu siawo katã le vɔsamlekpui la dzi abe fɔɖivɔsa ene na Yehowa. 6 Ŋutsu siwo tso nunɔlawo ƒe ƒome me la koe aɖu lã la ƒe mamlɛa. Woaɖui le teƒe kɔkɔe aɖe, elabena vɔsa kɔkɔe wònye. 7 “Se siawo kee le nu vɔ̃ ŋuti vɔsa kple fɔɖivɔsa siaa ŋu. Woatsɔ lã la ƒe mamlɛa ana nunɔla si wɔ avulévɔsa la wòanye eƒe nuɖuɖu. 8 Nenye numevɔsae la, ekema woatsɔ lã la ƒe agbalẽ hã ana nunɔla la. 9 Nunɔla si sa nuɖuvɔ la na Yehowa la axɔ nuɖuɖu si susɔ ne ewu vɔsa la nu. Woawɔ se sia dzi nenye be wome vɔsanu la le kpo me loo, tɔe le ami me loo alo mee le dzo me. 10 Nuɖuvɔsa bubuawo katã, ne wode ami wo, alo womede ami wo o hã, anye Aron ƒe viŋutsuwo katã tɔ. 11 “Esiawoe nye akpedavɔsa tɔxɛwo na Yehowa ŋu sewo: 12 “Nenye akpedada tae wole vɔ la sam ɖo la, ekema woatsɔ abolo si wowɔ kple amɔ maʋamaʋã la akpe ɖe vɔsalã la kple akaklɛ̃ si dzi wokɔ ami ɖo kple wɔ memee si woblu kple ami hetsɔ tɔ wɔkakloe la ŋu. 13 Ne wole akpedavɔ kple ŋutifafavɔ sam la, woawɔ abolo si wowɔ kple amɔ ʋaʋã la ŋu dɔ. 14 Woatsɔ vɔsa sia ƒe akpa aɖe aɖo Yehowa ŋkume abe vɔsa tɔxɛ ene, ekema woatsɔe ana nunɔla si hlẽa vɔsalã ƒe ʋu. 15 Le lã la tsɔtsɔ sa vɔe kple etsɔtsɔ na Yehowa abe ŋutifafavɔsa ene be woaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ kple akpedada tɔxɛ afia vɔ megbe la, woaɖu vɔsalã la gbe ma gbe ke, eye ɖeke matsi anyi ŋu nake o. 16 “Ke ne ame aɖe tsɔ nane vɛ si menye akpedavɔsa o, ke boŋ wònye vɔsa ɖe atam si amea ka ta alo wònye lɔlɔ̃nununana la, ekema vɔsalã si womeɖu le ŋkeke si dzi wosa vɔ la le o la, woate ŋu aɖui ne ŋu ke. 17 Woatɔ dzo vɔsanu si asusɔ va se ɖe ŋkeke etɔ̃a gbe la. 18 Ne woɖu akpedavɔsalã la ƒe ɖe le ŋkeke etɔ̃a gbe la, womaxɔe nɛ o, womabui na ame si sa vɔ la o, elabena eŋuti mekɔ o, eye ame si aɖui la aɖi fɔ. 19 “ ‘Womaɖu lã si ƒe akpa aɖe ka nu makɔmakɔ aɖe ŋu o, ke boŋ woatɔ dzoe, eye ame si ƒe ŋuti kɔ la koe aɖu lã si wòate ŋu aɖu. 20 Woaɖe nunɔla si ŋuti mekɔ o, gake wòɖu akpedavɔsanu la le wo tɔwo dome, elabena ena nu si nye Yehowa tɔ la trɔ zu nu makɔmakɔ. 21 Woaɖe ame sia ame si aka asi nu makɔmakɔ aɖe ŋu, ne nu makɔmakɔ la tso amegbetɔ alo lã aɖe gbɔ, gake wòaɖu ŋutifafavɔsanu ƒe ɖe la le etɔwo dome, elabena eƒo ɖi nu si nye nu kɔkɔe la.’ ” 22 Le esia megbe la, Yehowa gblɔ na Mose be, 23 “De se na Israelviwo be, ‘Miekpɔ mɔ aɖu lã ƒe ami o, eɖanye nyi, alẽ alo gbɔ̃ ƒe ami o. 24 Miate ŋu awɔ lã si lé dɔ heku alo lã si lã wɔadã aɖe wu la ƒe ami ŋu dɔ le mɔ bubuwo nu, gake mimaɖui gbeɖegbeɖe o. 25 Woaɖe ame sia ame si aɖu lã si wome na Yehowa abe vɔsa ene ƒe ami la le Mawu ƒe ha me. 26 Eye afi sia afi si miele la, mele be miaɖu xevi alo lã aɖeke ƒe ʋu o. 27 Ne ame aɖe ɖu ʋu la, woaɖee ɖa le eƒe amewo dome.’ ” 28 Yehowa gagblɔ na Mose be, 29 “Gblɔ na Israelviwo be ame si di be yeasa akpedavɔ na Yehowa la ŋutɔ natsɔ nu siwo wòatsɔ asa vɔ lae la vɛ. 30 Ele be wòatsɔ vɔsalã la ƒe ami kple eƒe akɔ vɛ, eye woanye wo le yame le vɔsamlekpui la gbɔ si fia be wotsɔ wo na Yehowa. 31 Nunɔla la atɔ dzo ami la le vɔsamlekpui la dzi, ke lã la ƒe akɔ anye Aron kple via ŋutsuwo tɔ. 32 Mitsɔ miaƒe akpedavɔsalã ƒe ɖusita na nunɔla la. 33 Aron ƒe viŋutsu si atsɔ akpedavɔsalã la ƒe ʋu kple ami ana la axɔ lã la ƒe ɖusita, 34 elabena metia lã la ƒe akɔ kple ata be woanye Israelviwo ƒe nunana na Aron. Ele be woatsɔ vɔsalãwo ƒe akpa siawo ana Aron kple via ŋutsuwo ɣe sia ɣi.” 35 Esiae nye woƒe fetu! Ele be woaɖe wo ɖa tso numevɔsa la gbɔ, eye woatsɔ wo ana ame siwo katã wotia be woasubɔ Yehowa abe nunɔlawo ene. Ame siawoe nye Aron kple via ŋutsuwo, 36 elabena le gbe si gbe wosi ami na Aron kple via ŋutsuwo la, Yehowa de se na Israelviwo be woatsɔ vɔsalã ƒe akpa siawo na wo. Wo tɔ wonye tso dzidzime yi dzidzime. 37 Esiawoe nye se siwo ku ɖe numevɔsa, nuɖuvɔsa, nu vɔ̃ ŋuti vɔsa kple fɔɖivɔsa kple esiwo ku ɖe ameŋutikɔvɔsa kple akpedavɔsa ŋu. 38 Yehowa de se siawo na Mose le Sinai to dzi, be wòana Israelviwo nanya ale si woasa vɔe na Yehowa le Sinai gbedzi.

In Other Versions

Leviticus 7 in the ANGEFD

Leviticus 7 in the ANTPNG2D

Leviticus 7 in the AS21

Leviticus 7 in the BAGH

Leviticus 7 in the BBPNG

Leviticus 7 in the BBT1E

Leviticus 7 in the BDS

Leviticus 7 in the BEV

Leviticus 7 in the BHAD

Leviticus 7 in the BIB

Leviticus 7 in the BLPT

Leviticus 7 in the BNT

Leviticus 7 in the BNTABOOT

Leviticus 7 in the BNTLV

Leviticus 7 in the BOATCB

Leviticus 7 in the BOATCB2

Leviticus 7 in the BOBCV

Leviticus 7 in the BOCNT

Leviticus 7 in the BOGWICC

Leviticus 7 in the BOHCB

Leviticus 7 in the BOHCV

Leviticus 7 in the BOHLNT

Leviticus 7 in the BOHNTLTAL

Leviticus 7 in the BOICB

Leviticus 7 in the BOILNTAP

Leviticus 7 in the BOITCV

Leviticus 7 in the BOKCV

Leviticus 7 in the BOKCV2

Leviticus 7 in the BOKHWOG

Leviticus 7 in the BOKSSV

Leviticus 7 in the BOLCB

Leviticus 7 in the BOLCB2

Leviticus 7 in the BOMCV

Leviticus 7 in the BONAV

Leviticus 7 in the BONCB

Leviticus 7 in the BONLT

Leviticus 7 in the BONUT2

Leviticus 7 in the BOPLNT

Leviticus 7 in the BOSCB

Leviticus 7 in the BOSNC

Leviticus 7 in the BOTLNT

Leviticus 7 in the BOVCB

Leviticus 7 in the BOYCB

Leviticus 7 in the BPBB

Leviticus 7 in the BPH

Leviticus 7 in the BSB

Leviticus 7 in the CCB

Leviticus 7 in the CUV

Leviticus 7 in the CUVS

Leviticus 7 in the DBT

Leviticus 7 in the DGDNT

Leviticus 7 in the DHNT

Leviticus 7 in the DNT

Leviticus 7 in the ELBE

Leviticus 7 in the EMTV

Leviticus 7 in the ESV

Leviticus 7 in the FBV

Leviticus 7 in the FEB

Leviticus 7 in the GGMNT

Leviticus 7 in the GNT

Leviticus 7 in the HARY

Leviticus 7 in the HNT

Leviticus 7 in the IRVA

Leviticus 7 in the IRVB

Leviticus 7 in the IRVG

Leviticus 7 in the IRVH

Leviticus 7 in the IRVK

Leviticus 7 in the IRVM

Leviticus 7 in the IRVM2

Leviticus 7 in the IRVO

Leviticus 7 in the IRVP

Leviticus 7 in the IRVT

Leviticus 7 in the IRVT2

Leviticus 7 in the IRVU

Leviticus 7 in the ISVN

Leviticus 7 in the JSNT

Leviticus 7 in the KAPI

Leviticus 7 in the KBT1ETNIK

Leviticus 7 in the KBV

Leviticus 7 in the KJV

Leviticus 7 in the KNFD

Leviticus 7 in the LBA

Leviticus 7 in the LBLA

Leviticus 7 in the LNT

Leviticus 7 in the LSV

Leviticus 7 in the MAAL

Leviticus 7 in the MBV

Leviticus 7 in the MBV2

Leviticus 7 in the MHNT

Leviticus 7 in the MKNFD

Leviticus 7 in the MNG

Leviticus 7 in the MNT

Leviticus 7 in the MNT2

Leviticus 7 in the MRS1T

Leviticus 7 in the NAA

Leviticus 7 in the NASB

Leviticus 7 in the NBLA

Leviticus 7 in the NBS

Leviticus 7 in the NBVTP

Leviticus 7 in the NET2

Leviticus 7 in the NIV11

Leviticus 7 in the NNT

Leviticus 7 in the NNT2

Leviticus 7 in the NNT3

Leviticus 7 in the PDDPT

Leviticus 7 in the PFNT

Leviticus 7 in the RMNT

Leviticus 7 in the SBIAS

Leviticus 7 in the SBIBS

Leviticus 7 in the SBIBS2

Leviticus 7 in the SBICS

Leviticus 7 in the SBIDS

Leviticus 7 in the SBIGS

Leviticus 7 in the SBIHS

Leviticus 7 in the SBIIS

Leviticus 7 in the SBIIS2

Leviticus 7 in the SBIIS3

Leviticus 7 in the SBIKS

Leviticus 7 in the SBIKS2

Leviticus 7 in the SBIMS

Leviticus 7 in the SBIOS

Leviticus 7 in the SBIPS

Leviticus 7 in the SBISS

Leviticus 7 in the SBITS

Leviticus 7 in the SBITS2

Leviticus 7 in the SBITS3

Leviticus 7 in the SBITS4

Leviticus 7 in the SBIUS

Leviticus 7 in the SBIVS

Leviticus 7 in the SBT

Leviticus 7 in the SBT1E

Leviticus 7 in the SCHL

Leviticus 7 in the SNT

Leviticus 7 in the SUSU

Leviticus 7 in the SUSU2

Leviticus 7 in the SYNO

Leviticus 7 in the TBIAOTANT

Leviticus 7 in the TBT1E

Leviticus 7 in the TBT1E2

Leviticus 7 in the TFTIP

Leviticus 7 in the TFTU

Leviticus 7 in the TGNTATF3T

Leviticus 7 in the THAI

Leviticus 7 in the TNFD

Leviticus 7 in the TNT

Leviticus 7 in the TNTIK

Leviticus 7 in the TNTIL

Leviticus 7 in the TNTIN

Leviticus 7 in the TNTIP

Leviticus 7 in the TNTIZ

Leviticus 7 in the TOMA

Leviticus 7 in the TTENT

Leviticus 7 in the UBG

Leviticus 7 in the UGV

Leviticus 7 in the UGV2

Leviticus 7 in the UGV3

Leviticus 7 in the VBL

Leviticus 7 in the VDCC

Leviticus 7 in the YALU

Leviticus 7 in the YAPE

Leviticus 7 in the YBVTP

Leviticus 7 in the ZBP